Psalmowo
Na henɔ la. Maskil.* David ƒe ha, esime Edomtɔ Doeg va ka eta na Saul be David va Ahimelek+ ƒe me.
52 Oo ŋusẽtɔ, nu ka tae nètsɔ nu vɔ̃ɖi wɔwɔ le adegbe ƒom?+
Mawu ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li ŋkeke blibo la katã.+
3 Èlɔ̃ vɔ̃ wu nyui,
Eye nèlɔ̃ aʋatsokaka wu nyateƒetoto. (Sela)
4 Oo wò, alakpaɖe,
Nya siwo gblẽa nu sɔŋ ko nèlɔ̃na!
5 Esia tae Mawu atsɔ wò aƒu anyi tegbee;+
Ahe wò ado goe tso wò agbadɔ me;+
Aho wò kple ke tso agbagbeawo ƒe anyigba dzi.+ (Sela)
7 “Mikpɔ ŋutsu si metsɔ Mawu wɔ eƒe sitsoƒee* o,+
Ke boŋ wòɖoa ŋu ɖe eƒe kesinɔnu gbogboawo ŋu+
Eye wòɖoa dzi ɖe eƒe aɖaŋu vɔ̃wo ŋu* la ɖa.”