INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w13 6/1 axa 3-4
  • Nazãbubu​—Xexea Me Godoo Ƒe Kuxie

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nazãbubu​—Xexea Me Godoo Ƒe Kuxie
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NYA SIA KA AME SIA AME
  • Xexe Si Me Nazãbubu Manɔ O​—Ɣekaɣie Wòava?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Nazãbubu—Ðe Wòle Nu Gblẽm Le Ŋuwòa?
    Nyɔ!—2020
  • Ðe wobua Nazã ɖe ŋuwòa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Mina Mí Katã Míawɔ Ðeka Abe Ale Si Yehowa Kple Yesu Wɔ Ðeka Ene
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
w13 6/1 axa 3-4

NYATI SI LE AKPAA DZI: XEXE SI ME NAZÃBUBU MANƆ O​—ƔEKAƔIE WÒAVA?

Nazãbubu​—Xexea Me Godoo Ƒe Kuxie

WOWƆ nu madzɔmadzɔwo ɖe Jonathan si wodzi le Amerika gake edzilawo nye Koreatɔwo la ŋu le eƒe ɖevime. Esi wònɔ tsitsim la, edi be yeanɔ teƒe aɖe si womabu nazã ɖe ye ŋu le yeƒe dzedzeme alo le esi yenye Korea vidzidzi ta o. Eva zu ɖɔkta le du aɖe si le Alaska ƒe dziehe, le United States, afi si eƒe dzedzeme ɖi dɔnɔ siwo gbɔ wòkpɔna la dometɔ geɖe tɔ le. Enɔ mɔ kpɔm be ɖewohĩ Artik Nuto ma si me fa miamiamia la me nɔnɔ anɔ bɔbɔe na ye wu tenɔnɔ ɖe nazãbubu ƒe fuɖenamewo nu.

Eƒe mɔkpɔkpɔa nu yi keŋkeŋ gbe ɖeka esime wònɔ nyɔnu aɖe si xɔ ƒe 25 la gbɔ kpɔm le kɔdzi. Esi nyɔnua nyɔ tso ɖi me la, ekpɔ Jonathan ƒe mo hegblɔ gbɔɖiamenya aɖe si ɖe ale si gbegbe wòlé fu Koreatɔwoe la fia. Dzivenya sia na Jonathan kpɔe be agbagba siwo katã yedze be yeʋu heva le ame siwo alɔ̃ yeƒe nya dome la mete ŋu na yesi le amewo ƒe nazãbubu ɖe ye ŋu nu o.

Nu si me Jonathan to la ɖo kpe nyateƒenya wɔnublanui aɖe dzi. Amewo bua nazã ɖe ame bubuwo ŋu le xexea ƒe akpa sia akpa. Edze abe afi sia afi si amewo nya le ko la, nazãbubu hã le afi ma ene.

Togbɔ be ame akpa gãtɔ ƒoa nu tsia tre ɖe nazãbubu ŋu hã la, exɔ aƒe ɖi ale gbegbe. Esia wɔ mo yaa ŋutɔ. Aleke wòdzɔe be nu si ame geɖe buna be menyo o la xɔ aƒe ɖi alea? Edze ƒãa be ame siwo kpɔe be nazãbubu menyo o la dometɔ geɖe metea ŋu dea dzesii be yewo ŋutɔwo yewobua nazã ɖe ame bubuwo ŋu o. Ðe wòate ŋu anye be aleae wòle le wò hã gowòmea? Aleke nàɖo nya sia ŋui?

NU KAE NYE NAZÃBUBU?

Numekulawo le avutri gbãm be yewoaɖe nu si nazãbubu nye gɔme. Ame aɖewo be enye “nu manyomanyo wɔwɔ ɖe ame ŋu alo fuléle ame le to si me tɔ wònye ko ta.” Ame bubuwo gblɔna be “esi amewo menya ame ƒomevi mawo nyuie” o tae “wobua nazã ɖe wo ŋu” ɖo. Aleke kee wòɖale o, amewo bua nazã ɖe ame ŋu le amea ƒe ŋutigbalẽ ƒe amadede, eƒe lolome, ne ŋutsu alo nyɔnue wònye, gbe si wòdona, eƒe subɔsubɔha, alo nu bubu si me wòdze abe eto vovo le ene ta.

NYA SIA KA AME SIA AME

Míenyae alo míeɖanyae o, esesẽna be míade dzesii nenye be míebua nazã ɖe ame bubuwo ŋu le mɔ aɖe nu le míaƒe dzi me. Biblia ɖe nu si tae wòle alea la me esi wògblɔ be: “Ame ƒe dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã.” (Yeremiya 17:9) Eya ta ate ŋu adzɔ be míable mía ɖokui ahasusu be míelɔ̃ ame ƒomevi ɖe sia ɖe. Alo míate ŋu aƒo nya ta be mía tɔ dzɔ le susu aɖewo ta be míagalɔ̃ ame ƒomevi aɖewo ƒe nya o.

Aleke nàse le ɖokuiwò me ne èva ɖo nɔnɔme sia tɔgbi me?

Míawɔ kpɔɖeŋu aɖe si akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ale si gbegbe wòsesẽ be míanya ne míebua nazã ɖe ame bubuwo ŋu loo alo míebua nazã o. Bu nya sia ŋu kpɔ: Tsɔe be wò ɖeka èle zɔzɔm le zã me. Kasia èkpɔ ŋutsu eve siwo mèkpɔ kpɔ o la zɔ gbɔna gbɔwò. Ŋutsuawo dzɔ tsu, eye edze abe wo dometɔ ɖeka lé nane ɖe asi ene.

Ðe wòawɔ na wò be ŋutsu mawo ɖo vɔ̃ ɖe ye ŋua? Ele eme be nu siwo me nèto va yi la ate ŋu ana nàkpɔe be ele be yeaɖɔ ŋu ɖo ya, gake le nyateƒe me la, ɖe wòsɔ be nàxa ɖe nu mawo ta aƒo nya ta be ŋutsu eve mawo ɖo vɔ̃ ɖe ye ŋua? Nyabiase si akpe ɖe mía ŋu míadzro mía ɖokui me nyuie wue nye, Ame ƒomevi alo to ka me tɔwoe nàsusu be ŋutsuawo nye? Ale si nàɖo nya sia ŋui la ate ŋu aɖe nu si le dzi me na wò la afia. Ate ŋu afia be nazãbubu ɖa azi ɖe dzi me na wò xoxo.

Ne míato nyateƒe na mía ɖokui la, ele be míalɔ̃ ɖe edzi be mí katã míebua nazã ɖe ame bubuwo ŋu le mɔ aɖe nu va se ɖe afi aɖe ya teti. Biblia gɔ̃ hã he susu yi nazãbubu aɖe si bɔ ŋutɔ la dzi esi wògblɔ be: “Gotagomedzedzemee amewo kpɔna tsɔ drɔ̃a ʋɔnu ame bubuwo.” (1 Samuel 16:7, Contemporary English Version) Esi wònye be mí amegbetɔwo míelɔ̃a nazãbubu ɖe ame bubuwo ŋu eye emetsonuwo gblẽa nu zi geɖe ta la, ɖe mɔkpɔkpɔ li be míate ŋu ava ɖu nazãbubu dzi alo adzudzɔe keŋkeŋua? Eye ɖe ɣeyiɣi aɖe ava si nazãbubu nu ayi keŋkeŋ le xexea me godooa?

NAZÃBUBU XƆ AƑE ÐE XEXEA ME GODOO

Canada: “Togbɔ be [dukɔa] na gome ame ƒomevi ɖe sia ɖe eye wowɔ se kple ɖoɖo geɖewo be woatsɔ akpɔ to vovovo me tɔwo ƒe gomenɔamesiwo ta hã la, vovototodedeameme gakpɔtɔ nye hadomekuxi gã aɖe.”—Amnesty International ƒe nyatakaka tso Canada ŋu, le ƒe 2012 me.

Europe: “Europatɔ 48 le alafa me xɔe se be yewoƒe dukɔa mele nu gobi aɖeke wɔm be woatsɔ akpɔ vovototodedeameme ƒe kuxia gbɔ o.”—Intolerance, Prejudice and Discrimination: A European Report, 2011.

Africa: “Nyɔnuwo tafatafa kple ŋutasesẽ le wo ŋu gaxɔ aƒe ɖe dukɔ geɖe me kokoko.”—Amnesty International Report 2012.

Nepal: “Wotafaa ame siwo woyɔna be Dalit-wo (alo “ame nyɔŋuwo”) la vevie le dukɔ sia me, vevietɔ le ganyawo, hadomenuwɔnawo kple gbe sia gbe nuwɔna bubuwo me.”—Human Rights Watch World Report, 2012.

Ɣedzeƒe Europa: “Wobua fɔ Roma ɣedzeƒe Europatɔwo madzemadzee le duta hewɔa ŋlɔmi le wo ŋu le woawo ŋutɔwo wo de, eye dunyahela aɖeke medi be yeakpɔ woƒe kuxia gbɔ o.”—The Economist, September 4, 2010.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe