Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
Esi Yesu Kristo dɔ apostolo 12-awo ɖa be woaɖaɖe gbeƒã la, ɖe wògblɔ na wo be woatsɔ atizɔti ɖe asi alo ado atokotawoa?
Ame aɖewo hea glãka be Nya Nyui Gbalẽ etɔ̃awo me nuŋlɔɖi siwo ku ɖe Yesu ƒe apostolowo dɔdɔ ŋu la tsi tsitre ɖe wo nɔewo ŋu. Ke hã, ne míetsɔ nuŋlɔɖi siawo sɔ kple wo nɔewo la, míade dzesi nu vevi aɖe. Gbã la, tsɔ Marko ƒe nuŋlɔɖia sɔ kple Luka tɔ nàkpɔ. Marko ŋlɔ bena: “[Yesu de] se na wo be woagatsɔ naneke ɖe asi hena mɔzɔzɔa o, negbe atizɔti ko, woagatsɔ abolo alo nuɖuɖukotoku o, eye akɔbliga aɖeke naganɔ woƒe gabutuwo me hã o, ke boŋ be woado afɔkpa [alo atokota], eye woagado awu eve ɖe woƒe awuwo te o.” (Mar. 6:7-9) Luka ŋlɔ bena: “Migatsɔ naneke ɖe asi hena mɔzɔzɔa o, eɖanye atizɔti, alo nuɖuɖukotoku, alo abolo alo klosaloga o; eye migatsɔ awutewui eve o.” (Luka 9:1-3) Afi siae míekpɔ nya siwo dze abe ɖe wotsi tsitre ɖe wo nɔewo ŋu ene la le. Le Marko ƒe nya nu la, wogblɔ na apostoloawo be woalé atizɔti ɖe asi eye woado atokota, gake Luka ƒe nuŋlɔɖia ya gblɔ be womegatsɔ naneke o, womegatsɔ atizɔti gɔ̃ hã o. To vovo na Marko la, Luka meƒo nu tso atokotawo ŋu o.
Be míase nu si Yesu di be yeagblɔ na nusrɔ̃lawo le afi sia gɔme la, de dzesi nyagbɔgblɔ si dze le Nya Nyui Gbalẽ etɔ̃awo katã me. Le nuŋlɔɖi si me nyawo míeyɔ fifi laa kpakple esi le Mateo 10:5-10 siaa me la, wogblɔ na apostoloawo be woagado awu eve ɖe woƒe awuwo te o loo alo atsɔ “awutewui eve” ɖe asi o. Edze ƒãa be, apostolo ɖe sia ɖe do awutewui ɖeka xoxo. Eya ta mele be woagatsɔ bubu akpee na mɔzɔzɔa o. Nenema kee wodo afɔkpa hã xoxo. Mele be woadi afɔkpa bubu akpee o. Ke atizɔtia ya ɖe? Numekugbalẽ aɖe si nye The Jewish Encyclopedia gblɔ be: “Edze abe atizɔtiléle ɖe asi nye blema Hebritɔwo hã ƒe dekɔnu nyanyɛ aɖe ene.” (1 Mose 32:11) Marko gblɔ be mele be apostoloawo natsɔ “naneke ɖe asi hena mɔzɔzɔa o,” negbe atizɔti si nɔ wo si esi Yesu nɔ sea dem na wo la ko. Kpuie ko la, Nya Nyui ŋlɔlawo nɔ gbe tem ɖe Yesu ƒe mɔfiame si nye be woagayi nu bubuwo di ge hena mɔzɔzɔa o la dzi be woagato esia dzi ahe mɔzɔzɔa ɖe megbe o.
Mateo, ame si nɔ eteƒe esime Yesu nɔ sea dem eye emegbe wòŋlɔe ɖi la, te gbe ɖe nya sia dzi geɖe wu. Yesu gblɔ be: “Migadi sika alo klosalo alo akɔbli de miaƒe gabutuawo me o, alo nuɖuɖukotoku na mɔzɔzɔa o, alo awutewui eve, alo afɔkpawo [atokotawo], alo atizɔti o; elabena dɔwɔla dze na eƒe nuɖuɖu.” (Mat. 10:9, 10) Ke atokota siwo nɔ afɔ na wo kple atizɔti si nɔ wo si ya ɖe? Menye ɖe Yesu nɔ gbɔgblɔm na wo be woatsɔ nu siwo nɔ wo siwo xoxo la aƒu gbe o, ke boŋ ɖe wònɔ gbɔgblɔm na wo be woagayi aɖadi nu mawo o. Nu ka tae wòde se sia ɖo? Elabena “dɔwɔla dze na eƒe nuɖuɖu.” Nu si fiam Yesu ƒe nyawo nɔ ye nye ema, eye esia wɔ ɖeka kple eƒe nuxlɔ̃ame si wòna le Todzimawunya la me be woagatsi dzimaɖi ɖe nu si woaɖu, nu si woano, alo nu si woado ŋu o.—Mat. 6:25-32.
Togbɔ be adze gbã abe ɖe Nya Nyui la me nuŋlɔɖi siawo tsi tsitre ɖe wo nɔewo ŋu ene hã la, nufiame ɖeka koe le wo katã me. Ele na apostoloawo be nu siwo nɔ wo ŋu la ko nanɔ wo si woatsɔ azɔ mɔae, ke mele be woayi nu bubu siwo ahe wo ɖe megbe la di ge o. Nu ka tae? Elabena Yehowa akpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo.
Ame kawoe nye ‘nyɔnu’ siwo ŋu Salomo ƒo nu tsoe?—Nyagb. 2:8.
Míate ŋu anya tututu o, gake ate ŋu anye be woawoe nye nyɔnu xɔŋkɔ siwo Salomo do go le eƒe fiasã me.
Le Nyagblɔla ta 2 lia me la, Salomo ƒo nu tso nu vovovo siwo wòte ŋu wɔ, siwo dome xɔ gãgã siwo wòtu la le. Egblɔ kpee be: “Meƒo klosalo kple sika, fiawo kple anyigbawo ƒe kesinɔnuwo nu ƒu; meɖo ŋutsu hadzilawo kple nyɔnu hadzilawo na ɖokuinye; mese amegbetɔviwo ƒe vivisese, eye nyɔnu bɔ ɖe asinye kpaŋ.”—Nyagb. 2:8.
Biblia ŋuti numeɖela geɖewo susui be ‘nyɔnu’ siwo ŋu Salomo nɔ nu ƒom tsoe ye nye dutanyɔnu gbogbo siwo wòɖe kpakple ahiãvi siwo va nɔ esi le eƒe tsitsime, siwo blee wòde ta agu na alakpamawuwo. (1 Fia. 11:1-4) Gake numeɖeɖe ma mesɔ o. Salomo dze si ‘nyɔnu’ siawo xoxo hafi ŋlɔ nya mawo. Ɣemaɣi la, Yehowa gakpɔa ŋudzedze ɖe eŋu kokoko, elabena Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋãe wònɔ Biblia gbalẽwo ŋlɔm. Esia mewɔ ɖeka kple nɔnɔme si me wòva nɔ le eƒe tsitsime, esime wòɖe dutanyɔnu alafa geɖe, wòdze ahiã geɖewo hesubɔ alakpamawuwo o.
Le Nyagblɔla ƒe agbalẽa me la, Salomo gblɔ be, ‘yedi nya viviwo be yeakpɔ, eye nyateƒenya, siwo woŋlɔ ɖi la, wole eteƒe.’ (Nyagb. 12:10) Eme kɔ ƒãa be enya nya siwo wozãna na “srɔ̃nyɔnu,” “fiasrɔ̃,” kple “ahiãvi,” elabena ezã nya mawo le eƒe agbalẽ siwo gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ la me. (Lod. 5:18; Ha. 6:8, 9) Gake le Nyagblɔla 2:8 la, womezã nya nyanyɛ mawo ƒe ɖeke o.
Afi sia koe wozã Hebrigbe me nya, si gɔme woɖe le Nyagblɔla 2:8 be ‘nyɔnu’ le Biblia Alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La—Le Eʋegbe Me la me, le Biblia bliboa katã me. Agbalẽnyalawo lɔ̃ ɖe edzi be, womenya nu si tututu wòfia o. Biblia gɔmeɖela geɖewo gblɔ be, nyagbɔgblɔ si dze le Nyagblɔla 2:8 la fia nyɔnu geɖewo, evɔ woŋlɔ xexlẽnuɖekɛtɔ eye wogaŋlɔ xexlẽnugeɖetɔ kplɔe ɖo. Eya ta gbegɔmeɖela aɖewo, abe Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia gɔmeɖelawo ene, ɖe eme be “nyɔnu nyɔnuwo” tsɔ ɖe gɔmesese sia fia.
Salomo xɔ ŋkɔ ale gbegbe be, fianyɔnu aɖe si tso Seba fiaɖuƒe si me kesinɔnuwo bɔ ɖo me la se eŋkɔ, heva srãe kpɔ, eye nu si wòkpɔ la wɔ dɔ ɖe edzi ŋutɔ. (1 Fia. 10:1, 2) Esia na míekpɔ nu si ‘nyɔnu,’ siwo Salomo yɔ le kpukpuia me la ate ŋu afia la dometɔ ɖeka. Anye be nyɔnu ŋkuta siwo wòdo goe le eƒe fiasã me, le ƒe gbogbo siwo me Mawu ganɔ ŋudzedze kpɔm ɖe eŋu me, lae wòwɔnɛ.