ABE ALE SI YOHANES ŊLƆE ENE
1 Le gɔmedzedzea me, Nya+ la li, eye Nya la li kple Mawu,+ eye Nya la nye mawu+ aɖe. 2 Ame sia nɔ anyi kple Mawu le gɔmedzedzea me. 3 Eya dzi wowɔ nuwo katã toe,+ eye eya manɔmee la, womewɔ nu ɖeka pɛ hã o.
Nu si wowɔ 4 to edzi lae nye agbe, eye agbe lae nye amewo ƒe kekeli+ la. 5 Eye kekeli la le keklẽm le viviti la me,+ gake viviti la meɖu edzi o.
6 Ŋutsu aɖe va do, si wodɔ ɖa abe Mawu teƒenɔla ene; eŋkɔe nye Yohanes.+ 7 Ame sia va abe ɖaseɖila ene, ne wòaɖi ɖase le kekeli la ŋu,+ ale be ame ƒomeviwo katã naxɔ ase to edzi. 8 Menye eyae nye kekeli ma o,+ ke boŋ ɖe wòva be yeaɖi ɖase le kekeli ma ŋu.
9 Kekeli vavãtɔ si klẽna na ame ɖe sia ɖe ƒomevi ƒe xexea me vava le aƒe tum.+ 10 Enɔ xexea me,+ eye xexea va dzɔ to edzi,+ gake xexea medze sii o. 11 Eva eya ŋutɔ wo de, gake wo de tɔwo mexɔe o. 12 Gake ame siwo katã xɔe la, ena ŋusẽ wo be woazu Mawu ƒe viwo,+ elabena woxɔ eƒe ŋkɔ dzi se.+ 13 Eye menye ʋu alo ŋutilã ƒe lɔlɔ̃nu alo ŋutsu ƒe lɔlɔ̃nu mee wodzi wo tsoe o, ke boŋ tso Mawu me.+
14 Ale Nya la va zu amegbetɔ,*+ enɔ mía dome, eye míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe si le abe tenuvi+ ƒe ŋutikɔkɔe tso fofoa gbɔ ene; eye Mawu ƒe amenuveve kple nyateƒe yɔe fũu. 15 (Yohanes ɖi ɖase le eŋu, ɛ̃ ekɔ gbe dzi gblɔe be: “Ame sia ŋue megblɔ le be, ‘Ame si le megbenye gbɔna la nye gã wum, elabena eli hafi meva dzɔ.’”)+ 16 Elabena esi amenuveve kple nyateƒe yɔe fũu ta la, míexɔ amenuveve ɖe amenuveve dzi. 17 Elabena wotsɔ Se la na to Mose dzi,+ ke amenuveve+ kple nyateƒe la va to Yesu Kristo dzi.+ 18 Ame aɖeke mekpɔ Mawu ɣeaɖekeɣi kpɔ o;+ tenuvi si le abe Mawu ene*+ si le Fofoa xa*+ lae ɖe ame si wònye la fia.+
19 Esiae nye Yohanes ƒe ɖaseɖiɖi esi Yudatɔwo dɔ nunɔlawo kple Lewitɔwo tso Yerusalem ɖo ɖee be woabiae be: “Ame kae nènye?”+ 20 Mesẽ nu o, ke boŋ eʋu eme kɔtɛ be: “Menye nyee nye Kristo la o.” 21 Eye wobiae be: “Ekema ame kae nènye? Wòe nye Eliya?”+ Eɖo eŋu be: “Menye nyee o.” “Wòe nye Nyagblɔɖila la?”+ Eɖo eŋu be: “Ao!” 22 Eya ta wobiae be: “Ame ka gɔ̃e nènye? Gblɔe na mí ale be míana ŋuɖoɖo ame siwo dɔ mí ɖa. Nya ka gblɔm nèle le ɖokuiwò ŋu?” 23 Eɖo eŋu be: “Ame si le ɣli dom le gbedzi be, ‘Mina Yehowa* ƒe mɔ nadzɔ,’+ lae menye, abe ale si nyagblɔɖila Yesaya gblɔe ene.”+ 24 Ke ame siwo wodɔ la tso Farisitɔwo dome. 25 Eya ta wobiae be: “Ne menye wòe nye Kristo la alo Eliya alo Nyagblɔɖila la o la, ekema nu ka tae nèle amewo nyrɔm?” 26 Yohanes ɖo eŋu na wo be: “Nye la, mele amewo nyrɔm ɖe tsi me. Ame aɖe le tsitre ɖe mia dome, si mienya o, 27 ame si le megbenye gbɔna, si ƒe afɔkpaka nyemedze atu o.”+ 28 Nu siawo va eme le Betania le Yordan godo, afi si Yohanes le amewo nyrɔm le.+
29 Esi ŋu ke la, ekpɔ Yesu wògbɔna egbɔ, eye wògblɔ be: “Kpɔ ɖa, Mawu ƒe Alẽvi+ si le xexea+ ƒe nu vɔ̃+ ɖem ɖa lae nye esi! 30 Ame sia ŋue megblɔ le be: ‘Ame aɖe le megbenye gbɔna, si nye gã wum, elabena eli hafi meva dzɔ.’+ 31 Nye ŋutɔ gɔ̃ hã nyemenyae tsã o, ke susu si ta mele amewo nyrɔm ɖe tsi mee nye be, woaɖe eya amea afia Israel.”+ 32 Yohanes ɖi ɖase hã gblɔ be: “Mekpɔ gbɔgbɔ la wògbɔna abe ahɔnɛ ene tso dziƒo, eye wònɔ edzi.+ 33 Nye ŋutɔ hã nyemenyae tsã o, ke Ame si dɔm be matsɔ tsi anyrɔ amewo lae gblɔ nam be: ‘Ame si dzi nèkpɔ be gbɔgbɔ la le ɖiɖim ɖo, eye wònɔ edzi la,+ eyae tsɔa gbɔgbɔ kɔkɔe nyrɔa amewo.’+ 34 Mekpɔe, eye meɖi ɖase be ame siae nye Mawu ƒe Vi la.”+
35 Esi ŋu gake la, Yohanes kple eƒe nusrɔ̃la eve va tɔ ɖi, 36 esi wòkpɔ Yesu wòva yina la, egblɔ be: “Kpɔ ɖa, Mawu ƒe Alẽvi+ lae nye ekem!” 37 Esi nusrɔ̃la eveawo se nya si wògblɔ la, wodze Yesu yome. 38 Yesu trɔ, eye esi wòkpɔ wo le eyome la, ebia wo be: “Nu ka dim miele?” Wobiae be: “Rabi (si gɔmee nye “Nufiala” ), afi kae nènɔna?” 39 Eɖo eŋu na wo be: “Miva kpɔe ɖa.” Eya ta woyi ɖakpɔ afi si wònɔna, le gaƒoƒo ewolia* lɔƒo, eye wonɔ egbɔ gbe ma gbe. 40 Ame eve siwo se nya si Yohanes gblɔ, eye wokplɔ Yesu ɖo la dometɔ ɖekae nye Andrea,+ Simon Petro nɔvi. 41 Ame sia kpɔ eya ŋutɔ nɔvia Simon gbã, eye wògblɔ nɛ be: “Míekpɔ Mesia la”+ (Mesia gɔmee nye “Kristo”), 42 eye wòkplɔe yi Yesu gbɔ. Esi Yesu kpɔe la, egblɔ be: “Wòe nye Simon,+ Yohanes vi; woayɔ wò be Kefas” (si gɔmee nye “Petro” ).+
43 Esi ŋu ke la, Yesu di be yeadzo ayi Galilea. Eye esi wòkpɔ Filipo+ la, egblɔ nɛ be: “Dze yonyeme.”* 44 Ke Filipo tso Betsaida, si nye du si me Andrea kple Petro hã tso. 45 Filipo kpɔ Nataniel,+ eye wògblɔ nɛ be: “Míekpɔ ame si ŋuti woƒo nu tsoe le Mose ƒe Se la kple Nyagblɔɖilawo ƒe nuŋlɔɖiwo me, si nye Yesu, Yosef+ vi tso Nazaret.” 46 Ke Nataniel biae be: “Ðe nu nyui aɖe ate ŋu ado tso Nazaret mahã?” Filipo ɖo eŋu nɛ be: “Va kpɔ.” 47 Esi Yesu kpɔ Nataniel wògbɔna egbɔ la, egblɔ tso eŋu be: “Kpɔ ɖa, Israel-vi akuakua, si me alakpa aɖeke mele o ye nye esi.”+ 48 Nataniel biae be: “Aleke nèwɔ nyam?” Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Hafi Filipo nayɔ wò, esi nèle gbotia te la, mekpɔ wò.” 49 Nataniel ɖo eŋu nɛ be: “Rabi, wòe nye Mawu ƒe Vi la, wòe nye Israel ƒe Fia.”+ 50 Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Esi megblɔ na wò be mekpɔ wò le gbotia te tae nèxɔe se ɖoa? Èle nu siwo lolo wu esiawo la kpɔ ge.” 51 Egagblɔ nɛ be: “Vavã, vavã mele egblɔm na mi be: Miakpɔ dziƒo nu wòaʋu, eye mawudɔlawo anɔ dzi liam ahanɔ ɖiɖim ava Amegbetɔvi la gbɔ.”+
2 Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, woɖu srɔ̃ɖeŋkekenyui le Kana le Galilea, eye Yesu dada hã va afi ma. 2 Wokpe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo hã va srɔ̃ɖeŋkekenyuia ɖuƒe.
3 Esi wain vɔ le wo si la, Yesu dada gblɔ nɛ be: “Wain vɔ le wo si.” 4 Ke Yesu gblɔ nɛ be: “Nyɔnu, afi kae nya sia ka na nye kpli wò?* Nye gaƒoƒo la meɖo haɖe o.” 5 Dadaa gblɔ na ame siwo le subɔsubɔm la be: “Nu sia nu si wòagblɔ na mi la, miwɔe.” 6 Woɖi kpezɔ ade ɖe afi ma abe ale si Yudatɔwo+ ƒe ŋutikɔkɔɖoɖoa bia ene, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu axɔ tsi dzidzenu* eve alo etɔ̃. 7 Yesu gblɔ na wo be: “Midu tsi ɖe zɔawo me woayɔ.” Eya ta wodu tsia kɔ ɖe wo me woyɔ banaa. 8 Eye wògblɔ na wo be: “Azɔ miku ɖe yi na srɔ̃ɖeɖoɖoa dzi kpɔla la.” Eye wokui yi. 9 Ke esi srɔ̃ɖeɖoɖoa dzi kpɔla la ɖɔ tsi si wotrɔ wòzu wain la kpɔ evɔ menya afi si wòtso o (togbɔ be subɔla siwo ku tsia yii ya nya hã) la, srɔ̃ɖeɖoɖoa dzi kpɔla la yɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la 10 hegblɔ nɛ be: “Ame sia ame tsɔa wain nyuitɔ ɖoa anyi gbã, eye ne wonoe mu vɔ la, etsɔa manyomanyoa vanɛ. Wò ya èdzra wain nyui la ɖo va se ɖe fifia.” 11 Yesu wɔ nu sia le Kana le Galilea wònye eƒe nukunu* gbãtɔ, eye wòna eƒe ŋutikɔkɔe la dze;+ ale eƒe nusrɔ̃lawo xɔ edzi se.
12 Esia megbe Yesu kple dadaa, nɔviaŋutsuwo+ kple eƒe nusrɔ̃lawo trɔ yi Kapernaum,+ gake ŋkeke ʋɛ aɖewo koe wonɔ afi ma.
13 Azɔ Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkekenyui+ la le ɖoɖom, eye Yesu yi Yerusalem. 14 Eye wòkpɔ ame siwo le nyiwo, alẽwo kple ahɔnɛwo+ dzram le gbedoxɔa me kpakple gaɖɔlila siwo nɔ anyi ɖe woƒe zikpuiwo dzi. 15 Ale wògbi ka tsɔ wɔ atam henya ame mawo katã kpakple woƒe alẽwo kple nyiwo do goe le gbedoxɔa me, etrɔ gaɖɔlilawo ƒe gakuwo kɔ ɖe anyi, eye wòmu woƒe kplɔ̃wo.+ 16 Eye wògblɔ na ame siwo le ahɔnɛawo dzram la be: “Mitsɔ nu siawo dzoe le afi sia! Migatsɔ Fofonye ƒe aƒe la wɔ asitsaƒee o!”+ 17 Ale eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi be woŋlɔ ɖi be: “Ŋuʋaʋã ɖe wò aƒe la ŋu abi le menye abe dzo ene.”+
18 Eya ta Yudatɔwo biae be: “Dzesi kae nàwɔ+ atsɔ aɖee afia be yekpɔ mɔ awɔ nu siawo?” 19 Yesu ɖo eŋu na wo be: “Migbã gbedoxɔ sia, eye magatui le ŋkeke etɔ̃ me.”+ 20 Yudatɔwo biae be: “Ƒe blaene vɔ adee wotsɔ tu gbedoxɔ sia, eye wò ya àgbugbɔ atui le ŋkeke etɔ̃ mea?” 21 Ke gbedoxɔ si ŋu wòle nu ƒom tso lae nye eƒe ŋutilã.+ 22 Eya ta esi wofɔe tso ame kukuwo dome la, eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi be elɔ̃a nya sia gbɔgblɔ,+ eye woxɔ ŋɔŋlɔ la kple nya si Yesu gblɔ la dzi se.
23 Esi wòle Yerusalem le Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɣi la, ame geɖewo xɔ eƒe ŋkɔ la dzi se, le esi wokpɔ nukunu siwo wɔm wòle la ta. 24 Ke Yesu ya meka ɖe wo dzi tututu o, elabena enya wo katã, 25 eye mehiã be ame aɖeke naɖi ɖase le amegbetɔ ŋu nɛ o, elabena enya nu si le amegbetɔ me.+
3 Ame aɖe tso Farisitɔwo dome, eŋkɔe nye Nikodemo,+ eye wònye Yudatɔwo ƒe kplɔlawo dometɔ ɖeka. 2 Ame sia va egbɔ le zã me,+ eye wògblɔ nɛ be: “Rabi,+ míenya be nufialae nènye, eye ètso Mawu gbɔ va; elabena ame aɖeke mate ŋu awɔ dzesi+ siwo nèwɔna o, negbe ɖe Mawu li kplii.”+ 3 Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Vavã, vavã mele egblɔm na wò be, ne womegbugbɔ ame dzi*+ o la, mate ŋu akpɔ Mawu Fiaɖuƒe la o.”+ 4 Nikodemo biae be: “Aleke woawɔ adzi ame si nye ame tsitsi? Mate ŋu agbugbɔ ayi dadaa ƒe dɔ me be woagadzii zi evelia o ɖe?” 5 Yesu ɖo eŋu be: “Vavã, vavã mele egblɔm na wò be, ne wometsɔ tsi+ kple gbɔgbɔ+ dzi ame o la, mate ŋu age ɖe Mawu Fiaɖuƒe la me o. 6 Nu si wodzi tso ŋutilã me la, ŋutilã wònye, eye nu si wodzi tso gbɔgbɔ me la, gbɔgbɔ wònye. 7 Megawɔ moyaa na wò be megblɔ na wò be: Ele be woagbugbɔ mi adzi o. 8 Ya ƒona yia afi si wòdi, eye èsea eŋkɔ, ke mènyaa afi si wòtso kple afi si wòyina o. Nenema kee ame sia ame si wodzi tso gbɔgbɔ me la hã le.”+
9 Nikodemo biae be: “Aleke nu siawo ate ŋu adzɔe?” 10 Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Nufialae nènye le Israel, aleke wɔ mènya nu siawo o? 11 Vavã, vavã mele egblɔm na wò be, nu si míenya la ŋue míeƒoa nu le, eye nu si míekpɔ la ŋue míeɖia ɖase le, ke miexɔa ɖase si míeɖina la o. 12 Ne meƒo nu le anyigbadzinuwo ŋu na mi, eye miexɔe se o ɖe, aleke miawɔ axɔe ase ne meƒo nu le dziƒonuwo ŋu na mi? 13 Azɔ hã ame aɖeke melia yi dziƒo o,+ negbe ame si ɖi tso dziƒo va la ko,+ si nye Amegbetɔvi la. 14 Abe ale si Mose kɔ da la ɖe dzi le gbea dzi ene la,+ nenema kee woakɔ Amegbetɔvi la hã ɖe dzii,+ 15 ale be ame sia ame si xɔa edzi sena la nakpɔ agbe mavɔ.+
16 “Elabena Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi+ la na, be ame sia ame si xɔa edzi sena la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.+ 17 Elabena Mawu medɔ Via ɖo ɖe xexea me be wòadrɔ̃ ʋɔnu xexea o, ke boŋ be woaɖe xexea to edzi.+ 18 Ame si xɔa edzi sena la, womadrɔ̃ ʋɔnui o.+ Ame si mexɔa edzi sena o la, wodrɔ̃ ʋɔnui xoxo, elabena mexɔ Mawu ƒe Tenuvi la ƒe ŋkɔ dzi se o.+ 19 Ke nu si ta wole ʋɔnu drɔ̃m ɖo lae nye esi: kekeli la va xexea me,+ ke amewo lɔ̃ viviti la wu kekeli la, elabena woƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi. 20 Elabena ame si wɔa nu gbegblẽwo la léa fu kekeli la, eye mevaa kekeli la gbɔ o, be woagaklo nu le eƒe dɔwɔwɔwo dzi o. 21 Ke ame si wɔa nu nyui la vaa kekeli la gbɔ,+ ne eƒe dɔwɔwɔwo nadze ƒãa be wowɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu.”
