INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w12 7/1 axa 3
  • Ðe Ame Aɖe Li Si Sea Gbedodoɖawoa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Ame Aɖe Li Si Sea Gbedodoɖawoa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Ka Tae Wokea Ði?
  • Gbedodoɖa Ƒe Mɔnukpɔkpɔ Xɔasi La
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Gbedodoɖa Ate Ŋu Ana Wò Kple Mawu Dome Nanɔ Kplikplikpli
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Tete Ðe Mawu Ŋu le Gbedodoɖa Me
    Nukae Mawu Di tso Mía Si?
  • Ŋgɔdonya
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2021
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
w12 7/1 axa 3

Ðe Ame Aɖe Li Si Sea Gbedodoɖawoa?

“Tsã la, mekea ɖi nenye be Mawu li. Ke hã, medoa gbe ɖa ɣeaɖewoɣi ya. Nyemeka ɖe edzi nenye be ame aɖe nɔa wo sem o, gake le nyateƒe me la, mekpɔa mɔ be ame aɖe nasee. Dzi menɔ dzɔyem o, eye tameɖoɖo aɖeke menɔ nye agbe ŋu o. Nyemedi be maxɔ Mawu dzi ase o le esi mesusui be gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwoe xɔa Mawu dzi sena ta.”​—PATRICIA,a IRELAND.

ÐE NÈSE le ɖokuiwò me abe Patricia ene kpɔa? Ðe nèdoa gbe ɖa ne mèka ɖe edzi be Mawu li o gɔ̃ hã? Ekema menye wò ɖekae o. Bu nya siawo ŋu kpɔ.

◼ Esi wobia gbe Britaintɔ 2,200 la, wo dometɔ 22 le alafa me koe xɔe se be Mawu aɖe li si wɔ xexea, eye wòsea gbedodoɖawo. Ke hã, ame siwo wobia gbee la dometɔ 55 le alafa me doa gbe ɖa ɣeaɖewoɣi ya teti.

◼ Esi wobia gbe ame 10,000 le anyigbagã ene dzi la, wo dometɔ siwo be yewonye mawudzimaxɔselawo la dometɔ 30 kloe le alafa me doa gbe ɖa.

Nu Ka Tae Wokea Ði?

England ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Allan gblɔ be: “Tsã la, megblɔna be nyemexɔ Mawu dzi se o, elabena mesusui be ɖe woto mawusubɔsubɔ vɛ be woatsɔ akpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi, eye wònye gadimɔnu. Azɔ hã, megblɔna be ne ɖe Mawu li la, anye ne nu madzɔmadzɔ wɔwɔ mabɔ alea gbegbe o. Ke hã, ɣeaɖewoɣi la, menɔa anyi kpoo heƒoa nu na ‘nane.’ Mebiaa ɖokuinye hã be, ‘Aleke mewɔ va dzɔ?’”

Le ame siwo sena le wo ɖokui me alea gome la, ame sia ame kple nu si tae wòkea ɖi nenye be Mawu ɖoa gbedodoɖawo ŋu. Zi geɖe la, nu si tae amewo kea ɖi ye nye be womekpɔ ŋuɖoɖo na biabiawo, abe esiawo ene o:

◼ Ðe Wɔla aɖe lia?

◼ Nu ka tae subɔsubɔhawo kpɔa ŋusẽ gbegblẽ ɖe amewo dzi zi geɖe ɖo?

◼ Nu ka tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo?

Ne ète ŋu kpɔ ŋuɖoɖo na biabia siawo la, ɖe wòaka ɖe edzi na wò be gbedodoɖasela aɖe lia?

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati siawo siwo ku ɖe gbedodoɖa ŋu la me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe