INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w13 10/1 axa 6
  • “Míekpɔ Mesia La”!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Míekpɔ Mesia La”!
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Amekae Nye Yesu Kristo?
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Ame Kae Nye Yesu Kristo?
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Wonɔ Mɔ Kpɔm Na Mesia La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Mesia La! Ame Si Dzi Mawu Ato Ana Ðeɖe Ameƒomea
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
w13 10/1 axa 6

NYATI SI LE AKPAA DZI | NU KA KOŊ ŊUE BIBLIA ƑO NU TSOE?

“Míekpɔ Mesia La”!

Nya si Mixa gblɔ ɖi tso Mesia la ƒe vava ŋu be woadzi Yesu le Betlexem la va eme ƒe alafa ene aɖewo megbe tso esime wowu Biblia ƒe akpa si le Hebrigbe me ƒe agbalẽ mamlɛtɔ nu. Ƒe 30 aɖewo megbe, le ƒe 29 M.Ŋ. me la, nya si Daniel gblɔ ɖi tso Mesia ƒe vava ŋu la ƒe akpa gbãtɔ va eme. Wonyrɔ Yesu, eye Mawu tsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe la si ami nɛ. Ɛ̃, Mesia, si nye Dzidzimevi, si wonɔ mɔ kpɔm na ɣeyiɣi didi aɖe la do le ɣeyiɣi ɖoɖia dzi tututu!

Enumake Yesu dze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme “henɔ Mawu fiaɖuƒea ŋuti nya nyui la gblɔm.” (Luka 8:1) Abe ale si wogblɔe ɖi ene la, efa tu, enyoa dome, eye wòtsɔa ɖe le eme na ame bubuwo tso dzi blibo me. Efiaa nu le lɔlɔ̃ me, eƒe nufiafiawo ɖea vi, eye wòda “dɔléle ɖe sia ɖe ƒomevi” tsɔ ɖee fia be Mawu li kpli ye. (Mateo 4:23) Ðeviwo kple tsitsiawo siaa tena ɖe Yesu ŋu eye woƒo nya ta be: “Míekpɔ Mesia la”!​—Yohanes 1:41.

Yesu gblɔe ɖi be hafi yeƒe Fiaɖuƒea nava xɔ ɖe dziɖuɖu bubuwo teƒe la, aʋawɔwɔ, anyigbaʋuʋu kple xaxa bubu geɖewo ava anyigba dzi. Exlɔ̃ nu amewo katã be, “Minɔ ŋudzɔ.”​—Marko 13:37.

Yesu nye ame deblibo si yi edzi ɖo to Mawu, gake eƒe futɔwo va wui mlɔeba. Ke hã eƒe kua nye vɔsa deblibo si woatsɔ agbugbɔ aƒle nu si Adam kple Xawa bu la na mí, si nye agbe tegbee nɔnɔ le Paradiso me ƒe mɔnukpɔkpɔa.

Yesu ƒe kua kpakple ale si Mawu fɔe ɖe tsitre le ŋkeke etɔ̃ megbe wòva zu gbɔgbɔmenuwɔwɔ triakɔ la siaa nye nyagblɔɖi me vava. Esia megbe la, Yesu ɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃la siwo wu 500. Hafi Yesu nayi dziƒo la, ede se na eyomedzelawo be woaɖe gbeƒã nya nyui la tso ye kpakple yeƒe Fiaɖuƒea ŋu na “dukɔwo katã me tɔwo.” (Mateo 28:19) Aleke gbegbee wote ŋu wɔ dɔ mae?

​—Numeɖeɖe siawo tso Mateo, Marko, Luka, Yohanes, 1 Korintotɔwo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe