“Nuwɔametɔ Menye Fifia, Gake Nyemanɔ Alea Tegbee O!”
Abe ale si Sara van der Monde gblɔe ene
Amewo gblɔna nam zi geɖe be, “Sara èkoa nu nyuie ŋutɔ. Nu ka tae nèkpɔa dzidzɔ ɣesiaɣi alea?” Megblɔna na wo be mɔkpɔkpɔ tɔxɛ aɖe le asinye. Mate ŋu agblɔe kpuie ale, “Nuwɔametɔ menye fifia, gake nyemanɔ alea tegbee o!”
WODZIM le ƒe 1974 me le Paris, France. Kuxi sesẽ aɖe do mo ɖa le dzinyeɣi, eye emegbe wova de dzesii be ahɔhɔ̃medɔ si nana wozua nuwɔametɔ la le ŋunye. Nyemetea ŋu wɔa nye abɔwo kple afɔwo ŋu dɔ nyuie o. Kpeŋui alo anyidzedɔ hã va le ŋunye, eye dɔlékuiwo tea ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe dzinye bɔbɔe.
Esime mexɔ ƒe eve la, dzinyelawo ʋu yi Melbourne, Australia. Ƒe eve megbe la, Papa gblẽ mía kple Dada ɖi dzo. Meɖo ŋkui be ɣemaɣie mese le ɖokuinye zi gbãtɔ be mete ɖe Mawu ŋu kplikplikpli. Dada, si nye Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka la, kplɔam yia Kristotɔwo ƒe kpekpewo edziedzi; mesrɔ̃e le afi ma be Mawu lɔ̃m eye wòléa be nam. Sidzedze ma si su asinye kpakple lɔlɔ̃ si gbegbe Dada ɖena fiaam kple eƒe dzideƒonyawo kpe ɖe ŋunye mese le ɖokuinye me be mele dedie, togbɔ be nuwo trɔ le míaƒe agbe hã.
Dada fiam ale si mado gbe ɖa na Yehowae hã. Le nyateƒe me la, mekpɔe be gbedodoɖa le bɔbɔe nam wu nuƒoƒo. Ne mele gbe dom ɖa la, mehiã be madze agbagba kokoko be mayɔ nyaawo o, megblɔa nyaawo wo me kɔna nyuie le nye susu me. Eye esi wònye be ne meƒo nu la, esesẽna be amewo nase egɔme ta la, edea dzi ƒo nam be Yehowa sea nya sia nya si megblɔna nɛ le gbedodoɖa me la gɔme, eɖanye be medo gbe ɖa le susu me loo, alo meku kutri gblɔ nyawo gake wo me mekɔ tututu o hã.—Ps. 65:3.
Dzidodo Le Nye Dɔlélea Me
Kaka maxɔ ƒe atɔ̃ la, dɔlélea nu sẽ ɖe edzi ale gbegbe be eva hiã be woado gakpo ɖe nye afɔwo va se ɖe nye aligo ale be mate ŋu azɔ. Esiawo kura gɔ̃ hã megbe la, mezɔna glɔmɔglɔmɔ! Esi mexɔ ƒe 11 la, nyemegatea ŋu zɔna kura o. Emegbe la, nu te ŋunye ale gbegbe be elektrikmɔ aɖee kɔam tso aba dzi dana ɖe bunɔkeke aɖe si te mɔ̃ aɖe si ŋu asiléƒe le la me, meléa asiléƒea tsɔ doa kekea.
Enye nyateƒe be ɣeaɖewoɣi la, nye nɔnɔmea naa meléa blanui. Gake ne edzɔ alea la, meɖoa ŋku nya si míelɔ̃a gbɔgblɔ le míaƒe ƒomea me ɣesiaɣi la dzi; eyae nye be: “Mègatsi dzi ɖe nu siwo màte ŋu awɔ o ŋu o. Lé fɔ ɖe nu siwo nètea ŋu wɔna la ŋu.” Esia kpe ɖe ŋunye metea ŋu doa sɔ, ɖoa tɔdziʋu, hekua akro; metea ŋu yia mɔkekeɖuƒe, eye mekua ʋu le mɔ siwo dzi ʋuwo mesɔ gbɔ ɖo o hã dzi! Metea ŋu taa nu, tɔa awuwo, lɔ̃a avɔwo, lɔ̃a atsyãnu vovovowo ɖe nudzitsyɔvɔwo me, eye mewɔa anyinuwo hã—nu siawo nye aɖaŋudɔ siwo doa dzidzɔ nam.
Esi wònye be nye dɔlélea nu sẽ ŋutɔ ta la, ame aɖewo gblɔna be nyemate ŋu atso nya me be asubɔ Mawu o. Esi mexɔ ƒe 18 la, míaƒe sukunufiala nɔnyu aɖe xlɔ̃ num be maʋu le aƒe me ale be “masi” le danye ƒe subɔsubɔhaa nu. Edoe ɖa kura gɔ̃ hã be yeakpe ɖe ŋunye makpɔ xɔ. Ke hã megblɔ nɛ be nyemagblẽ nye xɔse la ɖi o, eye nyemaʋu le aƒe me o, negbe ɖe mesu te anɔ ɖokuinye si ko hafi.
Esi nu sia dzɔ ɖe mía kple nye nufialaa dome la, eteƒe medidi o, mexɔ nyɔnyrɔ hezu Yehowa Ðasefo. Ƒe eve megbe la, meʋu yi aƒe sue aɖe me. Mekpɔa dzidzɔ le aƒe sia me, elabena kpekpeɖeŋu si mehiã kple ablɔɖe si medi la siaa su asinye.
Ŋugbedodo Aɖe Si Dzem Kpo
Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, xɔse ƒe dodokpɔ bubuwo va dzinye. Ewɔ nuku nam ŋutɔ esi nye sukuxɔmehati aɖe, si hã nye nuwɔametɔ la, gblɔ nam be yeaɖem. Gbã la, dzi dzɔm ŋutɔ. Abe ɖetugbui ɖe sia ɖe ene la, edzroam vevie be kpeɖeŋutɔ nanɔ nye hã asinye. Ke hã nyateƒe si wònye be mí ame evea siaa míenye nuwɔametɔwo la menye kpeɖodzi be míakpɔ dzidzɔ ne míeɖe mía nɔewo o. Gawu la, ɖekakpui la menye Ðasefo o. Míaƒe dzixɔsewo, nuwɔnawo, kple taɖodzinuwo to vovo kura. Eya ta míate ŋu anɔ anyi ɖekae o. Meɖoe kplikpaa hã be mawɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiafia si me kɔ, si gblɔ be míaƒe haxɔsetɔwo koe wòle be míaɖe la dzi. (1 Kor. 7:39) Eya ta megblɔ na ɖekakpuia tufafatɔe be nyemate ŋu alɔ̃ ɖe eƒe srɔ̃ɖeŋugbedodoa dzi o.
Egbea gɔ̃ hã la, menyae be tiatia nyuitɔe nye ema mewɔ. Eye meka ɖe edzi bliboe be makpɔ dzidzɔ le Mawu ƒe xexe yeye si ŋugbe wòdo la me. (Ps. 145:16; 2 Pet. 3:13) Hafi ɣemaɣi maɖo la, meɖoe kplikpaa be mawɔ nuteƒe na Yehowa eye nɔnɔme si me mele fifia nadze ŋunye.
Mele mɔ kpɔm na ŋkeke si dzi mati kpo tso nye bunɔkekea me aƒu du eye naneke maxe mɔ nam o. Ekema mado ɣli agblɔ be, “Nuwɔametɔ menye tsã, gake fifia, nye lãme sẽ tegbee!”