NUSƆSRƆ̃NYATI 30
Ale Si Míawɔ Aɖo Ame Siwo Mele Subɔsubɔha Aɖeke Me O Ƒe Dzi Gbɔ
“Mezu nuwo katã na ame ƒomeviwo katã, ale be mate ŋu aɖe wo dometɔ aɖewo kokoko.”—1 KOR. 9:22.
HADZIDZI 82 “Mina Miaƒe Kekeli Naklẽ”
NYA VEVIAWOa
1. Tɔtrɔ kawoe va le dukɔ aɖewo me le ƒe ʋɛ siwo va yi me?
LE ƑE akpe geɖe siwo va yi me la, edze abe ame siwo le xexea me la dometɔ akpa gãtɔ nɔ subɔsubɔha aɖe me ene. Gake le ƒe ʋɛ siwo va yi me la, tɔtrɔ ɖedzesi aɖe va le ale si amewo bua mawusubɔsubɔe la me. Fifia, ame geɖe megale subɔsubɔha aɖeke me abe tsã ene o. Le nyateƒe me la, le dukɔ aɖewo me la, ame akpa gãtɔ bua wo ɖokuiwo be yewomenye subɔsubɔha aɖeke me tɔwo o.b—Mat. 24:12.
2. Nu ka gbɔe wòanya tso be ame gbogbo siawo gbegbe metsɔ ɖeke le mawusubɔsubɔ me o?
2 Nu ka tae ame siwo gblɔna be yewomenye subɔsubɔha aɖeke me tɔwo o la ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi?c Dzidzɔkpɔkpɔ alo dzimaɖitsitsi anya kpɔ ŋusẽ ɖe ame aɖewo dzi. (Luka 8:14) Ame aɖewo siwo xɔ Mawu dzi se tsã la megaxɔ edzi se o. Ame aɖewo xɔ Mawu dzi se gake wosusu be mawusubɔsubɔ zu tsigãdzinu, alo megale vevie o, eye mewɔ ɖeka kple dzɔdzɔmeŋutinunya kpakple susuŋudɔwɔwɔ nyui o. Ðewohĩ, woanya see wo xɔlɔ̃wo, woƒe nufialawo, alo ameŋkuta siwo nye nyadzɔdzɔgblɔlawo gblɔ be ɖe agbea dzɔ le eɖokui si, gake ƒãa hafi wosea nya aɖe si me susu le si akpe ɖe wo ŋu be woaxɔ Mawu dzi se. Subɔsubɔhakplɔla siwo dina vevie be yewoakpɔ ga geɖe eye ŋusẽ geɖe nasu yewo si la ƒe nuwɔnawo wɔe be ame aɖewo hã megatsɔ ɖeke le mawusubɔsubɔ me o. Le dukɔ aɖewo me la, dziɖuɖua de se geɖe siwo xe mɔ ɖe mawusubɔsubɔ nu le mɔ aɖewo nu.
3. Nu kae nye nyati sia ƒe taɖodzinu?
3 Yesu de se na mí be “[míawɔ] dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo.” (Mat. 28:19) Aleke míate ŋu akpe ɖe ame siwo mele subɔsubɔha aɖeke me o la ŋu be woasrɔ̃ ale si woalɔ̃ Mawu eye woazu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo? Ele be wòanɔ susu me na mí be hehe si ame aɖe xɔ alo afi si wònɔ tsi ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ale si wòawɔ nui ne míeɖe gbeƒã nɛ dzi. Le kpɔɖeŋu me, ale si ame siwo nye Europatɔwo awɔ nui ne míeɖe gbeƒã na wo la ato vovo na ale si Asiatɔwo awɔ nui. Nu ka tae? Nu si tae nye be, Europatɔ geɖewo nya nu tso Biblia ŋu eye sidzedze aɖe si nu su wo si be Mawue wɔ nuwo katã. Gake le Asia la, ame akpa gãtɔ menya nu boo aɖeke alo naneke tso Biblia ŋu o, eye womexɔe se be Wɔla aɖe li o. Nyati sia ƒe taɖodzinue nye be wòakpe ɖe mía ŋu be míate ŋu aɖo ame siwo míedoa goe le gbeadzi la ƒe dzi gbɔ, nu ka ke dzie woɖaxɔ se alo afi ka kee woɖatso o.
SUSU NYUI NENƆ ASIWÒ ÐE AMEWO ŊU
4. Nu ka tae wòle be susu nyui nanɔ mía si ɖe amewo ŋu?
4 Susu Nyui Nenɔ Asiwò. Ƒe sia ƒe la, ame geɖe siwo menye subɔsubɔha aɖeke me tɔwo o la va zua Yehowa Ðasefowo. Wo dometɔ geɖe nye agbe ɖɔʋu nɔlawo xoxo eye wonye ame siwo mekpɔa dzidzɔ ɖe subɔsubɔhawo ƒe alakpanuwɔwɔ ŋu kura o. Bubuwo ya menɔa agbe ɖɔʋu o eye ehiã be woaɖe asi le numame gbegblẽwo ŋu. Míate ŋu aka ɖe edzi be, le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, míate ŋu ake ɖe ame siwo “si dzi ƒe nɔnɔme nyui le hena agbe mavɔ kpɔkpɔ la” ŋu.—Dɔw. 13:48; 1 Tim. 2:3, 4.
Ne èle ɖase ɖim na ame siwo meka ɖe Biblia dzi o la, trɔ asi le wò dzeɖonyawo ŋu woasɔ ɖe woƒe nɔnɔmea nu (Kpɔ memama 5-6 lia)d
5. Zi geɖe la, nu kae nana amewo xɔa míaƒe gbedeasia nyuie?
5 Nyo Dɔme Na Amewo Eye Nàwɔ Nu Ðe Wo Ŋu Ameŋububutɔe. Zi geɖe la, menye nya si míegblɔ na amewo la ɖeɖe koe nana woxɔa míaƒe gbedeasia o, ke ale si míeƒoa nu na wo hã wɔa akpa vevi aɖe. Edzɔa dzi na wo ne míewɔ nu ɖe wo ŋu ameŋububutɔe henyo dɔme na wo eye míeɖee fia be míetsɔ ɖe le eme na wo vavã. Míezia míaƒe susu ɖe wo dzi o. Ke boŋ, míedzea agbagba be míase susu siwo tae womenye subɔsubɔha aɖeke me tɔwo o la gɔme. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo medina be yewoaɖo dze tso mawusubɔsubɔ ŋu kple ame aɖe si yewomenya o. Ame aɖewo hã sena le wo ɖokuiwo me be enye amemabumabu be ame aɖe nadi be yeanya nu si yewosusu tso Mawu ŋu. Ekpea ŋu na ame bubuwo hã be amewo nakpɔ yewo be yewole Biblia xlẽm, vevietɔ, kple Yehowa Ðasefo aɖe. Aleke kee wòɖale o, míedzea agbagba be míase nu si tae wosena le wo ɖokuiwo me nenema ɖo la gɔme.—2 Tim. 2:24.
6. Aleke apostolo Paulo ɖee fia be yenye ame si trɔna ɖe nɔnɔme vovovowo ŋu, eye aleke míate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua?
6 Ne míede dzesii be, ɣesiaɣi si míezã nyawo abe, “Biblia,” “Mawu,” alo “subɔsubɔha” ene, le ame aɖewo gbɔ la, eɖea fu na wo la, nu kae míate ŋu awɔ? Míate ŋu asrɔ̃ apostolo Paulo eye míatrɔ asi le míaƒe dzeɖonyawo ŋu woasɔ ɖe woƒe nɔnɔmeawo nu. Esime Paulo nɔ nu ƒom na Yudatɔwo la, ezã Ŋɔŋlɔawo. Gake esime wònɔ nu ƒom kple Helatɔ xexemenunyalawo le Areopago la, meyɔ nya aɖeke tso Biblia me tẽe o. (Dɔw. 17:2, 3, 22-31) Aleke míate ŋu asrɔ̃ Paulo ƒe kpɔɖeŋua? Ne míedo go ame aɖe si meka ɖe Biblia dzi o la, anyo wu be míagahe susu ayi Biblia dzi tẽe ne míele nu ƒom kplii o. Ne ède dzesii le ame aɖe ŋu be akpe ŋu nɛ ne wokpɔe be yele Biblia xlẽm kpli wò la, dze agbagba nàhe eƒe susu ayi Biblia me nyawo dzi le mɔ si madze gaglã o nu, abe le asitelefon alo tablɛt ene dzi.
7. Ne míedi be míasrɔ̃ Paulo ƒe kpɔɖeŋu si dze le 1 Korintotɔwo 9:20-23 la, nu kae wòahiã be míawɔ?
7 Se Nu Gɔme Na Amewo Eye Nàɖo To Woƒe Nyawo. Ele be míadze agbagba be míase nu siwo anya kpɔ ŋusẽ ɖe ame siwo míedoa goe le gbeadzi la dzi gɔme. (Lod. 20:5) Gabu Paulo ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Yudatɔwo domee wònɔ tsi. Ele nɛ godoo be wòatrɔ asi le eƒe nyawo ŋu be woasɔ ɖe Ame siwo menye Yudatɔwo o, siwo menya nu boo alo naneke kura tso Yehowa kple Ŋɔŋlɔawo ŋu o la ƒe nɔnɔmewo nu. Ðewohĩ, ahiã be míaku nu me le míaƒe agbalẽwo me alo míabia aɖaŋuɖoɖo tso hamea me tɔ siwo kpɔ nuteƒe la gbɔ ale be míate ŋu asrɔ̃ ale si míase veve ɖe míaƒe anyigbamama me tɔwo nu ahase nu gɔme na wo.—Xlẽ 1 Korintotɔwo 9:20-23.
8. Mɔ ɖeka aɖe si dzi míate ŋu ato adze dzeɖoɖo tso Biblia ŋu gɔme ye nye ka?
8 Míaƒe taɖodzinue nye be míadi ame siwo “dze.” (Mat. 10:11) Hafi míate ŋu awɔ esia la, ele be míabia amewo woagblɔ woƒe susu eye míaɖo to wo nyuie ne wole nu ƒom. Nɔviŋutsu aɖe si le England la biaa amewo be woagblɔ woƒe susu le nu si nana dzidzɔ nɔa srɔ̃ɖeɖe me, ale si woahe ɖeviwo, alo ale si amewo awɔ ado dzi ne wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe wo ŋu la ŋu. Ne eɖo to se woƒe nyawo vɔ la, egblɔna be, “Nu kae nèsusu tso aɖaŋuɖoɖo sia si woŋlɔ ɖi ƒe 2,000 kloe ye nye esi va yi la ŋu?” Eyome, etsɔa mawunyakpukpui si wòtia be yeaxlẽ na amea la fianɛ le eƒe asitelefon dzi evɔ meyɔa “Biblia” ŋkɔ o.
DZE AGBAGBA NÀÐO AMEWO ƑE DZI GBƆ
9. Aleke míate ŋu akpe ɖe ame siwo medina kura be yewoaƒo nu tso Mawu ŋu o la ŋu?
9 Ne míele dze ɖom kple ame siwo medina kura be yewoaƒo nu tso Mawu ŋu o la, míate ŋu aɖo woƒe dzi gbɔ ne míeƒoa nu tso nu siwo koŋ doa dzidzɔ na wo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, dzɔdzɔmenuwo wɔa nuku na ame geɖe. Eya ta, míate ŋu agblɔ be: “Ðewohĩ, ànya de dzesii be, ne dzɔdzɔmeŋutinunyalawo to nane vɛ la, zi geɖe la, dzɔdzɔmenu siwo li xoxo lae wokpɔ tsɔ wɔe. Le kpɔɖeŋu me, ame siwo wɔ nuƒomɔ̃ la srɔ̃ nu tso ale si nu dzodzoewo ƒe to wɔa dɔe la ŋu, eye ame siwo wɔ fotoɖemɔ̃ la srɔ̃ nu tso nu dzodzoewo ƒe ŋkuwo ŋu. Nu kae vaa susu me na wò ne èle ŋugble dem tso dzɔdzɔmenuwo ŋu? Ðe nèsusuna be ŋusẽ wɔnuku aɖee wɔ woa? Alo ame aɖee wɔ woa? Alo nu bubu aɖee wɔ woa?” Ne míelé to ɖe amea ƒe nyawo ŋu nyuie vɔ la, míate ŋu ayi edzi be: “Ne nunyala bibiwo srɔ̃ nu tso lãwo ƒe towo kple ŋkuwo ŋu la, ɖewohĩ, míabia be, Ame ka ƒe aɖaŋu srɔ̃m wole? Nya aɖe si blema hakpanyaŋlɔla aɖe ŋlɔ la wɔa nuku nam, eŋlɔ bena: ‘Ame si wɔ to la, ɖe mase nu oa? Eya, ame si wɔ ŋku la, ɖe makpɔ nu oa? . . . Eyae fiaa nunya ame!’ Dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo lɔ̃ ɖe nya sia dzi eye woxɔe se be ame aɖee wɔ dzɔdzɔmenuwo.” (Ps. 94:9, 10) Eyome, míate ŋu atsɔ video aɖe afiae le JW Library®. (Àkpɔe le MEDIA > GBEBIAMEWO KPLE NUTEƑEKPƆKPƆWO > NYA SIWO AMEWO GBLƆ TSO AFI SI AGBE DZƆ TSO ŊU.) Alo míate ŋu anae agbalẽ gbadza si nye Was Life Created? (La vie a-t-elle été créée ?) alo esi nye The Origin of Life—Five Questions Worth Asking (Cinq questions à se poser sur l’origine de la vie).
10. Aleke míate ŋu adze dzeɖoɖo gɔme kple ame siwo medina be yewoaƒo nu tso Mawu ŋu o?
10 Ame geɖe dina be etsɔme nyui nasu yewo si. Ke hã, ame geɖe vɔ̃na be woava tsrɔ̃ anyigbaa le etsɔme alo amegbetɔ aɖeke magate ŋu anɔ agbe le edzi o. Dzikpɔla mɔzɔla aɖe si le Norway la gblɔ be, zi geɖe la, ame siwo medina be yewoaƒo nu tso Mawu ŋu o la lɔ̃na faa be yewoaƒo nu tso nu siwo le edzi yim le xexea me ŋu. Ne edo gbe na ame aɖe vɔ la, egblɔna be: “Nu ka gbɔe wòatso be etsɔme nyui nasu mía si? Ðe nèsusu be dunyahelawo, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo, alo ame bubu aɖe gbɔe wòatso be etsɔme nyuitɔ kekeake nasu mía sia?” Ne eɖo to se amea ƒe nyawo nyuie vɔ la, exlẽa mawunyakpukpui aɖe si ƒo nu tso etsɔme nyui si le ŋgɔ gbɔna ŋu alo egblɔa emenyawo na amea. Ŋugbedodo si le Biblia me be anyigbaa anɔ anyi ɖaa eye ame dzɔdzɔewo anɔ edzi tegbee la doa dzidzɔ na ame geɖe.—Ps. 37:29; Nyagb. 1:4.
11. Nu ka tae wòle be míate ɖaseɖimɔnu vovovowo kpɔ, eye aleke míate ŋu asrɔ̃ Paulo ƒe kpɔɖeŋu si dze le Romatɔwo 1:14-16?
11 Ele be míanɔ ɖaseɖimɔnu vovovowo zãm na ame vovovo siwo míedoa goe le gbeadzi. Nu ka tae? Elabe ame sia ame to vovo. Nu si doa dzidzɔ na ame aɖe la ate ŋu ana ame aɖe ya maɖo to o. Meɖea fu na ame aɖewo be yewoaƒo nu tso Mawu alo Biblia ŋu o, gake ame bubuwo ya lɔ̃na faa be yewoaɖo dze kpli mí ne míeƒo nu tso nu bubu aɖe ŋu gbã. Aleke kee wòɖale o, ele be míawɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ be míaƒo nu kple ame ƒomeviwo katã. (Xlẽ Romatɔwo 1:14-16.) Gake enɔa susu me na mí be Yehowae nana nyateƒea tsina le ame siwo lɔ̃ nu dzɔdzɔe la ƒe dziwo me.—1 Kor. 3:6, 7.
ALE SI MÍAGBLƆ NYA NYUIA NA AME SIWO TSO ASIA
Fiaɖuƒegbeƒãɖela geɖe tsɔa ɖe le eme na ame siwo tso dukɔ siwo me tɔwo menye Kristotɔwo o me la eye wogblɔa Biblia me aɖaŋuɖoɖo siwo me nunya le, siwo ɖea vi na ame la na wo (Kpɔ nusɔsrɔ̃nyati 30 lia, memama 12-13 lia)
12. Nu kae míate ŋu awɔ be míaɖo ame siwo tso Asia dukɔwo me, siwo mesusu kpɔ be Wɔla aɖe li o, la ƒe dzi gbɔ?
12 Le xexea me godoo la, gbeƒãɖela geɖewo le go dom Asiatɔwo le gbeadzi; ame siawo tso Asia dukɔ vovovowo me, eye dukɔ siawo dometɔ aɖewo nye dukɔ siwo me dziɖuɖua de sewo le tsɔ xe mɔ ɖe mawusubɔsubɔ nu le mɔ aɖewo nu. Le Asia dukɔ geɖewo me la, ame geɖe mebu eŋu vevie kpɔ be Wɔla aɖe li loo alo meli o. Wo dometɔ aɖewo dina be yewoanya eye wolɔ̃na enumake be woasrɔ̃ Biblia kpli yewo, gake bubuwo ya hena ɖe megbe gbã le susu yeyewo xɔxɔ ŋu. Nu kae míate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wo ŋu? Gbeƒãɖela kpɔnuteƒe aɖewo tea ŋu toa vomeɖaseɖiɖi ƒe mɔnu aɖe dzi dzea dzeɖoɖo gɔme kpli wo; wotea ŋu wɔa esia ne wodo vivi ɖe wo ŋu heɖee fiaa wo be yewotsɔ ɖe le eme na wo, eye eyome, ne nɔnɔmea ɖe mɔ la, wogblɔa ale si woƒe agbenɔnɔ ganyo ɖe edzi tso esime wote wɔwɔ ɖe Biblia me aɖaŋuɖoɖo aɖe dzi la na wo.
13. Nu kae ate ŋu akpe ɖe amewo ŋu woadi be yewoanya nu tso Biblia ŋu? (Kpɔ foto si le akpaa dzi.)
13 Esi ame geɖe va kpɔe be nunya le Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo me eye wo dzi wɔwɔ nana nuwo dzea edzi na ame le agbe me ta la, wodina be yewoanya nu tso wo ŋu. (Nyagb. 7:12) Nɔvinyɔnu aɖe si ɖia ɖase na Chinatɔ Mandarin-gbedolawo le New York la gblɔ be: “Medzea agbagba tsɔa ɖe le eme na amewo eye meɖoa to wo. Ne mede dzesii be ame yeyee amea nye le dukɔa me la, mebiana be: ‘Nuwo le afɔ tsɔm na wò nyuie le mía gbɔ afi sia? Èke ɖe dɔwɔɖui aɖe ŋua? Ðe nutoa me tɔwo le nu wɔm ɖe ŋuwò nyuiea?’” Zi geɖe la, esia kpena ɖe eŋu wòhea susu yia Biblia ƒe nufiafia aɖe dzi. Ne ɣeyiɣia sɔ la, nɔvinyɔnua tea ŋu gblɔna kpee be: “Nu kae nàgblɔ be eyae nye nu vevitɔ si akpe ɖe mía ŋu be míanɔ anyi kple amewo le ŋutifafa me? Àdi be matsɔ lododo aɖe afia wò le Biblia mea? Lododo ma gblɔ be: ‘Dzregɔmetoto le abe ale si woŋɔa tɔʋui ene; eya ta dzudzɔ hafi wòava zu dzre.’ Ðe nèsusu be aɖaŋuɖoɖo sia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míanɔ anyi kple amewo le ŋutifafa mea?” (Lod. 17:14) Dzeɖoɖo kple amewo alea ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míade dzesi ame siwo alɔ̃ be míagatrɔ ava yewo gbɔ ɣebubuɣi.
14. Aleke nɔviŋutsu aɖe si le Ɣedzeƒe Asia la kpena ɖe ame siwo mexɔ Mawu dzi se o la ŋu?
14 Nya kae míate ŋu agblɔ na ame siwo mexɔ Mawu dzi se o? Nɔviŋutsu aɖe si ɖea gbeƒã na ame siwo mexɔ Mawu dzi se o le Ɣedzeƒe Asia ƒe geɖe eye nuteƒekpɔkpɔ geɖe su esi la gblɔ be: “Zi geɖe la, ne ame aɖe gblɔ nam be, ‘Nyemexɔ Mawu dzi se o’ la, nu si wòwɔnɛ ye nye be, yemexɔe se be ehiã be míasubɔ trɔ̃wo o. Eya ta, melɔ̃na ɖe edzi zi geɖe be mawu akpa gãtɔ nye mawu siwo amegbetɔwo ŋutɔwo wɔ eye womenye mawu ŋutɔŋutɔwo o. Zi geɖe la, mexlẽa Yeremiya 16:20, afi si gblɔ be, ‘Ðe amegbetɔ ate ŋu awɔ mawuwo na eɖokui esime womenye mawu aɖeke oa?’ Eyome, mebiana be: ‘Aleke míawɔ anya mawu si nye mawu ŋutɔŋutɔ kple esi menye mawu ŋutɔŋutɔ o?’ Meɖoa to nyuie, eye eyome, mexlẽa Yesaya 41:23, afi si gblɔ be: ‘Migblɔ nu siwo ava dzɔ le etsɔme na mí, ne míadze sii be mawuwoe mienye.’ Eyome, metsɔa ale si Yehowa gblɔ etsɔme ɖii ƒe kpɔɖeŋu aɖe fiaa amea.”
15. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nɔviŋutsu aɖe si le Ɣedzeƒe Asia la ƒe kpɔɖeŋua me?
15 Ne nɔviŋutsu aɖe si le Ɣedzeƒe Asia la le tɔtrɔyiwo wɔm la, mɔnu si wòzãnae nye esi; egblɔ be: “Metsɔa nunya si le Biblia me, Biblia me nyagblɔɖi siwo va eme, kple se siwo fiaa mɔ nuwo le xexe bliboa me la ƒe kpɔɖeŋuwo fiaa wo. Eyome, mekpena ɖe wo ŋu wokpɔa ale si nu siawo katã ɖee fia be Wɔla aɖe si le agbe eye eƒe nunya de ŋgɔ la li la dzea sii. Ne ame aɖe va te lɔlɔ̃ ɖe edzi be anɔ eme be Mawu aɖe li la, metsɔa nya si Biblia gblɔ tso Yehowa ŋu la fianɛ tso ɣemaɣi.”
16. Le Hebritɔwo 11:6 ƒe nya nu la, nu ka tae wòhiã be nusrɔ̃viwo naxɔ Mawu dzi se eye woaka ɖe Biblia dzi, eye aleke míate ŋu akpe ɖe wo ŋu woawɔ esia?
16 Ne míele Biblia srɔ̃m kple ame siwo mexɔ Mawu dzi se tsã o la, ele be míayi edzi anɔ kpekpem ɖe wo ŋu madzudzɔmadzudzɔe be woado ŋusẽ woƒe xɔse ahaka ɖe edzi bliboe be Mawu li. (Xlẽ Hebritɔwo 11:6.) Eye ele be míakpe ɖe wo ŋu be woaka ɖe Biblia dzi. Esia abia be míagbugbɔ agblɔ nyateƒenya aɖewo na wo zi gbɔ zi geɖe. Ɣesiaɣi si míele nu srɔ̃m kpli wo la, ahiã be míadzro nu siwo ɖo kpe edzi be Mawu ƒe Nyae Biblia nye la me kpli wo. Esia ate ŋu anye Biblia ƒe nyagblɔɖi siwo va eme, ale si wòde pɛpɛpɛ le dzɔdzɔmeŋutinunya kple ŋutinya gome, alo ale si Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo kpena ɖe mía ŋu le míaƒe agbenɔnɔ me la me dzodzro kpuie.
17. Ne míeɖe lɔlɔ̃ fia amewo la, aleke esia ate ŋu awɔ dɔ ɖe wo dzi?
17 Míeɖea lɔlɔ̃ fiaa amewo ale be míakpe ɖe wo ŋu woanye Kristo ƒe nusrɔ̃lawo, woɖanye subɔsubɔha aɖe me tɔwo loo alo wonye mawudzimaxɔselawo o. (1 Kor. 13:1) Esi míele nu fiam wo la, míaƒe taɖodzinue nye be, míaɖee afia wo be Mawu lɔ̃ wo eye edi be woawo hã woalɔ̃ ye. Ƒe sia ƒe la, ame akpe geɖe siwo menya nu boo alo naneke tso Mawu ŋu o, alo ame siwo metsɔ ɖeke le mawusubɔsubɔ me tsã o la va xɔa nyɔnyrɔ elabena wova srɔ̃ ale si woalɔ̃ Mawu. Eya ta, susu nyui nenɔ asiwò ɖe amewo ŋu, eye nàtsɔ ɖe le eme na ame ƒomeviwo katã lɔlɔ̃tɔe. Ðo to wo ne wole woƒe susuwo gblɔm. Dze agbagba nàse woƒe seselelãmewo gɔme. To wò kpɔɖeŋu nyuiwo dzi nàfia wo ale si woazu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo.
HADZIDZI 76 Ðe Dzi Medzɔa Wò Oa?
a Ðewohĩ, fifia, míava nɔ go dom ame siwo mele subɔsubɔha aɖeke me o edziedzi wu tsã. Nyati sia dzro ale si míate ŋu agblɔ Biblia me nyateƒea na wo kple ale si míate ŋu akpe ɖe wo ŋu be woaka ɖe Biblia dzi ahaxɔ Yehowa Mawu dzi se la me.
b Le numekuku aɖe si wowɔ me la, wokpɔe be dukɔ mawo dometɔ aɖewoe nye: Albania, Australia, Austria, Azerbaijan, Canada, China, Czech Republic, Denmark, France, Germany, Hong Kong, Ireland, Israel, Japan, Netherlands, Norway, South Korea, Spain, Sweden, Switzerland, United Kingdom, kple Vietnam.
c NYAMEÐEÐE: Le nyati sia me la, ne míele nu ƒom tso ame siwo mele subɔsubɔha aɖeke me o ŋu la, eku ɖe ame siwo mexɔ Mawu dzi se o hã ŋu.
d NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔviŋutsu aɖe si wɔa dɔ le kɔdzi la le ɖase ɖim na eƒe dɔwɔhati aɖe, eye emegbe la, ŋutsua ŋutɔ di be yeasrɔ̃ nu geɖe le jw.org nyatakakadzraɖoƒea.