Emenyawo
September 15, 2013
© 2013 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania. Míawo koe kpɔ mɔ atae.
TATA SI MÍESRƆ̃NA
OCTOBER 28, 2013–NOVEMBER 3, 2013
Yehowa Ƒe Ŋkuɖodzinyawo Le Eteƒe
AXA 7 • HADZIDZI: 64, 114
NOVEMBER 4-10, 2013
Kpɔ Dzidzɔ Ðe Yehowa Ƒe Ŋkuɖodzinyawo Ŋu
AXA 12 • HADZIDZI: 116, 52
NOVEMBER 11-17, 2013
AXA 17 • HADZIDZI: 69, 106
NOVEMBER 18-24, 2013
AXA 22 • HADZIDZI: 27, 83
NOVEMBER 25, 2013–DECEMBER 1, 2013
Mɔɖeɖedɔa Doa Ŋusẽ Mía Kple Mawu Dome Ƒomedodo
AXA 27 • HADZIDZI: 95, 104
NUSƆSRƆ̃NYATIAWO
▪ Yehowa Ƒe Ŋkuɖodzinyawo Le Eteƒe
▪ Kpɔ Dzidzɔ Ðe Yehowa Ƒe Ŋkuɖodzinyawo Ŋu
Yehowa toa ŋkuɖodzinyawo dzi fiaa mɔ eƒe amewo tso blema ke. Nu kawoe ŋkuɖodzinya mawo nyena? Nyati gbãtɔ ƒo nu tso nu si tae míate ŋu aka ɖe Mawu ƒe ŋkuɖodzinyawo dzi ŋu. Nyati evelia dzro mɔ etɔ̃ siwo dzi míato ana ale si míeka ɖe Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo dzi me nasẽ ɖe edzi me.
▪ Ètrɔ Wò Nɔnɔme Ŋutɔŋutɔa?
▪ Wɔ Nyametsotsowo Le Nunya Me
Ale si wohe míi kple nuto si me míele kpɔa ŋusẽ gã ɖe míaƒe nuŋububu kple nyametsotsowo dzi. Aleke míawɔ akpɔ egbɔ be míaƒe nyametsotsowo wɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu? Eye nu kae akpe ɖe mía ŋu míawɔ nu siwo míetso nya me be míawɔ? Nyati siawo akpe ɖe mía ŋu míadzro mía ɖokui me anukwaretɔe le go siawo me.
▪ Mɔɖeɖedɔa Doa Ŋusẽ Mía Kple Mawu Dome Ƒomedodo
Míakpɔ mɔ enyi siwo nu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ate ŋu ado ŋusẽ ƒomedodo si le Kristotɔwo kple Yehowa dome la le. Ne èle mɔɖeɖedɔa wɔm xoxo la, nu kawoe akpe ɖe ŋuwò nàyi dɔ nyui sia dzi ne èdo go kuxiwo gɔ̃ hã? Ne èdi be yeadze mɔɖeɖedɔa gɔme ale be nàkpɔ yayra siwo dona tso eme la, nu kae nàte ŋu awɔ?
AKPAA DZI: Le Amazonas nutoa me le Peru ƒe dziehe la, mɔnukpɔkpɔ geɖe ʋuna ɖi na vomeɖaseɖiɖi
PERU
DUKƆA ME TƆWO ƑE XEXLẼME
29,734,000
GBEƑÃÐELAWO
117,245
AME SIWO XƆ NYƆNYRƆ LE ƑE ATƆ̃ SIWO VA YI ME
28,824
Le Peru la, woɖea míaƒe agbalẽwo gɔme ɖe gbegbɔgblɔ ade me. To vovo na Spaingbe la, mɔɖela vevi kple dutanyanyuigblɔla siwo wu 120 ɖia ɖase na amewo le gbegbɔgblɔ bubuwo me