INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 4 Mose 4:15
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 15 “Ne asaɖa la le hoho ge la, Aron kple viaŋutsuwo natsyɔ nu kɔkɔeƒe+ la kple kɔkɔeƒe la ŋu nuwo katã dzi vɔ hafi Kohat viwo nava tsɔ wo,+ ale be woagaka asi kɔkɔeƒe la ƒe nuwo ŋu ne woaku o.+ Esiawoe nye takpegbadɔ la me nu siwo ŋuti dɔ wode Kohat viwo si.

  • 4 Mose 4:24-26
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 24 Dɔ si wode asi na Gerson viwo ƒe ƒomeawo kple agba siwo woatsɔ lae nye esi:+ 25 Woatsɔ avɔgbadɔ la ƒe agbadɔvɔawo,+ takpegbadɔvɔ la, eŋuvɔwo, nyogbalẽ si wotsɔna tsyɔa etame,+ takpegbadɔa ƒe mɔnuvɔ la,+ 26 avɔ siwo wotsɔ tɔ kpɔ ɖe xɔxɔnu+ la, kpɔtɔtɔ si ƒo xlã avɔgbadɔ la kple vɔsamlekpui la ƒe kpɔnuvɔ,+ wo ŋu kawo kple wo ŋu dɔwɔnu siwo katã wozãna edziedzi la. Dɔ siae woawɔ.

  • 4 Mose 4:31-33
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 31 Dɔ si woade asi na wo be woawɔ+ le takpegbadɔa ŋue nye be, woatsɔ avɔgbadɔ la ƒe ʋuƒowo,+ eƒe xɔblatiwo,+ eƒe sɔtiwo,+ eƒe anyinɔwo,+ 32 kpɔtɔtɔ si le xɔxɔnua ƒe sɔtiwo,+ woƒe anyinɔwo,+ woƒe tsyotiwo,+ wo ŋu kawo kple wo ŋu dɔwɔnuwo katã. Eye miade agba siwo woatsɔ la asi na wo le woƒe ŋkɔwo nu. 33 Esiae nye subɔsubɔdɔ siwo Merari viwo+ ƒe ƒomeawo awɔ le takpegbadɔa ŋu, eye nunɔla Aron viŋutsu Itamar ye akpɔ dɔ siawo dzi.”+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe