INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w14 4/1 axa 3
  • Nu Ka Tae Amewo Doa Gbe Ða?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Ka Tae Amewo Doa Gbe Ða?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gbedodoɖa Ate Ŋu Ana Wò Kple Mawu Dome Nanɔ Kplikplikpli
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Tete Ðe Mawu Ŋu le Gbedodoɖa Me
    Nukae Mawu Di tso Mía Si?
  • Gbedodoɖa Ƒe Mɔnukpɔkpɔ Xɔasi La
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Yesu Fia Gbedodoɖa Mí
    Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
w14 4/1 axa 3
Ŋutsuvi si le gbe dom ɖa

NYATI SI LE AKPAA DZI | ÐE WÒHIÃ BE NÀDO GBE ÐA?

Nu Ka Tae Amewo Doa Gbe Ða?

Ðe nèdoa gbe ɖa edziedzia? Ame geɖe doa gbe ɖa; mawudzimaxɔsela aɖewo gɔ̃ hã doa gbe ɖa. Gake nu ka tae amewo doa gbe ɖa ɖo? Numekuku aɖe si wowɔ le France la ɖee fia be dukɔa me tɔwo ƒe afã doa gbe ɖa alo dea ŋugble ɣeaɖewoɣi “ko be yewoƒe dzi nadze eme.” Abe ale si wòle le Europatɔ geɖewo gome ene la, menye mawusubɔsubɔ tae wodoa gbe ɖa ɖo o. Ke boŋ ale si woakpɔ “akɔfafa to gbedodoɖa dzi” ta koe wodoa gbe ɖa ɖo. Le xɔsetɔ aɖewo hã gome la, ne woɖo xaxa me ko hafi wodoa gbe ɖa henɔa mɔ kpɔm be Mawu nawɔ nu si dim yewole la na yewo enumake.​—Yesaya 26:16.

Ke wò ya ɖe? Ale si wò susu nadze akɔ anyi ta koe nèdoa gbe ɖa ɖoa? Ne èxɔ Mawu dzi se la, ɖe nèkpɔe be gbedodoɖa kpena ɖe ye ŋua? Alo ɖe wòwɔna na wò be Mawu meɖoa gbedodoɖawo ŋu na ye oa? Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔe be menye nu si ana wò dzi nadze eme koe gbedodoɖa nye o, ke enye mɔ vevi si dzi nàto ate ɖe Mawu ŋu.

Ame siwo le gbe dom ɖa: Esi bɔlƒola aɖe do age vɔ, ŋutsu si le srɔ̃a si dze dɔ le kɔdzi la gbɔ, asrafo siwo le aʋagbedzi
    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe