Nu Nyui Siwo Le Míaƒe Nudzraɖoƒe
Mɔzɔzɔ Kple Mɔzɔlawo
“NYEMATE ŋu aɖe gbeƒã tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu o!” Biblia nusrɔ̃vi gbogbo aɖewo sena le wo ɖokui me alea le gbeƒãɖeɖe na ame si womenya o ŋu! Ke hã, ewɔ nuku ŋutɔ be dutoƒonuƒoƒola kple Biblia fiala kpɔnuteƒe aɖee gblɔ nya siawo.
Ame geɖe siwo xlẽa Zion’s Watch Tower (Le Phare de la Tour de Sion), siwo dzudzɔ woƒe sɔlemewo dede la, dina vevie be yewoabɔ ha kple ame siwo Biblia me nyateƒea ƒe tsikɔ le wuwum abe yewo ke ene. Magazine la de dzi ƒo na exlẽlawo be woadi ame siwo ƒe xɔse wɔ ɖeka kple wo tɔ eye woanɔ ƒu ƒom edziedzi hena Biblia sɔsrɔ̃. Tso ƒe 1894 me la, Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa de asi eteƒenɔla mɔzɔlawo dɔdɔ me be woaɖakpe kple ƒuƒoƒo siwo bia be woava srã yewo kpɔ la. Wova yɔ ame siawo emegbe be mɔzɔlawo; wotiaa ŋutsu dovevienu siawo le woƒe ɖokuibɔbɔ, Biblia me sidzedze, woƒe nuƒoƒo kple nufiafia ƒe ŋutete nyui kpakple ale si woléa tafea dzi xɔxɔ se me ɖe asi sesĩe ta. Zi geɖe la, woƒe sasrãkpɔa xɔa ŋkeke ɖeka alo eve siwo me wowɔa dɔ gbogbo aɖewo le. Biblia Nusrɔ̃vi geɖewo ɖɔa gbeƒãɖeɖedɔa kpɔna zi gbãtɔ ne wokpɔ gome le mɔzɔla ƒe dutoƒonuƒoa ƒe amekpegbalẽviwo mama me. Le nuƒo aɖe si Hugo Riemer, si va zu Dziɖuha la me tɔ emegbe la, ƒo le ɣetrɔ aɖe me le sukuxɔ aɖe me vɔ megbe la, enɔ Biblia me nyabiasewo ŋu ɖom va se ɖe esime wòƒo zã ga 12 to eŋu. Ðeɖi te eŋu gake ekpɔ dzidzɔ, eye wògblɔ be kpekpea “vivi ŋutɔ.”
Gbetakpɔxɔ gblɔ be “nu nyuitɔ kekeake si” mɔzɔlawo wɔna ye nye be wotua “xɔsetɔwo ƒe aƒe bliboa” ɖo to numedzrokpekpe siwo wowɔna le xɔsetɔwo ƒe aƒewo me la dzi. Biblia Nusrɔ̃vi siwo le nuto siwo ƒo xlã afi ma ŋu me la va sea nuƒoawo eye wokpɔa gome le akpa si nye nyabiabia kple ŋuɖoɖoa hã me. Eyome wowɔa amedzro na wo nɔewo. Esime Maude Abbott nye ɖevi la, eyi ɖase nuƒo aɖe le ŋdi me; le nuƒoa megbe la, wo katã woƒo ƒu ɖe kplɔ̃ legbe aɖe ŋu le xɔxɔnu. Egblɔ be: “Nuɖuɖu vivi gbogbo aɖewo nɔ kplɔ̃a dzi—aƒehalã, koklolã tɔtɔe, abolo kple pie (tarte) kpakple cake (gâteau) vovovowo! Ame sia ame ɖu nu ale si nu wòate ŋui, eye le ŋdɔ me ga eve me la, míegava ƒo ƒu hena nuƒo bubu sese.” Egblɔ kpee be: “Ɣemaɣi la, alɔ̃ blaa ŋku na ame sia ame.” Benjamin Barton si nye mɔzɔla ɣeyiɣi didi aɖe la gblɔ fefetɔe be, ‘Ne ɖe meɖua nu gbogbo siwo me nunyiame le siwo wonanam la, anye ne meku xoxoxo.’ Mlɔeba la, lɛta aɖe si tso míaƒe dɔwɔƒe gã si le Brooklyn la ɖo aɖaŋu na nɔvinyɔnu dɔmenyolawo be, anyo wu be ame sia ame si ɖaa nu na mɔzɔlawo la naɖa “nu siwo mekpe fũu o siwo woɖuna gbe sia gbe” eye woawɔ wo tɔ sinua be mɔzɔlawo ‘nadɔ alɔ̃ nyuie fuɖenamemanɔmee.’
Mɔzɔlawo bi ɖe nufiafia me eye wozãa nyaɖoɖowo, nɔnɔmewɔwɔewo, alo nu sia nu si ko nɔ wo si la tsɔ kpena ɖe amewo ŋu be woase nyawo gɔme nyuie. R. H. Barber ƒe nuƒowo vivia amewo nu ŋutɔ. W. J. Thorn ƒoa nu na amewo abe “blema fofo” lɔ̃ame aɖe si le nu ƒom na viawo ene. Gbe ɖeka esi Shield Toutjian kple nɔvi aɖewo wole ʋu si woyɔna be Model A Ford me yina teƒe aɖe la, edo ɣli le vome ɖe ʋukulaa be, “Tɔ!” Eti kpo do go le ʋua me yi ɖaŋe seƒoƒo aɖe le gbe me vɛ, eye wozãe tsɔ fia nu eƒe zɔhɛawo tso Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu, esime womenɔ mɔ kpɔm nɛ kura o.
Mɔzɔlawo, vevietɔ wo dometɔ siwo le woƒe ƒe blaeneawo va ɖo blaatɔ̃awo me la, toa nɔnɔme sesẽ geɖewo me. Gake le ame aɖewo gome la, dodokpɔ sesẽtɔe nye tɔtrɔ si wowɔ le nu siwo woƒe dɔa lɔ ɖe eme ŋu. Fifia wokpɔ mɔ be woaxɔ ŋgɔ le gbeƒãɖeɖe tso aƒe me yi aƒe me dɔa me. March 15, 1924, ƒe Gbetakpɔxɔ gblɔ be, Kristotɔ vavãwo ƒe “dɔdeasi vevitɔwo” dometɔ ɖekae nye be “woaɖi ɖase tso fiaɖuƒea ŋu. Susu sia tae woɖoa mɔzɔlawo ɖa ɖo.”
Edze abe mɔzɔla aɖewo melɔ̃ ɖe tɔtrɔ sia dzi o ene, elabena wodzudzɔ mɔzɔzɔdɔa wɔwɔ; wo dometɔ siwo ƒo dzi ɖe le la yi ɖaɖo woawo ŋutɔwo ƒe ha gɔ̃ hã. Robie D. Adkins gblɔ be mɔzɔla aɖe si nye nuƒola bibi aɖe la fa konyi vevie be: “Nu si katã menyae nye be maƒo nuƒo le kplɔ̃ ta. Nyemate ŋu aɖe gbeƒã tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu o!” Nɔviŋutsu Adkins ɖo ŋku edzi be: “Ɣebubuɣi si megakpɔe lae nye le takpekpe aɖe si míewɔ le Columbus, Ohio, le ƒe 1924 me. Eya ɖeka tɔ ɖe ati sue aɖe te, eye eyae nye ame si lé blanui wu le nɔvi kpɔdzidzɔ akpe geɖe mawo dome. Nyemegakpɔe tso ɣemaɣi o. Edo le habɔbɔa me le ema megbe kpuie.” Gake “nɔvi kpɔdzidzɔ geɖewo lɔa agbalẽwo ɖe asi va toa mía ŋu ɖoa ta woƒe ʋuwo gbɔ,” si ɖee fia kɔtɛe be wodi vevie be yewoaɖi ɖase tso aƒe me yi aƒe.—Dɔw. 20:20, 21.
Ke hã mɔzɔla geɖe ɖe gbeƒã dzonɔamemetɔe, togbɔ be ɖewohĩ woawo hã wotsi dzi abe ame siwo gbɔ wodɔ wo ɖo be woaɖana hehe wo la ke ene gɔ̃ hã. Maxwell G. Friend (Freschel) si nye mɔzɔla Germanygbedola aɖe la ŋlɔ tso ɖaseɖiɖi tso aƒe me yi aƒe me dɔa ŋu be, “Mɔzɔlawo ƒe dɔa ƒe akpa sia nye yayra bubu kpe ɖe esiwo le mɔzɔzɔdɔa ŋutɔ me la ŋu.” Mɔzɔla John A. Bohnet ka nya ta be nɔviawo katã kloe lɔ̃ ɖe ale si wole gbe tem ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa dzii la dzi tso dzi me. Le eƒe nya nu la, wo dometɔ akpa gãtɔ “di vevie be yewoadze aʋa la ŋgɔ.”
Le siawo katã me la, nɔviŋutsu mɔzɔla wɔnuteƒewo kpɔ ŋusẽ nyui ɖe nɔviwo dzi. Norman Larson, si nye Ðasefo ɣeyiɣi didi aɖee nye esia la gblɔ be: “Asixɔxɔ kple viɖe si le mɔzɔlawo ŋu la dze ƒãa, mede dzesi esia esi menye ŋutsuvi dzaa gɔ̃ hã. Wowɔ nu geɖe si kpe ɖe ŋunye be metia mɔ nyuitɔ.” Va se ɖe egbea la, dzikpɔla mɔzɔla wɔnuteƒe siwo tsɔa wo ɖokuiwo saa vɔe alea la le kpekpem ɖe woƒe haxɔsetɔwo ŋu wole gbɔgblɔm be, “Míate ŋu aɖe gbeƒã tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu!”
[Nya si ɖe dzesi si le axa 32]
Dzidzɔ gã aɖe wònyena ne mɔzɔlawo va srã mí kpɔ!
[Nɔnɔmetata si le axa 31]
Le Benjamin Barton ƒe mɔzɔzɔ le ƒe 1905 me la, esrã nɔviwo kpɔ le teƒe siwo ade 170
[Nɔnɔmetata si le axa 32]
Walter J. Thorn nye mɔzɔla aɖe si woyɔna lɔlɔ̃tɔe be Papa, le esi wòsrɔ̃ Kristo hewɔa nu ɖe ame ŋu abe vifofo ene ta
[Nɔnɔmetata si le axa 32]
Woɖo J. A. Browne ɖe Jamaica abe mɔzɔla ene le ƒe 1902 me lɔƒo be woaɖado ŋusẽ ƒuƒoƒo sue 14 ahade dzi ƒo na wo
[Nɔnɔmetata si le axa 32]
Mɔzɔlawo ƒe dɔa tu nɔviwo ƒe xɔse ɖo, do ŋusẽ Kristotɔwo ƒe ɖekawɔwɔ, eye wòte nɔviwo ɖe habɔbɔa ŋu