Vi Siwo Nyanyuia Ðena le Miaƒe Nutoa Me
LE XEXEAME egbea la, míesenɛ zi geɖe amewo gblɔna be: “Kristotɔnyenye ƒe gɔmeɖosewo mate ŋu awɔ dɔ o. Mate ŋu aɖe vi le egbe ƒe hadomegbenɔnɔ vovovoawo me o.” Gake le dze aɖe si wogblɔ be Hindutɔwo ƒe kplɔla Mohandas K. Gandhi ɖo kple Lord Irwin si nye Britain Dziɖuɖuteƒenɔla le India tsã me la, woɖe susu si to vovo sã fia. Wogblɔ be Lord Irwin bia Gandhi be wòagblɔ nusi wòsusu be akpɔ kuxi siwo le Great Britain kple India dome gbɔ. Gandhi tsɔ Biblia eye wòʋu Mateo ta atɔ̃lia hegblɔ be: “Ne wò dukɔ kple tɔnye awɔ ɖeka awɔ ɖe Kristo ƒe nufiafia siwo le Todzimawunya sia me dzi la, anye ne menye míaƒe dukɔwo ƒe kuxiwo ɖeɖeko gbɔe míakpɔ o, ke míakpɔ xexeame katã tɔ hã gbɔ.”
Mawunya ma ƒo nu tso gbɔgbɔmemenyenye didi kple alesi woanye ame fatu, ŋutifafame, nublanuikpɔla, kple dzɔdzɔenyenyelɔ̃la ŋu. Menye amewuwu koe wòbu fɔe o, ke dɔmedzoe dodo ɖe amewo ŋu hã, eye menye ahasiwɔwɔ ko o ke dzodzro vɔ̃wo hã le eme. Eƒo nu tsi tre ɖe srɔ̃gbegbe yakatsyɔ si gbãa aƒe eye wòna ɖeviwo kpea fu ŋu. Egblɔ na mí be: ‘Milɔ̃ amesiwo melɔ̃a miaƒe nya o gɔ̃ hã, mina nu amesiwo hiã tu, migadrɔ̃ ʋɔnu ame bubuwo nublanuimakpɔmakpɔtɔe o, eye nusi miadi be amewo nawɔ na mi la, miwɔ nenema ke na wo.’ Ne wotsɔ aɖaŋuɖoɖo siawo katã wɔ dɔe la, aɖe vi geɖe. Zi alesi ame geɖe anɔ agbe ɖe wo nu le miaƒe nutoa me la, zi nenemae miaƒe nutoa anyo wui!
Yehowa Ðasefowo ɖoa kpɔɖeŋu le esia gome. Biblia fia wo be woade bubu srɔ̃ɖeɖe ŋu. Wotsɔa gɔmeɖose dzɔdzɔewo hea wo viwoe. Wotea gbe ɖe ƒomea ƒe vevienyenye dzi. Ƒome wɔɖekawo dea miaƒe nutoa, kple dukɔa gɔ̃ hã dzi. Kpɔɖeŋu siwo fia be xexemedziɖuɖuwo gbãna ne ƒomekadodowo me gbɔdzɔ eye agbegbegblẽnɔnɔ dzi ɖe edzi la yɔ ŋutinya me. Zi alesi Yehowa Ðasefowo te ŋu kpɔ ŋusẽ ɖe amewo kple ƒomewo dzi be woanɔ agbe ɖe Kristotɔwo ƒe gɔmeɖosewo nu la, zi nenemae aglãdzedze, agbegbegblẽnɔnɔ, kple nuvlowɔwɔ dzi aɖe akpɔtɔ le miaƒe nutoa mee.
Kuxi gã siwo le fu ɖem na nutowo kple dukɔwo dometɔ ɖekae nye nazãbubu ɖe ameƒomevi bubuwo ŋu. Gake apostolo Petro ya gblɔ be: “Medze sii . . . be, Mawu mekpɔa ame ŋku me o, hafi boŋ le dukɔ sia dukɔ me, amesi ke vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya dzea eŋu.” Eye Paulo ŋlɔ bena: “Yudatɔ kple Helatɔ megali o; kluvi alo ablɔɖevi megali o; atsu alo asi megali o; elabena mi katã ɖeka miele le Kristo Yesu me.” (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35; Galatiatɔwo 3:28) Yehowa Ðasefowo lɔ̃ ɖe nya sia dzi. Ameƒomeviwo kple esiwo ƒe ŋutigbalẽ to vovo nɔa anyi hewɔa dɔ ɖekae le woƒe dɔwɔƒegã, alɔdzedɔwɔƒewo, kple le hamewo me.
Le Afrika la, to aɖewo me tɔwo mete ŋu nɔa teƒe ɖeka dzre manɔmee o. Gake le Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpe siwo wowɔna le afima me la, amesiwo tso to vovovo geɖe me ɖua nu, mlɔa anyi, hedea ta agu ɖekae le ɖekawɔwɔ blibo kple nɔvilɔlɔ̃ me. Ewɔa nuku na dziɖuɖumegãwo ne wokpɔ nusia. Amsterdam News si wotana le New York la ƒe tata si nye August 2, 1958, tɔ ƒo nu tso ɖekawɔwɔ si Kristotɔnyenye vavãtɔ hena vɛ ƒe kpɔɖeŋu aɖe ŋu. Dukɔwo dome takpekpe si ŋu míeƒo nu tsoe va yi, afisi Ðasefo akpe alafa eve blaatɔ̃ kpe ta le le New York City la, teƒe kpɔkpɔe na wògblɔ nya sia.
“Ameyibɔwo, yevuwo kple Ɣedzeƒetɔ siwo ƒe agbemenɔnɔmewo le vovovo eye wotso xexeame ƒe akpawo katã tsaka le dzidzɔ me. . . . Ðasefo tadeagula siwo tso dukɔ 120 me la nɔ anyi hede ta agu ɖekae le ŋutifafa me, eye wofia alesi esia anya wɔ bɔbɔe la Amerikatɔwo. . . . Takpekpea nye kpɔɖeŋu nyui aɖe si fia alesi amewo ate ŋu awɔ dɔ ahanɔ anyi le ɖekawɔwɔ mee.”
Ðewohĩ ame geɖe agblɔ be Kristotɔnyenye ƒe gɔmeɖosewo mate ŋu awɔ dɔ le egbexexea me o. Gake gɔmeɖose bubu kae wɔ dɔ kpɔ alo ate ŋu awɔ dɔ? Asixɔxɔ ŋutɔŋutɔ ate ŋu anɔ Kristotɔwo ƒe gɔmeɖosewo ŋu ne wotsɔe wɔ dɔ le miaƒe nutoa me fifia, eye eyae ana ‘dukɔwo, towo, kple amewo’ nawɔ ɖeka le anyigba dzi katã ne Mawu ƒe Fiaɖuƒea va le ameƒomea dzi ɖum.—Nyaɖeɖefia 7:9, 10.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 23]
Ameƒomeviwo kple ŋutigbalẽ vovovo me tɔwo wɔa dɔ ɖekae
[Nya si ɖe dzesi si le axa 24]
Kristotɔnyenye wɔa dɔ. Nu bubu kae wɔ dɔ kpɔ de enu?