INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w12 12/1 axa 30-31
  • Yotam Wɔ Nuteƒe Togbɔ Be Kuxiwo Nɔ Ƒomea Me Hã

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yotam Wɔ Nuteƒe Togbɔ Be Kuxiwo Nɔ Ƒomea Me Hã
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Eku Ðe Yehowa Ŋu”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Nu Si Tae David Mevɔ̃na O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • David Kple Goliat
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Ŋutsu Si Ƒe Nu Dze Yehowa Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
w12 12/1 axa 30-31

Fia Nu Viwòwo

Yotam Wɔ Nuteƒe Togbɔ Be Kuxiwo Nɔ Ƒomea Me Hã

NE DZILA aɖe dzudzɔ Yehowa, Mawu vavã la subɔsubɔ la, esia ate ŋu aɖe fu na via vevie. Na míaƒo nu tso Yotam ŋu. Míasrɔ̃ nu tso kuxi siwo me wòto le aƒe me esime wònɔ tsitsim la ŋu.

Yotam fofo, Uziya, nye fia le Yuda ɣemaɣi. Eyae nye ame si kpɔ ŋusẽ wu le dukɔa me. Hafi woadzi Yotam gɔ̃ hã la, Uziya nye fia nyui ƒe geɖe. Gake emegbe, esime Yotam gakpɔtɔ nye ɖevi la, Uziya va do eɖokui ɖe dzi, eye wòda le Mawu ƒe Sea dzi. Eya ta Mawu na wòdze kpodɔ, si nye dɔléle vɔ̃ɖi aɖe. Ènya ale si Yotam wɔ nui ɣemaɣia?—a

Yotam yi edzi subɔ Yehowa. Ðewohĩ dadaa Yerusa ye kpe ɖe eŋu. Gake anɔ eme be esi woxe mɔ na Yotam fofo, Uziya, be wòagava Yehowa ƒe me azɔ o la, menɔ bɔbɔe na Yotam be wòayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa o.

Ke ne fofowò alo dawò dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ ɖe? Esia aɖe fu na wò ŋutɔ, alo menye nenemae oa?— Gake menye nu gbegblẽe wònye be nàsusu be esia ate ŋu adzɔ o. Nya aɖe si David gblɔ le Biblia me lae na míenya esia.

David fofo, Isai, nye ame nyui. Isai subɔ Yehowa, eye míeka ɖe edzi be David lɔ̃e. Gake David va lɔ̃ Yehowa wu ale si wòlɔ̃ Isai gɔ̃ hã. Na míakpɔ ale si míewɔ nya esia ɖa.

Míeɖe kuku tsɔ Biblia nàʋu Psalmo 27:10. David ŋlɔ le afi ma be: ‘Ne fofonye kple danye gblẽm ɖi hã la, Yehowa ya axɔm.’ Bu nya sia ŋu kpɔ: Le afi sia la, Biblia le gbɔgblɔm be ne David fofo, Isai, alo dadaa dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ la, David ya ayi edzi asubɔe.

Ke wò ya ɖe? Ðe nàyi edzi asubɔ Yehowa ne fofowò alo dawò ya dzudzɔ esubɔsubɔa?— Esia nye nya nyui aɖe si wòle be nàbia ɖokuiwò. Sedede vevitɔ si le Biblia me la tae biabia sia le vevie ɖo. Seae nye esi: “Ele be nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò tamesusu blibo.”

Sedede sia fia be ele be nàwɔ nuteƒe na Yehowa le nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me. Ame kae nèsusu be eyae di be míadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ?— Eyae nye Mawu ƒe futɔ Satana Abosam. Yesu yɔe be “xexe sia dzi ɖula.” Biblia gblɔ hã be eyae nye “nuɖoanyi sia ƒe mawu.” Ðe wòle be míavɔ̃ Satana?—

Ao, mele be míavɔ̃e o. Ke boŋ ele be míaɖo ŋku edzi be ŋusẽ le Yehowa ŋu wu Satana. Ne míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu la, akpɔ mía ta. Xlẽ nu tso ale si Yehowa kpɔ David ta tso ame dzɔtsu dziŋɔ Goliat si me ŋu le wò Biblia me. Ne wò hã èwɔ nuteƒe na Yehowa la, akpɔ tawò.

Xlẽe le wò biblia me

  • 2 Kronika 26:16-21; 27:1, 2

  • Mateo 22:37

  • Yohanes 12:31; 2 Korintotɔwo 4:4

  • Hebritɔwo 13:5, 6

  • 1 Samuel 17:41-54

a Ne èle nyati sia xlẽm na ɖevi la, fli kpui siawo aɖo ŋku edzi na wò be ele be nàtɔ vie bene ɖevia naɖo biabiaa ŋu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe