INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lff nusɔsrɔ̃ 53
  • Tia Modzakaɖeɖe Siwo Dzea Yehowa Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tia Modzakaɖeɖe Siwo Dzea Yehowa Ŋu
  • Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • SRƆ̃ NU BUBUWO
  • NU SIWO MÍESRƆ̃
  • KU NU ME TSO NYATIA ŊU
  • Ale Si Míatia Nu Siwo Míatsɔ Aɖe Modzakae
    Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa
  • Ale Si Nàwɔ Atia Modzakaɖeɖe Nyuiwo
    “Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa”
  • Tia Nu Si Nètsɔ Ðea Modzakae La Nyuie
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2019
  • Modzakaɖeɖe Tuameɖo Li Nàkpɔ
    Nyɔ!—1997
Kpɔ Bubuwo
Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
lff nusɔsrɔ̃ 53
Nusɔsrɔ̃ 53 lia. Vifofo, vidada, kple wo vinyɔnuvi le numeɖenu aɖe ɖum esime wole television kpɔm.

NUSƆSRƆ̃ 53

Tia Modzakaɖeɖe Siwo Dzea Yehowa Ŋu

Tatatɔ
Tatatɔ
Tatatɔ

Yehowae nye “Mawu dzidzɔtɔ la.” (1 Timoteo 1:11) Edi be míakpɔ dzidzɔ eye míase vivi le agbe me. Edzɔa dzi nɛ ne míeɖe asi le dɔ ŋu vie heɖi ɖe eme eye míedo dzidzɔ na mía ɖokuiwo. Le nusɔsrɔ̃ sia me la, míakpɔ ale si míate ŋu azã míaƒe ɖiɖiɖemeɣiwo le mɔ vovovowo nu be woado dzidzɔ na mí eye míaƒe dzi nadze eme, eye wòadze Yehowa ŋu hã.

1. Nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí ne míele nu siwo míatsɔ aɖe modzakae la tiam?

Nu kae nèdina be yeawɔ ne èle ɖiɖim ɖe eme? Ame aɖewo dina be yewoazã yewoƒe ɖiɖiɖemeɣia le aƒe me le tomefafa me anɔ agbalẽ xlẽm, anɔ haƒoƒo sem, anɔ film kpɔm, alo anɔ Internet zãm. Ame aɖewo hã wɔa nuwo ɖekae kple wo xɔlɔ̃wo—woɖia tsa yia teƒe vovovowo, woyia ƒuta, alo fea fefe vovovowo. Nu ka kee míawo ŋutɔwo míedina be míatsɔ aɖe modzakae o, ele be míakpɔ egbɔ be enye nu si ‘dzea Aƒetɔ la ŋu.’ (Efesotɔwo 5:10) Ele be esia nanɔ vevie na mí, elabena nu siwo Yehowa lé fui, abe ŋutasẽnuwɔwɔ, gbɔdɔdɔ manɔsenu, kple gbɔgbɔyɔyɔ ƒe nuwɔnawo ene, nɔa nu siwo amewo dina vevie be yewoatsɔ aɖe modzaka la me. (Xlẽ Psalmo 11:5.) Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míatso nya me nyuie ne míele nu siwo míatsɔ aɖe modzakae la tiam?

Ne míedze xɔlɔ̃ ame siwo lɔ̃ Yehowa la, woate ŋu ana míaƒe agbenɔnɔ nanyo eye woakpe ɖe mía ŋu be míatia modzakaɖenu siwo sɔ. Abe ale si míekpɔe le nusɔsrɔ̃ aɖe me va yi ene la, “ame si zɔna kple nunyalawo la, adze nunya.” Gake ne míedea ha edziedzi kple ame siwo melɔ̃ Mawu ƒe sewo o la, ‘eme manyo na mí o.’—Lododowo 13:20.

2. Nu ka tae wòle vevie be míaɖɔ ŋu ɖo le ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si míezãna ɖe modzakaɖeɖe ŋu la gome?

Ne nu si míetia be míatsɔ aɖe modzaka la sɔ nyuie hã la, ehiã be míaɖɔ ŋu ɖo be míagazã ɣeyiɣi ɖe eŋu fũu akpa o. Ne menye nenema o la, míagakpɔ ɣeyiɣi ɖe nu siwo le vevie wu la ŋu o. Biblia de dzi ƒo na mí be ‘míawɔ míaƒe ɣeyiɣi ŋu dɔ le mɔ nyuitɔ nu.’—Xlẽ Efesotɔwo 5:15, 16.

SRƆ̃ NU BUBUWO

Àkpɔ ale si nàwɔ be nàtso nya me nyuie ne èle nu siwo nàtsɔ aɖe modzakae la tiam.

3. Tsri modzakaɖeɖe siwo mesɔ o

Nu ka tae wòle be míatia nu siwo míatsɔ aɖe modzakae la le ŋuɖɔɖo me? Mikpɔ VIDEOA, eyome miadzro nyabiase siwo gbɔna me.

VIDEO: Modzakaɖeɖe Kae Matia? (4:39)

  • Aleke fefe siwo amewo tsɔ ɖea modzakae egbea la dometɔ aɖewo le abe blema Romatɔwo ƒe fefewo ene?

  • Le videoa me la, nu kae Daniel va nya tso modzakaɖeɖe ŋu?

Mixlẽ Romatɔwo 12:9, eye miadzro nyabiase sia me:

  • Aleke mawunyakpukpui sia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàtia modzakaɖeɖe si sɔ?

Nu siwo Yehowa lé fui la dometɔ aɖewoe nye kawo? Mixlẽ Lododowo 6:16, 17 kple Galatiatɔwo 5:19-21. Ne miexlẽ mawunyakpukpuiawo dometɔ ɖe sia ɖe vɔ la, midzro nyabiase sia me:

  • Nu siwo woyɔ le mawunyakpukpui sia me la dometɔ kawoe bɔ ɖe modzakaɖenu siwo li egbea me?

Ale si nàwɔ atia nu siwo nàtsɔ aɖe modzakae la nyuie

Bia ɖokuiwò be:

  • Ðe nu siwo Yehowa lé fui la dometɔ aɖe yia edzi le modzakaɖeɖea mea?

  • Ðe wòwɔnɛ be nyemegakpɔa vovo ɖe nu siwo le vevie wu la ŋu oa?

  • Ðe wòwɔnɛ be medea ha kplikplikpli kple ame siwo melɔ̃ Yehowa oa?

Nyuitɔa ye nye be míate ɖa le nu sia nu si ana míadze afɔku la ŋu. Ema tae wòle be míaƒo asa na modzakaɖeɖe ɖe sia ɖe si míekpɔ be mesɔ na mí Kristotɔwo o

Ame aɖe le ʋu kum to mɔ dodo aɖe si le to dzi la ƒe kɔto. Ʋua ƒe megbefɔti ɖeka le ɖiɖim le mɔa ƒe kɔto.

4. Wɔ wò ɣeyiɣi ŋu dɔ nyuie

Mikpɔ VIDEOA, eyome miadzro biabia si gbɔna me.

VIDEO: Nu Kawoe Xɔa Wò Ɣeyiɣi? (2:45)

  • Le videoa me la, togbɔ be menye nu gbegblẽ aɖekee nɔviŋutsua kpɔna tsɔ ɖea modzakae o hã la, nu kae nye eƒe kuxia?

Mixlẽ Filipitɔwo 1:10, eye miadzro biabia sia me:

  • Aleke mawunyakpukpui sia akpe ɖe mía ŋu míatso nya me le ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si míazã ɖe modzakaɖeɖe ŋu la ŋuti?

5. Tia modzakaɖeɖe nyuiwo

Togbɔ be modzakaɖeɖe aɖewo medzea Yehowa ŋu o hã la, nu geɖewo li míate ŋu atsɔ ado dzidzɔ na mía ɖokui siwo adze eŋu. Mixlẽ Nyagblɔla 8:15 kple Filipitɔwo 4:8, eye miadzro nyabiase sia me:

  • Nu nyui kae nètsɔna ɖea modzakae?

Nɔnɔmetata vovovoawo: Ame siwo xɔ ƒe vovovowo la tsɔ nu nyui vovovowo le modzaka ɖem hele dzidzɔ dom na wo ɖokuiwo. 1. Ðetugbui aɖe le ha sem esime wòle nu tam. 2. Ðekakpui etɔ̃ le basketbɔl ƒom. 3. Ŋutsuvi eve le gasɔ dom. 4. Ŋutsuvi aɖe ŋutɔ wɔ ʋu vi aɖe na eɖokui. 5. Ŋutsu aɖe le ʋu ƒom. 6. Ŋutsuvi aɖe kple fofoa le videofefe ƒom. 7. Nyɔnu aɖe le foto ɖem.

Àte ŋu atsɔ nu nyuiwo aɖe modzaka alo ado dzidzɔ na ɖokuiwò

AME AÐEWO GBLƆNA BE: “Naneke megblẽ le modzakaɖeɖe siwo me ŋutasẽnuwɔwɔ, gbɔdɔdɔ manɔsenu, alo gbɔgbɔyɔyɔ ƒe nuwɔnawo dzena le la ŋu o, zi ale si nye ŋutɔ nyemewɔa nu mawo o ko.”

  • Ne ame aɖe gblɔ nya ma la, nya kae nàgblɔ nɛ?

NU SIWO MÍESRƆ̃

Yehowa di be míatia nu nyuiwo atsɔ aɖe modzakae.

Numetoto

  • Modzakaɖeɖe kawo tɔgbie wòle be Kristotɔwo naƒo asa na?

  • Nu ka tae wòle be míaɖɔ ŋu ɖo le ɣeyiɣi si míezãna ɖe modzakaɖeɖe ŋu la ŋuti?

  • Nu ka tae nàdi be yeatia modzakaɖeɖe siwo dzea Yehowa ŋu?

Anyo Be Nàwɔ Esia

KU NU ME TSO NYATIA ŊU

Ame kae wòle be wòatia nu siwo míatsɔ aɖe modzakae la na mí?

“Ðe Yehowa Ðasefowo Dea Se Ðe Video, Agbalẽ Alo Hadzidzi Aɖewo Nua?” (Nyati sia le jw.org)

Le nyati sia me la, àkpɔ ale si nàtso nya me nyuie le nu siwo nàtsɔ aɖe modzakae la ŋu.

“Ðe Wò Modzakaɖeɖe Ðea Vi Na Wòa?” (Gbetakpɔxɔ, October 15, 2011)

Le agbemeŋutinya si ƒe tanyae nye “Meva Dzudzɔ Fuléle Yevuwo Gɔ̃ Hã” me la, àkpɔ nu si tae ŋutsu aɖe va ɖe asi le nu siwo wòtsɔ ɖea modzakae tsã la ŋu.

“Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm” (Gbetakpɔxɔ, February 1, 2010)

Kpɔ ale si vidada aɖe tso nya me nyuie le film siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nuwɔnawo dzena le la kpɔkpɔ ŋu.

Tsri Modzakaɖeɖe Siwo Me Gbɔgbɔyɔyɔ Ƒe Nuwɔnawo Dzena Le (2:02)

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe