INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w14 12/1 axa 5
  • Èɖoa Dze Kple Mawua?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Èɖoa Dze Kple Mawua?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Alesi Nàwɔ Ate Ðe Mawu Ŋu
    Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
  • Te Ðe Mawu Ŋu le Gbedodoɖa Me
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Aleke Tututue Wò Kple Yehowa Dome Le?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • ‘Mina Mawu Nanya Miaƒe Dzimedidiwo’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
w14 12/1 axa 5
Ŋutsu aɖe le dze ɖom kple exɔlɔ̃a le telefon dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI | ÀTE ŊU ATE ÐE MAWU ŊU

Èɖoa Dze Kple Mawua?

Xɔlɔ̃ veviwo ɖoa dze kple wo nɔewo ŋkume kple ŋkume alo to telefon, e-mail, video alo lɛta dzi. Dzeɖoɖo alea tea ŋu yia edzi edziedzi ne nɔnɔmea ɖe mɔ. Eya ta ne míedi be míate ɖe Mawu ŋu la, ele be míaɖo dze kplii edziedzi. Aleke míate ŋu awɔ esiae?

Míate ŋu aɖo dze kple Yehowa le gbedodoɖa me. Ke hã, gbedodoɖa na Mawu mele abe dzeɖoɖo dzro si yia edzi le xɔlɔ̃wo dome ene o. Ne míele gbe dom ɖa na Mawu la, ele be míanyae be mía Wɔla, si nye Dziƒoʋĩtɔ lae míele nu ƒom na. Esia nyanya aʋã mí míado gbea ɖa le bubu deto kple sisiɖa me. Be Mawu nase míaƒe gbedodoɖawo la, ele hã be míazɔ ɖe eƒe mɔfiame veviwo dzi. Mɔfiame siawo dometɔ etɔ̃ aɖewoe nye esiwo gbɔna.

Gbã la, ele be míado gbe ɖa na Yehowa ɖeɖe ko, ke menye na Yesu, ame siwo woyɔna be ame kɔkɔewo alo nɔnɔmetatawo o. (2 Mose 20:4, 5) Biblia gblɔe eme kɔ ƒãa be: “Le nu sia nu me la, mitsɔ gbedodoɖa kple kokoƒoƒo kpakple akpedada ana Mawu nanya miaƒe didiwo.” (Filipitɔwo 4:6) Evelia, ele be míado gbe ɖa to Mawu ƒe Vi, Yesu Kristo dzi. Yesu ŋutɔ hã gblɔ be: “Ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.” (Yohanes 14:6) Etɔ̃lia, ele be míaƒe gbedodoɖawo nawɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Biblia gblɔ be: “Nu sia nu si míabia wòawɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí.”a​—1 Yohanes 5:14.

Xɔlɔ̃wɔwɔ vivina ne xɔlɔ̃ veviwo ɖoa dze na nɔewo edziedzi

Ele eme be xɔlɔ̃wɔwɔ mate ŋu anɔ anyi ɖaa ne xɔlɔ̃awo dometɔ ɖeka koe nɔa nua ƒom o. Abe ale si ko dzeɖoɖo vivina ne xɔlɔ̃wo ɖoa dze na wo nɔewo ene la, nenema kee wòle be míaɖe mɔ Mawu naƒo nu na mí eye míaɖo toe. Ènya ale si Mawu ƒoa nu na mía?

Egbea la, Yehowa Mawu “ƒoa nu” na mí to eƒe Nya, Biblia la dzi. (2 Timoteo 3:16, 17) Nu ka tae míegblɔe nenema? Le kpɔɖeŋu me: Tsɔe be xɔ̃wò vevi aɖe ŋlɔ lɛta na wò, eye esi nèxlẽe la edo dzidzɔ na wò nègblɔ na ame bubuwo be, “Mese xɔ̃nye aɖe ŋkɔ fifi laa!” Togbɔ be xɔ̃wòa meƒo nu na wò ŋkume kple ŋkume o hã la, èse eŋkɔ to lɛta si wòɖo ɖe wò la dzi. Nenema kee ne èle Biblia xlẽm la, ekema èle mɔ ɖem na Yehowa be wòaƒo nu na wò. Eya ta Gina, si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati siawo ƒe gbãtɔ me la, gblɔ be: “Menyae be ne medi be Mawu nanye xɔ̃nye la, ele be manɔ eƒe lɛta si wòŋlɔ na mí, si nye Biblia la xlẽm.” Egblɔ kpee be: “Biblia-xexlẽ gbe sia gbe na be mí kple Yehowa dome va le kplikplikpli.” Ðe nèxlẽa Mawu ƒe Nya, Biblia la gbe sia gbea? Ne èwɔnɛ la, efia be èɖea mɔ Yehowa ƒoa nu na wò gbe sia gbe. Esia wɔwɔ ana nàse le ɖokuiwò me be ye kple Mawu dome le kplikplikpli.

a Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia, ƒe ta 17 lia me. Yehowa Ðasefowoe tae.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe