Ènyaa?
Ame kawoe nye “Kaisaro ƒe aƒe me” tɔ siwo ɖo woƒe Kristotɔwo ƒe gbedonamewo ɖe Filipitɔwo to Paulo dzi?
▪ Apostolo Paulo nɔ Roma hafi ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Filipi hamea le ƒe 60 alo 61 Mía Ŋɔli me lɔƒo, eye Kaisaro si wòwɔnɛ lae nye Fiagã Nero. Ke ame kawoe anɔ Nero ƒe aƒe me siwo aɖo gbedonamewo ɖe Kristotɔwo le Filipi?—Filipitɔwo 4:22.
Anye vodada be míaƒo nya ta be fiagã la ƒe ƒometɔ kpamkpamwo kokokoe “Kaisaro ƒe aƒe me” tɔwo nye. Elɔ dukɔ hahoo la me tɔwo, kluviwo kple ablɔɖeviwo, esiwo le Roma kple nuto siwo ƒo xlãe, siwo nye fiagã la ƒe subɔlawo la, ɖe eme. Eya ta “Kaisaro ƒe aƒe me” tɔwo alɔ subɔla akpe geɖe ɖe eme. Anɔ eme be wowɔa dɔ vovovowo, dzikpɔladɔwo kple kluvidɔwo siaa, le fiagã la ƒe fiasãwo me, eye wokpɔa eƒe kesinɔnuwo kple nunɔamesiwo dzi. Wo dometɔ aɖewo anye dziɖuɖudɔ dzi kpɔlawo gɔ̃ hã.
Edze ƒãa be fiagã la ƒe subɔla siwo le Roma la dometɔ aɖewo va zu Kristotɔwo. Míenya nenye be gbeƒãɖeɖedɔ si Paulo wɔ le Roma la dzie woto zu xɔsetɔwo ya o. Aleke kee wòɖale o, edze abe wotsɔ ɖe le eme na Filipi hamea vevie ene. Esi wònye be Filipi nɔ Roma te ta la, asrafodɔwɔlawo kple dziɖuɖudɔwɔla siwo xɔ dzudzɔ le dɔ me la dometɔ geɖe nɔ afi ma, eya ta ate ŋu anye be Kristotɔ siwo nɔ Roma la dometɔ aɖewo ƒe gbedonamee Paulo xɔ heɖo ɖe wo xɔlɔ̃ siwo le Filipi.
Nu kae ame nɔvi si ku srɔ̃ ɖeɖe si ŋu woƒo nu tsoe le Mose ƒe Sea me la nye?
▪ Le blema Israel la, wokpɔa mɔ be ne viŋutsu mele ŋutsu aɖe si hafi wòku o la, nɔviaŋutsu aɖe ahosi la, bene wòadzi vi nɛ ne wòalé ame si ku la ƒe ŋkɔ ɖe te. (1 Mose 38:8) Emegbe wotsɔ ɖoɖo sia kpe ɖe Mose ƒe Sea ŋu. (5 Mose 25:5, 6) Nu si Boas wɔ, si ŋu nya woŋlɔ ɖe Rut ƒe agbalẽa me la ɖee fia be ne ame si ku la nɔviŋutsu kpamkpam meli o la, ƒomea me tɔ bubu ate ŋu aɖe ahosia.—Rut 1:3, 4; 2:19, 20; 4:1-6.
Esi wònye be le Yesu ŋɔli la, Zadukitɔwo he susu yi ame nɔvi si ku srɔ̃ ɖeɖe ƒe ɖoɖoa dzi, abe ale si wòdze le Marko 12:20-22 ene ta la, efia be ɖoɖoa gakpɔtɔ li ɣemaɣi. Yudatɔ ŋutinyaŋlɔla Flavius Josephus, si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me, gblɔ be ɖoɖo sia léa ƒomea ƒe ŋkɔ ɖe te, eye wònana ƒomea ƒe nunɔamesiwo tsia ƒomea me, eye wòkpɔa ahosiwo ta. Ɣemaɣi la, nyɔnuwo menyia wo srɔ̃wo ƒe dome o. Ke hã, vi si wodzi to ɖoɖo sia dzi la nyia ame si ku la ƒe nunɔamesiwo dome.
Le Sea me la, ƒometɔ aɖe ate ŋu atiae be yemaɖe ye nɔviŋutsu si ku la srɔ̃ o. Ke hã, ne ŋutsu aɖe gbe be “yemalé ye nɔvi ƒe aƒe ɖe te o” la, wobunɛ be ewɔ ŋukpenanu.—5 Mose 25:7-10; Rut 4:7, 8.