22 Le nu siawo megbe la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo yi Yudea ƒe kɔƒenutoa me, eye wònɔ afi ma kpli wo ɣeyiɣi aɖe, eye wònɔ amewo nyrɔm.+ 23 Ke Yohanes hã le amewo nyrɔm le Aenon, si te ɖe Salim ŋu, elabena tsi gbogbo aɖe le afi ma,+ eye amewo vana eye wònyrɔa wo;+ 24 elabena womede Yohanes gaxɔ me haɖe o.+
25 Eye nyaʋiʋli ɖo Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo kple Yudatɔ aɖe dome le ame ɖokui ŋu kɔkɔ ƒe nya ŋuti. 26 Emegbe wova Yohanes gbɔ eye wogblɔ nɛ be: “Rabi, kpɔ ɖa, ŋutsu si wò kplii mienɔ Yordan godo, si ŋu nèɖi ɖase le+ lae nye ema le amewo nyrɔm, eye amewo katã le egbɔ yim.” 27 Yohanes ɖo eŋu na wo be: “Ame aɖeke mate ŋu axɔ naneke o, negbe ɖe wonae tso dziƒo. 28 Miawo ŋutɔwoe nye nye ɖasefo be megblɔ be, ‘Menye nyee nye Kristo la o,+ ke boŋ be, ɖe wodɔm ɖe ame ma ŋgɔ.’+ 29 Ame si si ŋugbetɔ le la, eyae nye ŋugbetɔsrɔ̃.+ Ke ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃ si le tsitre ɖi le to ɖomee la kpɔa dzidzɔ gã ne ese ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe gbe. Eya ta nye dzidzɔ la zu blibo. 30 Eya anɔ dzidzim ɖe edzi, ke nyea manɔ to yim.”
31 Ame si tso dziƒo+ va la ƒo ame bubuwo katã ta. Ame si tso anyigba dzi la, anyigba dzi wòtso, eye anyigbadzinuwo ŋue wòƒoa nu le. Ame si tso dziƒo va la ƒo ame bubuwo katã ta.+ 32 Nu si wòkpɔ kple nu si wòse la ŋue wòɖia ɖase le,+ ke ame aɖeke mele eƒe ɖaseɖiɖi la xɔm o.+ 33 Ame si xɔ eƒe ɖaseɖiɖia la, eya ɖo kpe edzi* be Mawu nye nyateƒetɔ.+ 34 Elabena ame si Mawu dɔ la gblɔa Mawu ƒe nyawo,+ elabe Mawu mevea nu le gbɔgbɔ la nana me o.* 35 Fofo la lɔ̃ Vi+ la, eye wòtsɔ nuwo katã de esi.+ 36 Ame si xɔa Vi la dzi sena la, agbe mavɔ le esi;+ ame si meɖoa to Vi la o la, makpɔ agbe o,+ ke boŋ Mawu ƒe dɔmedzoe tsia edzi.+
4 Esi Aƒetɔ la nyae be Farisitɔwo see be yeƒe nusrɔ̃lawo le agbɔ sɔm wu Yohanes tɔwo, eye yele wo nyrɔm+— 2 evɔ la, Yesu ŋutɔ menyrɔ amewo o, ke boŋ eƒe nusrɔ̃lawoe— 3 la, edzo le Yudea, eye wògatrɔ yi Galilea. 4 Ke ehiã be wòato Samaria. 5 Eya ta eva ɖo Samaria du aɖe si woyɔna be Sixar la me. Du sia gogo anyigba si Yakob tsɔ na via Yosef.+ 6 Yakob ƒe vudo hã le afi ma.+ Esi mɔzɔzɔa te ɖeɖi Yesu ŋu ta la, ebɔbɔ nɔ vudoa to. Gaƒoƒo adelia* me lɔƒoe.
7 Ke Samaria-nyɔnu aɖe va tsi du ge. Eye Yesu gblɔ nɛ be: “Na tsi vi aɖem mano.” 8 (Elabena eƒe nusrɔ̃lawo dzo yi dua me be yewoaɖaƒle nuɖuɖu.) 9 Samaria-nyɔnu la biae be: “Aleke wɔ wò, Yudatɔ, nèle tsi biamem be yeano, evɔ Samaria-nyɔnue menye?” (Elabena Yudatɔwo kple Samariatɔwo menyina o.)+ 10 Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Ne ɖe nènya Mawu ƒe nunana+ faa la kple ame si le biawòm be, ‘Na tsi vi aɖem mano’ la, anye ne wò boŋ àbiae, eye wòana agbetsi wò.”+ 11 Egblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, tsikunu si nàtsɔ adu tsia teti hã mele asiwò o, eye vudoa hã goglo. Ekema afi kae nèkpɔ agbetsi sia tsoe? 12 Mènye gã wu mía tɔgbui Yakob, ame si ɖe vudoa na mí, eye eya kple viawo kpakple eƒe lãwo no emetsi o ɖe?” 13 Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Ame sia ame si noa tsi sia ƒe ɖe la, tsikɔ agawui. 14 Ke ame sia ame si ano tsi si manae ƒe ɖe la, tsikɔ magawui akpɔ o,+ ke boŋ tsi si manae la azu tsi dzidzi le eme, eye wòayɔ agbagba ahana agbe mavɔe.”+ 15 Nyɔnua gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, na tsi siam, ne tsikɔ magawum alo manɔ afi sia vam ava nɔ tsi dum azɔ o.”
16 Egblɔ nɛ be: “Yi nàyɔ srɔ̃wò vɛ.” 17 Nyɔnua ɖo eŋu nɛ be: “Srɔ̃ mele asinye o.” Yesu gblɔ nɛ be: “Èto nyateƒe esi nègblɔ be, ‘Srɔ̃ mele asinye o.’ 18 Elabena srɔ̃ atɔ̃ nɔ asiwò kpɔ, eye ŋutsu si gbɔ nèle fifia la, menye srɔ̃wò wònye o. Èto nyateƒe le nya sia me.” 19 Nyɔnua gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, mekpɔe dze sii be nyagblɔɖilae nènye.+ 20 Mía tɔgbuiwo de ta agu le to sia dzi, ke miawo ya miebe Yerusalem ye nye teƒe si wòle be amewo nade ta agu le.”+ 21 Yesu gblɔ nɛ be: “Nyɔnu, xɔ dzinye se, gaƒoƒo la gbɔna, esime menye to sia dzi alo Yerusalem ye miade ta agu na Fofo la le o. 22 Miawo la, miedea ta agu na nu si mienya o;+ míawo la, míedea ta agu na nu si míenya, elabena xɔxɔ la tso Yudatɔwo gbɔ.+ 23 Gake gaƒoƒo la gbɔna, eye wòde azɔ, esime nyateƒetadeagulawo ade ta agu na Fofo la le gbɔgbɔ kple nyateƒe me, elabena le nyateƒe me la, ame siawo tɔgbi dimee Fofo la le be woade ta agu na ye.+ 24 Mawu nye Gbɔgbɔ,+ eye ele be ame siwo le ta dem agu nɛ la nade ta agu le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.”+ 25 Nyɔnu la gblɔ nɛ be: “Menyae be Mesia, si woyɔna be Kristo la gbɔna. Ne eva ɖo la, agblɔ nu sia nu na mí kɔtɛ.” 26 Yesu gblɔ nɛ be: “Nye ame si le nu ƒom na wò la, nyee.”+
27 Le ɣeyiɣi sia me la, eƒe nusrɔ̃lawo va ɖo, eye wòwɔ moyaa na wo be ele nu ƒom kple nyɔnu. Gake wo dometɔ aɖeke mebiae be, “Nu ka dim nèle?” alo “Nu ka tae nèle nu ƒom kple nyɔnua?” o. 28 Eye nyɔnua gblẽ eƒe tɔmedeze la ɖi, eye wòyi dua me ɖagblɔ na amewo be: 29 “Miva kpɔ ame aɖe si gblɔ nu siwo katã mewɔ kpɔ la nam ɖa. Ðe manye ame siae nye Kristo la oa?” 30 Eye wodo go le dua me va Yesu gbɔ.
31 Le ɣeyiɣi sia me la, nusrɔ̃lawo le eƒom ɖe enu be: “Rabi,+ ɖu nu!” 32 Ke egblɔ na wo be: “Nuɖuɖu le asinye maɖu, si miawo mienya o.” 33 Eya ta nusrɔ̃lawo bia wo nɔewo be: “Alo ɖe ame aɖe tsɔ nane vɛ nɛ wòɖua?” 34 Yesu gblɔ na wo be: “Nye nuɖuɖue nye be mawɔ ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu,+ eye mawu dɔ si wòde asi nam la nu.+ 35 Menye gbɔgblɔm miele be esusɔ ɣleti ene hafi nuŋeɣi naɖo oa? Kpɔ ɖa! Mele egblɔm na mi be: Mifɔ mo dzi ne miakpɔ agbleawo dzi ɖa, be woƒu na ŋeŋe.+ Fifia gɔ̃ hã la, 36 nuŋela le fetu xɔm, eye wòle kutsetse nu ƒom ƒu hena agbe mavɔ, ale be nuƒãla kple nuŋela siaa nakpɔ dzidzɔ ɖekae.+ 37 Elabena nya si wogblɔ la nye nyateƒe le go sia me be: Ame aɖe ƒãa nu eye ame bubu ŋenɛ. 38 Medɔ mi be miaŋe nu si ŋu miedze agbagba aɖeke le o. Ame bubuwo ku kutri, eye miawo miekpɔ viɖe tso woƒe kutrikuku me.”
39 Samariatɔ geɖe siwo tso du ma me xɔ Yesu dzi se le ɖase si nyɔnua ɖi na wo be, “Egblɔ nu siwo katã mewɔ kpɔ la nam”+ la ta. 40 Eya ta esi Samariatɔawo va egbɔ la, woɖe kuku nɛ be wòanɔ yewo gbɔ, eye wònɔ afi ma ŋkeke eve. 41 Esia wɔe be ame bubu geɖewo gaxɔ edzi se le nu siwo wòfia wo la ta, 42 eye wogblɔ na nyɔnua be: “Meganye wò nyawo tae míexɔe se ɖo o; elabena míawo ŋutɔwo míesee, eye míenyae be ame siae nye xexea ɖela vavã.”+
43 Le ŋkeke eve megbe la, edzo le afi ma yi Galilea. 44 Ke Yesu ŋutɔ ɖi ɖase be womedea bubu nyagblɔɖila aɖeke ŋu le wo de o.+ 45 Eya ta esi wòva ɖo Galilea la, Galileatɔwo xɔe, le esi wokpɔ nu siwo katã wòwɔ le Yerusalem le ŋkekenyuia+ ɖuɣi la ta, elabena woawo hã wode ŋkekenyuia+ ɖuƒe.
46 Eye wògava Kana le Galilea, afi si wòtrɔ tsi wòzu wain le.+ Ke fiaŋume aɖe le afi ma, si viŋutsu dze dɔ le Kapernaum. 47 Esi ŋutsu sia se be Yesu tso Yudea va Galilea la, eyi egbɔ, eye wòɖe kuku nɛ be wòava da gbe le ye via ŋu, elabena eɖo kudo nu. 48 Ke Yesu gblɔ nɛ be: “Ne miekpɔ dzesiwo kple nukunuwo o kpaa miaxɔe ase o.”+ 49 Fiaŋume la gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, va miyi kaba hafi vinye sue la naku.” 50 Yesu gblɔ nɛ be: “Heyi, viwò la le agbe.”+ Ŋutsua xɔ nya si Yesu gblɔ nɛ la dzi se, eye wòdzo. 51 Ke esi wòle mɔ dzi yina la, eƒe kluviwo va kpee gblɔ nɛ be viaŋutsuvia tsi agbe.* 52 Eya ta ebia wo be gaƒoƒo ka mee wòhaya hã. Woɖo eŋu nɛ be: “Asrã la dzo le edzi etsɔ le gaƒoƒo adrelia* dzi.” 53 Eya ta fofoa kpɔe dze sii be gaƒoƒo ma tututu mee Yesu gblɔ na ye be: “Viwò la le agbe.”+ Ale eya kple eƒe aƒe blibo la katã zu xɔsetɔwo. 54 Esiae nye nukunu*+ evelia si Yesu wɔ esime wòdzo le Yudea va Galilea.
5 Le esia megbe la, Yudatɔwo ƒe ŋkekenyui+ aɖe ɖo, eye Yesu yi Yerusalem. 2 Ke ta aɖe le Yerusalem le Alẽgbo+ la gbɔ, si woyɔna le Hebrigbe me be Betzata, eye akpata atɔ̃ le afi ma. 3 Dɔnɔ gbogbo aɖewo, siwo nye ŋkuagbãtɔwo, bunɔwo kple titilélawo,* mlɔ anyi ɖe afi ma. 4 * —— 5 Ke ŋutsu aɖe le afi ma, si le dɔ lém ƒe blaetɔ̃ vɔ enyie nye ema. 6 Esi Yesu kpɔ ŋutsu sia le anyimlɔƒe, eye wònya be ɣeyiɣi didi aɖee nye ema wòle dɔ lém la, ebiae be: “Èdi be wò lãme nasẽa?”+ 7 Dɔnɔa ɖo eŋu nɛ be: “Aƒetɔ, ame aɖeke mele asinye akɔm ada ɖe ta la me ne woblu tsia o, eye kaka maɖo la, ame bubu gena ɖe eme doa ŋgɔ nam.” 8 Yesu gblɔ nɛ be: “Tso! Tsɔ wò aba, eye nàzɔ.”+ 9 Ale ŋutsua ƒe lãme sẽ enumake, eye wòtsɔ eƒe aba hede asi zɔzɔ me.
Ke gbe ma gbe nye Sabat. 10 Eya ta Yudatɔ aɖewo gblɔ na ame si ŋu woda gbe le la be: “Egbee nye Sabat, eye se meɖe mɔ be nàtsɔ wò aba o.”+ 11 Gake eɖo eŋu na wo be: “Ame si da gbe le ŋunye lae gblɔ nam be, ‘Tsɔ wò aba, eye nàzɔ.’” 12 Wobiae be: “Ame kae gblɔ na wò be, ‘Tsɔ wò aba, eye nàzɔ’?” 13 Ke ame si ŋu woda gbe le la menya ame la o, elabena Yesu dzo le afi ma hebu ɖe ameha la dome.
14 Le nu siawo megbe la, Yesu kpɔe le gbedoxɔa me, eye wògblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa, wò lãme sẽ. Mègawɔ nu vɔ̃ azɔ o, ne nu si vɔ̃ɖi wu esia nagadzɔ ɖe dziwò o.” 15 Ŋutsu la yi ɖagblɔ na Yudatɔwo be Yesue da gbe le ye ŋu. 16 Le esia ta Yudatɔwo ti Yesu yome vevie, elabena ele nu siawo wɔm le Sabat dzi. 17 Ke egblɔ na wo be: “Fofonye le dɔ wɔm va se ɖe fifi, eye nye hã mele dɔ wɔm.”+ 18 Esia tae Yudatɔwo gadi vevie wu be yewoawui, elabena menye ɖeko wòle dadam le Sabat la dzi o, ke ele Mawu hã yɔm be ye Fofo+ hetsɔ eɖokui le sɔsɔm kple Mawu.+
19 Eya ta Yesu gblɔ na wo be: “Vavã, vavã mele egblɔm na mi be, Vi la mate ŋu awɔ nu ɖeka pɛ hã le eɖokui si o, negbe nu siwo wòkpɔ Fofoa wòle wɔwɔm la ko.+ Elabena nu sia nu si Fofo la wɔna la, nu mawo ke Vi la hã wɔna. 20 Elabena Fofo la lɔ̃a Vi+ la, eye wòfiaa nu siwo katã eya ŋutɔ wɔna lae, eye afia dɔ siwo lolo wu esiawo lae, ne wòawɔ moyaa na mi.+ 21 Elabena ale si ko Fofo la fɔa ame kukuwo hegbɔa agbe wo la,+ nenema kee Vi la hã gbɔa agbe ame siwo wòdi.+ 22 Elabena Fofo la medrɔ̃a ʋɔnu ame aɖeke o, ke boŋ etsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ la katã de asi na Vi+ la, 23 ne amewo katã nade bubu Vi la ŋu abe ale si ko wodea bubu Fofo la ŋu ene. Ame si medea bubu Vi la ŋu o la, medea bubu Fofo si dɔe ɖa la hã ŋu o.+ 24 Vavã, vavã mele egblɔm na mi be, ame si sea nye nya, eye wòxɔa Ame si dɔm ɖa la dzi sena la, agbe mavɔ le esi,+ eye womadrɔ̃ ʋɔnui o, ke boŋ eto ku me yi agbe me.+
25 “Vavã, vavã mele egblɔm na mi be, gaƒoƒo la gbɔna, eye wòde azɔ, esime ame kukuwo ase Mawu ƒe Vi la ƒe gbe, eye ame siwo ɖo to la anɔ agbe. 26 Elabena ale si agbe* le Fofo la ŋutɔ mee la,+ nenema kee wòna agbe le Vi la hã me.+ 27 Eye wòna ŋusẽe be wòadrɔ̃ ʋɔnu,+ elabena Amegbetɔvi+ wònye. 28 Esia megawɔ nuku na mi o, elabena gaƒoƒo la gbɔna, esime ame siwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la ase eƒe gbe,+ 29 eye woado go, ame siwo wɔ nu nyuiwo la, hena agbe ƒe tsitretsitsi, eye ame siwo wɔ nu vlowo la, hena ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe tsitretsitsi.+ 30 Nyemate ŋu awɔ naneke le ɖokuinye si o; nu si mese la nue medrɔ̃a ʋɔnu ɖo; eye ʋɔnu si medrɔ̃na la le dzɔdzɔe,+ elabena nyemewɔa nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nu o, ke ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nue mewɔna.+
31 “Ne nye ɖeka meɖi ɖase le ɖokuinye ŋu la, ekema nye ɖaseɖiɖi la menye nyateƒe o.+ 32 Ame bubu aɖe li, si ɖia ɖase le ŋunye, eye menya be ɖase si wòɖina le ŋunye la nye nyateƒe.+ 33 Miedɔ amewo ɖo ɖe Yohanes gbɔ, eye wòɖi ɖase le nyateƒenya+ la ŋu na mi. 34 Gake nyemehiã amegbetɔ ƒe ɖaseɖiɖi le ŋutinye o, ke mele nya siawo gblɔm ne miakpɔ ɖeɖe. 35 Yohanes nye akaɖi si le bibim hele keklẽm, eye miedi be yewoakpɔ dzidzɔ gã aɖe le eƒe kekeli la me ɣeyiɣi kpui aɖe ko.+ 36 Ke ɖaseɖiɖi si lolo wu Yohanes tɔ la le asinye, elabena dɔ siwo tututu Fofonye de asi nam be mawɔ, siwo wɔm mele la, woawoe le ɖase ɖim le ŋunye be Fofo lae dɔm ɖa.+ 37 Eye Fofo si dɔm ɖa la ŋutɔ ɖi ɖase le ŋunye.+ Miese eƒe gbe ɣeaɖekeɣi kpɔ o, eye miekpɔ eƒe nɔnɔme hã kpɔ o,+ 38 eye eƒe nya la mele mia me o, elabena miexɔ ame si wòdɔ ɖa la dzi se o.
39 “Miele Ŋɔŋlɔawo me dzrom tsitotsito,+ elabena miesusuna be yewoato wo dzi akpɔ agbe mavɔ; evɔ woawo* kee le ɖase ɖim le ŋunye.+ 40 Gake miedi be yewoava gbɔnye+ ne miakpɔ agbe o. 41 Nyemexɔa kafukafu tso amewo gbɔ o, 42 ke menyae nyuie be mielɔ̃ Mawu o. 43 Meva le Fofonye ƒe ŋkɔ me, ke miexɔm o. Nenye ame bubu aɖee va le eya ŋutɔ ƒe ŋkɔ me la, anye ne miaxɔ ame ma ya. 44 Aleke wɔ miaxɔ dzinye ase, esi miele kafukafu xɔm tso mia nɔewo gbɔ, evɔ miele kafukafu si tso Mawu ɖeka kolia la gbɔ ya dim o?+ 45 Migasusu be matso mia nu na Fofo la o; ame aɖe li si tsoa mia nu; eyae nye Mose,+ ame si dzi mieda miaƒe mɔkpɔkpɔ ɖo. 46 Le nyateƒe me la, ɖe miexɔ Mose dzi se la, anye ne miexɔ dzinye se, elabena eŋlɔ nu tso ŋunye.+ 47 Ke ne miexɔ nu siwo wòŋlɔ ɖi la dzi se o ɖe, aleke miawɔ axɔ nye nyawo dzi ase?”
6 Le esia megbe la, Yesu tso Galilea-ƒu* si wogayɔna be Tiberia la, yi ɖe eƒe go kemɛ dzi.+ 2 Eye ameha gã aɖe dze eyome,+ elabena wokpɔ nukunu siwo wòwɔ heda gbe le dɔnɔwo ŋu.+ 3 Eya ta Yesu yi to aɖe dzi, eye eya kple eƒe nusrɔ̃lawo bɔbɔ nɔ afi ma. 4 Ke Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkekenyui+ la gogo. 5 Esi Yesu fɔ mo dzi, eye wòkpɔ be ameha gã aɖe gbɔna ye gbɔ la, ebia Filipo be: “Afi kae míakpɔ abolo le aƒle na ame siawo woaɖu?”+ 6 Ke hã ɖe wògblɔ esia be yeatsɔ adoe kpɔ, elabena eya ŋutɔ nya nu si wɔ ge wòala. 7 Filipo ɖo eŋu nɛ be: “Abolo denario* alafa eve gɔ̃ hã made wo nu be wo dometɔ ɖe sia ɖe nakpɔ vi aɖe aɖu o.” 8 Eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka si nye Andrea, Simon Petro nɔvi, gblɔ nɛ be: 9 “Ŋutsuvi aɖe le afii, si si ƒobolo atɔ̃ kple tɔmelã sue eve le. Gake afi kae esia ade na ame gbogbo siawo?”+
10 Yesu gblɔ be: “Mina ameawo nanɔ anyi.” Gbe mumu geɖe le afi ma, eya ta ameawo nɔ anyi; woanɔ ŋutsu akpe atɔ̃.+ 11 Yesu tsɔ aboloawo, eye esi wòda akpe vɔ la, ema wo na ame siwo bɔbɔ nɔ anyi la, nenema kee wòma tɔmelã sueawo hã na wo, eye ame sia ame xɔ ale si nu wòdi. 12 Ke esi ameawo ɖi ƒo vɔ la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Miƒo kakɛ siwo susɔ la nu ƒu, ne naneke dome nagagblẽ o.” 13 Eya ta woƒo wo nu ƒu, eye ƒobolo atɔ̃ siwo ameawo ɖu ƒe kakɛ siwo susɔ la yɔ kusi wuieve.
14 Eye esi ameawo kpɔ nukunu siwo wòwɔ la, wode asi gbɔgblɔ me be: “Vavãe, ame siae nye Nyagblɔɖila si ƒe nya wogblɔ ɖi be ava xexea me la.”+ 15 Ke esi Yesu nya be wogbɔna ye lé ge aɖo fiae la, egaɖe eɖokui ɖe aga yi to la dzi.+
16 Esi fiẽ ɖo la, eƒe nusrɔ̃lawo ɖi va ƒua nu,+ 17 eye woɖo tɔdziʋu aɖe hekui ɖo ta Kapernaum. Ke zã do xoxo, gake Yesu meva wo gbɔ haɖe o.+ 18 Ƒu la dze agbo elabena ya sesẽ aɖe nɔ ƒoƒom.+ 19 Ke esi woku tɔdziʋua anɔ agbadroƒe etɔ̃* alo ene la, wokpɔ Yesu wòle ƒua dzi zɔm gbɔna ʋua gbɔ, eye vɔvɔ̃ ɖo wo. 20 Ke egblɔ na wo be: “Nyee, migavɔ̃ o!”+ 21 Eye wolɔ̃ be yewoaxɔe ɖe tɔdziʋua me, eye ʋu la va ɖi go ɖe afi si tututu woyina.+
22 Esi ŋu ke la, ameha si tsi ƒua ƒe go kemɛ dzi la kpɔ be tɔdziʋu bubu aɖeke mele afi ma o. Wokpɔ be tɔdziʋu sue aɖe nɔ anyi ya, gake Yesu meɖo ema kple eƒe nusrɔ̃laawo o, ke boŋ eƒe nusrɔ̃laawo ɖeɖe koe dzo. 23 Ke tɔdziʋuwo tso Tiberia va afi si medidi tso teƒe si woɖu abolo si ta Aƒetɔ la da akpe ɖo la gbɔ o. 24 Eya ta esi ameha la kpɔ be Yesu alo eƒe nusrɔ̃lawo mele afi ma o la, woɖo woƒe tɔdziʋuwo, eye wova Kapernaum be yewoadi Yesu.
25 Esi woke ɖe eŋu le ƒua ƒe go kemɛ dzi la, wobiae be: “Rabi,+ ɣekaɣie nèva ɖo afi sia?” 26 Yesu ɖo eŋu na wo be: “Vavã, vavã mele egblɔm na mi be, menye esi miekpɔ dzesiwo tae miele diyem ɖo o, ke boŋ esi mieɖu abolo ɖi ƒo tae.+ 27 Miwɔ dɔ, menye ɖe nuɖuɖu si gblẽna ta o, ke boŋ ɖe nuɖuɖu si megblẽna o, si naa agbe mavɔ,+ si Amegbetɔvi la ana mi la ta; elabena ame sia ŋue Fofo la, si nye Mawu ŋutɔ, kpɔ ŋudzedze ɖo.”+
28 Eya ta wobiae be: “Nu kae míawɔ bena míawɔ Mawu ƒe dɔwo?” 29 Yesu ɖo eŋu na wo be: “Mawu ƒe dɔ lae nye be miaxɔ ame si wòdɔ ɖa la dzi ase.”+ 30 Eye wogblɔ nɛ be: “Ekema dzesi+ ka wɔm nèle be míakpɔ ahaxɔ dziwò ase? Dɔ ka wɔm nèle? 31 Mía tɔgbuiwo ɖu mana le gbea dzi,+ abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, ‘Ena abolo wo tso dziƒo woɖu.’”+ 32 Eya ta Yesu gblɔ na wo be: “Vavã, vavã mele egblɔm na mi be: Mose mena abolo vavã si tso dziƒo la mi o, ke azɔ la Fofonye na abolo vavã si tso dziƒo la mi. 33 Elabena Mawu ƒe abolo lae nye ame si ɖi tso dziƒo va, eye wònaa agbe xexea.” 34 Eya ta wogblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, nɔ abolo sia nam mí ɖaa.”
35 Yesu gblɔ na wo be: “Nyee nye agbebolo la. Ame si vaa gbɔnye la, dɔ mawui akpɔ o, eye ame si xɔa dzinye sena la, tsikɔ mawui akpɔ gbeɖe o.+ 36 Ke megblɔe na mi bena, miekpɔm, gake miexɔe se o.+ 37 Ame sia ame si Fofo la tsɔ nam la ava gbɔnye, eye ame si vaa gbɔnye la, nyemanyae ɖa akpɔ o;+ 38 elabena meɖi tso dziƒo+ va, menye be mawɔ nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ be mawɔ ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu.+ 39 Ke esiae nye ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu be magabú ame siwo katã wòtsɔ nam la dometɔ aɖeke o, ke boŋ mafɔ wo ɖe tsitre+ le ŋkeke mamlɛa dzi. 40 Elabena esiae nye Fofonye ƒe lɔlɔ̃nu be ame sia ame si kpɔa Vi la, eye wòxɔa edzi sena la nakpɔ agbe mavɔ,+ eye mafɔe ɖe tsitre+ le ŋkeke mamlɛa dzi.”
41 Eye Yudatɔwo de asi liʋiliʋĩlilĩ me le eŋu, le esi wògblɔ be: “Nyee nye abolo si ɖi tso dziƒo+ va” la ta. 42 Eye wode asi gbɔgblɔ me be: “Menye Yesu, Yosef vi, ame si fofo kple dada míenya lae nye esia oa?+ Aleke wɔ wòle gbɔgblɔm fifia be, ‘Meɖi tso dziƒo va’?” 43 Yesu ɖo eŋu na wo be: “Midzudzɔ liʋiliʋĩlilĩ le mia nɔewo dome. 44 Ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, negbe ɖe Fofo si dɔm ɖa la, hee vɛ,+ eye mafɔe ɖe tsitre le ŋkeke mamlɛa dzi.+ 45 Woŋlɔ ɖe Nyagblɔɖilawo ƒe agbalẽwo me be: ‘Eye Yehowa afia nu wo katã.’+ Ame sia ame si ɖoa to Fofo la, eye wòsrɔ̃a nu tso egbɔ la, vaa gbɔnye. 46 Ame aɖeke mekpɔ Fofo la kpɔ o,+ negbe ame si tso Mawu gbɔ ko; ame siae kpɔ Fofo+ la. 47 Vavã, vavã mele egblɔm na mi be, ame si xɔe se la, agbe mavɔ le esi.+
48 “Nyee nye agbebolo la.+ 49 Mia tɔgbuiwo ɖu mana le gbea dzi, gake woku.+ 50 Esiae nye abolo si ɖi tso dziƒo va, eye ame sia ame si aɖu eƒe ɖe la, maku o. 51 Nyee nye agbebolo si ɖi tso dziƒo va. Ne ame aɖe ɖua abolo sia ƒe ɖe la, anɔ agbe tegbee; eye le nyateƒe me la, abolo si mana ɖe xexea ƒe agbe ta lae nye nye ŋutilã.”+
52 Eya ta Yudatɔwo de asi nyahehe me le wo nɔewo dome be: “Aleke wɔ ame sia atsɔ eƒe ŋutilã ana mí be míaɖu?” 53 Eya ta Yesu gblɔ na wo be: “Vavã, vavã mele egblɔm na mi be, ne mieɖu Amegbetɔvi la ƒe ŋutilã, eye mieno eƒe ʋu o la, miakpɔ agbe o.*+ 54 Ame si ɖua nye ŋutilã, eye wònoa nye ʋu la, agbe mavɔ le esi, eye mafɔe ɖe tsitre+ le ŋkeke mamlɛa dzi; 55 elabena nye ŋutilã nye nuɖuɖu vavã, eye nye ʋu nye nunono vavã. 56 Ame si ɖua nye ŋutilã, eye wònoa nye ʋu la wɔa ɖeka kplim, eye nye hã mewɔa ɖeka kplii.+ 57 Ale si ko Fofo gbagbe la dɔm ɖa, eye mele agbe le Fofo la ta la, nenema kee ame si ɖuam la, ame ma hã anɔ agbe le tanye.+ 58 Esia nye abolo si ɖi tso dziƒo va. Mele abe esi mia tɔgbuiwo ɖu gake woku la ene o. Ame si ɖua abolo sia la anɔ agbe tegbee.”+ 59 Nya siawoe wògblɔ esime wòle nu fiam le ƒuƒoƒe aɖe* le Kapernaum.
60 Esi wosee la, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ geɖe gblɔ be: “Tsoo! Nya sesẽ kae nye esia; ame kae ate ŋu ado dzi anɔ nya sia sem?” 61 Ke esi Yesu nya be yeƒe nusrɔ̃lawo le liʋiliʋĩ lĩm le nya sia ŋu la, ebia wo be: “Ðe nya sia ɖia mia nua? 62 Ekema nu kae miawɔ ne miekpɔ Amegbetɔvi la wòyina dziƒo afi si wònɔ tsã?+ 63 Gbɔgbɔ lae naa agbe,+ ŋutilã ya menyo na naneke o. Nya siwo megblɔ na mi la, gbɔgbɔ kple agbee wonye.+ 64 Gake mia dometɔ aɖewo mexɔe se o.” Elabena tso gɔmedzedzea me ke la, Yesu nya ame siwo mexɔe se o kple ame si ava dee asi.+ 65 Egagblɔ be: “Esia tae megblɔ na mi be, ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, negbe ɖe Fofo+ la ɖe mɔ nɛ hafi.”
66 Le esia ta eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ geɖewo trɔ yi nu siwo le megbe la gbɔ,+ eye womegazɔna kplii o. 67 Eya ta Yesu bia Ame Wuieveawo be: “Ðe miawo hã miedi be yewoadzoa?” 68 Simon Petro ɖo eŋu nɛ be: “Aƒetɔ, ame ka gbɔe míadzo ayi?+ Agbe mavɔ nyawo le asiwò.+ 69 Míexɔe se, eye míeva dze sii be wòe nye Mawu ƒe Kɔkɔetɔ la.”+ 70 Yesu ɖo eŋu na wo be: “Ðe menye mi ame wuievee metia oa?+ Gake mia dometɔ ɖeka nye amegɔmezɔla.”*+ 71 Le nyateƒe me la, Yuda, Simon Iskariot vi la, ŋu nya gblɔm wòle; elabena togbɔ be ame sia nye Ame Wuieveawo dometɔ ɖeka hã la, egbɔna ede ge asi.+
7 Le nu sia megbe la, Yesu yi ɖatsa le Galilea, elabena medi be yeatsa le Yudea o, le esi Yudatɔwo le didim be yewoawui ta.+ 2 Ke Yudatɔwo ƒe Agbadɔŋkekenyui+ la tu aƒe. 3 Eya ta nɔviaŋutsuwo+ gblɔ nɛ be: “Dzo le afi sia nàyi Yudea, ne wò nusrɔ̃lawo hã nakpɔ dɔ siwo wɔm nèle. 4 Elabena ame si di be amewo nanya ye la, mewɔa nu le bebeme o. Ne èwɔa nu siawo la, ekema ɖe ɖokuiwò fia xexea.” 5 Le nyateƒe me la, nɔviawo mexɔ edzi se o.+ 6 Eya ta Yesu gblɔ na wo be: “Nye ɣeyiɣi mede haɖe o,+ ke ɣeyiɣi ɖe sia ɖe sɔ na miawo ya. 7 Susu aɖeke meli si ta xexea alé fu mi ɖo o, ke eléa fu nye ya, elabena meɖia ɖase le eŋu be eƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi.+ 8 Miawo miyi ŋkekenyuia ɖuƒe; nye ya nyemele ŋkekenyui sia ɖuƒe yi ge fifia o, elabena nye ɣeyiɣi mede haɖe o.”+ 9 Esi wògblɔ nya siawo na wo vɔ la, etsi Galilea.
10 Ke esi nɔviawo yi ŋkekenyuia ɖuƒe la, eya hã va yi, meyi gaglãa o, ke boŋ le adzame. 11 Eya ta Yudatɔwo nɔ edim le ŋkekenyuia ɖuƒe nɔ gbɔgblɔm be: “Afi kae ŋutsu ma le?” 12 Eye amehaawo do dalĩ le nya geɖewo gblɔm le eŋu. Wo dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be: “Ame nyui wònye.” Bubuwo gblɔ be: “Menye ame nyui aɖekee o. Ele ameha la flum.”+ 13 Gake ame aɖeke meƒo nu le eŋu le dutoƒo o, elabena wole vɔvɔ̃m na Yudatɔwo.+
14 Ke esi ŋkekenyui la ƒe afã nu va yi vɔ la, Yesu yi gbedoxɔa me, eye wòde asi nufiafia me. 15 Ale Yudatɔwo tsi yaa henɔ gbɔgblɔm be: “Aleke ame sia wɔ nya Ŋɔŋlɔawo,+ esi mesrɔ̃ nu le suku* aɖeke o?”+ 16 Yesu ɖo eŋu na wo be: “Nu si mefiana la menye tɔnye o, ke boŋ ame si dɔm ɖa la tɔe.+ 17 Ne ame aɖe di be yeawɔ Eƒe lɔlɔ̃nu la, anya nenye be nufiafia la tso Mawu gbɔ+ loo alo nye ŋutɔe le nu si mesusu la gblɔm. 18 Ame si ƒoa nu tso nu si eya ŋutɔ susu ŋu la, le eya ŋutɔ ƒe kafukafu dim; ke ame si dia ame si dɔe ɖa la ƒe kafukafu la,+ enye nyateƒetɔ, eye alakpa aɖeke mele eme o. 19 Ðe menye Mose ye tsɔ Se+ la na mi oa? Gake mia dometɔ ɖeka pɛ hã mewɔa Se la dzi o. Nu ka tae miedi be yewoawum?”+ 20 Ameha la ɖo eŋu be: “Gbɔgbɔ vɔ̃ le mewò. Ame kae di be yeawu wò?” 21 Yesu ɖo eŋu na wo be: “Dɔ ɖeka ko mewɔ, eye wòwɔ nuku na mi katã. 22 Mibu eŋu kpɔ. Mose de aʋatsotso+ ƒe se la na mi (menye Mose gbɔe wòtso o, ke etso tɔgbuiawo+ gbɔ boŋ), eye mietsoa aʋa na ame le sabat dzi. 23 Ne wotsoa aʋa na ame le sabat dzi be woagada Mose ƒe Se la dzi o ɖe, ekema nu ka tae miedo dziku ɖe ŋunye vevie le esi meda gbe le ame aɖe ŋu le sabat dzi?+ 24 Midzudzɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ amewo le ale si wodzena le gotae la nu, ke boŋ midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe.”+
25 Eye Yerusalemtɔ aɖewo de asi gbɔgblɔ me be: “Menye ame sia dimee wole be woawu oa?+ 26 Ke kpɔ ɖa, ele nu ƒom le dutoƒo, evɔ womele nya aɖeke gblɔm nɛ o. Alo ɖe dumegãwo va dze sii azɔ be ame siae nye Kristo la? 27 Ke míenya afi si ame sia tso;+ gake ne Kristo la va la, ame aɖeke manya afi si wòtso o.” 28 Eya ta esi Yesu le nu fiam le gbedoxɔa me la, ekɔ gbe dzi gblɔ be: “Ɛ̃, mienyam, eye mienya afi si metso hã. Eye nyemeva le nye ŋutɔ ɖokuinye si o,+ ke boŋ Ame si dɔm ɖa la li ŋutɔŋutɔ, gake mienyae o.+ 29 Nye ya menyae,+ elabena eteƒenɔlae menye, eye eyae dɔm ɖa.” 30 Eya ta togbɔ be wodi be yewoalée hã la,+ ame aɖeke meka asi eŋu o, elabena eƒe gaƒoƒo la mede haɖe o.+ 31 Ke ameha la dometɔ geɖewo xɔ edzi se,+ eye wode asi gbɔgblɔ me be: “Ne Kristo la va la, ɖe wòawɔ nukunu gãwo wu esiwo wɔm ŋutsu sia lea?”
32 Farisitɔwo se dalĩ si dom ameha la le le eŋuti le nya siawo ta, eye nunɔlawo ƒe tatɔwo kple Farisitɔwo dɔ atikplɔtɔwo ɖa be woaɖalée. 33 Eye Yesu gblɔ be: “Maganɔ mia gbɔ vie hafi adzo ayi ame si dɔm ɖa la gbɔ.+ 34 Miadim, ke miakpɔm o, eye afi si manɔ la, miate ŋu ava afi ma o.”+ 35 Eya ta Yudatɔwo gblɔ le wo nɔewo dome be: “Afi kae ame sia ɖo be yeayi, si tae míagakpɔe o? Alo ɖe wòɖoe be yeayi Yudatɔ siwo kaka ɖe Helatɔwo dome la gbɔ aɖafia nu Helatɔwoa? 36 Nya sia si wògblɔ be, ‘Miadim, ke miakpɔm o, eye afi si manɔ la, miate ŋu ava afi ma o’ la gɔme ɖe?”
37 Ke le ŋkeke mamlɛtɔ, si nye ŋkekenyui la ƒe ŋkeke vevitɔ dzi la,+ Yesu tsi tsitre, eye wògblɔ sesĩe be: “Ne tsikɔ le ame aɖe wum la, neva gbɔnye ne wòano tsi.+ 38 Ame si xɔa dzinye sena la, ‘Agbetsitɔsisiwo asi tso eme,’”+ abe ale si ko ŋɔŋlɔ la gblɔe ene. 39 Ke egblɔ esia le gbɔgbɔ si ame siwo xɔ edzi se la axɔ kpuie la ŋu; elabena womexɔ gbɔgbɔ la haɖe o,+ le esi womedo Yesu ɖe dzi haɖe o ta.+ 40 Ame siwo se nya sia la dometɔ aɖewo gblɔ be: “Vavãe, ame siae nye Nyagblɔɖila la.”+ 41 Bubuwo le gbɔgblɔm be: “Ame siae nye Kristo la.”+ Ke ame aɖewo hã bia be: “Ðe Kristo la atso Galilea?+ 42 Ðe ŋɔŋlɔ la megblɔ be David ƒe dzidzime+ la mee Kristo la adzɔ tso, eye wòatso Betlehem,+ si nye kɔƒe si me David nɔ la me oa?”+ 43 Eya ta ameha la dome ma le eta. 44 Togbɔ be wo dometɔ aɖewo di be yewoalée hã la, ame aɖeke meka asi eŋu o.
45 Eya ta atikplɔtɔawo trɔ yi nunɔlawo ƒe tatɔwo kple Farisitɔwo gbɔ, eye wobia wo be: “Nu ka tae miekplɔe vɛ o?” 46 Atikplɔtɔawo ɖo eŋu be: “Ame aɖeke meƒo nu alea kpɔ o.”+ 47 Farisitɔwo bia wo be: “Alo ɖe wòflu miawo hã? 48 Ðe amegãwo alo Farisitɔwo dometɔ aɖe xɔ edzi sea?+ 49 Ke fiƒodemewoe ameha sia si menya Se la o la nye.” 50 Nikodemo, si nye wo dometɔ ɖeka, si va Yesu gbɔ va yi la bia wo be: 51 “Ðe míaƒe Se la drɔ̃a ʋɔnu ame nenye be womese eƒe numegbe gbã henya nu si wòwɔ la oa?”+ 52 Woɖo eŋu nɛ be: “Alo Galileatɔe wò hã nènyea? Dzro eme, eye àkpɔe be nyagblɔɖila aɖeke matso Galilea o.”*
8 12 Eye Yesu gagblɔ na wo be: “Nyee nye xexea ƒe kekeli.+ Ame si dzea yonyeme la mele viviti me zɔ ge akpɔ o, ke boŋ agbe ƒe kekeli+ anɔ esi.” 13 Eya ta Farisitɔwo gblɔ nɛ be: “Wò ŋutɔe le ɖase ɖim le ɖokuiwò ŋu; wò ɖaseɖiɖi la menye nyateƒe o.” 14 Yesu ɖo eŋu na wo be: “Ne nye ŋutɔe le ɖase ɖim le ɖokuinye ŋu hã la, nye ɖaseɖiɖi la nye nyateƒe, elabena menya afi si metso kple afi si meyina.+ Ke miawo ya mienya afi si metso kple afi si meyina o. 15 Miedrɔ̃a ʋɔnu le amegbetɔwo ƒe nukpɔkpɔ nu;*+ nye ya nyemedrɔ̃a ʋɔnu ame aɖeke o. 16 Eye ne medrɔ̃ ʋɔnu hã la, nye ʋɔnudɔdrɔ̃ la nye nyateƒe, elabena menye nye ɖekae li o, ke boŋ Fofo si dɔm ɖa la li kplim.+ 17 Woŋlɔ ɖe miawo ŋutɔ miaƒe Se la me hã be: ‘Ame eve ƒe ɖaseɖiɖi nye nyateƒe.’+ 18 Nyee nye ame si le ɖase ɖim le ɖokuinye ŋuti, eye Fofo si dɔm ɖa la hã le ɖase ɖim le ŋunye.”+ 19 Eya ta wobiae be: “Afi kae Fofowò le?” Yesu ɖo eŋu be: “Mienyam o, eye mienya Fofonye hã o.+ Ne ɖe mienyam la, anye ne mienya Fofonye hã.”+ 20 Egblɔ nya siawo le teƒe si nudzɔɖakawo+ nɔna esime wòle nu fiam le gbedoxɔa me. Ke hã ame aɖeke melée o, elabena eƒe gaƒoƒo la meɖo haɖe o.+
21 Eya ta egagblɔ na wo be: “Nye la mele dzodzo ge, eye miadim, gake miaku ɖe miaƒe nu vɔ̃ me.+ Afi si yim mele la, miate ŋu ava o.”+ 22 Yudatɔwo de asi gbɔgblɔ me be: “Ðe wòyina eɖokui wu gea? Elabena egblɔ be, ‘Afi si yim mele la, miate ŋu ava o.’” 23 Egagblɔ na wo be: “Miawo la, anyigba dzie mietso; nye ya dziƒoe metso.+ Miawo mietso xexe sia me; nye ya nyemetso xexe sia me o. 24 Eya tae megblɔ na mi be: Miaku ɖe miaƒe nu vɔ̃wo me ɖo. Elabena ne miexɔe se be nyee o la, miaku ɖe miaƒe nu vɔ̃wo me.” 25 Eya ta wobiae be: “Ame kae nènye?” Yesu ɖo eŋu na wo be: “Nu ka tae megale nu ƒom kpli mi ɖo ya? 26 Nya geɖewo le asinye magblɔ tso mia ŋu, eye nu geɖewo li si ŋu madrɔ̃ ʋɔnu le. Le nyateƒe me la, Ame si dɔm ɖa la nye nyateƒetɔ, eye nu siwo tututu mese tso egbɔ la, nu siawo gblɔm mele le xexea me.”+ 27 Womese egɔme be Fofo la ŋue wòle nu ƒom le na yewo o. 28 Eye Yesu gblɔ be: “Ne miehe Amegbetɔvi la ɖe ati ŋu*+ vɔ hafi miadze sii be nyee,+ eye be nyemewɔa naneke le ɖokuinye si o;+ ke boŋ nu siwo tututu Fofo la fiam lae megblɔna. 29 Eye Ame si dɔm ɖa la li kplim; megblẽ nye ɖeka ɖi o, elabena mewɔa nu siwo dzea eŋu ɣesiaɣi.”+ 30 Esi wògblɔ nya siawo la, ame geɖewo xɔ edzi se.
31 Yesu gagblɔ na Yudatɔ siwo xɔ edzi se la be: “Ne mieyi edzi lé nye nya la me ɖe asi la, ekema nye nusrɔ̃lawo mienye vavã, 32 eye miadze si nyateƒe la,+ eye nyateƒe la ana ablɔɖe mi.”+ 33 Woɖo eŋu nɛ be: “Abraham ƒe dzidzimeviwoe míenye, eye míenye kluviwo na ame aɖeke kpɔ o. Nu ka ŋuti nègblɔ be, ‘Woana ablɔɖe mi’?” 34 Yesu ɖo eŋu na wo be: “Vavã, vavã mele egblɔm na mi be, ame sia ame si wɔa nu vɔ̃ la, nu vɔ̃ ƒe kluvi wònye.+ 35 Eye kluvi menɔa aƒe me ɖaa o; vi ya nɔa anyi ɖaa. 36 Eya ta ne Vi la na ablɔɖe mi la, ekema mianye ablɔɖeviwo vavã. 37 Menya be Abraham ƒe dzidzimeviwoe mienye. Gake miele didim be yewoawum, elabena miexɔ nye nufiafia la o. 38 Nu siwo mekpɔ le Fofonye gbɔ lae megblɔna;+ eye miawo hã nu siwo miese tso mia fofo gbɔ lae miewɔna.” 39 Woɖo eŋu nɛ be: “Mía fofoe nye Abraham.” Yesu gblɔ na wo be: “Ne Abraham viwoe mienye la,+ anye ne miawɔ Abraham ƒe dɔwo. 40 Ke azɔ miele didim be yewoawu, nye ame si gblɔ nyateƒe si mese tso Mawu gbɔ la na mi.+ Abraham mewɔ nu alea o. 41 Mia fofo ƒe dɔwo miewɔna.” Wogblɔ nɛ be: “Menye ahasiviwo* míenye o; Fofo ɖekae le mía si, eyae nye Mawu.”
42 Yesu gblɔ na wo be: “Ne Mawue nye mia Fofo la, anye ne mielɔ̃m,+ elabena Mawu gbɔe metso va afi sia. Nyemeva le ɖokuinye si o, ke boŋ Ame mae dɔm ɖa.+ 43 Nu ka tae miese nya si gblɔm mele la gɔme o? Elabena miate ŋu ase nye nya o. 44 Miawo la mietso mia fofo si nye Abosam me, eye mia fofo la ƒe nudzodzrowoe miedina be yewoawɔ.+ Eya la amewulae wònye tso eƒe aglãdzeɣi ke,*+ eye meli ke ɖe nyateƒe la me o, elabena nyateƒe mele eme o. Ne ele aʋatso kam la, eƒoa nu tso eɖokui me, elabena aʋatsokala kple aʋatsokafofo wònye.+ 45 Ke esi nye ya mele nyateƒe tom ta la, miexɔ dzinye se o. 46 Mia dometɔ kae ate ŋu abu fɔm le nu vɔ̃ aɖe ŋu? Ne nyateƒe tom mele la, ekema nu ka tae miexɔ dzinye se o? 47 Ame si tso Mawu me la ɖoa to Mawu ƒe nyawo.+ Esia tae mieɖoa to o, elabena mietso Mawu me o.”+
48 Yudatɔwo gblɔ nɛ be: “Ðe míegblɔe wòsɔ be, ‘Samariatɔ nènye,+ eye gbɔgbɔ vɔ̃ le mewò oa’?”+ 49 Yesu ɖo eŋu be: “Gbɔgbɔ vɔ̃ mele menye o, ke boŋ mele bubu dem Fofonye ŋu, ke miawo miele vlo domem. 50 Ke nyemele kafukafu dim na ɖokuinye o;+ Ame aɖe li, si le edim, eye wònye ʋɔnudrɔ̃la. 51 Vavã, vavã mele egblɔm na mi be, ne ame aɖe wɔa nye nya dzi la, maɖɔ ku akpɔ gbeɖe o.”+ 52 Yudatɔwo gblɔ nɛ be: “Azɔ ko míenya be gbɔgbɔ vɔ̃ le mewò. Abraham ku, nyagblɔɖilawo hã ku, evɔ wò ya nèle gbɔgblɔm be, ‘Ne ame aɖe wɔ nye nya dzi la, maɖɔ ku akpɔ gbeɖe o.’ 53 Ðe nènye gã wu mía fofo Abraham, ame si ku la? Nyagblɔɖilawo hã ku. Ame kae nèle ɖokuiwò bumee?” 54 Yesu ɖo eŋu be: “Ne nye ŋutɔe kafua ɖokuinye la, ekema nye kafukafu la menye naneke o. Fofonye, si miebe eyae nye miaƒe Mawu lae kafuam.+ 55 Gake mienyae o,+ ke nye ya menyae.+ Eye ne megblɔ be nyemenyae o la, ekema mezu aʋatsokala abe miawo ke ene. Gake menyae, eye meléa eƒe nya la me ɖe asi. 56 Mia fofo Abraham tso aseye be yeakpɔ nye ŋkeke la, ekpɔe hã, eye dzi dzɔe.”+ 57 Yudatɔwo biae be: “Mèkpɔ xɔ ƒe blaatɔ̃ haɖe o, evɔ nèbe yekpɔ Abraham mahã?” 58 Yesu gblɔ na wo be: “Vavã, vavã mele egblɔm na mi be, hafi Abraham nava dzɔ la, nye ya meli xoxo.”+ 59 Ale wofɔ kpewo be yewoaƒui, ke Yesu si bè, eye wòdo go le gbedoxɔa me.
9 Esi wòtso eme va yina la, ekpɔ ŋutsu aɖe si wodzi ŋkuagbãtɔe. 2 Eye eƒe nusrɔ̃lawo biae be: “Rabi,+ ame kae wɔ nu vɔ̃ be wodzi ame sia ŋkuagbãtɔe, eya ŋutɔe loo alo edzilawo yea?” 3 Yesu ɖo eŋu be: “Menye ame sia alo edzilawoe wɔ nu vɔ̃ o, ke boŋ be woaɖe Mawu ƒe dɔwɔwɔwo afia to edzi tae.+ 4 Zi ale si ŋkeke li la, ele be míawɔ Ame si dɔm ɖa la ƒe dɔwo;+ zã le dodo ge, esime ame aɖeke mate ŋu awɔ dɔ o. 5 Zi ale si mele xexea me la, nyee nye xexea ƒe kekeli.”+ 6 Esi wògblɔ nya siawo vɔ la, eɖe ta ɖe anyigba, eye wòtsɔ ta la nya anyi, eye wòtsɔ anyi la sisi ɖe ŋutsua ƒe ŋkuwo dzi,+ 7 eye wògblɔ nɛ be: “Heyi ɖaklɔ ŋkume le Siloam-ta la me” (woɖea Siloam gɔme be “Wodɔe Ða”). Eya ta eyi ɖaklɔ ŋkume, eye wòle nu kpɔm hafi trɔ gbɔ.+
8 Eye eƒe aƒelikawo kple ame siwo kpɔnɛ wònɔa nu biam tsã la de asi gbɔgblɔ me be: “Menye ame siae bɔbɔ nɔa anyi nɔa nu biam oa?” 9 Ame aɖewo gblɔ be: “Eyae.” Bubuwo hã be: “Kpao, amee ɖi ame.” Gake ŋutsua ŋutɔ gblɔ be: “Nyee.” 10 Eya ta wobiae be: “Ekema aleke wɔ wò ŋkuwo ʋu?” 11 Eɖo eŋu be: “Ame si woyɔna be Yesu lae nya anyi tsɔ sisi ɖe nye ŋkuwo dzi, eye wògblɔ nam be, ‘Yi ɖaklɔ ŋkume le Siloam-ta la me.’+ Eya ta meyi ɖaklɔ ŋkume, eye mele nu kpɔm.” 12 Eye wobiae be: “Afi kae wòle?” Eɖo eŋu be: “Nyemenya o.”
13 Wokplɔ ŋutsu si nye ŋkuagbãtɔ tsã la yi Farisitɔwo gbɔ. 14 Ke ŋkeke si dzi Yesu nya anyi tsɔ ʋu ŋku+ na amea la nye Sabat.+ 15 Eya ta Farisitɔwo hã gabiae be wòagblɔ ale si wòwɔ hafi eƒe ŋku ʋu la na yewo. Egblɔ na wo be: “Esisi anyi ɖe nye ŋkuwo dzi, eye meyi ɖaklɔe, eye mele nu kpɔm.” 16 Le esia ta Farisitɔ aɖewo de asi gbɔgblɔ me be: “Menye Mawu gbɔe ame sia tso o, elabena mewɔna ɖe Sabat la dzi o.”+ Bubuwo hã gblɔ be: “Aleke nu vɔ̃ wɔla ate ŋu awɔ dzesi siawo tɔgbi?”+ Ale mama ɖo wo dome.+ 17 Eye wogabia ŋkuagbãtɔ la be: “Esi wònye wòe wòʋu ŋku na ɖe, nya ka gblɔm nèle le eŋu?” Ŋutsua ɖo eŋu be: “Nyagblɔɖilae wònye.”
18 Ke Yudatɔwo meka ɖe edzi be ŋkuagbãtɔ wònye tsã hafi va le nu kpɔm fifia o, va se ɖe esime woyɔ ame si ƒe ŋku ʋu la dzilawo vɛ. 19 Eye wobia wo be: “Mia vi si miebe yewodzi ŋkuagbãtɔ lae nye esia? Aleke wɔ wòle nu kpɔm fifia?” 20 Edzilawo ɖo eŋu be: “Míenya be mía vie wònye, eye ŋkuagbãtɔe wònye míedzi. 21 Ke ale si wòdzɔe be wòle nu kpɔm azɔ la, míenyae o, eye míenya ame si ʋu ŋku nɛ hã o. Mibiae. Etsi. Eya ŋutɔ neɖe eɖokui nu.” 22 Edzilawo gblɔ nya siawo, elabena wole vɔvɔ̃m na Yudatɔwo,+ elabena Yudatɔwo ɖoe da ɖi be, ne ame aɖe ʋu eme be eyae nye Kristo la, woanyae le ƒuƒoƒe la.+ 23 Esia tae edzilaawo gblɔ be: “Etsi. Mibia eya ŋutɔ.”
24 Eya ta wogayɔ ame si nye ŋkuagbãtɔ tsã la vɛ zi evelia, eye wogblɔ nɛ be: “Tsɔ ŋutikɔkɔe na Mawu nàto nyateƒe na mí; míawo ya míenya be nu vɔ̃ wɔlae ame sia nye.” 25 Eɖo eŋu be: “Ne nu vɔ̃ wɔlae wònye la, nye ya nyemenya o. Nu ɖeka ko menya: eyae nye be ŋkuagbãtɔe menye tsã, ke azɔ la mele nu kpɔm.” 26 Wobiae be: “Nu kae wòwɔ na wò? Aleke wòwɔ ʋu wò ŋkuawo na wò?” 27 Eɖo eŋu na wo be: “Megblɔe na mi xoxo, gake miesee o. Nu ka tae miedi be yewoagasee? Alo ɖe miawo hã miedi be yewoazu eƒe nusrɔ̃lawoa?” 28 Eye wogblɔ nɛ fewuɖutɔe be: “Wòe nye eƒe nusrɔ̃la, míawo ya Mose ƒe nusrɔ̃lawo míenye. 29 Míenya be Mawu ƒo nu kple Mose; ke ame sia ya míenya afi si wòtso o.” 30 Ŋutsua ɖo eŋu na wo be: “Ewɔ nuku ŋutɔ be mienya afi si wòtso o, evɔ wòte ŋu ʋu nye ŋkuwo. 31 Míenya be Mawu meɖoa to nu vɔ̃ wɔlawo o,+ gake ne ame aɖe vɔ̃a Mawu, eye wòwɔa eƒe lɔlɔ̃nu la, Mawu ɖoa toe.+ 32 Tso keke blema ke la, míesee kpɔ be ame aɖe ʋu ŋku na ame si wodzi ŋkuagbãtɔe o. 33 Ne menye Mawu gbɔe ame sia tso o la, mate ŋu awɔ naneke o.”+ 34 Woɖo eŋu nɛ be: “Wò ame si wodzi ɖe nu vɔ̃ me koŋ la, wòe be yeafia nu mía?” Eye wonyae do goe!+
35 Yesu see be wonyae do goe, eye esi wòkpɔe la, ebiae be: “Èxɔ Amegbetɔvi la dzi sea?” 36 Ŋutsua ɖo eŋu be: “Aƒetɔ, ame kae nye ame ma, be maxɔ edzi ase?” 37 Yesu gblɔ nɛ be: “Èkpɔe, eye le nyateƒe me la, nye ame si le nu ƒom kpli wò lae.” 38 Egblɔ be: “Aƒetɔ, mexɔ edzi se.” Eye wòdze klo tsyɔ mo anyi ɖe eŋkume. 39 Yesu gblɔ be: “Ʋɔnudɔdrɔ̃ si ta meva xexea me ɖo lae nye be ame siwo mele nu kpɔm o la nakpɔ nu,+ eye ame siwo le nu kpɔm la nazu ŋkuagbãtɔwo.”+ 40 Farisitɔ siwo le egbɔ la se nya siawo, eye wobiae be: “Gake míawo ya míenye ŋkuagbãtɔwo o ɖe?” 41 Yesu gblɔ na wo be: “Ne ŋkuagbãtɔwoe mienye la, anye ne nu vɔ̃ aɖeke mele mia ŋu o. Gake miele gbɔgblɔm be, ‘Míele nu kpɔm.’ Eya ta miaƒe nu vɔ̃ la tsi anyi.”+
10 “Vavã, vavã mele egblɔm na mi be, ame si metoa agbo la nu gena ɖe alẽkpo la me o, ke boŋ wòlia teƒe bubu gena ɖe eme la, fiafitɔ kple adzodalae wònye.+ 2 Ke ame si toa agboa nu gena ɖe eme la, eyae nye alẽawo ƒe kplɔla.+ 3 Agbonudzɔla la ʋunɛ nɛ,+ eye alẽawo sea eƒe gbe.+ Eyɔa eƒe alẽwo ƒe ŋkɔ, eye wòkplɔa wo doa goe. 4 Ne ekplɔ eya ŋutɔ tɔwo katã do goe la, edzea wo ŋgɔ, eye alẽawo dzea eyome, elabena wodze si eƒe gbe. 5 Womadze ame tutɔ yome gbeɖe o, ke boŋ woasi le egbɔ, elabena womedzea si ame tutɔwo ƒe gbe o.” 6 Yesu do lo sia na wo, gake womese nya siwo gblɔm wòle na wo la gɔme o.
7 Eya ta Yesu gagblɔ be: “Vavã, vavã mele egblɔm na mi be: Nyee nye agbo na alẽawo.+ 8 Ame siwo katã va ɖe tenyeƒe la, fiafitɔwo kple adzodalawo wonye; ke alẽawo meɖo to wo o. 9 Nyee nye agbo la; ame sia ame si toa menye yina ɖe eme la akpɔ ɖeɖe, eye wòayi ɖe eme agado go, eye wòakpɔ gbeɖuƒe.+ 10 Fiafitɔ la mevana ne menye le fififi, amewuwu kple nugbegblẽ ta o.+ Nye la meva be woakpɔ agbe, eye be woakpɔe le agbɔsɔsɔ me. 11 Nyee nye alẽkplɔla nyui la;+ alẽkplɔla nyui la tsɔa eƒe agbe* ɖoa anyi ɖe alẽawo ta.+ 12 Ne apadɔwɔla, si woxɔ be wòakpɔ alẽawo dzi, eye alẽawo menye etɔ o, kpɔ amegãxi wògbɔna la, egblẽa alẽawo ɖi hesina—eye amegãxi la léa ɖewo eye mamlɛawo kana gbẽe— 13 elabena apadɔwɔla wònye, eye meléa be na alẽawo o. 14 Nyee nye alẽkplɔla nyui la. Menya nye alẽwo, eye nye alẽawo nyam,+ 15 abe ale si ko Fofo la nyam, eye nye hã menya Fofo la ene;+ eye metsɔ nye agbe* ɖo anyi ɖe alẽawo ta.+
16 “Eye alẽ bubuwo le asinye, siwo metso alẽkpo sia me o;+ ele nam be makplɔ woawo hã vɛ, eye woase nye gbe, eye woazu alẽha ɖeka, alẽkplɔla ɖeka.+ 17 Esia tae Fofo la lɔ̃am ɖo,+ elabena metsɔ nye agbe*+ ɖo anyi, ne magaxɔe ake. 18 Ame aɖeke mexɔe le asinye o, ke boŋ nye ŋutɔe tsɔe na le ɖokuinye si. Ŋusẽ le asinye be matsɔe ana, eye ŋusẽ le asinye be magaxɔe.+ Fofonyee de esia ƒe se nam.”
19 Mama gaɖo Yudatɔwo dome+ le nya siawo ta. 20 Wo dometɔ geɖewo le gbɔgblɔm be: “Gbɔgbɔ vɔ̃ le eme, aɖaʋatɔe. Nu ka tae miele to ɖomee?” 21 Bubuwo be: “Menye ame si me gbɔgbɔ vɔ̃ le ƒe nyawoe nye esiawo o. Ðe gbɔgbɔ vɔ̃ ate ŋu aʋu ŋku na ŋkuagbãtɔwoa?”
22 Ɣemaɣi Gbedoxɔŋukɔkɔŋkekenyui la ɖo edzi le Yerusalem. Vuvɔŋɔlie, 23 eye Yesu le tsa ɖim le gbedoxɔa me le Salomo ƒe akpata la me.+ 24 Eye Yudatɔwo va ƒo xlãe hebiae be: “Ɣekaɣi nàna míalala* ase ɖo? Ne wòe nye Kristo la, gblɔe na mí faa.” 25 Yesu ɖo eŋu na wo be: “Megblɔe na mi, gake miexɔe se o. Dɔ siwo wɔm mele le Fofonye ƒe ŋkɔ me la, woawoe le ɖase ɖim le ŋunye.+ 26 Ke miawo ya miexɔe se o, elabena menye nye alẽwoe mienye o.+ 27 Nye alẽwo sea nye gbe, menya wo, eye wodzea yonyeme.+ 28 Menaa agbe mavɔ wo,+ womatsrɔ̃ akpɔ gbeɖe o, eye ame aɖeke mele wo xɔ ge le asinye sesẽe o.+ 29 Nu si Fofonye tsɔ nam la xɔ asi wu nu bubuwo katã, eye ame aɖeke mate ŋu axɔ wo le Fofo la si sesẽe o.+ 30 Nye kple Fofo la míele ɖeka.”*+
31 Yudatɔwo gafɔ kpe be yewoaƒui. 32 Yesu bia wo be: “Mewɔ dɔ nyui geɖe siwo Fofonye de asi nam la fia mi. Dɔ siawo dometɔ ka tae miele kpe ƒu gem ɖo?” 33 Yudatɔwo ɖo eŋu nɛ be: “Menye dɔ nyui wɔwɔ tae míele kpe ƒu ge wò ɖo o, ke boŋ le busunyagbɔgblɔ ta;+ elabena togbɔ be amegbetɔe nènye hã la, èwɔ ɖokuiwò mawui.” 34 Yesu ɖo eŋu na wo be: “Ðe womeŋlɔ ɖe miaƒe Se la me be, ‘Mebe: “Mawuwo mienye”*+ oa’? 35 Ne eyɔ ame siwo Mawu ƒe nya la bu fɔ la be ‘mawuwo,’+ evɔ wogadea asixɔxɔ ŋɔŋlɔ la ŋu la, 36 ɖe miele gbɔgblɔm na nye, ame si ŋuti Fofo la kɔ hedɔ ɖe xexea me la be, ‘Ègblɔ busunya,’ elabena megblɔ be ‘Mawu ƒe Vie menyea’?+ 37 Ne nyemele Fofonye ƒe dɔwo wɔm o la, ekema migaxɔ dzinye se o. 38 Ke ne mele wo wɔm la, ekema ne miexɔ dzinye se o hã la, mixɔ nye dɔwɔwɔawo ya dzi se,+ ne mianyae, eye miase egɔme be Fofo la wɔ ɖeka kplim, eye nye hã mewɔ ɖeka kple Fofo la.”+ 39 Ale wogadi be yewoalée; ke esi le wo gbɔ.
40 Eye wògadzo yi Yordan godo, le afi si Yohanes nɔ amewo nyrɔm le tsã,+ eye wònɔ afi ma. 41 Ame geɖewo va egbɔ, eye wode asi gbɔgblɔ me le wo nɔewo dome be: “Yohanes mewɔ dzesi ɖeka pɛ hã o, gake nya siwo katã Yohanes gblɔ tso ame sia ŋu la nye nyateƒe.”+ 42 Eye ame geɖewo xɔ edzi se le afi ma.
11 Azɔ ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Lazaro la le dɔ lém. Etso Betania, si nye kɔƒe si me Maria kple nɔvianyɔnu Marta+ tso. 2 Maria siae kɔ ami ʋeʋĩ ɖe tame na Aƒetɔ la hetsɔ eƒe taɖa tutu eƒe afɔwo ŋu;+ nɔviae nye Lazaro si le dɔ lém la. 3 Eya ta nɔvianyɔnuawo ɖo du ɖe Yesu be: “Aƒetɔ, kpɔ ɖa, ame si gbɔ mèlɔ̃a nu le o la le dɔ lém.” 4 Ke esi Yesu see la, egblɔ be: “Menye kudɔe dɔléle sia nye o, ke boŋ woato edzi ahe ŋutikɔkɔe vɛ na Mawu,+ eye woado Mawu ƒe Vi la ɖe dzi.”
5 Yesu lɔ̃a Marta kple nɔvianyɔnua kpakple Lazaro. 6 Gake esi wòse be ele dɔ lém la, egatsi afi si wòle la ŋkeke eve. 7 Eye le esia megbe la, egblɔ na nusrɔ̃lawo be: “Mina míatrɔ ayi Yudea.” 8 Nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ be: “Rabi,+ nyitsɔ laa koe Yudeatɔwo di be yewoaƒu kpe wò,+ eye nègale afi ma yi gea?” 9 Yesu ɖo eŋu be: “Alo menye gaƒoƒo wuievee kekeli nɔa anyi le ŋkeke me oa?+ Ne ame aɖe le zɔzɔm le kekeli nu le ŋkeke me la, meklia nu o, elabena kekelia na wòle nu kpɔm. 10 Gake ne ame aɖe le zɔzɔm le zã me la, eklia nu, elabena kekeli mele eme o.”
11 Esi wògblɔ nya siawo vɔ la, egblɔ kpee be: “Mía xɔlɔ̃ Lazaro le alɔ̃ dɔm,+ gake meyina be maɖanyɔe.” 12 Nusrɔ̃laawo gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, ne alɔ̃ dɔmee wòle la, ekema eƒe lãme asẽ.” 13 Togbɔ be eƒe ku ŋue Yesu le nu ƒom tsoe hã la, woawo ya wosusui be alɔ̃ ŋutɔŋutɔ wòwɔnɛ. 14 Eya ta Yesu ʋu eme na wo kɔtɛ be: “Lazaro ku,+ 15 eye dzi le dzɔyem le mia ta be nyemele afi ma o, ne miaxɔe ase. Ke mina míayi egbɔ.” 16 Eya ta Toma, si woyɔna be Venɔvi la, gblɔ na etɔ nusrɔ̃lawo be: “Mina míawo hã míayi, ne míaku kplii.”+
17 Esi Yesu va ɖo la, ekpɔ be Lazaro xɔ ŋkeke ene xoxo le yɔdoa* me. 18 Betania te ɖe Yerusalem ŋu, eye wo dome anɔ agbadroƒe eve.* 19 Eye Yudatɔ geɖewo va Marta kple Maria gbɔ, be yewoafa akɔ na wo le wo nɔviŋutsua ƒe ku ta. 20 Esi Marta se be Yesu gbɔna la, eyi ɖakpee; ke Maria+ ya nɔ anyi ɖe aƒea me. 21 Eye Marta gblɔ na Yesu be: “Aƒetɔ, ne ɖe nèle afi sia la, anye ne nɔvinye la meku o. 22 Gake fifia gɔ̃ hã menya be nu sia nu si nàbia Mawu la, Mawu ana wò.” 23 Yesu gblɔ nɛ be: “Nɔviwò la atsi tsitre.” 24 Marta gblɔ nɛ be: “Menya be afɔ le tsitretsitsi+ la me le ŋkeke mlɔetɔ dzi.” 25 Yesu gblɔ nɛ be: “Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la.+ Ame si xɔa dzinye sena la, ne eku hã la, agagbɔ agbe; 26 eye ame sia ame si le agbe, eye wòxɔa dzinye sena la, maku akpɔ o.+ Èxɔ esia dzi sea?” 27 Eɖo eŋu nɛ be: “Ɛ̃, Aƒetɔ, mexɔe se be wòe nye Kristo la, Mawu ƒe Vi si gbɔna xexea me.” 28 Esi wògblɔ esia vɔ la, eyi ɖayɔ nɔvia Maria hegblɔ nɛ dzaa be: “Nufiala+ la va, eye ele yɔwòm.” 29 Esi wòsee la, etso kpla, eye wòdze mɔ yi egbɔ.
30 Yesu mekpɔ va ɖo kɔƒea me haɖe o, ke boŋ egale afi si Marta va kpee le la. 31 Esi Yudatɔ siwo le Maria gbɔ le aƒea me le akɔ fam nɛ la kpɔ be etso kpla do go la, wodze eyome, elabena wosusu be eyina avi fa ge le yɔdoa*+ to. 32 Esi Maria va ɖo afi si Yesu le, eye wòkpɔe la, ebɔbɔ tsyɔ mo anyi ɖe eƒe afɔnu gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, ne ɖe nèle afi sia la, anye ne nɔvinye la meku o.” 33 Eya ta esi Yesu kpɔe wòle avi fam, eye Yudatɔ siwo va kplii la hã le avi fam la, eɖe hũ le eɖokui me,* eye wòxa nu vevie. 34 Ebia be: “Afi kae mietsɔe yi ɖamlɔ?” Woɖo eŋu nɛ be: “Aƒetɔ, va kpɔe ɖa.” 35 Yesu fa avi.+ 36 Eya ta Yudatɔwo te gbɔgblɔ be: “Mikpɔ ale si gbegbe wòlɔ̃e ɖa!” 37 Ke wo dometɔ aɖewo gblɔ be: “Aleke wɔ ŋutsu sia si ʋu ŋku na ŋkuagbãtɔa+ la, mete ŋu xe mɔ na ame sia ƒe ku ya o?”
38 Eye esi Yesu gaɖe hũ le eɖokui me vɔ la, eva yɔdo* la gbɔ. Agadoe wònye, eye kpe le enu. 39 Yesu gblɔ be: “Miɖe kpe la ɖa.” Ke ame kukua nɔvinyɔnu Marta gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, fifia anɔ ʋeʋẽm, elabena ŋkeke enee nye esia.” 40 Yesu gblɔ nɛ be: “Ðe nyemegblɔe na wò be ne èxɔe se la, àkpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe oa?”+ 41 Eya ta woɖe kpe la ɖa. Azɔ Yesu wu mo dzi+ gblɔ be: “Fofo, meda akpe na wò be èɖo tom. 42 Nyateƒee, menya be èɖoa tom ɣesiaɣi; ke ameha si le tsitre ɖe afi sia tae megblɔe ɖo, ne woaxɔe ase be wòe dɔm ɖa.”+ 43 Esi wògblɔ nya siawo vɔ la, edo ɣli sesĩe be: “Lazaro lee, do go!”+ 44 Enumake ame si ku la do go, eye ameɖivɔ siwo wotsɔ bla asi kple afɔ nɛ gakpɔtɔ le eŋu, avɔ si wotsɔ bla mo nɛ la hã gakpɔtɔ le mo nɛ. Yesu gblɔ na wo be: “Mitui, ne wòadzo.”
45 Eya ta Yudatɔ siwo va Maria gbɔ, eye wokpɔ nu siwo wòwɔ la, dometɔ geɖewo xɔ edzi se,+ 46 gake wo dometɔ aɖewo yi Farisitɔwo gbɔ ɖagblɔ nu siwo Yesu wɔ la na wo. 47 Ale nunɔlawo ƒe tatɔwo kple Farisitɔwo ƒo Sanhedrin la nu ƒu hegblɔ be: “Nu ka wɔ ge míala, elabena ame sia le dzesi geɖewo wɔm?+ 48 Ne míeɖe mɔ nɛ alea la, ekema wo katã woaxɔ edzi ase, eye Romatɔwo ava xɔ míaƒe nɔƒe* kple míaƒe dukɔa siaa le mía si.” 49 Ke wo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Kayafa,+ eye wònye nunɔlagã le ƒe ma me la, gblɔ na wo be: “Mienya naneke kura o. 50 Ðe miekpɔe dze sii be ade mia dzi be ame ɖeka naku ɖe dukɔa ta wu be dukɔ bliboa natsrɔ̃ oa?” 51 Ke menye eya ŋutɔ ɖokui sie wògblɔ nya sia le o, ke boŋ esi wònye nunɔlagã le ƒe ma me ta la, egblɔe ɖi be, ele be Yesu naku ɖe dukɔ la ta, 52 eye menye ɖe dukɔ la ɖeɖe ko ta o, ke boŋ be wòaƒo Mawu ƒe vi siwo ka hlẽ la hã nu ƒu ɖekae. 53 Ale tso ŋkeke ma dzi la, woɖo nugbe be yewoawui.
54 Eya ta Yesu megadona ɖe Yudatɔwo dome o, ke boŋ edzo le afi ma yi nuto aɖe si te ɖe gbedzi ŋu, le du si woyɔna be Efrayim+ la me, eye eya kple nusrɔ̃laawo tsi afi ma. 55 Ke Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkekenyui+ la le ɖoɖom, eye anyigba la dzi tɔ geɖewo tso kɔƒenutowo me va Yerusalem do ŋgɔ na Ŋutitotoŋkekenyui la, ne woakɔ wo ɖokuiwo ŋu le kɔa nu. 56 Azɔ wole Yesu dim, eye wole tsitre ɖe gbedoxɔa me, le wo nɔewo biam be: “Nu kae miesusu? Ðe megbɔna ŋkekenyuia ɖuƒe kura oa?” 57 Ke nunɔlawo ƒe tatɔwo kple Farisitɔwo de se be, ne ame aɖe nya afi si Yesu le la, nena yewoanya, ne yewoalée.
12 Ŋkeke ade do ŋgɔ na Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɣi la, Yesu va ɖo Betania, afi si Lazaro+ si wòfɔ tso ame kukuwo dome la le. 2 Eya ta woɖo fiẽnuɖukplɔ̃ nɛ le afi ma, eye Marta le wo subɔm,+ eye Lazaro hã le ame siwo le kplɔ̃a ŋu kplii la dome. 3 Eye Maria tsɔ nardomi akuakua, si nye ami ʋeʋĩ xɔasi aɖe, pounde ɖeka,* si ɖe Yesu ƒe afɔwo ŋuti hetsɔ eƒe taɖa tutu eƒe afɔawo ŋu. Ale ami la ƒe ʋeʋẽ lilili xɔ aƒea me keŋ.+ 4 Ke eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka si nye Yuda Iskariot,+ si le ede ge asi kpuie la, gblɔ be: 5 “Nu ka tae womedzra ami ʋeʋĩ sia denario* alafa etɔ̃ hetsɔ ga la na ame dahewo o?” 6 Ke hã menye esi wòtsɔ ɖe le eme na ame dahewo tae wògblɔ nya sia ɖo o, ke boŋ fiafitɔe wònye, eye gaɖaka la le egbɔ, eye wòfia ga siwo wodana ɖe eme la. 7 Eya ta Yesu gblɔ be: “Ðe asi le eŋu, ne wòawɔ esia atsɔ adzram ɖo ɖi na nye ɖigbe.+ 8 Elabena ame dahewo le mia gbɔ ɖaa,+ ke nye ya nyemanɔ mia gbɔ ɖaa o.”+
9 Yudatɔ gbogbo aɖewo va nya be ele afi ma, eye wova, menye le Yesu ɖeɖe ko ta o, ke be yewoakpɔ Lazaro, ame si wòfɔ tso ame kukuwo dome la hã.+ 10 Azɔ nunɔlawo ƒe tatɔwo ɖo nugbe be yewoawu Lazaro hã, 11 elabena eya tae Yudatɔ geɖewo yia afi ma eye wole Yesu dzi xɔm le sesem ɖo.+
12 Le ŋufɔke la, ameha gã si va ŋkekenyuia ɖuƒe la se be Yesu gbɔna Yerusalem. 13 Eya ta wotsɔ deʋayawo hedo go yi be yewoakpee, eye wole ɣli dom be: “Míeɖe kuku na wò, xɔ nɛ! Woayra ame si gbɔna le Yehowa* ƒe ŋkɔ me!+ Israel ƒe Fia la!”+ 14 Esi Yesu kpɔ tedzivi aɖe la, ebɔbɔ nɔ edzi,+ abe ale si tututu woŋlɔe ɖi ene be: 15 “Mègavɔ̃ o, Zion vinyɔnu. Kpɔ ɖa! Wò fia la gbɔna, eye wòbɔbɔ nɔ tedzivi dzi.”+ 16 Eƒe nusrɔ̃lawo mese nu siawo gɔme gbã o, gake esi wova do Yesu ɖe dzi megbe la,+ woɖo ŋku edzi be woŋlɔ nu siawo ɖi tso eŋu, eye be wowɔ nu siawo nɛ.+
17 Eye ameha si nɔ eŋu esime wòyɔ Lazaro sesĩe tso yɔdoa*+ me hefɔe tso ame kukuwo dome la hã le ɖase ɖim le eŋu.+ 18 Esia hã tae ameha la yi ɖakpee, elabena wose be ewɔ nukunu* sia. 19 Eya ta Farisitɔwo gblɔ le wo nɔewo dome be: “Miekpɔea, miete ŋu le naneke wɔm o. Kpɔ ɖa! Xexe blibo la katãe nye ema dze eyome hoo.”+
20 Ke Helatɔ aɖewo le ame siwo va ta de ge agu le ŋkekenyuia ɖuɣi la dome. 21 Eya ta ame siawo te ɖe Filipo,+ si tso Betsaida le Galilea ŋu, eye woɖe kuku nɛ be: “Aƒetɔ, míedi be míakpɔ Yesu.” 22 Filipo va gblɔe na Andrea. Eye Andrea kple Filipo va gblɔe na Yesu.
23 Ke Yesu ɖo eŋu na wo be: “Gaƒoƒo la de be woado Amegbetɔvi la ɖe dzi.+ 24 Vavã, vavã mele egblɔm na mi be, ne lu ƒe ku mege ɖe anyigba heku o la, ku ɖeka ko wònyena; ke ne eku la,+ ekema etsea ku geɖe. 25 Ame si lɔ̃a eƒe agbe* vevie la tsrɔ̃nɛ, ke ame si léa fu eƒe agbe*+ le xexe sia me la akpɔ eta hena agbe mavɔ.+ 26 Ne ame aɖe di be yeanye nye subɔla la, nedze yonyeme, eye afi si mele la, afi mae nye subɔla hã anɔ.+ Ne ame aɖe di be yeasubɔm la, Fofo la ade bubu eŋu. 27 Fifia metsi dzi,*+ eye nya kae magblɔ? Fofo, ɖem tso gaƒoƒo sia me.+ Gake gaƒoƒo sia tae meva ɖo. 28 Fofo, do wò ŋkɔ ɖe dzi.” Kasia gbe+ aɖe ɖi tso dziƒo gblɔ be: “Medoe ɖe dzi, eye magadoe ɖe dzi ake.”+
29 Esi ameha si le afi ma see la, wo dometɔ aɖewo gblɔ be dzie ɖe gbe. Gake bubuwo hã gblɔ be: “Mawudɔla aɖee ƒo nu kplii.” 30 Yesu ɖo eŋu be: “Menye tanyee gbe sia ɖi ɖo o, ke boŋ mia tae. 31 Azɔ wole ʋɔnu drɔ̃m xexe sia; azɔ woaɖe xexe+ sia dzi ɖula la ɖa.+ 32 Ke nye la, ne wohem ɖe ati ŋu* la,+ mahe ame ƒomeviwo katã ɖe ɖokuinye ŋu.” 33 Le nyateƒe me la, egblɔ esia tsɔ fia ku si ƒomevi ku ge wògbɔna kpuie la.+ 34 Eye ameha la ɖo eŋu nɛ be: “Míesee le Se la me be Kristo la anɔ anyi tegbee.+ Ekema nu ka tae nèle gbɔgblɔm be woahe Amegbetɔvi la ɖe ati ŋu?+ Ame kae nye Amegbetɔvi sia?” 35 Eya ta Yesu gblɔ na wo be: “Kekeli la aganɔ mia dome vie. Mizɔ esime kekeli la gale mia gbɔ, ne viviti la nagakpɔ ŋusẽ ɖe mia dzi o; ame si zɔa viviti me la menyaa afi si yim wòle o.+ 36 Esi kekeli la gakpɔtɔ le mia gbɔ la, mixɔ kekeli la dzi se, ne miazu kekeli viwo.”+
Yesu gblɔ nya siawo, eye wòdzo le wo gbɔ yi ɖaɣla eɖokui. 37 Togbɔ be ewɔ nukunu geɖewo wokpɔ hã la, womexɔ edzi se o, 38 ale nyagblɔɖila Yesaya ƒe nya va eme, egblɔ be: “Yehowa,* ame kae xɔ nya si wose tso mía gbɔ la dzi se?+ Eye ame kae woɖe Yehowa* ƒe alɔ fia?”+ 39 Susu si ta womete ŋu xɔe se o lae nye nya si Yesaya gagblɔ be: 40 “Egbã woƒe ŋkuwo, eye wòna woƒe dzi me sẽ, ne woagakpɔ nu kple woƒe ŋkuwo, eye woase egɔme kple woƒe dziwo, be woatrɔ ne wòada gbe le wo ŋu o.”+ 41 Yesaya gblɔ nya siawo, elabena ekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe, eye wòƒo nu tso eŋu.+ 42 Togbɔ be ele alea hã, kplɔlawo dometɔ geɖe gɔ̃ hã xɔ edzi se,+ gake womeʋua eme be yewoxɔ edzi se o le Farisitɔwo ta, ale be woaganya wo ɖa le ƒuƒoƒe la me o;+ 43 elabena wolɔ̃ amewo ƒe kafukafu wu Mawu ƒe kafukafu kura.+
44 Ke Yesu do ɣli gblɔ be: “Ame si xɔa dzinye sena la, menye nye ɖeɖe ko dzie wòxɔna sena o, ke exɔa ame si dɔm ɖa la hã dzi sena;+ 45 eye ame si kpɔm la, ekpɔ Ame si dɔm ɖa la hã.+ 46 Kekeli menye va xexea me,+ ale be ame sia ame si xɔa dzinye sena la nagakpɔtɔ anɔ viviti la me o.+ 47 Ke ne ame aɖe sea nye nyawo, eye mewɔa wo dzi o la, nyemedrɔ̃a ʋɔnui o; elabena nyemeva ʋɔnu drɔ̃ ge xexea o, ke boŋ be maɖe xexea.+ 48 Ame si gbeam, eye mexɔa nye nyawo o la, ame si adrɔ̃ ʋɔnui la li. Nya si megblɔ lae adrɔ̃ ʋɔnui le ŋkeke mamlɛa dzi. 49 Elabena nyemeƒo nu le ɖokuinye si o, ke boŋ Fofo si dɔm ɖa la ŋutɔe na nya si magblɔ kple ale si maƒo nui ƒe sem.+ 50 Eye menyae hã be eƒe sedede la naa agbe mavɔ.+ Eya ŋuti nya siwo megblɔna la, megblɔa wo abe ale si tututu Fofo la gblɔ wo nam ene.”+
13 Azɔ Yesu nya do ŋgɔ na Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɣi be yeƒe gaƒoƒo la de be+ yeadzo le xexe sia me ayi Fofo la gbɔ,+ esi wòlɔ̃ etɔ siwo le xexea me la, elɔ̃ wo va se ɖe nuwuwu.+ 2 Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ fiẽnu ɖum eye Abosam dee Yuda Iskariot,+ Simon vi, ƒe dzi me xoxo be wòadee asi.+ 3 Esi Yesu nya be Fofo la tsɔ nuwo katã de asi na ye, eye be Mawu gbɔe yetso va, eye yeyina Mawu gbɔ la,+ 4 etsi tsitre le fiẽnua ɖuƒe, ɖe eƒe awudziwui da ɖi, eye wòtsɔ papahũ sa ɖe ali.+ 5 Eku tsi ɖe agba gã aɖe me, eye wòde asi nusrɔ̃laawo ƒe afɔwo kɔklɔ me, eye wòtsɔa papahũ si wòsa ɖe ali la tutua wo ŋu. 6 Esi wòva ɖo Simon Petro dzi la, ebia Yesu be: “Aƒetɔ, wòe aklɔ afɔ nama?” 7 Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Màse nu si wɔm mele la gɔme fifia o, gake àva se egɔme le nu siawo megbe.” 8 Petro gblɔ nɛ be: “Gbeɖe, màklɔ afɔ nam akpɔ o.” Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Ne nyemeklɔe na wò o la,+ ekema gome aɖeke mele asiwò le gbɔnye o.” 9 Simon Petro gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, ekema menye nye afɔwo ɖeɖe ko o, ke nye asiwo kple nye ta hã.” 10 Yesu gblɔ nɛ be: “Ame si le tsi la, afɔkɔklɔ koe hiã nɛ, elabena eŋuti katã ɖi xoxo. Eye mia ŋuti ɖi, gake menye mi katãe o.” 11 Elabena enya ame si le ede ge asi.+ Esia tae wògblɔ be: “Menye mi katã ŋutie ɖi o.”
12 Azɔ esi wòklɔ afɔ na wo vɔ la, edo eƒe awuwo, eye wògabɔbɔ nɔ kplɔ̃a ŋu hebia wo be: “Miese nu si mewɔ na mi la gɔmea? 13 Mieyɔam be ‘Nufiala’ kple ‘Aƒetɔ,’ eye esɔ nenema, elabena eyae menye.+ 14 Eya ta ne nye, ame si nye Aƒetɔ kple Nufiala, meklɔ afɔ na mi la,+ ekema ele na miawo hã be miaklɔe na mia nɔewo.+ 15 Elabena meɖo kpɔɖeŋu ɖi na mi be, ale si tututu mewɔ na mi la, miawo hã miawɔ nenema ke.+ 16 Vavã, vavã mele egblɔm na mi be, kluvi mewua eƒe aƒetɔ o, eye ame dɔdɔ mewua ame si dɔe ɖa la o. 17 Ne mienya nu siawo la, ekema dzidzɔtɔwoe mianye ne miewɔa wo dzi.+ 18 Menye mi katãe mewɔnɛ o; menya ame siwo metia. Ke hã ele be ŋɔŋlɔ la nava eme be:+ ‘Ame si ɖua nye abolo la kɔ eƒe afɔkpodzi dzi ɖe ŋunye.’*+ 19 Tso esia dzi la, mele egblɔm na mi hafi wòava dzɔ, ale be ne eva dzɔ la, miaxɔe ase be nyee.+ 20 Vavã, vavã mele egblɔm na mi be, ame si xɔa ame si medɔ ɖa la, xɔa nye hã,+ eye ame si xɔam la, xɔa Ame si dɔm ɖa la hã.”+
21 Esi Yesu gblɔ nya siawo vɔ la, etsi dzi vevie le eɖokui me, eye wògblɔ be: “Vavã, vavã mele egblɔm na mi be, mia dometɔ ɖeka adem asi.”+ 22 Nusrɔ̃lawo kpɔ wo nɔewo ŋkume, eye wotsi yaa, elabena womenya wo dometɔ kae wòwɔnɛ o.+ 23 Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka si gbɔ melɔ̃a nu le o+ la nɔ anyi ɖe egbɔ tututu.* 24 Eya ta Simon Petro wɔ dzesi nɛ be: “Gblɔe na mí, ame kae wòwɔnɛ.” 25 Eya ta ame ma bi ɖe megbe ziɔ ɖe Yesu ƒe akɔta hebiae be: “Aƒetɔ, ame kae?”+ 26 Yesu ɖo eŋu be: “Ame si maka abolo atɔ agba me atsɔ ana lae.”+ Esi wòtsɔ abolo la tɔ agbaa me la, etsɔe na Yuda, Simon Iskariot vi la. 27 Esi Yuda xɔ abolo kakɛa vɔ la, Satana ge ɖe eme.+ Eya ta Yesu gblɔ nɛ be: “Nu si wɔm nèle la, wɔe kaba.” 28 Ke hã, ame siwo le kplɔ̃a ŋu la dometɔ aɖeke menya nu si ta wògblɔ nya sia nɛ o. 29 Le nyateƒe me la, esi wònye Yuda gbɔe gaɖaka la le ta la,+ wo dometɔ aɖewo bu be ɖe Yesu le gbɔgblɔm nɛ be, “Ƒle nu siwo hiã na ŋkekenyui la,” alo be wòana nane ame dahewo. 30 Eya ta esi wòxɔ abolo kakɛa vɔ la, edo go dzo enumake. Zã hã do ɣemaɣi.+
31 Esi wòdzo la, Yesu gblɔ be: “Azɔ wodo Amegbetɔvi la ɖe dzi,+ eye wodo Mawu ɖe dzi to eya amea dzi. 32 Mawu ŋutɔ adoe ɖe dzi,+ eye adoe ɖe dzi enumake. 33 Vinyewo, ɣeyiɣi vi aɖe koe maganɔ anyi kpli mi. Miadim; gake ale si megblɔe na Yudatɔwo be, ‘Afi si meyina la, miate ŋu ava o’+ la, eya ko gblɔm mele na miawo hã azɔ. 34 Mele se yeye nam mi be mialɔ̃ mia nɔewo; ale si melɔ̃ mi la,+ miawo hã milɔ̃ mia nɔewo nenema ke.+ 35 Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.”+
36 Simon Petro biae be: “Aƒetɔ, afi ka yim nèle?” Yesu ɖo eŋu be: “Afi si yim mele la, màte ŋu adze yonyeme fifia ayi o, ke emegbe la àdze yonyeme.”+ 37 Eye Petro biae be: “Aƒetɔ, nu ka tae nyemate ŋu adze yowòme fifia o? Matsɔ nye agbe* aɖo anyi ɖe tawò.”+ 38 Yesu ɖo eŋu be: “Àtsɔ wò agbe* aɖo anyi ɖe tanyea? Vavã, vavã mele egblɔm na wò be, koklo mele atɔ ku ge hafi nàgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃ o.”+
14 “Migana dzika natso mia ƒo o.+ Mixɔ Mawu dzi se;+ mixɔ nye hã dzinye se. 2 Fofonye ƒe me la, nɔƒe geɖewo li. Ne mele nenema o la, anye ne megblɔe na mi, elabena meyina be madzra teƒe ɖo ɖi na mi.+ 3 Eye ne meyi ɖadzra teƒe ɖo ɖi na mi vɔ la, magava, eye maxɔ mi ɖe nye ŋutɔ gbɔnye, ale be afi si mele la, miawo hã mianɔ afi ma.+ 4 Afi si meyina la, mienya mɔ la.”
5 Toma+ gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, míenya afi si yim nèle o, aleke míawɔ anya mɔa?”
6 Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Nyee nye mɔ+ la kple nyateƒe+ la kpakple agbe+ la. Ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.+ 7 Ne mienyam la, mianya Fofonye hã; tso fifia heyina la, mienyae, eye miekpɔe hã.”+
8 Filipo gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, fia Fofo la mí, eye ema asɔ gbɔ na mí.”
9 Yesu gblɔ nɛ be: “Filipo, ɣeyiɣi didi aɖee nye esia mele mia gbɔ, eye mènyam oa? Ame si kpɔm la, ekpɔ Fofo la hã.+ Aleke wɔ nèbe, ‘Fia Fofo la mí’? 10 Ðe mèxɔe se be mewɔ ɖeka kple Fofo la, eye Fofo la hã wɔ ɖeka kplim oa?+ Nya siwo gblɔm mele na mi la, menye nye ŋutɔ nye nyawoe o,+ ke boŋ Fofo si wɔ ɖeka kplim lae le eƒe dɔwo wɔm. 11 Mixɔ dzinye se be mewɔ ɖeka kple Fofo la, eye Fofo la hã wɔ ɖeka kplim; ne miexɔe se o la, ekema mixɔe se le dɔwɔwɔawo ya ta.+ 12 Vavã, vavã mele egblɔm na mi be, ame si xɔa dzinye sena la hã awɔ dɔ siwo mewɔna; eye awɔ dɔ siwo lolo wu esiawo,+ elabena meyina Fofo la gbɔ.+ 13 Nu sia nu si miabia le nye ŋkɔ me la, mawɔe, ale be woado Fofo la ɖe dzi to Vi la dzi.+ 14 Ne miebia nane le nye ŋkɔ me la, mawɔe.
15 “Ne mielɔ̃m la, ekema miawɔ nye sewo dzi.+ 16 Mabia Fofo la wòana kpeɖeŋutɔ* bubu mi be wòanɔ mia gbɔ tegbee,+ 17 nyateƒegbɔgbɔ+ si xexea mate ŋu axɔ o, elabena mekpɔnɛ o, eye menyae hã o.+ Miawo ya mienyae, elabena enɔa mia gbɔ, eye wòle mia me. 18 Nyemagblẽ mi ɖi tsyɔ̃eviwoe o. Magbɔ va mia gbɔ.+ 19 Esusɔ vie ko xexea magakpɔm o, ke miawo ya miakpɔm,+ elabena mele agbe, eye miawo hã mianɔ agbe. 20 Gbe ma gbe miadze sii be mewɔ ɖeka kple Fofonye, eye be miewɔ ɖeka kplim, eye nye hã mewɔ ɖeka kpli mi.+ 21 Ame si léa nye sewo me ɖe asi, eye wòwɔa wo dzi la, eyae lɔ̃am. Azɔ ame si lɔ̃am la, Fofonye alɔ̃e, eye malɔ̃e, eye maɖe ɖokuinye afiae.”
22 Yuda+ (menye Iskariot o) biae be: “Aƒetɔ, nu ka tae nèdi be yeaɖe ye ɖokui afia mí, ke menye xexea katã o?”
23 Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Ne ame aɖe lɔ̃m la, alé nye nya la me ɖe asi,+ eye Fofonye alɔ̃e, eye míava nɔ egbɔ.+ 24 Ame si melɔ̃am o la mewɔa nye nyawo dzi o. Nya si sem miele la, menye tɔnyee o, ke boŋ Fofo si dɔm ɖa la tɔe.+
25 “Megblɔ nya siawo na mi, esi megale mia gbɔ. 26 Ke kpeɖeŋutɔ la, gbɔgbɔ kɔkɔe si Fofo la aɖo ɖa le nye ŋkɔ me la, eya afia nuwo katã mi, eye wòaɖo ŋku nu siwo katã megblɔ na mi la dzi na mi.+ 27 Mele ŋutifafa gblẽm ɖi na mi; mele nye ŋutifafa nam mi.+ Nyemele etsɔm na mi abe ale si xexea nanɛ ene o. Migana dzika natso mia ƒo o, eye vɔvɔ̃ hã megaɖo mi o. 28 Miesee megblɔ na mi be, ‘Mele dzodzom, eye magatrɔ ava mia gbɔ.’ Ne mielɔ̃m la, miakpɔ dzidzɔ be meyina Fofo la gbɔ, elabena Fofo la lolo wum.+ 29 Eya ta megblɔe na mi hafi wòava dzɔ, ale be ne eva dzɔ la, miaxɔe ase.+ 30 Nyemagaƒo nu geɖe kpli mi azɔ o, elabena xexea+ dzi ɖula la gbɔna, eye mekpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe dzinye o.+ 31 Gake be xexea nanya be melɔ̃ Fofo la ta la, mele nu si tututu Fofo la de se nam be mawɔ la wɔm.+ Mitso, mina míadzo le afi sia.
15 “Nyee nye wainti vavã la, eye Fofonyee nye agbledela la. 2 Alɔ sia alɔ si le ŋunye, eye metsea ku o la, elãnɛ ɖa, eye ɖe sia ɖe si tsea ku la, eɖea eŋu, ale be wòatse ku geɖe wu.+ 3 Mia ŋuti kɔ xoxo le nya si megblɔ na mi la ta.+ 4 Miwɔ ɖeka kplim, eye nye hã mawɔ ɖeka kpli mi. Ale si ko alɔ la mate ŋu atse ku le eɖokui si o, negbe ɖe wòle wainti la ŋu hafi la, nenema kee miawo hã miate ŋui o, negbe ɖe miewɔ ɖeka kplim hafi.+ 5 Nyee nye wainti la; miawoe nye alɔawo. Ame si wɔa ɖeka kplim, eye nye hã mewɔa ɖeka kplii la, ame sia tsea ku geɖe;+ elabena nye manɔmee la, miate ŋu awɔ naneke kura o. 6 Ne ame aɖe mewɔa ɖeka kplim o la, ele abe atilɔ si wolã ɖa tsɔ ƒu gbe ene, eye aƒu. Woƒoa atilɔ siawo nu ƒu, eye wotsɔa wo dea dzo me wofiãna. 7 Ne miewɔ ɖeka kplim, eye nye nyawo kpɔtɔ le mia me la, mibia nu sia nu si miedi, eye ava eme na mi.+ 8 Nu si me wodoa Fofonye ɖe dzi le lae nye be miayi edzi anɔ ku geɖe tsem, eye miaɖee afia be nye nusrɔ̃lawoe mienye.+ 9 Ale si ko Fofo la lɔ̃m,+ eye nye hã melɔ̃ mi la; miyi edzi mianɔ nye lɔlɔ̃ la me. 10 Ne mielé nye seawo me ɖe asi la, ekema miayi edzi anɔ nye lɔlɔ̃ la me, abe ale si ko meléa Fofonye ƒe sewo me ɖe asi, eye mekpɔtɔ le eƒe lɔlɔ̃ la me ene.
11 “Nya siawoe megblɔ na mi, be nye dzidzɔ la nanɔ mia me, eye miaƒe dzidzɔ la nagba go.+ 12 Se si nam mele mie nye be, mialɔ̃ mia nɔewo, abe ale si melɔ̃ mi ene.+ 13 Lɔlɔ̃ gã wu esia megale ame aɖeke si, be ame natsɔ eƒe agbe* aɖo anyi ɖe xɔlɔ̃awo ta o.+ 14 Ne miewɔa nu siwo ƒe se mede na mi la, ekema xɔ̃nyewoe mienye.+ 15 Nyemegayɔa mi be kluviwo o, elabena kluvi menyaa nu si eƒe aƒetɔ wɔna o. Ke boŋ meyɔa mi be xɔ̃nyewo, elabena nu siwo katã mese tso Fofonye gbɔ la, mena mienya wo. 16 Menye miawoe tiam o, ke boŋ nyee tia mi, eye meɖo mi be miayi edzi anɔ ku tsem, eye miaƒe kutsetse la anɔ anyi ɖaa, ale be nu ka kee mieɖabia Fofo la le nye ŋkɔ me o, atsɔe ana mi.+
17 “Nu siawo ƒe se dem mele na mi, be mialɔ̃ mia nɔewo.+ 18 Ne xexea lé fu mi la, minyae be etre fulélem.+ 19 Ne ɖe mienye xexea ƒe akpa aɖe la, anye ne xexea alɔ̃ eya ŋutɔ tɔwo. Ke esi mienye xexea ƒe akpa aɖeke o,+ hafi boŋ metia mi tso xexea me la, esia tae xexea léa fu mi ɖo.+ 20 Nya si megblɔ na mi la nenɔ susu me na mi be: Kluvi mewua eƒe aƒetɔ o. Ne woti yonyeme la, woati miawo hã mia yome;+ ne wolé nye nya me ɖe asi la, woalé mia tɔ hã me ɖe asi. 21 Ke woawɔ nu siawo katã ɖe mia ŋu le nye ŋkɔ la ta, elabena womenya Ame si dɔm ɖa la o.+ 22 Ne ɖe nyemeva ƒo nu kpli wo o la, anye ne womaɖi nu vɔ̃ ƒe fɔ o.+ Ke azɔ la, taflatsɛdodo aɖeke mele wo si le woƒe nu vɔ̃ ŋuti o.+ 23 Ame si lé fum la lé fu Fofonye hã.+ 24 Ne ɖe nyemewɔ dɔ siwo ame aɖeke mewɔ kpɔ o la le wo dome o la, anye ne womaɖi nu vɔ̃ ƒe fɔ o;+ ke azɔ la wokpɔ dɔ siwo mewɔ, eye wolé fu nye kple Fofonye siaa. 25 Gake ele alea be nya si woŋlɔ ɖe woƒe Se la me be, ‘Wolé fum dzodzro’+ la nava eme. 26 Ne kpeɖeŋutɔ si maɖo ɖe mi tso Fofo la gbɔ, si nye nyateƒegbɔgbɔ+ si Fofo la nana, va ɖo la, eya aɖi ɖase le ŋunye;+ 27 eye miawo hã miaɖi ɖase,+ elabena mieli kplim tso gɔmedzedzea me ke.
16 “Megblɔ nya siawo na mi, be woagaɖia mia nu o. 2 Woanya mi ɖa le ƒuƒoƒewo.+ Ɛ̃, gaƒoƒo gbɔna esime ame sia ame si awu mi+ la asusu be yewɔ dɔ kɔkɔe na Mawu. 3 Ke woawɔ nu siawo katã elabena womedze si Fofo la o, eye womedze si nye hã o.+ 4 Ke hã, megblɔ nya siawo na mi, ale be ne ɣeyiɣia de, eye wova eme la, miaɖo ŋku edzi be megblɔe na mi.+
“Nyemegblɔ nya siawo na mi do ŋgɔ o, elabena mele mia gbɔ. 5 Ke azɔ la meyina Ame si dɔm ɖa la gbɔ;+ evɔ mia dometɔ ɖeka pɛ hã mebiam be, ‘Afi ka yim nèle?’ hã o. 6 Esi megblɔ nya siawo na mi ta la, nuxaxa yɔ miaƒe dziwo me fũu.+ 7 Gake nyateƒe tom mele na mi, miaƒe nyonyo tae medzo yina ɖo. Elabena ne nyemedzo o la, kpeɖeŋutɔ+ la mava na mi gbeɖe o; gake ne medzo yi la, maɖoe ɖe mi. 8 Eye ne eva ɖo la, ana xexea nadze si nu si nu vɔ̃, dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ nye la kɔtɛ: 9 gbã la, ana woadze si nu si nye nu vɔ̃,+ elabena womexɔa dzinye sena o;+ 10 emegbe ana woadze si nu si nye dzɔdzɔenyenye, elabena meyina Fofo la gbɔ, eye miagakpɔm azɔ o; 11 eye mlɔeba ana woadze si nu si nye ʋɔnudɔdrɔ̃, elabena wodrɔ̃ ʋɔnu xexe sia dzi ɖula la.+
12 “Nya geɖewo gale asinye magblɔ na mi hafi, gake miate ŋu atsɔ wo fifia o. 13 Ke ne eya,* si nye nyateƒegbɔgbɔ+ la, va ɖo la, akpe ɖe mia ŋu miase nyateƒe la gɔme bliboe, elabena maƒo nu le eɖokui si o, ke boŋ nu siwo wòse lae wòagblɔ, eye wòagblɔ nu siwo ava dzɔ la na mi.+ 14 Eya adom ɖe dzi,+ elabena agblɔ nu siwo wòxɔ tso gbɔnye la na mi.+ 15 Nu siwo katã le Fofo la si la, tɔnyee.+ Esia tae megblɔ be agblɔ nu siwo wòxɔ tso gbɔnye la na mi. 16 Esusɔ vie ko miagakpɔm o,+ gake madidi o miagakpɔm.”
17 Eƒe nusrɔ̃la aɖewo bia wo nɔewo be: “Nya si wògblɔ na mí be, ‘Esusɔ vie ko, miagakpɔm o, gake madidi o miagakpɔm’ kple ‘elabena meyina Fofo la gbɔ’ la gɔme ɖe?” 18 Eya ta wobia be: “Nya si wògblɔ be, ‘esusɔ vie ko’ la gɔme ɖe? Míenya nu si wòwɔnɛ o.” 19 Yesu nya be wodi be yewoabia nya ye, eya ta ebia wo be: “Nya si megblɔ be, ