INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w25 May axa 14-19
  • Nɔ Mɔ Kpɔm Na Du Si Anɔ Anyi Ðaa La Vevie

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nɔ Mɔ Kpɔm Na Du Si Anɔ Anyi Ðaa La Vevie
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • KA ÐE AME SI MAGBLẼ WÒ ÐI GBEÐE O LA DZI
  • ÐO TO NƆVI SIWO LE ŊGƆ XƆM
  • MILƆ̃ MIA NƆEWO, MINYO DƆME NA MÍA NƆEWO
  • ALEKE NUWO AVA NƆ LE ETSƆME?
  • Lɛta Si Akpe Ðe Mía Ŋu Míado Dzi Awɔ Nuteƒe Va Se Ðe Nuwuwu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Wò Nyametsotsowo Neɖee Fia Be Èɖoa Ŋu Ðe Yehowa Ŋu
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
  • Lɔ̃ Ðe Edzi Ðokuibɔbɔtɔe Be Menye Nu Sia Nue Yeate Ŋu Anya O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Enyo Be Mía Kple Mía Nɔviwo Dome Nanɔ Kplikplikpli!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
w25 May axa 14-19

NUSƆSRƆ̃NYATI 21

HADZIDZI 21 Yi Edzi Nànɔ Fiaɖuƒea Dim Gbã

Nɔ Mɔ Kpɔm Na Du Si Anɔ Anyi Ðaa La Vevie

“Míele [du si] gbɔna la dim vevie.”—HEB. 13:14.

TAÐODZINUA

Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míasrɔ̃ nu vevi aɖewo le Hebritɔwo ta 13 lia me siwo aɖe vi na mí egbea kple etsɔme siaa.

1. Nya kae Yesu gblɔ ɖi be adzɔ ɖe Yerusalem dzi le ƒe alafa gbãtɔ me?

ŊKEKE ʋɛ aɖewo hafi Yesu Kristo naku la, egblɔ nya vevi aɖe na eyomedzelawo. Nya si wògblɔ na wo la nye nyagblɔɖi si va eme zi gbãtɔ esime wotsrɔ̃ Yerusalem kple eƒe gbedoxɔa. Yesu xlɔ̃ nu eyomedzelawo be gbe ɖeka la, ‘aʋakɔwo aɖe to ɖe’ Yerusalem dua. (Luka 21:20) Egblɔ na wo be ne wokpɔ esia ko la, ele be woadzo le Yudea nutoa me enumake! Yesu ƒe nyawo va eme pɛpɛpɛ. Roma-ʋakɔwo va ɖe to ɖe Yerusalem dua.—Luka 21:​21, 22.

2. Aɖaŋu kae Paulo ɖo na Kristotɔ siwo nɔ Yudea kple Yerusalem?

2 Ƒe ʋɛ aɖewo hafi Roma-srafowo nava ɖe to ɖe Yerusalem dua la, apostolo Paulo ŋlɔ agbalẽ vevi aɖe si nye Hebritɔwo ƒe agbalẽa. Le agbalẽ ma me la, Paulo ɖo aɖaŋu vevi aɖewo na Kristotɔ siwo nɔ Yudea kple Yerusalem si akpe ɖe wo ŋu woadzra ɖo ɖe nu siwo le ŋgɔ gbɔna la ŋu. Nu ka tututue nɔ ŋgɔ gbɔna? Eyae nye be woatsrɔ̃ Yerusalem gbidii. Be Kristotɔ siawo natsi agbe la, ele be woagblẽ woƒe aƒewo kple dɔwɔɖuiwo ɖi. Eya ta Paulo gblɔ tso Yerusalem dua ŋu be: “Du aɖeke mele mía si le afi sia si anɔ anyi ɖaa o.” Egblɔ kpee be: “Ke boŋ míele esi gbɔna la dim vevie.”—Heb. 13:14.

3. Du kae Paulo gblɔ be ‘egbɔna,’ eye nu ka tae eyae míele mɔ kpɔm na?

3 Anɔ eme be amewo ɖu fewu le Kristotɔ siwo tiae be yewoasi adzo le Yerusalem kple Yudea nutoa me ŋu. Gake nyametsotso mae xɔ wo ɖe agbe. Egbea, amewo ɖua fewu le mía ŋu, elabena míeɖoa ŋu ɖe ga alo amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo ŋu be woana agbea nadze edzi na mí o. Nu ka tae míeɖoa ŋu ɖe nu mawo ŋu o? Elabena míenyae be nuɖoanyi sia manɔ anyi ɖaa o; enu ayi kpuie. Míele ‘du si gbɔna,’ “si gɔmeɖoanyi ŋutɔŋutɔwo li na la,” lalam. Eyae nye Mawu Fiaɖuƒea.a (Heb. 11:10; Mat. 6:33) Le nyati sia me la, míakpɔ: (1) ale si Paulo ƒe nya siawo kpe ɖe ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ŋu wokpɔ mɔ na ‘du si gbɔna la,’ (2) ale si Paulo kpe ɖe wo ŋu wodzra ɖo ɖe nu siwo gbɔna dzɔdzɔ ge la ŋu, kple (3) ale si eƒe aɖaŋuɖoɖoawo aɖe vi na mí egbea.

KA ÐE AME SI MAGBLẼ WÒ ÐI GBEÐE O LA DZI

4. Nu ka tae Yerusalem nye du vevi aɖe na Kristotɔwo?

4 Du vevi aɖee Yerusalem nye na Kristotɔ gbãtɔwo. Du ma mee woɖo Kristo hame gbãtɔa ɖo le ƒe 33 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) me, eye du ma ke mee dɔdzikpɔhaa hã nɔ. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Kristotɔ geɖe tso aƒe ɖe du ma me eye nunɔamesi geɖe hã nɔ wo si. Ke hã, Yesu xlɔ̃ nu eyomedzela mawo be ava hiã be woadzo le Yerusalem kple Yudea nuto bliboa me.—Mat. 24:16.

5. Aleke Paulo dzra Kristotɔawo ɖo ɖe nu siwo ava dzɔ ŋu?

5 Esi Paulo di be yeakpe ɖe Kristotɔ gbãtɔ mawo ŋu be woanɔ klalo be yewoadzo le Yerusalem ta la, ena wokpɔ ale si Yehowa bua Yerusalem duae. Paulo kpe ɖe wo ŋu wokpɔe be Yehowa megakpɔ ŋudzedze ɖe gbedoxɔa, nunɔlawo, kple vɔ siwo wosana le afi ma ŋu o. (Heb. 8:13) Azɔ hã dua me nɔla akpa gãtɔ gbe Mesia la. Eya ta Yerusalem ƒe gbedoxɔa meganye teƒe si wotsɔa tadedeagu vavãtɔ naa Yehowa le o, eye woava tsrɔ̃e keŋkeŋ.—Luka 13:​34, 35.

6. Nu ka tae aɖaŋu si Paulo ɖo na Kristotɔwo si dze le Hebritɔwo 13:​5, 6 sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi?

6 Le ɣeyiɣi si me Paulo nɔ eƒe agbalẽa ŋlɔm na Hebritɔwo la, Yerusalem nye du vevi aɖe si me amewo dina be yewoanɔ alo aɖi tsa ayi. Romatɔwo ƒe agbalẽŋlɔla aɖe yɔ Yerusalem be enye du si xɔ ŋkɔ wu le xexea ƒe akpa ma ɣemaɣi. Yudatɔ siwo le dukɔ vovovowo me zɔa mɔ ƒe sia ƒe yia Yerusalem ɖaɖua azãwo, si wɔe be ganyawo de amewo dzi le dua me. Ðikeke mele eme o be ganyawo de Kristotɔ aɖewo hã dzi. Ðewohĩ susu sia tae Paulo ɖo aɖaŋu na wo be: “Mina miaƒe agbenɔnɔ navo tso galɔlɔ̃ me, eye nu siwo le mia si fifia la nadze mia ŋu.” Eyome Paulo yɔ Ŋɔŋlɔawo me nya sẽŋu aɖe tsɔ he susu yi kakaɖedzinya si Yehowa gblɔ na esubɔlawo dzi be: “Nyemaɖe asi le ŋuwò akpɔ o, eye nyemagblẽ wò ɖi hã akpɔ o.” (Xlẽ Hebritɔwo 13:​5, 6; 5 Mose 31:6; Ps. 118:6) Ele be Kristotɔwo naɖo ŋku kakaɖedzinya sia dzi be Yehowa magblẽ yewo ɖi gbeɖe o. Nu ka ta? Elabe le Paulo ƒe agbalẽ sia xɔxɔ vɔ megbe kpuie la, eva hiã be woagblẽ woƒe aƒe, woƒe dɔwɔɖuiwo kple woƒe nunɔamesiwo ɖi adzo le dua me, eye woayi aɖadze agbe yeye gɔme le teƒe bubu.

7. Nu ka tae wòle be míasrɔ̃ ale si míaka ɖe Yehowa dzi bliboe tso fifia?

7 Nufiame si le eme na mí: Nu kae le mía ŋgɔ gbɔna? Eyae nye “xaxa gã” si ahe nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu avɛ. (Mat. 24:21) Abe ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ene la, ele be míawo hã míanɔ ŋudzɔ eye míanɔ dzadzraɖoɖi. (Luka 21:​34-36) Le xaxa gãa me la, ate ŋu ava hiã be míagblẽ míaƒe nunɔamesi aɖewo ɖi alo wo katã gɔ̃ hã. Ɣemaɣia, ele be míaka ɖe edzi bliboe be Yehowa magblẽ mí ɖi gbeɖe o. Fifia gɔ̃ hã, míate ŋu aɖee afia nenye be míeka ɖe Yehowa dzi vavã. Ele vevie be míaka ɖe Yehowa dzi bliboe hafi xaxa gã la nadze egɔme. Eya ta bia ɖokuiwò be: ‘Ðe nye nuwɔnawo kple ɖoɖowo ɖenɛ fiana be meɖoa dzi ɖe Yehowa si do ŋugbe be yealé be nam ŋu, ke menye ɖe kesinɔnuwo ŋu oa?’ (1 Tim. 6:17) Nyateƒee wònye be míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso Kristotɔ gbãtɔawo gbɔ, si akpe ɖe mía ŋu be míayi edzi awɔ nuteƒe le “xaxa gã” si gbɔna la me. Ke hã, ele be míaɖo ŋku edzi be xaxa gã si gbɔna la nye esi tɔgbi meva kpɔ o. Aleke míawɔ anya nu si tututu wòle be míawɔ ne xaxa gã la dze egɔme?

ÐO TO NƆVI SIWO LE ŊGƆ XƆM

8. Nu kae Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woawɔ?

8 Ƒe ʋɛ aɖewo megbe esi Kristotɔwo xɔ agbalẽ si Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Hebritɔwo la, wokpɔe be Roma-srafowo va ɖe to ɖe Yerusalem. Emae nye dzesi na wo be ele be woasi; ɣeyiɣia de be woatsrɔ̃ Yerusalem dua. (Mat. 24:3; Luka 21:​20, 24) Afi kae woasi ayi? Yesu gblɔ be: “Ame siwo le Yudea la nasi ayi towo dzi.” (Luka 21:21) Gake to geɖewo le nuto ma me, eya ta aleke woawɔ anya esi tututu dzi woasi ayi?

9. Nu ka tae wòanya sesẽ na Kristotɔwo be woanya to si tututu dzi woasi ayi? (Kpɔ anyigbatataa hã.)

9 Bu to vovovo siwo ate ŋu ava susu me na Kristotɔawo ŋu kpɔ: Samaria towo, Galilea towo, Hermon to, to siwo le Lebanon, kple to siwo le Yordan godo. (Kpɔ anyigbatataa.) Awɔ na ame aɖewo be du siwo wotso ɖe tonuto mawo me la dometɔ aɖewo le dedie. Le kpɔɖeŋu me, wotso Gamla dua ɖe to kɔkɔ aɖe ŋutɔ dzi, eye afi ma yiyi sesẽ ŋutɔ. Yudatɔ aɖewo bu du ma be enye afi si ame ate ŋu asi ayi eye wòanɔ dedie le. Gake Romatɔwo va kpe aʋa sesẽ aɖe kple Yudatɔwo le Gamla eye wowu dua me nɔla geɖewo.b

Anyigbatata si ɖe afi si Israel duwo kple tonutowo nɔ le ƒe alafa agbãtɔ me la fia. Tonuto siwo le Yerusalem ƒe dziehekpa dzie nye Lebanon towo, Galilea towo, Samaria towo, Gilead towo, Hermon To kple Tabor To la. Dugã siwo le Yerusalem ƒe dziehekpa dzie nye Gamla, Kaisarea, kple Pella. Yudea towo kple Abarim towo, kpakple Masada dua le Yerusalem ƒe anyiehekpa dzi. Anyigbatata sia ɖe teƒe siwo Roma-srafowo ho aʋa to kple teƒe siwo woxɔ le Yudatɔwo si tso ƒe 67 K.Ŋ. va ɖo 73 K.Ŋ. me hã fia.

To geɖewo le nuto ma me, gake menye wo katã dzie Kristotɔawo ate ŋu asi ayi anɔ dedie le o (Kpɔ memama 9)


10-11. (a) Anye mɔ ka dzie Yehowa to fia mɔ eƒe amewo? (Hebritɔwo 13:​7, 17) (b) Esi Kristotɔwo ɖo to ame siwo nɔ ŋgɔ xɔm la, aleke wòɖe vi na woe? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

10 Edze be Yehowa to ame siwo nɔ ŋgɔ xɔm le hamea me dzi fia mɔ Kristotɔawo. Ŋutinyaŋlɔla Eusebius ŋlɔ nu tso nu si dzɔ ɣemaɣi ŋu. Egblɔ be: “Mawu ɖee fia nɔvi siwo nɔ ŋgɔ xɔm le Yerusalem be Kristotɔawo nasi ayi Pella si nye du aɖe le Perea.” Edze ƒãa be Pella sɔ ŋutɔ. Medidi fũu tso Yerusalem gbɔ o, eya ta ele bɔbɔe be woate ŋu ayi. Trɔ̃subɔdukɔmetɔwo koŋue le nuto ma me, eye Yudatɔ zazɛ̃nyahelawo kple Romatɔwo dome ʋunyaʋunya la meɖo afi ma o.—Kpɔ anyigbatataa.

11 Kristotɔ siwo ‘ɖo to ame siwo le ŋgɔ xɔm’ la si yi towo dzi le Pella. (Xlẽ Hebritɔwo 13:​7, 17.) Esia na Mawu ƒe amewo tsi agbe. Ŋutinyawo ɖo kpe edzi be Mawu megblẽ ame siwo nɔ “du si gɔmeɖoanyi ŋutɔŋutɔwo li na,” si nye Mawu Fiaɖuƒea, lalam la ɖi o.—Heb. 11:10.

Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ aɖewo le mɔ zɔm to tonuto aɖe me eye wolé woƒe nunɔamesiwo ɖe asi.

Kristotɔwo ate ŋu asi ayi Pella elabe afi ma le dedie eye medidi fũu tso Yerusalem gbɔ o (Kpɔ memama 10-11)


12-13. Aleke Yehowa fiaa mɔ eƒe amewo le ɣeyiɣi sesẽwo me?

12 Nufiame si le eme na mí: Yehowa zãa ame siwo le ŋgɔ xɔm tsɔ naa mɔfiame ku ɖe nu siwo tututu wòle be míawɔ la ŋu. Kpɔɖeŋu geɖewo le Ŋɔŋlɔawo me ku ɖe ale si Yehowa zã ame vovovowo tsɔ fia mɔ eƒe amewo le ɣeyiɣi sesẽwo me ŋu. (5 Mose 31:23; Ps. 77:20) Eye egbea hã, míekpɔe dze sii kɔtɛ be Yehowa le ame siwo le ŋgɔ xɔm la zãm tsɔ le mɔ fiam eƒe amewo.

13 Le kpɔɖeŋu me, esi korona dɔvɔ̃a do la, “[nɔvi] siwo le ŋgɔ xɔm” la fia mɔ hameawo. Hamemetsitsiwo xɔ mɔfiame ku ɖe ale si woawɔ kpekpeawo kple ale si woakpe ɖe nɔviawo ŋu woayi edzi asubɔ Yehowa ŋu. Esi dɔvɔ̃a do teti la, míewɔ takpekpe ɖedzesi aɖe le gbegbɔgblɔ siwo wu 500 sɔŋ me le Internet, television, kple radio dzi. Yehowa yi edzi nɔ nu fiam mí le ɣeyiɣi mawo me eye naneke meto mía ŋu. Esia na mí katã míexɔ mɔfiame ɖeka. Míate ŋu aka ɖe edzi be nu ka kee ɖadzɔ le etsɔme o, Yehowa ayi edzi akpe ɖe ame siwo le ŋgɔ xɔm ŋu be woafia mɔ nyuitɔ mí. Ele vevie be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu eye míawɔ ɖe eƒe mɔfiamewo dzi. Ke nɔnɔme nyui bubu kawoe akpe ɖe mía ŋu míanɔ dzadzraɖoɖi ahawɔ nu le nunya me le xaxa gã si gbɔna me?

MILƆ̃ MIA NƆEWO, MINYO DƆME NA MÍA NƆEWO

14. Le Hebritɔwo 13:​1-3 ƒe nya nu la, nɔnɔme kawoe wòhiã be Kristotɔwo naɖe afia esi wòsusɔ vie woatsrɔ̃ Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia?

14 Le xaxa gãa me la, ahiã be míaɖe lɔlɔ̃ afia mía nɔewo geɖe wu. Ɣemaɣi la, ahiã be míawɔ nu abe ale si Kristotɔ siwo nɔ Yerusalem kple Yudea wɔe ene. Woɖea lɔlɔ̃ fiaa wo nɔewo xoxo. (Heb. 10:​32-34) Gake esi Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia ƒe nuwuwu gogo la, egahiã be Kristotɔwo nawɔ ‘amedzro’ na wo nɔewo geɖe wu eye woaɖe “nɔvilɔlɔ̃” deto afia wo nɔewo.c (Xlẽ Hebritɔwo 13:​1-3.) Alea tututue wòle be míawo hã míawɔe le xaxa gã la me.

15. Esi Hebri Kristotɔwo si le Yerusalem vɔ megbe la, nu ka tae wòhiã be woayi edzi aɖe nɔvilɔlɔ̃ afia wo nɔewo ahanyo dɔme na nɔewo?

15 Roma-srafowo va ɖe to ɖe Yerusalem eye eteƒe medidi o, wogatrɔ dzo. Esia ʋu mɔ na Kristotɔwo be woasi adzo, gake nu ʋɛ aɖewo koe woate ŋu atsɔ ɖe asi. (Mat. 24:​17, 18) Esi wòle alea ta la, ehiã be woanyo dɔme na wo nɔewo le mɔzɔzɔ bliboa me. Esi woɖo Pella gɔ̃ hã la, egahiã be woayi edzi akpe ɖe wo nɔewo ŋu be woatrɔ ɖe agbea ŋu le afi ma. Anɔ eme be ‘nuhiahiã vevi’ aɖewo menɔ wo dometɔ geɖe si o, eya ta esia ʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi be woaɖe nɔvilɔlɔ̃ afia wo nɔewo eye woama nu siwo le wo si la kple wo nɔewo.—Tito 3:14.

16. Aleke míate ŋu aɖe lɔlɔ̃ afia mía nɔvi siwo hiã kpekpeɖeŋu? (Kpɔ fotoa hã.)

16 Nufiame si le eme na mí: Lɔlɔ̃ ʋãa mí be míakpe ɖe mía nɔvi siwo hiã kpekpeɖeŋu la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, mía nɔvi geɖe tsɔ wo ɖokuiwo na faa be yewoakpe ɖe nɔvi siwo aʋawɔwɔ kple dzɔdzɔmefɔkuwo wɔe be wosi le wo de la ŋu. Nɔvinyɔnu aɖe si si aʋa le Ukraine gblɔ be: “Míekpɔ ale si Yehowa to nɔviawo dzi le nu fiam mí hele be lém na míi. Esi míesi yi Ukraine ƒe nuto bubu me la, nɔviawo xɔ mí nyuie. Le Hungary hã, woxɔ mí alɔeve. Eye le Germany afi si míele fifia hã, wole be lém na mí ŋutɔ.” Ne míelɔ̃na faa wɔa amedzro na mía nɔviwo heléa be na wo la, ke míele dɔ wɔm aduadu kple Yehowa.—Lod. 19:17; 2 Kor. 1:​3, 4.

Atsu kple asi tsitsi aɖe lɔ̃ faa xɔ ƒome aɖe si nye sitsoƒedilawo ɖe woƒe aƒe me. Nu ʋɛ aɖewo koe ƒomea tsɔ ɖe asi.

Mía nɔvi siwo nye sitsoƒedilawo la hiã míaƒe kpekpeɖeŋu (Kpɔ memama 16)


17. Nu ka tae wòle vevie be míalɔ̃ mía nɔviwo ahanyo dɔme na wo?

17 Ðikeke mele eme o be le ɣeyiɣi siwo gbɔna me la, ava hiã be míakpe ɖe mía nɔviwo ŋu geɖe wu ale si míele ewɔm fifia. (Hab. 3:​16-18) Yehowa le hehe nam mí egbea be míalɔ̃ mía nɔewo vevie eye míakpe ɖe mía nɔewo ŋu. Nɔnɔme vevi siawo aɖe vi na mí vevie ŋutɔ le xaxa gã la me.

ALEKE NUWO AVA NƆ LE ETSƆME?

18. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Kristotɔ siwo tsi agbe le Yerusalem tsrɔ̃ɣi ƒe kpɔɖeŋua?

18 Kristotɔ siwo ɖo to hesi yi tonutowo me la tsi agbe esime wotsrɔ̃ Yerusalem. Togbɔ be wogblẽ woƒe nunɔamesiwo ɖi dzo hã la, Yehowa lé be na wo. Ke egbea ya ɖe? Míenya ale si tututu nuwo anɔ le etsɔme o. Gake Yesu xlɔ̃ nu mí be míanɔ dzadzraɖoɖi. (Luka 12:40) Míate ŋu ade ŋugble le aɖaŋu si Paulo ɖo na Hebri nɔviawo ŋu eye míawɔ ɖe edzi. Yehowa ŋutɔ hã ka ɖe edzi na mí be yemaɖe asi le mía ŋu alo agblẽ mí ɖi akpɔ o. (Heb. 13:​5, 6) Neva eme be míayi edzi anɔ mɔ kpɔm na du si anɔ anyi ɖaa, si nye Mawu Fiaɖuƒe la, vevie. Ne míewɔe alea la, yayra mavɔ si wòahe vɛ la asu mía si.—Mat. 25:34.

ALEKE NÀÐO WO ŊUI?

  • Nu ka tae wòle be míasrɔ̃ ale si míaka ɖe Yehowa dzi bliboe fifia?

  • Nu ka tae toɖoɖo le vevie be míatsi agbe le “xaxa gã” la me?

  • Nu ka tae wòle vevie be míalɔ̃ mía nɔviwo ahanyo dɔme na wo fifia?

HADZIDZI 157 Ŋutifafa Va Mlɔeba!

a Le Biblia ŋlɔɣiwo la, dufiawo nɔ anyi. Wotea ŋu bua dugã siwo dzi ɖum fia le be enye fiaɖuƒe.—1 Mose 14:2.

b Esia dzɔ le ƒe 67 K.Ŋ. me esime Kristotɔwo si dzo le Yudea kple Yerusalem megbe kpuie.

c Nya si gɔme woɖe be “nɔvilɔlɔ̃” ate ŋu afia lɔlɔ̃ si le ƒometɔ kplikplikpliwo dome. Gake Paulo zã nya ma tsɔ ɖɔ lɔlɔ̃ si wòle be wòanɔ Kristo hamea me tɔwo dome.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe