INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 10/1 axa 10
  • 6 Ðe Wòate Ŋu Akpe Ðe Mía Ŋua?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • 6 Ðe Wòate Ŋu Akpe Ðe Mía Ŋua?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Te Ðe Mawu Ŋu le Gbedodoɖa Me
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Ðe Viɖe aɖe Le Gbedodoɖa Mea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Ale Si Yehowa Ðoa Míaƒe Gbedodoɖawo Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
  • Ŋgɔdonya
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2021
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 10/1 axa 10

Gbedodoɖa

6 Ðe Wòate Ŋu Akpe Ðe Mía Ŋua?

ÐE GBEDODOÐA kpena ɖe ame ŋua? Biblia ɖo eŋu be ɛ̃, gbe siwo Mawu subɔla wɔnuteƒewo dona ɖa la ɖea vi na wo ŋutɔ. (Luka 22:40; Yakobo 5:13) Nya lae nye be, gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ŋutɔ le gbɔgbɔ me, le seselelãme gome, kple ŋutilã me gɔ̃ hã. Le mɔ ka nu?

Tsɔe be ame aɖe na nane viwò. Ðe nàfiae be ele be nu si wonae la nadze eŋu ko evɔa? Ðe màfiae be wòada akpe na amea oa? Ne míeɖe nya vevi siwo le dzi me na mí gblɔ la, ale si míesena le mía ɖokui me la gadzena nyuie wu. Nenemae wòle le nya siwo míegblɔna na Mawu hã gomea? Ɛ̃! Bu eƒe kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ.

Akpedagbedodoɖa. Ne míeda akpe na mía Fofo Yehowa ɖe nu nyui siwo wòwɔna na mí ta la, enana míekpɔa ale si gbegbe wòyraa mí la dzea sii. Enana míezua akpedalawo, míekpɔa dzidzɔ wu, eye susu nyui nɔa mía si le agbe me.—Filipitɔwo 4:6.

Kpɔɖeŋu: Yesu da akpe na Fofo be eɖoa to ye heɖoa yeƒe gbedodoɖawo ŋu na ye.—Yohanes 11:41.

Gbedodoɖa be Mawu natsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí. Ne míebiaa Mawu be wòatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí la, enana agbe gaɖoa míaƒe dzitsinya ŋu, míeɖenɛ fiana be míetrɔ dzi me, eye enana míegakpɔnɛ dzea sii geɖe wu be nu vɔ̃ gblẽa nu le mía ŋu. Enana míegabua fɔ mía ɖokui akpa hã o.

Kpɔɖeŋu: David do gbe ɖa gblɔ be yese veve ɖe yeƒe nu vɔ̃wo ta, eye yetrɔ dzi me.—Psalmo 51.

Gbedodoɖa be Mawu nafia mɔ mí ahana míadze nunya. Ne míebiaa Yehowa be wòafia mɔ mí alo akpe ɖe mía ŋu míanya ale si míatso nya me le nuwo ŋu nyuie la, esia ana míabɔbɔ mía ɖokui ŋutɔŋutɔ. Ana hã be míaɖo ŋui be míede blibo o, eye wòana míaɖo ŋu ɖe mía Fofo si le dziƒo la ŋu geɖe wu.—Lododowo 3:5, 6.

Kpɔɖeŋu: Salomo bɔbɔ eɖokui hedo gbe ɖa na Mawu be wòafia mɔ ye yeaɖu Israel dzi le nunya me.—1 Fiawo 3:5-12.

Gbedodoɖa ne nu te ɖe mía dzi. Ne nu te ɖe mía dzi, eye míeɖe míaƒe dzimenyawo gblɔ na Mawu la, ana míaƒe dzi nadze eme, eye míaɖo ŋu ɖe eya amea ŋu, ke menye ɖe mía ɖokuiwo ŋu o.—Psalmo 62:9.

Kpɔɖeŋu: Fia Asa do gbe ɖa esi futɔ sesẽ aɖe ho ɖe eŋu.—2 Kronika 14:10.

Gbedodoɖa be eme nanyo na ame siwo hiã tu. Gbe siawo ƒomevi dodo ɖa kpena ɖe mía ŋu be míagadi mía ɖokui tɔ o, ke boŋ míakpɔ nublanui na amewo ahase veve ɖe wo ti geɖe wu.

Kpɔɖeŋu: Yesu do gbe ɖa ɖe eyomedzelawo ta.—Yohanes 17:9-17.

Kafukafugbedodoɖa. Ne míekafua Yehowa ɖe eƒe nukudɔwo kple nɔnɔme nyuiwo ta la, enana míegadea bubu eŋu helɔ̃nɛ wu. Gbedodoɖa siawo ƒomevi kpena ɖe mía ŋu míetena ɖe eya si nye mía Mawu kple mía Fofo la ŋu geɖe wu.

Kpɔɖeŋu: David kafu Mawu tso dzi me ɖe eƒe nuwɔwɔwo ta.—Psalmo 8.

Yayra bubu si gbedodoɖa nana míekpɔnae nye “Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒoa susu ɖe sia ɖe ta.” (Filipitɔwo 4:7) Nyateƒee, yayra gã aɖee wònye na ame be eƒe dzi nadze eme le xexe tɔzi sia me. Eɖea vi na ame le ŋutilã me hã. (Lododowo 14:30, NW) Gake mía ŋutɔwo ƒe agbagbadzedze gbɔ koe wòtsonaa? Alo nu vevi bubu aɖe hã gbɔea?

[Nya si ɖe dzesi si le axa 10]

Gbedodoɖa ɖea vi le mɔ geɖe nu—le ŋutilã me, le seselelãme gome, eye vevietɔ wu la, le gbɔgbɔ me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe