INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lr ta 8 axa 47-51
  • Amewo Li Siwo Kɔ Boo Wu Mí

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Amewo Li Siwo Kɔ Boo Wu Mí
  • Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Aleke Agbea Nɔ Le Paradisoa Me?
    Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee
  • Adam Kple Xawa Meɖo To Mawu O
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nu Si Tae Wobu Woƒe Aƒea
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nukatae ame kuna?
    Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba Dzi Tegbee!
Kpɔ Bubuwo
Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
lr ta 8 axa 47-51

TA 8

Amewo Li Siwo Kɔ Boo Wu Mí

MEKA ɖe edzi be àlɔ̃ ɖe edzi be amewo li siwo kɔ boo alo wololo eye wosesẽ wu mía kpli wò. Èbu be amekae kɔ boo wu amesiame?— Yehowa Mawue. Ke Via, si nye Nufiala Gã la, hã ɖe? Ðe eya hã kɔ boo wu mía?— Ẽ, ekɔ boo wu mí.

Yesu nɔ Mawu gbɔ le dziƒo. Vi, si nye gbɔgbɔmeme, alo mawudɔlae wònye. Ðe Mawu wɔ mawudɔlawo, alo gbɔgbɔmevi bubuwo kpeea?— Ẽ, ewɔ miliɔn geɖe. Mawudɔla siawo hã kɔ boo wu mí eye ŋusẽ le wo si hã wu mí.—Psalmo 104:4; Daniel 7:10.

Èɖo ŋku mawudɔla si ƒo nu na Maria ƒe ŋkɔ dzia?— Woyɔnɛ be Gabriel. Egblɔ na Maria be adzi vi si anye Mawu ƒe Vi. Mawu tsɔ Via si nye gbɔgbɔmeme ƒe agbe de Maria ƒe vidzidɔ me ale be woate ŋu adzi Yesu wòanye vidzĩ le anyigba dzi.—Luka 1:26, 27.

Maria kple Yosef le nu ƒom na wo vi ŋutsu sue Yesu

Anɔ eme be nya kae Maria kple Yosef gblɔ na Yesu?

Èxɔ nukunu ma dzi sea? Èxɔ edzi se be Yesu nɔ Mawu gbɔ le dziƒo hafi va anyigba dzia?— Yesu gblɔ be yenɔ egbɔ. Aleke Yesu wɔ hafi nya nusiawo? Esi wònye ŋutsuvi sue la, anɔ eme be Maria gblɔ nya si Gabriel gblɔ la nɛ. Hekpe ɖe eŋu la, anɔ eme be Yosef hã gblɔe na Yesu be Fofoa ŋutɔŋutɔ enye Mawu.

Esime wonyrɔ Yesu ɖe tsi me la, Mawu ƒo nu gɔ̃ hã tso dziƒo, gblɔ be: “Amesia enye vinye.” (Mateo 3:17) Eye le zã si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku me la, edo gbe ɖa be: “Fofo, kɔ ŋutinye le wò ŋutɔ gbɔwò kple ŋutikɔkɔe, si mekpɔ le gbɔwò, hafi xexeame va dzɔ la.” (Yohanes 17:5) Ẽ, Yesu nɔ biabiam be yeagatrɔ ayi aɖanɔ Mawu gbɔ le dziƒo. Aleke wòawɔ atrɔ ayi aɖanɔ agbe le afima?— Negbe ɖe Yehowa Mawu gawɔe gbɔgbɔmeme makpɔmakpɔ, alo mawudɔla, ake hafi.

Fifia medi be mabia nya vevi aɖe wò. Mawudɔlawo katãe nye dɔla nyuiwoa? Nukae nye wò susu?— Ɣeaɖeɣi do ŋgɔ la, dɔla nyuiwoe wo katã wonye. Esia nye nyateƒe elabena Yehowae wɔ wo, eye nusianu si wòwɔ la nyo. Gake mawudɔlawo dometɔ ɖeka va zu dɔla vɔ̃ɖi. Aleke wòdzɔe?

Be míakpɔ ŋuɖoɖoa la, ele be míatrɔ ayi ɣeyiɣi si me Mawu wɔ ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔ, siwo nye Adam kple Xawa. Ame aɖewo gblɔna be nyakpakpae woƒe ŋutinya la nye. Gake Nufiala Gã la nya be nyateƒee wònye.

Esi Mawu wɔ Adam kple Xawa la, etsɔ wo da ɖe abɔ dzeani aɖe me le teƒe si woyɔna be Eden. Enye abɔ nyui aɖe, paradisoe wònye. Anye ne woadzi vi gbogbo aɖewo, woava zu ƒome gã aɖe, eye woanɔ agbe tegbee le Paradiso me hafi. Gake nufiame vevi aɖe li si wòle be woasrɔ̃. Eyae nye esi ŋu míeƒo nu tsoe va yi. Na míakpɔe ɖa be míeɖo ŋku edzi hã.

Adam kple Xawa le Eden bɔa me

Nukae wòle be Adam kple Xawa nawɔ be woanɔ agbe tegbee le Paradiso me hafi?

Yehowa gblɔ na Adam kple Xawa be woate ŋu aɖu atikutsetse gbogbo siwo le abɔa me la dometɔ ɖesiaɖe faa. Gake ati ɖeka aɖe ya li si womeɖe mɔ na wo be woaɖu eƒe tsetse o. Mawu gblɔ nusi adzɔ ne woɖui la na wo. Egblɔ be: “Ku ke naku.” (Mose I, 2:17) Eyata nufiame kae le eme si wòle be Adam kple Xawa nasrɔ̃?—

Eyae nye nufiame si ku ɖe toɖoɖo ŋu. Ẽ, agbenɔnɔ nɔ te ɖe toɖoɖo Yehowa Mawu dzi! Mesɔ gbɔ be Adam kple Xawa nagblɔ be yewoaɖo to eyama ko evɔ o. Ele be woaɖe esia afia ŋutɔŋutɔ le woƒe nuwɔna me. Ne woɖo to Mawu la, ekema woaɖee afia be yewolɔ̃ eyama eye yewodi be wòanye yewoƒe Dziɖula. Ekema woate ŋu anɔ agbe tegbee le Paradiso me. Gake nenye be wova ɖu ati ma ɖe, nukae wòafia?—

Aɖee afia be le nyateƒe me, womenye akpedalawo ɖe nusiwo katã Mawu tsɔ na wo la ta kura o. Ne ɖe nènɔ afima la, anye ne àɖo to Yehowa?— Gbã la, Adam kple Xawa ɖo to. Gake emegbe ame aɖe si kɔ boo wu wo la va flu Xawa. Eblee wògbe toɖoɖo Yehowa. Amekae nye ema?—

Xawa lé atikutsetse si ŋu wode se ɖo la ɖe asi eye da le nu ƒom nɛ

Amekae na da la ƒo nu na Xawa?

Biblia gblɔ be da aɖe va ƒo nu na Xawa. Gake ènya be da mate ŋu aƒo nu le eɖokui si gbeɖe o. Ke aleke wòwɔ te ŋu ƒo nu?— Mawudɔla aɖee na wòdze abe da lae nɔ nu ƒom ene. Gake le nyateƒe me la, mawudɔla lae nɔ nu ƒom. Mawudɔla la dze egɔme nɔ susu vɔ̃wo bum. Edi be Adam kple Xawa nade ta agu na ye. Edi be woawɔ nusiwo yeagblɔ na wo. Edi be yeaxɔ ɖoƒe si Mawu le la le esi.

Eyata mawudɔla vɔ̃ɖi ma tsɔ susu gbegblẽwo de tame na Xawa. Eto da dzi gblɔ na nyɔnua be: ‘Menye nyateƒeae Mawu gblɔ na mi o. Ne mieɖu atikutsetse ma la, miele kuku ge o. Ke boŋ miatrɔ azu nunyalawo abe Mawu ene.’ Ne wòe ɖe, àxɔ nya mawo dzi asea?—

Nusi Mawu metsɔ na Xawa o la va nɔ edzrom. Nyɔnua ɖu atikutsetse si ŋu wode se ɖo na wo la. Etsɔ ɖe yi na Adam hã. Adam mexɔ nya si da la gblɔ dzi se ya o. Gake didi si nɔ eme be yeanɔ Xawa gbɔ la nu sẽ wu lɔlɔ̃ si wòtsɔ lɔ̃ Mawui. Eyata eya hã ɖu atikutsetsea.—Mose I, 3:1-6; Timoteo I, 2:14.

Nukae do tso eme?— Adam kple Xawa va zu ame madeblibowo, wotsi ku amegã kple nyagã, eye woku. Eye esi womegade blibo o ta la, wo vi siwo katã wodzi hã mede blibo o, eyata mlɔeba woawo hã wova tsina hekuna. Mawu meka aʋatso o! Agbenɔnɔ nɔ te ɖe toɖoɖo eyama dzi vavã. (Romatɔwo 5:12) Biblia la gblɔ na mí be woyɔ mawudɔla si ka aʋatso na Xawa be Satana Abosam, eye woyɔ mawudɔla bubu siwo hã va zu dɔla vɔ̃ɖiwo be gbɔgbɔ vɔ̃wo.—Yakobo 2:19; Nyaɖeɖefia 12:9.

Adam kple Xawa le woƒe tsitsi me

Nukae dzɔ ɖe Adam kple Xawa dzi esi wogbe toɖoɖo Mawu?

Fifia èse nusita dɔla nyui si Mawu wɔ va zu dɔla vɔ̃ɖi gɔmea?— Esi wòva nɔ nu gbegblẽwo ŋu bum tae. Edi be yeanɔ Ðoƒe Kɔkɔtɔ Kekeake. Enya be Mawu gblɔ na Adam kple Xawa be woadzi vi, eye edi be amesiawo katã nade ta agu na ye. Abosam ƒe didi enye be yeana amesiame nagbe toɖoɖo Yehowa. Eyata edzea agbagba be yeatsɔ susu vɔ̃wo ade tame na mí.—Yakobo 1:13-15.

Abosam gblɔ be ame aɖeke melɔ̃ Yehowa ŋutɔŋutɔ o. Egblɔ be mía kpli wò siaa míelɔ̃ Mawu o eye be menye míaƒe didi wònye ŋutɔŋutɔ be míawɔ nusi Mawu gblɔ o. Egblɔ be ne nusianu le edzi yim na mí nyuie alesi míedii koe míeɖoa to Yehowa. Nyateƒe tomee Abosam lea? Nenemae míelea?

Nufiala Gã la gblɔ be aʋatsokalae Abosam nye! Yesu to alesi wòɖoa to Yehowa ɣesiaɣi me ɖee fia be yelɔ̃ Eyama nyateƒe. Eye menye ɣeyiɣi si me nuwo nɔ bɔbɔe na Yesu koe wòɖo to Mawu o. Eɖo toe le ɣeyiɣi ɖesiaɖe me, le ɣeyiɣi siwo me amewo na nuwo sesẽ nɛ gɔ̃ hã me. Yesu wɔ nuteƒe na Yehowa yiɖase eƒe ku me ke. Esia tae Mawu gagbɔ agbee be wòanɔ agbe tegbee ɖo.

Eyata amekae nàgblɔ be eyae nye míaƒe futɔ gãtɔ kekeake?— Ẽ, Satana Abosam ye. Àte ŋu akpɔea?— Kura o, màte ŋu akpɔe o! Gake míenya be eli eye be enye amesi kɔ boo wu mí eye wòsẽ wu mí. Gake amekae li si kɔ boo wu Abosam hã?— Yehowa Mawue. Eyata míenya be Mawu ate ŋu akpɔ mía ta.

Xlẽ nu tso Amesi wòle be míasubɔ ŋu: Mose V, 30:19, 20; Yosua 24:14, 15; Lododowo 27:11; kple Mateo 4:10.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe