Exlẽlawo Bia Be . . .
Ðe ame sia ame ate ŋu adze si Mawu ahalɔ̃ea?
Esi wobia Yesu be se kae nye gãtɔ hã la, eɖo eŋu be: “Nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò tamesusu blibo.” (Mateo 22:37) Gake hafi amewo nate ŋu alɔ̃ Mawu la, ehiã be woadze si eya amea nyuie. (Yohanes 17:3) Ðe ame sia ame ate ŋu ava dze sii alea?
Nu si koŋ kpena ɖe ame ŋu wòdzea si Mawue nye Biblia la. (2 Timoteo 3:16) Ame geɖe le afi si Biblia le amewo katã kloe si le. Ðewohĩ wogavaa ame siawo gbɔ hedonɛ ɖa be woasrɔ̃ Biblia kpli wo, ale be woava dze si Mawu nyuie wu. (Mateo 28:19) Ðevi aɖewo dzilawo nye Kristotɔwo, eye wokpena ɖe wo ŋu be woasrɔ̃ nu tso Mawu ŋu.—5 Mose 6:6, 7; Efesotɔwo 6:4.
Gake nɔnɔmeawo mede ame aɖewo hã dzi o. Wo dometɔ aɖewo ƒe ƒometɔwo wɔa ŋlɔmi le wo ŋu, eye dzila aɖewo melɔ̃a vi siwo woawo ŋutɔwo wodzi o. (2 Timoteo 3:1-5) Asesẽ na ame siwo wohe le nɔnɔme siawo me la be woabu Mawu be enye Fofo lɔ̃ame si le dziƒo. Ame geɖe mete ŋu de suku yi ŋgɔ o, alo womede ɖeke kura o, si wɔe be womate ŋu axlẽ Biblia o. Alakpasubɔsubɔhawo gbã ŋku na ame aɖewo hã, alo wole ƒome, nuto, alo dukɔ siwo me womeɖe mɔ le be woafia nu si tututu le Biblia me la amewo o. (2 Korintotɔwo 4:4) Ðe ame siawo ƒe nɔnɔme wɔe be mɔnukpɔkpɔ mate ŋu asu wo si gbeɖe be woasrɔ̃ nu tso Mawu ŋu ahalɔ̃e oa?
Yesu lɔ̃ ɖe edzi be kuxi siwo me ame aɖewo ato la ana wòasesẽ na wo be woalɔ̃ Mawu ahaɖo toe. (Mateo 19:23, 24) Gake Yesu ɖo ŋku edzi na eƒe nusrɔ̃lawo be, togbɔ be kuxi aɖewo adze na amegbetɔwo abe nu si dzi womate ŋu aɖu ene o hã la, “Mawu gbɔ la, woate ŋu awɔ nu sia nu.”—Mateo 19:25, 26.
Bu nya siwo gbɔna ŋu kpɔ: Yehowa Mawu kpɔ egbɔ be eƒe Nya, Biblia, lae nye agbalẽ si woma wu le xexea me. Biblia gblɔ be Mawu ɖo ta me nyui aɖe ɖe anyigba ŋu, eye be woaɖe gbeƒã nya nyui sia le “anyigba blibo la katã dzi.” (Mateo 24:14) Yehowa Ðasefowo le gbeƒã ɖem nya nyui ma egbea le dukɔ 230 kple edzivɔ me, eye wota Biblia srɔ̃gbalẽwo ɖe gbegbɔgblɔ 500 kloe me. Ame siwo mate ŋu axlẽ Biblia o gɔ̃ hã ate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso Mawu vavã la ŋu ne woléa ŋku ɖe nu siwo wòwɔ la ŋu.—Romatɔwo 1:20.
Gawu la, Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Yehowa dzroa dziwo katã me kpɔna, eye wònya tamesusuwo katã! Ne èdii la, ana be, nàkpɔe.” (1 Kronika 28:9) Eya ta togbɔ be Yehowa medo ŋugbe be mɔnukpɔkpɔ ɖeka tɔgbie asu amewo katã si o hã la, ekpɔa egbɔ be mɔnukpɔkpɔ su ame siwo si dzi nyui le la dometɔ ɖe sia ɖe si godoo. Afɔ ame siwo mete ŋu srɔ̃ nu tso eŋu hafi ku o la gɔ̃ hã ɖe tsitre le xexe yeye si me ame dzɔdzɔewo ɖeɖe ko anɔ la me, ale be mɔnukpɔkpɔ nasu woawo hã si woasrɔ̃ nu tso eya amea ŋu.—Dɔwɔwɔwo 24:15.