INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp19 No. 2 axa 12-13
  • Ne Mègadi Be Yeanɔ Agbe O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ne Mègadi Be Yeanɔ Agbe O
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2019
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • AFI SI NÀKPƆ KPEKPEÐEŊU TSOE
  • ÐE KUXI SIA NU AVA YI KURAA?
  • Nukata Wòle Be Mí Katã Míakafu Mawu?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Blanuiléledɔlélawo Aleke Wosena Le Wo Ðokui Me?
    Nyɔ!—2009
  • Kpekpeɖeŋuxɔxɔ Tso ‘Akɔfafa Ƒe Mawu La’ Gbɔ
    Nyɔ!—2009
  • Sɔhɛwo Ƒe Blanuiléledɔ​—Nu Ka Gbɔe Wotso? Nu Kae Akpe Ðe Wo Ŋu?
    Nyɔ!—2017
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2019
wp19 No. 2 axa 12-13
Nyɔnu aɖe si le kplɔ̃ ŋu la da asi ɖe Biblia si le ʋuʋu ɖi la dzi hele adzɔge kpɔm

Ne Mègadi Be Yeanɔ Agbe O

Adriana si tso Brazil gblɔ be: “Seselelãme siawo nu gbe tsotso. Eya ta mesusui be ne mewu ɖokuinye la anyo wu.”

ÐE NU te ɖe dziwò vevie kpɔ si na be mègadi be yeanɔ agbe oa? Ekema àse ale si Adriana se le eɖokui me la gɔme. Nu te ɖe edzi vevie wòlé blanui eye mɔkpɔkpɔ bu ɖee. Adriana yi kɔdzi eye wokpɔe be blanuiléledɔe nɔ fu ɖem nɛ.

Bu Japan ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Kaoru si nɔ edzila tsitsi siwo dze dɔ dzi kpɔm hã ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Ɣemaɣi la, dɔ te ɖe dzinye vevie le dɔ me. Eteƒe medidi o nuɖuɖu megadzroam o, eye nyemegadɔa alɔ̃ o. Eya ta meva nɔ susum be makpɔ gbɔdzɔe ne meku.”

Nigeria ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Ojebode gblɔ be: “Meléa blanui ɣesiaɣi ale gbegbe be avi koe metsɔnɛ na, eya ta menɔ mɔnu dim be maɖe nye agbe ɖa.” Míeda akpe be Ojebode, Kaoru kple Adriana mewu wo ɖokuiwo o. Gake ƒe sia ƒe la, ame gbogbo aɖewo wua wo ɖokuiwo.

AFI SI NÀKPƆ KPEKPEÐEŊU TSOE

Ŋutsuwo koŋ ye wua wo ɖokuiwo, elabe ekpea ŋu na wo dometɔ geɖe be woabia kpekpeɖeŋu. Yesu gblɔ be ame siwo dze dɔ la hiã gbedala. (Luka 5:31) Eya ta ne èle sesem le ɖokuiwò me alea la, míeɖe kuku megakpe ŋu na wò be nàbia kpekpeɖeŋu o. Ame geɖe siwo blanuiléledɔ le fu ɖem na la kpɔe be esi yewoyi kɔdzi la ena wòka ɖe eme na yewo. Ojebode, Kaoru kple Adriana siaa yi kɔdzi eye esia kpe ɖe wo ŋu wote ŋu le te nɔm ɖe nɔnɔmea nu.

Dɔktawo zãa atikewo alo ƒoa nu na dɔnɔa loo alo zãa mɔnu evea siaa tsɔ daa dɔ na ame si le blanuiléledɔ lém. Ele be ame siwo le dɔ sia lém ƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo nase nu gɔme na wo, agbɔ dzi ɖi na wo eye woalé be na wo. Xɔlɔ̃ nyuitɔ kekeake si ate ŋu anɔ ame sie nye Yehowa Mawu, ame si naa kpekpeɖeŋu nyuitɔ to eƒe Nya Biblia dzi.

ÐE KUXI SIA NU AVA YI KURAA?

Zi geɖe la, ehiã be ame siwo le blanuiléledɔ lém la nanɔ atike dzi eteƒe nadidi eye woawɔ asitɔtrɔwo be wòakpe ɖe wo ŋu woanɔ te ɖe enu. Gake ne dɔ sia le ŋuwò la, àte ŋu anɔ mɔ kpɔm na etsɔme nyui aɖe abe Ojebode ene. Egblɔ be: “Mele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me Yesaya 33:24 si gblɔ be ɣeyiɣi aɖe ava si me ame aɖeke magagblɔ le anyigba dzi be ‘mele dɔ lém o’ la nava eme.” Na ŋugbe si Mawu do be yeana “anyigba yeye,” afi si “vevesese” maganɔ o la nafa akɔ na wò abe ale si wòfa akɔ na Ojebode ene. (Nyaɖeɖefia 21:1, 4) Ŋugbedodo ma fia be tagbɔdɔ kple blanuiléledɔ aɖeke maganɔ anyi o. Wò vevesesewo nu ayi tegbee. Wò vevesesewo ‘magava susu me na wò alo ava dzi me na wò’ gbeɖe o.—Yesaya 65:17.

Mawunyakpukpui Siwo Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò

Mawu nya ale si nèle sesem le ɖokuiwò me.

“Nye, Yehowa wò Mawu, melé wò nuɖusi ɖe asi, . . . le gbɔgblɔm na wò be: ‘Mègavɔ̃ o. Makpe ɖe ŋuwò.’”—Yesaya 41:13.

Yehowa sea ale si míesena le mía ɖokui me gɔme wu ame bubu ɖe sia ɖe eye edi be yeakpe ɖe mía ŋu.

Xlẽ Mawu ƒe Nyaa nàde ŋugble le eŋu.

“[Eliya bia] be yeaku hegblɔ be: ‘ . . . Oo Yehowa, ɖe nye agbe ɖa.’”—1 Fiawo 19:4.

Ojebode gblɔ be: “Esi mede ŋugble le Mawu ƒe Nyaa ŋu la, eɖe vi nam. Meva kpɔe be nyagblɔɖila Eliya hã se le eɖokui me kpɔ abe ale si mele sesem le ɖokuinye me ene.”

Srɔ̃ nu tso Biblia me kpɔɖeŋuwo me.

“[Nye Yesu] meɖe kuku ɖe [wò, Petro ta] be wò xɔse nu nagatsi o.”—Luka 22:32.

Esi apostolo Petro gbe nu le Yesu gbɔ zi etɔ̃ megbe la, nu te ɖe edzi vevie eye wòfa avi hehehe. Kaoru gblɔ be: “Nu si me Petro to kpe ɖe ŋunye mekpɔe be Yehowa kple Yesu de dzesi ale si Petro se le eɖokui me. Esia do ŋusẽm.”

Wò vevesesewo ‘magava susu me na wò alo ava dzi me na wò’ gbeɖe o.—Yesaya 65:17

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe