INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp19 No. 3 axa 16
  • Mɔkpɔkpɔ Kae Li Na Kukuawo?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mɔkpɔkpɔ Kae Li Na Kukuawo?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2019
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • BU NYA SI BIBLIA GBLƆ ŊU KPƆ:
  • ‘Ame siwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la ado go.’—Yohanes 5:28, 29.
  • Kakaɖedzi Le Tsitretsitsimɔkpɔkpɔa ŋu!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Woafɔ Ame Dzɔdzɔewo Ðe Tsitre
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Wò Ame Vevi Siwo Ku La Agate Ŋu Ava Nɔ Agbe Ake!
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Tsitretsitsia Ava Eme Godoo!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2019
wp19 No. 3 axa 16

Mɔkpɔkpɔ Kae Li Na Kukuawo?

Dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo ŋu míeƒo nu tsoe va yi la dometɔ ɖeka lé atsu kple asi tsitsi siwo le nyati gbãtɔ me la ƒe foto ɖe asi

Mía dometɔ aɖeke mate ŋu asi le ku nu o. Gake ɖe ku nye nu sia nu ƒe nuwuwua? Ðe woaŋlɔ ame kukuwo be tegbeea? Ðe mɔkpɔkpɔ aɖe li na ame siwo kua?

BU NYA SI BIBLIA GBLƆ ŊU KPƆ:

WOMEŊLƆ AME SIWO KU LA BE O

‘Ame siwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la ado go.’—Yohanes 5:28, 29.

Mawu ɖoa ŋku ame siwo ku la dzi; agbɔ agbe ame siwo katã le eƒe susu me.

WOAFƆ AMEWO ÐE TSITRE WOAVA NƆ AGBE LE ANYIGBA DZI

“Tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.”—Dɔwɔwɔwo 24:15.

Woafɔ ame akpe teƒe akpewo ɖe tsitre woava nɔ agbe tegbee le ŋutifafa me.

KAKAÐEDZI LE TSITRETSITSIMƆKPƆKPƆA ŊU

“[Mawu nya] xexlẽme na ɣletiviwo; eye wòyɔa wo katã ŋkɔ.”—Psalmo 147:4.

Esi Mawu tea ŋu yɔa ɣletivi ɖe sia ɖe ƒe ŋkɔ ta la, ate ŋu aɖo ŋku ame siwo wòafɔ ɖe tsitre la dzi bɔbɔe.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe