INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 9/1 axa 25
  • Afi kae Kain kpɔ srɔ̃ le ɖe?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Afi kae Kain kpɔ srɔ̃ le ɖe?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Afi Kae Kain Kpɔ Srɔ̃ Le Ðe?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Dadavi Siwo Tu Nɔnɔme Vovovowo Ðo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Edo Dziku Eye Wowu Nɔvia
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Vɔ Nyoameŋuwo Sasa Na Yehowa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 9/1 axa 25

Exlẽlawo Bia Be . . .

Afi kae Kain kpɔ srɔ̃ le ɖe?

▪ “Ne Kain kple Habel koe nye vi nɔ Adam kple Xawa si ɖe, ke afi kae Kain kpɔ srɔ̃ le ɖe?” Togbɔ be ame siwo kea ɖi Biblia me nyawo biaa nya sia zi geɖe be yewoatsɔ aɖo kpe yewoƒe nyawo dzi hã la, nya geɖe le Biblia me si ate ŋu ana míaɖo nya ma ŋu eme nakɔ.

Nya siwo gbɔna la dze le 1 Mose ta 3 kple 4: (1) Xawae nye “ame gbagbewo katã dada.” (2) Ɣeyiɣi aɖe si nu va yi le Kain dzidzi megbe hafi wòva sa vɔ na Mawu, gake vɔsaa medze Mawu ŋu o. (3) Esi Kain zu “tsatsala kple godzela” megbe la, enɔ vɔvɔ̃m be ‘ame sia ame si akpɔ ye’ la awu ye. (4) Mawu de dzesi Kain, si ɖee fia be ɖewohĩ nɔviawo alo ƒometɔ bubuwo li, siwo adi be yewoawui. (5) Emegbe esi Kain si dzo la, edɔ kple srɔ̃a le afi si wòsi yi.—1 Mose 3:20; 4:3, 12, 14-17.

Nya siawo ana míaƒo nya ta wòasɔ be Kain srɔ̃ nye Xawa ƒe dzidzimevi, gake míenya ɣekaɣi wodzii o. Mose Gbã 5:4 gblɔ be Adam dzi ‘ŋutsuwo kple nyɔnuwo’ le ƒe 930 siwo wònɔ agbe la me. Nyateƒee, Biblia megblɔ be Xawa ƒe vie Kain ɖe o. Nya lae nye be, esi wonya Kain ɖa vɔ megbe hafi yɔ srɔ̃a ŋkɔ ta la, efia be ɣeyiɣi aɖe si nu va yi, eya ta srɔ̃a ate ŋu anye Adam kple Xawa ƒe viwo dometɔ ɖeka ƒe vi. Eya tae ɖeko Amplified Old Testament Biblia yɔ Kain srɔ̃ be “Adam ƒe dzidzimevi.”

Adam Clarke, Biblia me ɖela, si nɔ agbe le ƒe alafa 19 lia me, susui be esi Kain nɔ vɔvɔ̃m la, Mawu de dzesii, elabena Adam ƒe dzidzimeviwo sɔ gbɔ ɖe anyigba dzi ɣemaɣi xoxo, wosɔ gbɔ ale gbegbe be woate ŋu “atso du geɖewo.”

Le teƒe aɖewo egbea la, woasusui be mesɔ kura be Kain naɖe nɔvia alo Adam ƒe tɔgbuiyɔvi si nye Adam viŋutsu alo vinyɔnu ƒe vi o. Nu siwo nye se le teƒe aɖewo kple vɔvɔ̃ be ame siawo ava dzi wɔameetɔwo tae wosusunɛ nenema ɖo. Gake F. LaGard Smith gblɔ be le agbalẽ aɖe (The Narrated Bible in Chronological Order) me be: “Edze ƒãa be [Adam ƒe vi] gbãtɔ siawo, siwo nye nɔviwo la, ɖe wo nɔewo togbɔ be dzidzime siwo va emegbe la asusui be masɔ be woaɖe ame nɔvi o hã.” Azɔ hã, enyo be míade dzesii be esi Mawu tsɔ eƒe sewo na Mose be wòatsɔ ana Israel dukɔa le ƒe 1513 D.M.Ŋ. me ko hafi wova de se ɖe ƒometɔ kplikplikpli ɖeɖe nu.—3 Mose 18:9, 17, 24.

Ƒe akpe geɖewo tso mía kple mía dzila gbãtɔ siwo nye ame deblibowo la dome. Nu siwo dome míenyi la ate ŋu agblẽ nu le mía ŋu egbea, gake ɖewohĩ nu mawo magblẽ naneke le woawo ya ŋu o. Gawu la, nu siwo ŋu woke ɖo nyitsɔ laa, abe esiwo ŋu nya wogblɔ ɖe agbalẽ aɖe (Journal of Genetic Counseling) me ene la, ɖee fia be tɔgãtɔɖivi, tasivinyruivi, alo nɔgãnɔɖivi dome srɔ̃ɖeɖe megblẽa nu le wo viwo ŋu boo abe ale si ame geɖe susunɛ ene o. Eme kɔ be nya mawo manye nya gã aɖeke le Adam ŋɔli alo le Noa ŋɔli gɔ̃ hã o. Eya ta míate ŋu aƒo nya ta be Adam ƒe dzidzimevi aɖe kokokoe Kain ɖe.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe