INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp21 No. 3 axa 6-8
  • Ðe Ga Kple Suku Kɔkɔ Dede Ate Ŋu Ana Wò Etsɔme Nanyoa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Ga Kple Suku Kɔkɔ Dede Ate Ŋu Ana Wò Etsɔme Nanyoa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2021
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • TIATIA SI AME GEÐE WƆNA
  • NU KAWOE DO TSO EME?
  • Aleke Yehowa Ðasefowo Bua Sukudedee?
    Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi Tso Yehowa Ðasefowo Ŋu
  • Dzilawo—Etsɔme Ka Dim Miele Na Mia Viwo?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Wole Agbe Dedie Nɔnɔ Dim
    Nyɔ!—1998
  • Ame Sia Ame Di Be Etsɔme Nanyo Na Ye
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2021
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2021
wp21 No. 3 axa 6-8
Ðetugbui eve siwo le yunivɛsitia le zɔzɔm yina sukuxɔ me.

Ðe Ga Kple Suku Kɔkɔ Dede Ate Ŋu Ana Wò Etsɔme Nanyoa?

Ame geɖe susuna be etsɔme anyo na ame siwo de suku kɔkɔ eye ga le wo si. Woxɔe se be yunivɛsiti dede ana ame nanye dɔwɔla bibi, wòanye ame nyui le ƒomea me, eye wòanye dukɔmevi ɖɔʋu. Wosusunɛ hã be suku kɔkɔ dede ana ame nakpɔ dɔ nyui aɖe awɔ, eye ame siwo si ga geɖe lee kpɔa dzidzɔ.

TIATIA SI AME GEÐE WƆNA

Se nya si Zhang Chen, si tso China gblɔ ɖa. Egblɔ be, “Mexɔe se be ne mede yunivɛsitia makpɔ dɔ nyui aɖe awɔ ale be nyemada ahe o, eye esia ana makpɔ dzidzɔ kple dzidzeme le agbe me.”

Ame geɖe hã susui be ne yewoavae de yunivɛsiti siwo xɔ ŋkɔ le dukɔ bubuwo mea, ana agbea nadze edzi na yewo wu. Ame gbogbo aɖewo nɔ esia wɔm va se ɖe esime corona dɔvɔ̃a do eye woxe mɔ ɖe mɔzɔzɔ yi duta nu. Dɔwɔƒe aɖe ka nya ta le ƒe 2012 me be: “Sukuvi siwo katã zɔa mɔ vae srɔ̃a nu le duta ƒe afã kple edzivɔ tso Asia dukɔwo me.”

Zi geɖea, dzilawo tsɔa nu geɖe saa vɔ kple susu be yewoaɖo yewo viwo ɖe yunivɛsiti le duta. Qixiang, si tso Taiwan, gblɔ be: “Togbɔ be nu mede dzinyelawo dzi o hã, woɖo mí ame enea katã ɖe kɔledzi le Amerika.” Abe ale si wòdzɔna ɖe ƒome geɖe dzi enea, woƒe ƒomea do ga geɖe hafi te ŋu kpɔ wo dzi le suku.

NU KAWOE DO TSO EME?

Ðetugbuiawo dometɔ ɖeka nɔ anyi ɖe kɔmpiuta ŋu le zã me; ɖeɖi te eŋu ŋutɔ.

Dzi ɖe le ame geɖe siwo vu ɖe suku kɔkɔ dede kple kesinɔnuwo didi ŋua ƒo

Suku dede ate ŋu ade ame dzi le mɔ aɖewo nu, gake nuwo meva yina ɣesiaɣi abe ale si sukuviawo kpɔa mɔe ene o. Le kpɔɖeŋu me, amewo tsɔ nu geɖe sa vɔ ƒe gbogbowo eye wodo ga ale be woate ŋu ade suku kɔkɔ, gake womeva kpɔ dɔ si dim wonɔ o. Rachel Mui ka nya ta le nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe me be: “Ame siwo de yunivɛsiti ƒe dɔmakpɔwɔe le dzidzim ɖe edzi.” (Singapore’s Business Times) Jianjie, si nye agbalẽnyala gã aɖe le Taiwan, gblɔ be, “Zi geɖea, eva hiãna be ame siwo de suku kɔkɔa, nalɔ̃ axɔ dɔ siwo to vovo sãa na nu si wovae srɔ̃ le suku.”

Ame geɖe siwo te ŋu kpɔ dɔ siwo wosrɔ̃ le suku hã, va kpɔnɛ be nuwo meyina na yewo abe ale si yewokpɔ mɔe ene o. Esi Niran, si tso Thailand trɔ tso yunivɛsiti le United Kingdom (Royaume-Uni) gbɔ va aƒea, ekpɔ dɔ si tututu dim wònɔ. Egblɔ be, “Mekpɔ dɔ si ƒe fetu lolo, abe ale si menɔ mɔ kpɔmee ene. Gake esi fetua lolo ta, ehiã be mawɔ dɔ geɖe ɣeyiɣi gbogbowo. Esi dɔwɔƒea va nɔ asi ɖem le dɔwɔla geɖe ŋua, woɖe asi le nye hã ŋunye. Meva kpɔe be dɔ aɖeke mate ŋu ana wò etsɔme nali ke ɖaa o.”

Ame siwo nye kesinɔtɔwo eye nu dze edzi na wo gɔ̃ hã, ƒomekuxiwo, lãmesẽnyawo kple ganyawo ɖea fu na wo. Katsutoshi, si tso Japan gblɔ be, “Ga geɖe nɔ asinye, gake nyemenɔ dzidzɔ kpɔm o elabe amewo ʋãa ŋum eye womewɔa nu ɖe ŋunye nyuie o.” Aƒenɔ aɖe si le Vietnam, si ŋkɔe nye Lam, gblɔ be, “Ame geɖe le ʋiʋlim be yewoakpɔ dɔ si ana yewoakpɔ ga geɖe ale be yewoƒe etsɔme nanyo, gake zi geɖea, wova tsia dzimaɖi wu, dzi ɖena le wo ƒo eye wodzea dɔ kura gɔ̃ hã.”

NU SI TA GA KPLE SUKU KƆKƆ DEDE ÐEÐE MESU O

Nyateƒee wònye be, ehiã be ame nade suku ase ɖe afi aɖe, eye ga nanɔ esi be wòatsɔ akpɔ eya ŋutɔ kple eƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Gake nu siawo ɖeɖe mate ŋu ana etsɔme nyui nasu ame si o. Nu ka tae? Na míakpɔ nu si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo gblɔ ɖa.

MENYE ƔESIAƔIE SUKU KƆKƆ DEDE NANA AME KPƆA DZIDZEDZE O.

“Dziɖuɖu le duɖimekeke me mele afɔ ɖeablɛ me ɣesiaɣi o, . . . kesinɔnukpɔkpɔ mele tagbɔ ɖaɖɛ me ɣesiaɣi o, eye dzidzedzekpɔkpɔ mele sidzedze me ɣesiaɣi o, elabena azãgbe kple nuɖiɖeame li na wo katã.”—NYAGBLƆLA 9:11.

Menye ɣesiaɣie ame siwo si ŋutete tɔxɛwo lea kpɔa dzidzedze o, elabe zi geɖea, menye woawo ŋutɔ gbɔe wòatso be woakpɔ dzidzedze o. Afi ka kee ame aɖe de suku se ɖo o, ne ganyawo kple dunyahenyawo tɔtɔ le dukɔa me, alo amewo bua susu vɔ̃ ɖe eŋua, ana nu nyui siwo wòɖo be yeawɔa madze edzi o.

KESINƆNUWO MENƆA ANYI ÐAA O.

“Mèganɔ hloloe tsom atraɖii be yeakpɔ kesinɔnu o. Dze nunya, eye nàdzudzɔ esia. Kaka wò ŋku nakpɔe la, enu yi xoxo, elabena ato aʋala abe hɔ̃ ene adzo ayi dzi ʋĩi.”—LODODOWO 23:4, 5.

Ga mate ŋu ana míanɔ dedie ɖaa o. Ganyawo ate ŋu atɔtɔ le xexea me, si ana be ga siwo katã ame aɖe dzra ɖo ɖia nafiã le ŋkeke ɖeka me. Dzɔdzɔmefɔkuwo abe anyigbaʋuʋuwo, dzobibi kple ahom ate ŋu ana ame ƒe aƒe kple nunɔamesiwo katã dome nagblẽ.

GA TE ŊU HEA KUXIWO VANƐ ZI GEÐE.

“Nu gbogbo siwo le kesinɔtɔ si la menana wòdɔa alɔ̃ o.”—NYAGBLƆLA 5:12.

Franklin, si le Hong Kong, kpɔ nya sia ƒe nyateƒenyenye dze sii. Ede suku yi ŋgɔ eye wòkpɔ dɔ nyui aɖe si me fetu geɖe le. Eye wodoe ɖe ŋgɔ wòva zu dɔdzikpɔla. Egblɔ be, “Hloloetsotsoa va le nu gblẽm le nye lãmesẽ ŋu, eye metsia dzimaɖi ale gbegbe be nyemete ŋu dɔa alɔ̃ o.” Vivivia, nuwo va wu tsɔtsɔ nɛ. Egblɔ yi edzi be, “Meva nɔ ɖokuinye biam nu si tae mele nu siawo katã wɔm, eye esia na meva nɔ tameɖoɖo si le agbe ŋua ŋu bum.”

“Mèganɔ hloloe tsom atraɖii be yeakpɔ kesinɔnu o.”—LODODOWO 23:4

Abe Franklin enea, ame geɖe va kpɔe be nu geɖe hiã le agbe me wu be yewoavu ɖe suku kɔkɔ dede kple kesinɔnuwo didi ŋu. Le ema ta, wo dometɔ aɖewo susui be ne yewonyoa dɔme na amewo eye yewonɔa agbe nyuia, ana etsɔme nanyo na yewo. Ðe nu siawo wɔwɔ ana ame ƒe etsɔme nanyoa? Nyati si kplɔe ɖo aɖo biabia sia ŋu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe