INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w13 9/15 axa 3-6
  • Na Vovototo Si Le Nuwo Dome Naɖe Vi Na Wò

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Na Vovototo Si Le Nuwo Dome Naɖe Vi Na Wò
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • WƆ VOVOTOTO SI LE NUWO DOME ŊU DƆ
  • Tu Nufiafia Ŋutete Ðo
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Yehowa Le Eƒe Ƒomea Nu Ƒom Ƒu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • ‘Wɔ Wò Subɔsubɔdɔ La De Goe’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Kristotɔwo Ƒe Ðekawɔwɔ Hea Ŋutikɔkɔe Vanɛ Na Mawu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
w13 9/15 axa 3-6

Na Vovototo Si Le Nuwo Dome Naɖe Vi Na Wò

Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be Yesue nye Nufiala gãtɔ kekeake si nɔ anyigba dzi kpɔ oa? Anɔ eme be èdze agbagba be yeasrɔ̃ eƒe nufiafiamɔnuwo abe nyabiasewo kple kpɔɖeŋuwo zazã ene. Gake ɖe nènya be Yesu zã nya siwo ɖea vovototo si le nuwo dome fiana le eƒe nufiafiawo me zi geɖea?

Ame geɖe zãa nya siwo ɖea vovototo si le nuwo dome fiana ne wole nu ƒom. Anɔ eme be wò hã èwɔa esia zi geɖe. Ðewohĩ ègblɔ kpɔ be, “Wobe atikutsetseawo katã ɖi; evɔ esiawo ya gale sesẽm akpa.” Alo, “Ðe nyɔnuvi sia kpea ŋu tsã, gake fifia ya etena ɖe ame ŋu ŋutɔ.”

Esia fia be ne èdi be yeaɖe vovototo si le nuwo dome afia la, àgblɔ nya si nye nyateƒe; eyome àgblɔ nya si to vovo na ema to kɔsanyawo abe evɔ, gake, ke hã alo ke boŋ ene zazã me. Alo àte ŋu awɔ esia ne ègblɔ nya bubuwo kpe esi nègblɔ gbã. Nuƒoƒo alea nɔa dzɔdzɔme nu eye wònana amewo sea nu si nèwɔnɛ gɔme nyuie.

Ne nya siwo ɖea vovototo si le nuwo dome fiana la zazã mebɔ le gbegbɔgblɔ aɖewo me o hã la, anyo be míakpɔ asixɔxɔ si le wo ŋu adze sii. Nu ka ta? Elabena wobɔ ɖe Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la me. Yesu zãnɛ zi geɖe le nufiafia me. Le kpɔɖeŋu me, egblɔ be: “Ne wosi akaɖi la, wometsɔnɛ dana ɖe nudokusi te o, ke ɖe akaɖiti dzi boŋ.” “Nyemeva be maɖe [Seawo] ɖa o, ke boŋ be mana woava eme.” “Miese be wogblɔ be, ‘Mele be nàwɔ ahasi o.’ Gake nye ya mele egblɔm na mi be, ame sia ame si yia edzi nɔa ŋku lém ɖe nyɔnu aɖe ŋu . . . ” “Miese be wogblɔ be, ‘Ŋku ɖe ŋku teƒe, eye aɖu ɖe aɖu teƒe.’ Ke nye ya mele egblɔm na mi be: Migatsi tsitre ɖe ame vɔ̃ɖi la ŋu o; ke boŋ ame sia ame si ƒo wò ɖusi tome la, trɔ ekemɛ hã nɛ.”​—Mat. 5:15, 17, 27, 28, 38, 39.

Nya siwo ɖea vovototo si le nuwo dome fiana ƒe kpɔɖeŋuwo le Biblia gbalẽ bubuwo hã me. Woate ŋu ana nàse nya vevi aɖe gɔme alo ana nàkpɔ nu nyuitɔ si wòle be nàwɔ. Ne dzilae nènye la, ke de ŋugble le nya si apostolo Paulo gblɔ le Efesotɔwo ƒe agbalẽa me ŋu kpɔ: “Mi vifofowo, miganɔ dziku dom na mia viwo o, ke boŋ miyi edzi mianɔ wo hem le Yehowa ƒe amehehe kple susua mamla me.” (Ef. 6:4) Ne ɖe wògblɔe kpuie ko be, ele be dzila nahe via le Mawu ƒe amehehe me la, nunya anɔ eme eye wòanye nyateƒe hã. Ke hã esi wòzã nya siwo ɖea vovototo si le nuwo dome fiana be, ‘miganɔ dziku dom na mia viwo o, ke boŋ miyi edzi mianɔ wo hem le Yehowa ƒe amehehe kple susua mamla me’ la, ena nyaa me gakɔ ɖe edzi wu.

Le ta ma ke me la, Paulo gblɔ be: “Míele kame tem, menye kple ʋu kpakple ŋutilã o, ke boŋ kple . . . gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖi siwo le dziƒonutowo me.” (Ef. 6:12) Ale si wògblɔ nya mawo ana nàkpɔe be míaƒe kametetea nu sẽ ŋutɔ. Menye amegbetɔ gbɔlowoe míele kame tem kplii o; ke boŋ gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖiwoe.

WƆ VOVOTOTO SI LE NUWO DOME ŊU DƆ

Le Efesotɔwo ƒe agbalẽ ma ke me la, àkpɔ kpukpui bubu geɖe siwo me Paulo zã nya siwo ɖe vovototo si le nuwo dome fia le. Ŋugbledede le wo ŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míase nya si gblɔm Paulo le la gɔme eye nu si wòle be míawɔ la me nakɔ na mí nyuie wu.

Ado dzidzɔ na wò eye wòaɖe vi na wò ne èdzro aɖaka si kpe ɖe nyati sia ŋu me. Woɖo Efesotɔwo ta 4 kple 5 lia me nya siwo ɖe vovototo si le nuwo dome fia la dometɔ aɖewo ɖe eme. Ne èle eme dzrom la, tsɔe sɔ kple wò ŋutɔ ɖokuiwò. Bia ɖokuiwò be: ‘Ne mato nyateƒea, nɔnɔme kae le asinye? Aleke mewɔa nu le nɔnɔme sia alo etɔgbiwo me? Nya siawo ƒe akpa kae amewo kpɔna le ŋunye?’ Ne nya siawo dometɔ aɖe klo nu le nɔnɔme si ŋu wòle be nàwɔ asitɔtrɔ le ŋu la, dze agbagba nàwɔ tɔtrɔ siwo hiã, be wòaɖe vi na wò.

Alo miate ŋu azã aɖaka la le miaƒe ƒometadedeagua me. Gbã la, mi katã miate ŋu axlẽ aɖakaa me nyawo. Eyome mia dometɔ ɖeka nagblɔ eƒe akpa gbãtɔ, eye wòaɖe mɔ ame mamlɛawo nakpɔe ɖa be yewoate ŋu aɖo ŋku nya vevi si dzi wote gbe ɖo le eƒe akpa evelia me dzi hã. Esia ana miaɖo dze tuameɖowo ku ɖe ale si miate ŋu awɔ nya vevi siwo le akpa evelia me ŋu dɔ nyuie wu la ŋu. Ŋkuléle ɖe nya siwo ɖe vovototo si le nuwo dome fia ŋu alea akpe ɖe ɖeviwo kple tsitsiawo siaa ŋu be woalé Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ nyui me ɖe asi le ƒomea me kple teƒe bubuwo.

Àte ŋu aɖo ŋku nya vevi si le akpa evelia me dzia?

Ne èva nya asixɔxɔ si le nufiafiamɔnu sia ŋu la, àte ŋu akpɔ wo adze sii bɔbɔe le Biblia me, eye woakpe ɖe ŋuwò geɖe le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu agblɔ na aƒemenɔla aɖe be: “Ame geɖe gblɔna be luʋɔ makumaku le amegbetɔwo me, gake kpɔ nya si Mawu ƒe Nya la gblɔ le afi sia ɖa.” Alo ne èle Biblia nusɔsrɔ̃ wɔm la, àte ŋu abia nusrɔ̃via be: “Ame akpa gãtɔ xɔe se be Mawu kee nye Yesu; evɔ nu kae míeva srɔ̃ tso Biblia me? Ke eka dzie nèxɔ se?”

Nyateƒee, nya geɖewo le Ŋɔŋlɔawo me siwo ɖea vovototo si le nuwo dome fiana, siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míazɔ Mawu ƒe mɔwo dzi. Míate ŋu azã wo atsɔ akpe ɖe amewo ŋu be Biblia me nyateƒea ŋuti sidzedze nasu wo si.

