INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwbq nyati 34
  • Ðe Mawu Aɖo Nye Gbedodoɖawo Ŋua?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Mawu Aɖo Nye Gbedodoɖawo Ŋua?
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale si Biblia ɖo eŋui
  • Nya Kae Biblia Gblɔ?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
  • Te Ðe Mawu Ŋu le Gbedodoɖa Me
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Gbedodoɖa Ƒe Mɔnukpɔkpɔ Xɔasi La
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Ku Ðe Gbedodoɖa Siwo Mawu Sena Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
Kpɔ Bubuwo
Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
ijwbq nyati 34

Ðe Mawu Aɖo Nye Gbedodoɖawo Ŋua?

Ale si Biblia ɖo eŋui

Ɛ̃. Biblia kple amewo ƒe nuteƒekpɔkpɔ ɖo kpe edzi be Mawu ɖoa gbedodoɖawo ŋu. Biblia gblɔ be: “[Mawu wɔa] ame siwo katã vɔ̃nɛ la, ƒe didi dzi na wo, esea woƒe ɣli, eye wòxɔna na wo.” (Psalmo 145:19) Gake ne Mawu aɖo wò gbedodoɖawo ŋu kple maɖo wo ŋu o la nɔ te ɖe dziwò.

Nu si le vevie na Mawu

  • Do gbe ɖa na Mawu ke menye Yesu, Maria, ame kɔkɔewo, mawudɔlawo alo nɔnɔmetatawo o. Yehowa Mawu ɖeka koe ‘ɖoa to gbedodoɖa.’​—Psalmo 65:3.

  • Do gbe ɖa wòawɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu alo eƒe didi siwo le Biblia me.​—1 Yohanes 5:14.

  • Do gbe ɖa na Mawu to Yesu ƒe ŋkɔ me nàtsɔ ade bubu ɖoƒe si Yesu le la ŋu. “Ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.”​—Yohanes 14:6.

  • Do gbe ɖa le xɔse me, ahabia xɔse geɖe ne ehiã.​—Mateo 21:22; Luka 17:5.

  • Do gbe ɖa ɖokuibɔbɔtɔe tso dzi me. Biblia gblɔ be: “Yehowa lolo, ekpɔa ame bɔbɔɖokui.”​—Psalmo 138:6.

  • Ku kutri nado gbe ɖa. Yesu gblɔ be: “Minɔ ebiabia dzi, eye woana mi.”—Luka 11:9.

Nu si mele vevie na Mawu o

  • Ameƒomevi alo dukɔ si me nètso la mele vevie na Mawu o. “Mawu mekpɔa ame ŋkume o, ke boŋ le dukɔ sia dukɔ me la, ame si vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eyae dzea eŋu.”—Dɔwɔwɔwo 10:34, 35.

  • Nɔnɔme si me nèle hafi le gbea dom ɖa la mele vevie na Mawu o. Àte ŋu ado gbe ɖa na Mawu ne ènɔ anyi, bɔbɔ tsyɔ mo anyi, dze klo alo le tsitrenu. —1 Kronika 17:16; Nexemiya 8:6; Daniel 6:11; Marko 11:25.

  • Èɖa do gbe ɖa le tame alo doe ɖa wòɖi o, Mawu asee. Mawu ɖoa gbe siwo míedona ɖa le tame la ŋu, ne womeɖi o gɔ̃ hã.​—Nexemiya 2:1-6.

  • Eɖanye kuxi sesẽ aɖee alo kuxi tsɛ aɖee o, do gbe ɖa tso eŋu. Mawu ƒe nya la de dzi ƒo be, “miedro miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe eyama dzi, elabena eléa be na mi.”—1 Petro 5:7.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe