INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwbq nyati 26
  • Ðe Mawu Akpe Ðe Ŋunye Ne Medo Gbe Ða Nɛa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Mawu Akpe Ðe Ŋunye Ne Medo Gbe Ða Nɛa?
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale si Biblia ɖo eŋui
  • Ðe Yehowa Ðoa To Mía?
    Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee
  • Ðe Mawu Sea Míaƒe Gbedodoɖawoa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2021
  • Tete Ðe Mawu Ŋu le Gbedodoɖa Me
    Nukae Mawu Di tso Mía Si?
  • Gbedodoɖa Ƒe Mɔnukpɔkpɔ Xɔasi La
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
Kpɔ Bubuwo
Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
ijwbq nyati 26

Ðe Mawu Akpe Ðe Ŋunye Ne Medo Gbe Ða Nɛa?

Ale si Biblia ɖo eŋui

Ɛ̃, Mawu kpena ɖe ame siwo bia nu siwo wɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu tso dzi me la ŋu. Ne mèdo gbe ɖa kpɔ o gɔ̃ hã la, ame siwo do gbe ɖa le Biblia me be ‘Mawu, kpe ɖe ŋunye’ la ƒe kpɔɖeŋuwo ade dzi ƒo na wò. Woƒe kpɔɖeŋu aɖewoe nye esiawo:

  • “Kpe ɖe ŋunye, Yehowa, nye Mawu, xɔ nam le wò amenuveve la nu!”—Psalmo 109:26.

  • “Hiãtɔ kple ame dahee menye: Oo Mawu kpe ɖe ŋunye.”—Psalmo 69:6, Douay Version.

Enye nyateƒe be ame si ŋlɔ nya mawo la xɔ Mawu dzi se vevie ya. Ke hã Mawu sea ame siwo katã doa gbe ɖa nɛ le dzi dzadzɛ me siwo dometɔ aɖewoe nye “ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu” alo “ame siwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi” la ƒe gbedodoɖawo.—Psalmo 34:19.

Mègasusui be Mawu le adzɔge ʋĩ tso ye gbɔ eye metsɔa ɖeke le yeƒe kuxiwo me o. Biblia gblɔ be: “Yehowa lolo, ekpɔa ame bɔbɔɖokui, eye wòdzea si dadala tso adzɔge.” (Psalmo 138:6) Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo gbe ɖeka gɔ̃ hã be: “Woxlẽ miaƒe taɖawo katã kura gɔ̃ hã.” (Mateo 10:30) Mawu kpɔa nu vevi aɖewo le ŋuwò siwo wò ŋutɔ mèdea dzesi gɔ̃ hã o. Ekema aleke gbegbe wòaɖo to gbe siwo nàdo ɖa nɛ be wòakpe ɖe ye ŋuti le yeƒe xaxawo mee nye esi!—1 Petro 5:7.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe