INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 7/1 axa 9
  • Ènyaa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ènyaa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yerusalem Gliawo
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nya Vevi Siwo Tso Nexemya ƒe Agbalẽ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • “Tsɔ Nu Nyui La Ðu Nu Vɔ̃ɖi La Dzi”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Yerusalem Ƒe Gliawo
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 7/1 axa 9

Ènyaa?

Ðe anyidiwo dzraa woƒe nuɖuɖu ɖo le dzomeŋɔli heƒoa wo nu ƒu le nuŋeɣi nyateƒea?

▪ Lododowo 6:6-8 gblɔ be: “Wò kuviatɔ, yi anyidi gbɔ, kpɔ eƒe nuwɔna ɖa, eye nàdze nunya! Esi amegã, dzikpɔla kple dziɖula aɖeke mele esi o hã la, eƒoa eƒe abolo le dzomeŋɔli, eye wòtua eƒe nuɖuɖu ɖo le nuŋeɣi.”

Anyidi ƒomevi vovovowo dzra nuɖuɖu ɖo. Ðewohĩ anyidi siwo ƒomevi ŋu Salomo le nu ƒom tsoe, siwo bɔ ɖe Israel egbea, lae nye esiwo míate ŋu ayɔ be anyidi nukunuƒoƒulawo (Messor semirufus).

Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Anyidi siawo dona le woƒe dowo me ɖadia nuɖuɖu ne ya me ƒe nɔnɔme nyo . . . [eye] woƒoa nuku nu ƒu le ƒea ƒe ɣeyiɣi siwo me ya me xɔa dzo.” Wokpɔa nuku siawo le ati dzi alo fɔnɛ le anyigba. Anyidiawo ɖea do ɖe agblewo kple avawo me, kpakple nukuƒoƒewo, afi si woate ŋu akpɔ nukuwo le bɔbɔe.

Anyidiwo ɖea do bubu vovovowo ɖe woƒe doawo me, eye woƒoa nuku siwo wofɔ la nu ƒu ɖe afi ma le ɖoɖo tɔxɛ nu. Do siwo me woƒoa nukuawo nu ƒu ɖo la kekena abe sentimeta 12 ene, eye woyia to abe sentimeta ɖeka ene. Wogblɔ be anyidi siawo tea ŋu nɔa agbe ɖe nuku siwo wodzra ɖo la nu “ɣleti ene kple edzivɔ, esi nuɖuɖu alo tsi aɖeke mahiã wo tso gota o.”

Dɔ kae fia ƒe ahakula wɔna?

▪ Nexemiya nye Persia Fia Artaxsasta ƒe ahakula. (Nexemiya 1:11) Le Persia nutowo me le blema la, menye subɔvi dzro aɖe koe fia ƒe ahakula nyena o. Enyea ame ŋkuta le fiasã me. Blemagbalẽ kple nɔnɔmetata gbogbo siwo me blema ahakulawo dze le la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya dɔ si tututu Nexemiya wɔna le Persia fiasãa me.

Ahakulae ɖɔa fia ƒe aha kpɔ be aɖi mele eme o. Eya ta fia kana ɖe eƒe ahakula dzi bliboe. Agbalẽnyala Edwin M. Yamauchi gblɔ be: “Esi wotea ŋu ɖoa nugbe ɖe Persia fiawo ŋu bɔbɔe ta la, ehiã vevie be fiasãmedɔwɔlawo nanye ame siwo dzi woka ɖo.” Anɔ eme hã be ahakula nyea fiasãmedɔwɔla si gbɔ fiaa melɔ̃a nu le o. Esi wòwɔa dɔ kple fia aduadu gbe sia gbe ta la, eyae ɖea mɔ na ame hafi wòyia fia gbɔ.

Ðewohĩ esi wònye ɖoƒe ma tɔgbie nɔ Nexemiya si tae Fia na mɔe wòte ŋu trɔ yi Yerusalem be wòaɖɔ gliawo ɖo. Ame vevi aɖe ŋutɔe Nexemiya anya nye na fia la. Nyagɔmeɖegbalẽ aɖe (The Anchor Bible Dictionary) gblɔ be: “Nya si fia la biae koe nye: ‘Gbe ka gbee nàtrɔ agbɔ?’”—Nexemiya 2:1-6.

[Nuwo ƒe nɔnɔme/​Nɔnɔmetata si le axa 9]

Persia fiasã si le Persepolis

[Diagram]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Ahakula

Fiavi Xerxes

Darius Gãtɔ

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© The Bridgeman Art Library International

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe