INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lr ta 21 axa 112-116
  • Ðe Wòle Be Míatsɔ Nane Aƒo Adegbeea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Wòle Be Míatsɔ Nane Aƒo Adegbeea?
  • Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nuhiahiã Vevi Eve—Gbedodoɖa Kple Ðokuibɔbɔ
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Alesi Gbegbe Gbedodoɖa kple Ðokuibɔbɔ Hiãe
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Yesu Yɔ Mateo
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • ‘Mikpɔ Nyuie Le Farisitɔwo Ƒe Amɔwɔʋãnu La Ŋuti’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
Kpɔ Bubuwo
Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
lr ta 21 axa 112-116

TA 21

Ðe Wòle Be Míatsɔ Nane Aƒo Adegbeea?

NUKAE nye adegbeƒoƒo? Ènya nusi wòfia?— Eƒe kpɔɖeŋu aɖee nye si. Ðe nèdze agbagba kpɔ be yeawɔ nane si wɔwɔ mènya tututu oa? Ðewohĩ èdze agbagba be yeaƒo bɔl. Alo ɖewohĩ ètee kpɔ be yeadzo ka. Ðe ame aɖe ko wò be, “Hahaha! Kpɔ ɖa, menya ewɔwɔ wu wò” kpɔa?— Ekema adegbe ƒomee nye ma amea le.

Aleke nèsena le ɖokuiwò me ne amewo gblɔ nya mawo tɔgbe? Ðe wòdzɔa dzi na wòa?— Ekema aleke nèsusu be ame bubuwo ase le wo ɖokui me ne èle adegbe ƒom le ɖokuiwò ŋu?— Ðe wònyo be nàgblɔ na ame aɖe be, “Nyea menyo wu wò” mahã?— Ðe Yehowa lɔ̃a amesiwo wɔa nusia?—

Nufiala Gã la nya ame aɖewo siwo bu be yewonyo wu ame bubuwo. Woƒoa adegbe, alo doa wo ɖokui ɖe dzi, eye womebua ame bubuwo ɖe ɖeke me o. Eyata gbeɖeka Yesu gblɔ ŋutinya aɖe na wo be yeatsɔ afia alesi menyo be woanɔ adegbe ƒom le wo ɖokui ŋu o. Ðo to nàsee ɖa.

Ŋutinyaa ku ɖe Farisitɔ aɖe kple nudzɔla aɖe ŋu. Nya lae nye be Farisitɔwo nye subɔsubɔha ƒe nufialawo, amesiwo wɔa nu zi geɖe abe ɖe wole dzɔdzɔe alo le kɔkɔe kura wu ame bubuwo ene. Farisitɔ si le Yesu ƒe ŋutinya sia me la yi ɖe Mawu ƒe gbedoxɔ me le Yerusalem be yeado gbe ɖa.

Farisitɔ kple adzɔxɔla aɖe le gbe dom ɖa

Nukata Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe nudzɔla la ŋu ke menye ɖe Farisitɔa ŋu o?

Yesu gblɔ be nudzɔla aɖe hã yi ɖe gbedoxɔa me be yeado gbe ɖa. Ame akpa gãtɔ melɔ̃a nudzɔlawo ƒe nya o. Wobui be nudzɔlawo dina be yewoaba yewo. Eye nyateƒee wònye be menye ɣesiaɣie nudzɔla geɖe ɖia anukware o.

Le gbedoxɔa me la, Farisitɔa dze gbedodoɖa gɔme na Mawu ale: ‘Oo Mawu, meda akpe na wò be nyemenye nuvɔ̃wɔla abe ame bubuwo ene o. Nyemebaa ame alo wɔa nu baɖa bubuwo o. Nyemele abe nudzɔla ma si le afima ene o. Ame dzɔdzɔe menye. Metsia nu dɔna zi eve le kwasiɖa ɖeka me bena mate ŋu akpɔ ɣeyiɣi geɖe atsɔ ade ŋugble le ŋuwò. Eye metsɔa nusiwo katã su asinye la ƒe akpa ewolia nana hena gbedoxɔa me dɔwo.’ Mèkpɔe be Farisitɔ ma susui le nyateƒe me be yenyo wu ame bubuwo oa?— Eye egblɔe nenema hã le eƒe gbedodoɖa me na Mawu.

Gake nudzɔla la ya mele nenema o. Medi be yeafɔ ta dzi anɔ dziƒo kpɔm hafi ado gbe ɖa gɔ̃ hã o. Etsi tre ɖe adzɔge hede mo to. Nudzɔla la se veve ɖe eƒe nuvɔ̃wo ta ale gbegbe, eye wònɔ eƒe akɔta ƒom le nuxaxa me. Medze agbagba be yeagblɔ alesi yenyoe na Mawu o. Ke boŋ edo gbe ɖa be: ‘Oo Mawu, nuvɔ̃wɔla menye, kpɔ nublanui nam.’

Ŋutsu eve siawo dometɔ ka ƒe nue nèsusu be dze Mawu ŋu? Farisitɔ la, amesi susui be yenyo ŋutɔ yea? Alo nudzɔla la, amesi se veve ɖe eƒe nuvɔ̃wo ta yea?—

Yesu gblɔ be nudzɔla lae nye amesi ƒe nu dze Mawu ŋu. Nukatae? Yesu ɖe eme be: ‘Elabena woabɔbɔ amesiame si dzea agbagba be yeawɔe wòadze abe ɖe yenyo wu ame bubuwo ene la ɖe anyi. Gake woado amesi bɔbɔa eɖokui ɖe anyi la ɖe dzi.’—Luka 18:9-14.

Nukae nye nufiame si le Yesu ƒe ŋutinya sia me?— Ele mía fiam be menyo be míasusui be míenyo wu ame bubuwo o. Ðewohĩ míagblɔe kple nu be míenyo wu ame bubuwo ya o, gake to míaƒe nuwɔnawo me la, míate ŋu anɔ eɖem fia be nenemae míebunɛ. Ðe nèwɔ nu nenema kpɔa?— Bu apostolo Petro ŋu kpɔ.

Esime Yesu gblɔ na eƒe apostolowo be ne wova lé ye wo katã woagblẽ ye ɖi la, Petro ƒo adegbe be: ‘Ne wo katã wogblẽ wò ɖi hã la, nyea nyemagblẽ wò ɖi akpɔ gbeɖe o!’ Gake Petro wɔ vodada. Eka ɖe eɖokui dzi akpa. Eva dzɔ be egblẽ Yesu ɖi. Gake egbugbɔ trɔ va, abe alesi míasrɔ̃e le agbalẽ sia ƒe Ta 30 lia me ene.—Mateo 26:31-33.

Na míawɔ egbegbe kpɔɖeŋu aɖe. Ðewohĩ wole nya aɖewo biam mia kple miaƒe sukuhati bubu aɖe le suku. Ne ète ŋu ɖo biabiawo ŋu enumake, gake sukuvi kemɛa ya mete ŋu ɖo wo ŋu o ɖe? Ele eme baa be adzɔ dzi na wò be yenya ŋuɖoɖoawo ya. Gake ɖe wòanye nu nyui be nàtsɔ ɖokuiwò anɔ sɔsɔm kple amesi mete ŋu ɖoa nya ŋu kabakaba oa?— Ðe wòanyo be nàdze agbagba aɖee afia be yeƒe tagbɔ kɔ to ame kemɛa dada ɖe anyi mea?—

Nu ma tututue Farisitɔ ma wɔ. Eƒo adegbe be yenyo wu nudzɔla la. Gake Nufiala Gã la gblɔ be Farisitɔa wɔ vodada. Enye nyateƒe be ame aɖe ate ŋu awɔ nane nyuie wu ame bubu ya. Gake le nyateƒe me la, ema mefia be enyo wui o.

Nyɔnuvi aɖe do asi ɖe dzi le sukuxɔ me

Ne ènya nu wu ame aɖe la, ɖe wòfia be nènyo wuia?

Eyata ne míenya nu wu ame bubu aɖe la, ɖe ema nye susu si ta wòle be míaƒo adegbea?— Bu nya sia ŋu kpɔ. Mía ŋutɔwoe wɔ míaƒe ahɔhɔ̃a?— Kura o, Mawue nye amesi na ahɔhɔ̃ mía dometɔ ɖesiaɖe. Eye ame aɖe gbɔe míesrɔ̃ nusiwo míenya la ƒe akpa gãtɔ tsoe. Ðewohĩ míexlẽ nanewo tso eŋu le agbalẽ me. Alo anye be ame aɖee gblɔ wo na mí. Ne mía ŋutɔwoe bu nane ŋu le mía ɖokui si gɔ̃ hã la, nukae na míete ŋu wɔ esia?— Ẽ, to ahɔhɔ̃ si Mawu na mí la zazã mee.

Ne ame aɖe wɔ eƒe ŋutete si wòate ŋui la, nu nyuitɔ enye be nàgblɔ nya aɖe si ade dzi ƒo nɛ. Gblɔ nɛ be nusi wòwɔ la dze ye ŋu. Ðewohĩ àte ŋu akpe ɖe eŋu gɔ̃ hã be wòagawɔe nyuie wu. Emae nye nusi wò hã nàdi be amewo nawɔ na ye, alo?—

Ŋutsuvi aɖe tsɔ eƒe abɔ le ŋutsuvi bubu fiam

Nukatae masɔ be míanɔ adegbe ƒom ne míesesẽ wu ame bubu o?

Ame aɖewo sesẽ wu ame bubuwo. Ne èsesẽ wu nɔviwòŋutsu alo nɔviwònyɔnu ɖe? Ðe ema nye susu si ta wòle be nànɔ adegbe ƒoma?— Kura o. Nusi míeɖuna ye kpena ɖe mía ŋu míetsina nɔa lãmesẽ me. Eye ɖe menye Mawue naa ŋdɔ kple tsidzadza kpakple nu bubu ɖesiaɖe si hiã ale be nuɖuɖuwo namie ahatsi oa?— Eyata Mawue wòle be míada akpe na nenye be ŋusẽ le mía ŋu.—Dɔwɔwɔwo 14:16, 17.

Mía dometɔ aɖeke medina be yeasee amewo nanɔ adegbe ƒom le wo ɖokui ŋu o ɖe, alo?— Na míaɖo ŋku Yesu ƒe nya siawo dzi be: “Alesi miedi bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ na wo nenema ke.” Ne míewɔa nu alea la, ke míanɔ abe Farisitɔ adegbeƒola si ƒe ŋutinya Nufiala Gã la gblɔ ene o.—Luka 6:31.

Ɣeaɖeɣi ame aɖe yɔ Yesu be ame nyui. Ðe Nufiala Gã la gblɔ be, ‘Ẽ, ame nyui menye’ mahã?— Ao, megblɔ nenema o. Ke egblɔ boŋ be: “Ame aɖeke mele nyui o, negbe Mawu ɖeka ko.” (Marko 10:18) Togbɔ be Nufiala Gã la de blibo hã la, metsɔe ƒo adegbee o. Ke boŋ etsɔ kafukafua katã na Fofoa Yehowa.

Eyata ɖe ame aɖe li si me míate ŋu aƒo adegbe lea?— Ẽ, ame aɖe li. Míate ŋu aƒo adegbe le mía Wɔla, Yehowa Mawu, me. Ne míekpɔ ɣe ƒe amigogbagba dzeani si biã hẽ, alo nuwɔwɔ wɔnuku bubu aɖe la, míate ŋu agblɔ na ame aɖe be, ‘Mía Mawu wɔnuku Yehowae wɔ esia!’ Na wòanye míaƒe didi ɣesiaɣi be míaƒo nu tso nu wɔnuku siwo Yehowa wɔ kple esiwo wòagava wɔ le etsɔ si gbɔna me ŋu.

Ŋutsuvi eve le ɣe ƒe amigogbagba kpɔm

Nuwɔwɔ kawo ŋue ŋutsuvi sia le adegbe ƒom le?

Na míaxlẽ nusi Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso adegbeƒoƒo, alo ɖokuidodoɖedzi, ŋu eye míasrɔ̃ alesi míawɔ atsri adegbeƒoƒo le mía ɖokui ŋu: Lododowo 16:5, 18; Yeremya 9:23, 24; Korintotɔwo I, 4:7; kple 13:4.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe