Srɔ̃ Nu Tso Mawu Ƒe Nya La Me
Nu Ka Tae Habɔbɔ Le Mawu Si Ðo?
Nyati sia adzro nyabiase siwo nànya bia kpɔ la me, eye afia wò afi si nàkpɔ ŋuɖoɖoawo le le wò Biblia me. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoadzro nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖowo me kpli wò.
1. Nu ka tae Mawu na Israel viwo nye dukɔ si le ɖoɖo nu ɖo?
Mawu ƒo blemafofo Abraham ƒe dzidzimeviwo nu ƒu wonye dukɔ, eye wòde sewo na wo. Eyɔ dukɔ sia be Israel, eye wòde dɔ asi na wo be woakpɔ tadedeagu vavãtɔ kpakple yeƒe Nya, si nye Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo ta. (Psalmo 147:19, 20) Esia wɔwɔ ɖe vi na dukɔwo katã me tɔwo.—Xlẽ 1 Mose 22:18.
Mawu tia Israel viwo be woanye yeƒe ɖasefowo. Ne woɖo to Mawu ƒe sewo la, eɖea vi na wo. (5 Mose 4:6) Míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso Mawu vavã la ŋu to Israel viwo ƒe ŋutinya sɔsrɔ̃ me.—Xlẽ Yesaya 43:10, 12.
2. Nu ka tae Kristotɔ vavãwo nye habɔbɔ ɖo?
Israel viwo ƒe nu megava dze Mawu ŋu o, eya ta Yehowa na Kristo hamea va xɔ ɖe dukɔ ma teƒe. (Mateo 21:43; 23:37, 38) Tsã la, Israel viwoe nye Mawu ƒe ɖasefowo. Ke fifia la, Kristotɔ vavãwoe nye Yehowa ƒe ɖasefowo.—Xlẽ Dɔwɔwɔwo 15:14, 17.
Yesu fia eyomedzelawo be woawɔ dɔ le ƒuƒoƒo me aɖi ɖase tso Yehowa ŋu ahawɔ nusrɔ̃lawo le dukɔwo katã me. (Mateo 10:7, 11; 24:14; 28:19, 20) Dɔ sia le eƒe yɔyrɔe nu ɖom. Esiae nye zi gbãtɔ si Yehowa ƒo ame miliɔn geɖewo nu ƒu tso dukɔwo katã me ɖe tadedeagu vavãtɔ me. (Nyaɖeɖefia 7:9, 10) Kristotɔ vavãwo hã nye habɔbɔ, si wɔnɛ be wotea ŋu dea dzi ƒo na wo nɔewo. Biblia me nufiame ɖekae woxɔna le woƒe kpekpewo me le xexea me godoo.—Xlẽ Hebritɔwo 10:24, 25.
3. Aleke Yehowa Ðasefowo dze dɔ gɔme le egbeŋkekeawo mee?
Woɖo Yehowa Ðasefowo ƒe habɔbɔ si li egbea la anyi le ƒe 1870-awo me. Biblia nusrɔ̃viwo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe gava nɔ kekem ɖe Biblia me nyateƒe siwo amewo megafiana o ƒe geɖe la ŋu. Wonyae be Yesu wɔ ɖoɖo be Kristo hamea nanɔ gbeƒã ɖem. Eya ta wode asi gbeƒãɖeɖe tso Fiaɖuƒea ŋu me le dukɔ vovovowo me. Wotsɔ ŋkɔ si nye Yehowa Ðasefowo le ƒe 1931 me.—Xlẽ Dɔwɔwɔwo 1:8; 2:1, 4; 5:42.
4. Ðoɖo ka nue Yehowa Ðasefowo le egbea?
Le ƒe alafa gbãtɔ me la, dziɖuha aɖe si lɔ̃ ɖe edzi be Yesue nye hamea ƒe Ta lae kpɔa Kristo hame siwo le dukɔ vovovowo me la dzi. (Dɔwɔwɔwo 16:4, 5) Egbea hã, Yehowa Ðasefowo bua Yesu be enye yewoƒe Kplɔla. (Mateo 23:9, 10) Azɔ hã, Dziɖuha si me tɔwo nye hamemetsitsi kpɔnuteƒewo la le wo si siwo naa Ŋɔŋlɔawo me dzideƒo kple mɔfiame hame 100,000 kple edzivɔawo. Woɖoa ŋutsu siwo dze la hamemetsitsiwo alo dzikpɔlawoe le hame ɖe sia ɖe me. Ŋutsu siawo léa be na Mawu ƒe alẽha la lɔlɔ̃tɔe.—Xlẽ 1 Petro 5:2, 3.
Yehowa Ðasefowo wɔ ɖoɖo ɖe gbeƒãɖeɖe nya nyuia kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa ŋu. Be woate ŋu akpe ɖe amewo ŋu le afi sia afi la, woɖea Biblia srɔ̃gbalẽwo gɔme, ata wo ahama wo. Wowɔa esia ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 500 me. Woɖea gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me, abe ale si apostoloawo wɔe ene. (Dɔwɔwɔwo 20:20) Wolɔ̃na faa be yewoasrɔ̃ Biblia kple ame siwo lɔ̃ nyateƒea vavã. Esi Yehowa ƒe amewo dina vevie be yewoadze Mawu ŋu ahakpe ɖe amewo ŋu ta la, wonye habɔbɔ si me tɔwo kpɔa dzidzɔ.—Xlẽ Psalmo 33:12; Dɔwɔwɔwo 20:35.
Kpɔ agbalẽ sia, Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? si Yehowa Ðasefowo ta la ƒe ta 19 lia, be nàsrɔ̃ nu geɖe wu tso nya sia ŋu.