Efesotɔwo Ta 4 Kple 5 Me Nya Aɖewo Siwo Ðe Vovototo Si Le Nuwo Dome Fia

Midze agbagba miazã aɖaka sia le ƒometadedeagu me!

‘Míaganye ame siwo nufiafia ƒe ya sia ya ƒona yina gaƒona gbɔna, to amewo ƒe beble me, to alakpanya si ŋu wotrɔ asi le aɖaŋutɔe la me o.’​—4:14.

“Ke boŋ to nyateƒetoto dzi la, mina míato lɔlɔ̃ me atsi le nuwo katã me le Kristo, si nye ta la te.”​—4:15.

“[Dukɔwo le] viviti me le susu me, . . . le woƒe dzimesesẽ la ta.”​—4:18, 19.

“Gake miawo ya miesrɔ̃e be nenemae Kristo la le o, ne vavãe miese eŋkɔ, eye woto eyama dzi fia nu mi.”​—4:20, 21.

“[Miɖe] amenyenye xoxo, si wɔa nu ɖe agbenɔnɔ si nɔ mia si tsã nu . . . la ɖa.”​—4:22.

“Ke boŋ . . . [mina] woawɔ mi yeyee le ŋusẽ si ʋãa miaƒe tamesusu la me, eye miado amenyenye yeye.”​—4:23, 24.

“Fiafitɔ la nagafi fi azɔ o.”​—4:28.

“Ke boŋ newɔ dɔ sesẽ, netsɔ eƒe asi wɔ dɔ nyui.”​—4:28.

“Migana nya ƒaƒã aɖeke nado go tso miaƒe nu me o.”​—4:29.

“Ke boŋ nya sia nya si nyo hena tutuɖo.”​—4:29.

“Mina woaɖe ameléleɖedɔme kaɖikaɖi kple dɔmedzoe kple dziku kple ɣlidodo kpakple dzugbewo, ɖa le mia dome hekpe ɖe nu gbegblẽ wɔwɔ ɖe sia ɖe ŋu.”​—4:31.

“Ke boŋ mizu ame siwo nyoa dɔme na wo nɔewo, miaƒe dɔme netrɔ ɖe mia nɔewo ŋu vevie, eye mitsɔ nɔ mia nɔewo kem faa.”​—4:32.

“Migana woayɔ agbe gbegblẽ nɔnɔ kple makɔmakɔnyenye ƒomevi aɖeke alo ŋukeklẽ ŋkɔ teti gɔ̃ hã le mia dome o.”​—5:3.

“Ke akpedada boŋ.”​—5:4.

“Tsã la, mienye viviti.”​—5:8.

“Ke azɔ la, mienye kekeli le Aƒetɔ la me.”​—5:8.

“Midzudzɔ gomekpɔkpɔ kpli wo le dɔwɔwɔ matseku siwo nye viviti la ƒe dɔwo me.”​—5:11.

“Ke boŋ minɔ nya hem ɖe wo ŋu kura gɔ̃ hã.”​—5:11.

“Mikpɔ nyuie, be ale si miezɔna la naganye abe numanyalawo ene o.”​—5:15.

“Ke boŋ abe nunyalawo ene, eye miƒle ɣeyiɣi si sɔ la na mia ɖokui.”​—5:15, 16.

“Midzudzɔ ame masenugɔmewo zuzu.”​—5:17.

“Ke boŋ miyi edzi miakpɔ nu si nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu adze sii.”​—5:17.

“Miganɔ wain mum, si me nu baɖabaɖa wɔwɔ le la o.”​—5:18.

“Ke boŋ mina gbɔgbɔ la nanɔ mia yɔm fũu.”​—5:18.

“Bene [Kristo la natsɔ] hame la aɖo ye ŋutɔ ŋkume le eƒe atsyɔ̃ɖoɖo me, esime ɖi, alo ayiléle, alo nu siawo tɔgbi aɖeke manɔ eŋu o.”​—5:27.

“Ke boŋ bene wòanɔ kɔkɔe, eye kpɔtsɔtsɔ aɖeke naganɔ eŋu o.”​—5:27.

“Ame aɖeke melé fu ye ŋutɔ ƒe ŋutilã kpɔ o.”​—5:29.

“Ke boŋ enyinɛ, eye wòléa be nɛ nyuie, abe ale si Kristo la hã wɔna na hame la ene.”​—5:29.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe