INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • bh axa 221-axa 222 mm. 2
  • December mee Wodzi Yesua?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • December mee Wodzi Yesua?
  • Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yesu
    Nyɔ!—2013
  • Yesu Dzidzi—Afi Kae Eye Ɣekaɣie?
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Ɣekaɣie Wodzi Yesu?
    Nyɔ!—2009
  • Yesu Dzidzi—Afikae eye Ɣekaɣie?
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
Kpɔ Bubuwo
Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
bh axa 221-axa 222 mm. 2

MEGBENYAWO

December mee Wodzi Yesua?

BIBLIA megblɔ ɣeyiɣi si me wodzi Yesu na mí o. Gake ena susu geɖe siwo ta míate ŋu aƒo nya ta be menye December mee wodzii o la mí.

De ŋugble tso alesi yame ƒe nɔnɔme nɔna le ƒea ƒe ɣeyiɣi ma me le Betlexem, afisi wodzi Yesu le, ŋu kpɔ. Yudatɔwo ƒe ɣleti si nye Kislew (si asɔ kple November/December) nye ɣleti si me vuvɔ wɔna eye tsi dzana ŋutɔ. Ɣleti si kplɔa ema ɖoe nye Tebet (December/January). Ɣemaɣie yame fana wu le ƒea me, eye ɣeaɖewoɣi hã sno dzana le teƒe siwo towo le. Na míakpɔ nusi Biblia gblɔ tso alesi yame ƒe nɔnɔme nɔna le nuto ma me ŋu ɖa.

Biblia-ŋlɔla Ezra ɖee fia be Kislew nye ɣleti si me wonya nyuie be yame fana eye tsi dzana le. Esi Ezra gblɔ be ameha aɖe ƒo ƒu ɖe Yerusalem “le dzinu asiekelia [Kislew] ƒe ŋkeke blavelia dzi” vɔ la, egblɔ be ameawo nɔ “dzodzom nyanyanya le . . . tsidzadza ta.” Amesiwo ƒo ƒu la ŋutɔ gblɔ tso alesi yame ƒe nɔnɔme nɔ le ƒea ƒe ɣeyiɣi ma me ŋu be enye “tsidzaɣi, be womate ŋu anɔ tsitre ɖe xexe o.” (Ezra 10:9, 13; Yeremya 36:22) Eyata mewɔ nuku o be ne December ɖo la, alẽkplɔla siwo le xexeame ƒe akpa ma kpɔa egbɔ be woa kple woƒe lãwo meganɔa gbedzi le zã me o!

Gake Biblia ka nya ta be alẽkplɔlawo nɔ gbedzi nɔ woƒe alẽwo kplɔm le zã si me wodzi Yesu. Le nyateƒe me la, Biblia-ŋlɔla Luka ɖee fia be le ɣemaɣi la, alẽkplɔlawo “le gbedzi, eye wole woƒe alẽha ŋuti dzɔm le zã me” le afisi gogo Betlexem. (Luka 2:8-12) De dzesii be alẽkplɔlawo nɔ gbedzi ŋutɔŋutɔ, menye be wonɔ zɔzɔm le xexe le ŋkeke me ko o. Woƒe alẽhawo nɔ gbedzi le zã me. Ðe woate ŋu anɔ gbedzi le Betlexem le December si yame fana miamiamia eye tsi dzana mea? Ao, womate ŋui o. Eyata nusiwo dzɔ le Yesu dziɣi ɖee fia be womedzii le December me o.a

Mawu ƒe Nya la gblɔ ɣeyiɣi si me tututu Yesu ku la na mí, gake megblɔ nya boo aɖeke tso ɣeyiɣi si me wodzii ya ŋu o. Esia na míeɖo ŋku Fia Salomo ƒe nyawo dzi, be: “Ŋkɔ nyui nyo wu ami xɔasi, eye kugbe nyo wu dzigbe.” (Nyagblɔla 7:1) Eyata mewɔ nuku o be Biblia gblɔ nya geɖe tso Yesu ƒe subɔsubɔdɔ kple ku ŋu evɔ nya ʋɛ aɖewo koe wògblɔ tso edziɣi ya ŋu.

Alẽkplɔlawo le gbedzi le zã me kple woƒe lãwo le teƒe si gogo Betlexem

Esime wodzi Yesu la, alẽkplɔlawo nɔ gbedzi le zã me kple woƒe lãwo

a Ne èdi numeɖeɖe bubuwo la, ke kpɔ Reasoning From the Scriptures, axa 176-9 (Comment raisonner à partir des Écritures, axa 161-5), si Yehowa Ðasefowo ta.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe