INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w14 8/1 axa 16
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Aleke Nàwɔ Akpɔ Tadedeagu Vavãtɔ Adze Sii?
    Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ!
  • Nu Kae Nye Nya Nyui Si Ku Ðe Subɔsubɔhawo Ŋu?
    Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ!
  • Aleke Nàwɔ Ade Dzesi Tadedeagu Vavãtɔ?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Subɔsubɔ si Dzea Mawu Ŋu
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
w14 8/1 axa 16
Yehowa Ðasefo siwo tso to vovovowo me la le ha dem kple wo nɔewo le Fiaɖuƒe Akpata me

BIBLIA ME BIABIAWO ƑE ŊUÐOÐOWO

Ðe subɔsubɔhawo katã dea bubu Mawu ŋua?

Ne èse nu siwo le dzɔdzɔm le xexea me la, ɖewohĩ àde dzesii be amewo wɔa nu tovowo le mawusubɔsubɔ ƒe ŋkɔ me. Menye subɔsubɔhawo katãe dzea Mawu ŋu o. (Mateo 7:15) Le nyateƒe me la, wokplɔ ameƒomea me tɔ akpa gãtɔ trae.​—Xlẽ 1 Yohanes 5:19.

Ke hã Mawu dea dzesi anukwaretɔ siwo lɔ̃ nyui kple nyateƒe. (Yohanes 4:23) Mawu le ame siawo kpem be woava srɔ̃ nyateƒe si le yeƒe Nya, Biblia la me.​—Xlẽ 1 Timoteo 2:3-5.

Aleke nàwɔ ade dzesi subɔsubɔha vavãtɔ?

Yehowa Mawu le nyateƒea fiam subɔsubɔha vovovo me tɔwo; ele nu fiam wo hã be woalɔ̃ wo nɔewo, eye wòto esia dzi le wo nu ƒom ƒu ɖekae. (Mixa 4:2, 3) Eya ta àte ŋu ade dzesi subɔsubɔha vavã me tɔwo bɔbɔe, elabena wotsɔa ɖe le eme na wo nɔewo.​—Xlẽ Yohanes 13:35.

Yehowa Mawu na ame ƒomevi vovovowo le ɖeka wɔm le tadedeagu vavãtɔ me.​—Psalmo 133:1

Subɔsubɔha vavã me tɔwo xɔ Biblia dzi se, eye wonɔa agbe ɖe eƒe nufiafiawo nu. (2 Timoteo 3:16) Wodea bubu Mawu ƒe ŋkɔa hã ŋu. (Psalm 83:19) Woɖea gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea be eya koe ate ŋu akpɔ amegbetɔwo ƒe kuxiwo gbɔ. (Daniel 2:44) Wowɔa nyui na wo haviwo abe ale si Yesu wɔe ene, eye wotoa esia wɔwɔ me nana woƒe ‘kekelia klẽna.’ (Mateo 5:16) Eya ta woate ŋu ade dzesi Kristotɔ vavãwo bɔbɔe, elabena woyia woƒe aƒelikawo ƒe aƒewo me be yewoagblɔ Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia na wo.​—Xlẽ Mateo 24:14; Dɔwɔwɔwo 5:42; 20:20.

Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le agbalẽ sia si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 15 lia me. Yehowa Ðasefowoe tae

Àkpɔe le Internet hã dzi le www.jw.org/ee

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe