INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w12 4/1 axa 30-31
  • Wode Dɔ Tɔxɛ Aɖe Asi Na Mose

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wode Dɔ Tɔxɛ Aɖe Asi Na Mose
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Sodom Kple Gomora Ƒe Tsɔtsrɔ̃ La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Yesu Da Dɔ Na Amewo Nukutɔe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Yesu Na Eƒe Nyaselawo Ƒe Nu Ku
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Yesu Ðu Tetekpɔ Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
w12 4/1 axa 30-31

Na Ðeviwo

Wode Dɔ Tɔxɛ Aɖe Asi Na Mose

Mɔfiamewo: Wɔ dɔdeasi sia le afi si tomefafa le. Ne èle mawunyakpukpuiawo xlẽm la, tsɔe be yele nudzɔdzɔa teƒe. Nɔ nudzɔdzɔa kpɔm le susu me. Nɔ gbeɖiɖiawo sem. Dze agbagba nàse le ɖokuiwò me abe ame siwo ŋu nudzɔdzɔa ku ɖo la ke ene.

Ame siwo koŋ ŋu ŋutinyaa ku ɖo: Yehowa Mawu kple Mose

Ŋutinyaa toto ɖe eme: Yehowa dɔ Mose be wòayi aɖakplɔ Israel viwo tso Egipte.

1 DE ŊUGBLE TSO NUDZƆDZƆAWO ŊU.—XLẼ 2 MOSE 3:1-14; 4:1-17.

Aleke nèsusu be ŋuve si nɔ bibim la nɔ?

․․․․․

Esime Mose nɔ to ɖom nya si Mawu gblɔ le 2 Mose 3:4 la, aleke nèsusu be Mose ɖo moe, eye aleke eƒe gbe nɔ?

․․․․․

Esime Mose nɔ nya siwo dze le 2 Mose 3:11, 13; 4:1, 10 biam Yehowa la, aleke nèsusu be eƒe gbe nɔ?

․․․․․

2 WƆ NUMEKUKU YI ŊGƆ.

Zã numekugbalẽ kple ŋudɔwɔnu bubuwo nàtsɔ adi gɔmesese si le nyagbe, “Ame si menye, eyae menye” ŋu. (2 Mose 3:14) Esi Mose bia Mawu be wòayɔ eŋkɔ na ye la, nu ka tae Yehowa gblɔ nya ma tsɔ ɖo eŋu nɛ ɖo?a

․․․․․

Èsusu be nu ka tae Mose nɔ vɔvɔ̃m na Farao gbɔ yiyi ɖo? (Kpekpeɖeŋu: Xlẽ 4 Mose 12:3.)

․․․․․

Nu ka gbɔe wòanya tso be Mose medi be yeayi aɖaƒo nu kple etɔ Israel viwo o?

․․․․․

3 TSƆ NU SIWO NÈSRƆ̃ LA WƆ DƆE. ŊLƆ NU SI NÈSRƆ̃ TSO NU SIWO GBƆNA ŊU LA ÐI:

Vɔvɔ̃ si nɔa amegbetɔwo me.

․․․․․

Ale si Yehowa ka ɖe dziwò henya nu siwo nàte ŋu awɔ.

․․․․․

MƆ BUBU SIWO NU NÀTSƆE AWƆ DƆ LE.

Nu kawo wɔwɔe doa vɔvɔ̃ na wò?

․․․․․

Togbɔ be nanewo wɔwɔ sesẽna na wò hã la, aleke Yehowa Mawu ate ŋu azã wòe?

․․․․․

4 NUDZƆDZƆ SIA ƑE AKPA KAE WƆ DƆ ÐE DZIWÒ WU, EYE NU KA TAE?

․․․․․

Ne èdi be yeawɔ nyati sia ƒe kɔpi le Internet dzi alo atae le printer dzi la, yi Nyatakakadzraɖoƒe si nye www.jw.org

Ne Biblia mele asiwò o la, xɔ ɖeka le Yehowa Ðasefowo gbɔ, alo xlẽ Yevugbe me tɔ le www.watchtower.org

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Yehowa Ðasefowo taa agbalẽ vovovo siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàgase wò Biblia gɔme ɖe edzi. Ne èdi numekɔkɔ bubuwo la, te ɖe Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me ŋu alo nàŋlɔ agbalẽ na magazine sia talawo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe