Srɔ̃ Nu Tso Mawu Ƒe Nya La Me
Nu Ka Tae Kristotɔwo Xɔa Nyɔnyrɔ Ðo?
Nyati sia dzro nyabiase siwo nànya nɔ ŋuɖoɖo dim na la me, eye afia wò afi si nàkpɔ ŋuɖoɖoawo le le wò Biblia me. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoadzro nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖowo me kpli wò.
1. Nu kae Kristotɔwo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ fia?
Ne ame aɖe xɔ nyɔnyrɔ la, ele biabiam be Mawu nana yeanɔ ƒomedodo nyui me kplii. Eya ta, menye vidzĩ mee wòle be woanyrɔ Kristotɔ o, ke boŋ ele be wòanye ame si tsi ate ŋu asrɔ̃ nu tso Mawu ŋu ava zu Yesu ƒe nusrɔ̃la. (Dɔwɔwɔwo 8:12; 1 Petro 3:21) Ne míesrɔ̃ nu tso Yesu ŋu hewɔ se siwo wòde na mí dzi la, míeva zua eƒe nusrɔ̃lawo.—Xlẽ Mateo 28:19, 20.
Le Yesu ƒe apostoloawo ŋɔli la, ame geɖe wɔ afɔɖeɖe enumake hesrɔ̃ nu tso Mawu kple Yesu ŋu. Le kpɔɖeŋu me, esi ŋutsu aɖe srɔ̃e be Yesu ƒe kua ʋu ɖeɖekpɔkpɔ ƒe mɔ ɖi la, eva zu Yesu ƒe nusrɔ̃la enumake. Egbea, dzianukwaretɔ geɖe tiae be yewoanye Yesu yomedzelawo.—Xlẽ Dɔwɔwɔwo 8:26-31, 35-38.
2. Nu ka tae Yesu xɔ nyɔnyrɔ?
Esime Yesu xɔ abe ƒe 30 ene la, Yohanes Amenyrɔɖetsimela la nyrɔe ɖe Yordan Tɔsisia me. Yesu xɔ nyɔnyrɔ tsɔ ɖee fia be yetiae be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. (Hebritɔwo 10:7) Esia bia hã be wòatsɔ eƒe agbe aɖo anyi ɖe amegbetɔ nuvɔ̃mewo ta. Do ŋgɔ na Yesu ƒe anyigba dzi vava gɔ̃ hã la, elɔ̃ Fofoa, Yehowa, heɖoa toe ɣesiaɣi.—Xlẽ Marko 1:9-11; Yohanes 8:29; 17:5.
3. Nu ka tae wòle be Kristotɔ naxɔ nyɔnyrɔ?
Míaƒe nɔnɔmea to vovo na Yesu tɔ, elabena wodzi míawo ya ɖe nu vɔ̃ me. Ke hã, Yesu ƒe vɔsakua wɔe be anya wɔ be mía kple Mawu dome nanɔ nyuie. (Romatɔwo 5:10, 12; 12:1, 2) Le nyateƒe me la, anya wɔ be míanye Mawu tɔ ahanye eƒe ƒomea me tɔwo. (2 Korintotɔwo 6:18) Nu kae míawɔ be mɔnukpɔkpɔ ma nasu mía si? Le gbe si míado ɖa le mía ɖokui si me la, míaɖe adzɔgbe na Yehowa ahaka atam nɛ be míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu le míaƒe agbemeŋkekewo katã me. Ne míeɖe adzɔgbe alea vɔ la, míexɔa nyɔnyrɔ tsɔ ɖoa kpe edzi le dutoƒo.—Xlẽ Mateo 16:24; 1 Petro 4:2.
4. Aleke nàte ŋu adzra ɖo ɖe nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu?
Yehowa Ðasefowo srɔ̃a Biblia kple ame sia ame si di be yeate ɖe Mawu ŋu. Biblia sɔsrɔ̃, kple Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede ana lɔlɔ̃ si le asiwò na Mawu la nade to ɖe edzi, eye wòado ŋusẽ wò xɔse. Ana hã be nàtu nɔnɔme nyuiwo ɖo. Ne nɔnɔme nyui siwo dzea Mawu ŋu, abe lɔlɔ̃ kple xɔse ene su asiwò la, akpe ɖe ŋuwò nànɔ agbe ɖe adzɔgbe si nèɖe na Yehowa be yeasubɔe tegbee la nu.—Xlẽ Yohanes 17:3; Hebritɔwo 10:24, 25.
Ne èdi be yeasrɔ̃ nu geɖe wu tso nya sia ŋu la, kpɔ agbalẽ sia, si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 18 lia. Yehowa Ðasefowoe tae.