INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp16 No. 3 axa 16
  • Nya Kae Biblia Gblɔ?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya Kae Biblia Gblɔ?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe ŋkɔ le Mawu sia?
  • Ðe wònye nu gbegblẽ be míayɔ Mawu ƒe ŋkɔa?
  • Mawu Ƒe Ŋkɔ
    Nyɔ!—2017
  • Nu Ka Tae Wòle Be Míazã Mawu Ƒe Ŋkɔ?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Mawu Ƒe Ŋkɔ Ðe?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2019
  • Alesi Nàwɔ Anya Mawu ƒe Ŋkɔ
    Nyɔ!—2004
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
wp16 No. 3 axa 16
Teƒe siwo Mawu ƒe ŋkɔa dze le le Biblia ƒe blema asinuŋɔŋlɔgbalẽ aɖe me

Teƒe siwo Mawu ƒe ŋkɔa dze le le Biblia ƒe blema asinuŋɔŋlɔgbalẽ aɖe me

Nya Kae Biblia Gblɔ?

Ðe ŋkɔ le Mawu sia?

AME AÐEWO GBLƆNA BE ŋkɔ mele esi o, ame bubuwo gblɔna be eŋkɔe nye Mawu alo Aƒetɔ, eye ame aɖewo hã gblɔna be ŋkɔ gbogbo aɖewoe le Mawu si. Nu kae nye wò susu?

NYA SI BIBLIA GBLƆ

“Wò, ame si ŋkɔe nye Yehowa la, wò ɖeɖe koe nye Dziƒoʋĩtɔ ɖe anyigba blibo la dzi.”—Psalmo 83:18.

NU BUBU KAE MÍATE ŊU ASRƆ̃ LE BIBLIA ME?

  • Togbɔ be dzesideŋkɔ geɖewo le Mawu si hã la, etsɔ ŋkɔ ɖeka pɛ na eɖokui.—2 Mose 3:15.

  • Mawu menye ame si womate ŋu adze sii o; edi be míanya ye.—Dɔwɔwɔwo 17:27.

  • Mawu ƒe ŋkɔ nyanya ate ŋu anye afɔ gbãtɔ si míaɖe hafi adze xɔlɔ̃e.—Yakobo 4:8.

Ðe wònye nu gbegblẽ be míayɔ Mawu ƒe ŋkɔa?

ÐE NÀGBLƆ BE . . .

  • Ɛ̃a?

  • Aoa?

  • Nɔnɔmea ye afia?

NYA SI BIBLIA GBLƆ

“Mègayɔ Yehowa wò Mawu la ŋkɔ dzodzro o.” (2 Mose 20:7) Ne míezã Mawu ƒe ŋkɔa bubumadeameŋutɔe ko hafi wòanye nu gbegblẽ.—Yeremiya 29:9.

NU BUBU KAE MÍATE ŊU ASRƆ̃ LE BIBLIA ME?

  • Yesu nya Mawu ƒe ŋkɔ eye wòzãe.—Yohanes 17:25, 26.

  • Mawu le dzi dem ƒo na mí be míayɔ yeƒe ŋkɔ.—Psalmo 105:1.

  • Mawu ƒe futɔwo di be yewoana amewo naŋlɔ eƒe ŋkɔa be.—Yeremiya 23:27.

Meɖe kuku, miɖo agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ɖeka ɖem. Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le agbalẽ sia ƒe ta 1 me. Yehowa Ðasefowoe tae

Àkpɔe le Internet hã dzi le www.jw.org/ee

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe