Ame Si He Tɔtrɔ Va Xexea Me
Ame biliɔn geɖewo nɔ anyigba sia dzi kpɔ. Wo dometɔ akpa gãtɔ mewɔ naneke si ta amewo naɖo ŋku wo dzi o. Ke hã, wo dometɔ ʋɛ aɖewo xɔ ŋkɔ le ŋutinya me, eye ɖewohĩ nu siwo wowɔ da ɖi la kpɔa ŋusẽ ɖe wò agbe dzi gbe sia gbe.
ÈFƆ ŋdi kanya be yeayi dɔ me. Èli asi gli ŋu si akaɖi hedzra ɖo. Ètsɔ agbalẽ alo magazine aɖe ɖe asi be yeanɔ xexlẽm ne yele ʋu me yina. Èɖo ŋku edzi hã be ele be yeano dɔlékuiwutike si le kpekpem ɖe ŋuwò le lãmegbegblẽ aɖe ta. Wò ŋkekea medze egɔme kura haɖe o, gake nu siwo ame xɔŋkɔ aɖewo wɔ da ɖi la dometɔ aɖewoe nye ema ɖe vi na wò xoxo.
Michael Faraday Wodzii le ƒe 1791 me, eye wònye Englandtɔ dzɔdzɔmeŋusẽŋununyala si to eletrik ŋusẽ vae. Eƒe nutovɛ siae na eletrik kaɖi li egbea míezãna.
Ts’ai Lun Ewɔ dɔ le blema China fiagã ƒe fiasã me, eye eyae to pepawɔwɔ mɔnu vae le ƒe 105 M.Ŋ. me, si wɔe be wote ŋu wɔa pepa gbogbo aɖewo egbea.
Johannes Gutenberg Germantɔ siae to agbalẽtamɔ gbãtɔ vae le ƒe 1450 me lɔƒo. Agbalẽtamɔ na be agbalẽtata va le bɔbɔe, si wɔe be agbalẽ geɖe siwo ku ɖe nyati vovovowo ŋu la va bɔ ŋutɔ.
Alexander Fleming Le ƒe 1928 me la, Scotlandtɔ numekula sia ke ɖe dɔlékuiwutike aɖe si wòna ŋkɔe be penicillin ŋu. Wozãa dɔlékuiwutikewo tsɔ daa dɔléle geɖewo egbea le xexea me godoo.
Ðikeke mele eme o be nu siwo ame ʋɛ aɖewo to vae la va le vi ɖem na ame miliɔn gbogbo aɖewo le mɔ geɖe nu, alo na wole lãmesẽ nyui me.
Ke hã, ame ɖeka aɖe li si ɖe dzesi wu le ame xɔŋkɔ siwo katã nɔ anyi kpɔ dome. Menye dzɔdzɔmeŋutinunya alo atikeŋutinunya ƒe nutovɛ aɖeke tae wòxɔ ŋkɔ ɖo o. Ke boŋ ame sia si wodzi le ƒome tsɛ aɖe ko me, eye wòku ƒe 2,000 kloe nye esia la gblẽ gbedeasi aɖe ɖi—gbedeasi sẽŋu si naa mɔkpɔkpɔ kple akɔfafa. Ale si gbegbe eƒe gbedeasia kpɔ ŋusẽ ɖe amewo ƒe agbe dzi le anyigbaa dzi godoo la wɔe be ame geɖe alɔ̃ ɖe edzi be eyae nye ame si he tɔtrɔ va xexea me nyateƒe.
Ame mae nye Yesu Kristo. Gbedeasi kae wòɖe gbeƒã? Eye ŋusẽ kae eƒe gbedeasia ate ŋu akpɔ ɖe wò agbe dzi?