“Nye Didi Va Eme Nam Mlɔeba”
Ƒe 15 ye nye esi va yi la, Emilia nɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔm. Gake eva hiã be wòadzudzɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe dɔ sia. Le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me la, eva te ŋugbledede le ɣeyiɣi ma si me wòkpɔ dzidzɔ wu le eƒe agbe me la ŋu, eye wòdi be yeagadzi yeƒe subɔsubɔdɔa ɖe edzi ake.
Ke hã Emilia ƒe dɔwɔɖui xɔ eƒe ɣeyiɣi akpa gãtɔ, eye mɔxenu sia na meganɔ dzidzɔ kpɔm o. Gbe ɖeka, edo ɣli le ehati dɔwɔlawo ŋkume be: “Ado dzidzɔ nam ŋutɔ ne mate ŋu anɔ dɔ wɔm gaƒoƒo ʋɛ aɖewo ko!” Eƒe dɔmemegã se nya sia eye wòte ɖe eŋu hebiae be nyateƒee hã. Emilia ka ɖe edzi nɛ be yeƒe didie nye ema. Gake hafi amegã la naɖe mɔ sia nɛ la, ehiã be dɔdzikpɔlaa nada asi ɖe edzi, elabena dɔwɔƒea ƒe se bia be dɔwɔlawo katã natsɔ wo ɖokuiwo ake bliboe. Mía nɔvinyɔnua dzra ɖo be yeakpe kple dɔdzikpɔlaa, eye wòdo gbe ɖa bia ŋutifafa kple dzideƒo.
Esi wokpe la, Emilia bia ŋuɖɔɖotɔe gake kple dzideƒo be woaɖe gaƒoƒo si yetsɔ wɔa dɔ la dzi kpɔtɔ na ye. Eɖe eme be yewɔa ɣeyiɣi siwo yemeva dɔme o ŋu dɔ tsɔ kpena ɖe ame bubuwo ŋu. Egblɔ nɛ be: “Yehowa Ðasefo menye, eye mekpena ɖe amewo ŋu be woanya Mawu. Egbea la, amewo meganɔa agbe nyui o. Wohiã na mɔfiafia kple dzidzenu siwo me kɔ, eye nu si mefiaa wo tso Biblia me la le vevie na wo ŋutɔ. Nyemedi be dɔ siwo mewɔna le kpakpã vɔ megbe naxɔ nye ŋusẽ katã ale be nyemawɔ nye ŋutete katã ne meva dɔme o. Susu ma tae medi be woaɖe gaƒoƒo si metsɔ wɔa dɔ la dzi kpɔtɔ ɖo.”
Dɔdzikpɔla la ɖo to nyuie eye wògblɔ nɛ be, edzro ye hã kpɔ be yeanɔ dɔmenyohabɔbɔ aɖe me. Eyome egblɔ be: “Le susu siwo nèɖe gblɔ ta la, mesusui be ele be malɔ̃ awɔ wò biabia dzi na wò. Gake ènyae be ga sue aɖe ko nàxɔ fifia?” Emilia gblɔ be yenya, eye ne ehiã la, yeanɔ agbe tsɛ. Egblɔ kpee be: “Nye taɖodzinu vevitɔe nye be mawɔ nane si aɖe vi na amewo.” Dɔdzikpɔlaa gblɔ nɛ be: “Mekpɔa ŋudzedze ɖe ame siwo zãa woƒe ɣeyiɣiwo ɖe ame bubuwo ŋu ɖokuitɔmadimaditɔe la ŋu ŋutɔ.”
Womelɔ̃ ɖe biabia sia tɔgbi dzi na ame bubu aɖeke le dɔwɔƒe ma kpɔ o. Fifia woɖe mɔ na Emilia be wòawɔ dɔ ŋkeke ene pɛ ko le kwasiɖa me. Nu si gawɔ nuku nɛ wue nye be, woda ɖe eƒe fetu dzi, si wɔe be ga si woxena nɛ fifia la de sɔsɔ ge kple esi woxena nɛ tsã! Egblɔ be: “Nye didi va eme nam mlɔeba, magate ŋu azu gbesiagbe mɔɖela ake!”
Èbu eŋu kpɔ be yeatrɔ asi le yeƒe nɔnɔmewo ŋu be yeadze mɔɖeɖedɔa gɔmea? Alo ne èwɔ mɔɖeɖedɔa kpɔ hafi dzudzɔ la, ɖe àgate awɔe akea?
[Nya si ɖe dzesi si le axa 32]
Dɔdzikpɔlaa gblɔ nɛ be: “Mekpɔa ŋudzedze ɖe ame siwo zãa woƒe ɣeyiɣiwo ɖe ame bubuwo ŋu ɖokuitɔmadimaditɔe la ŋu ŋutɔ”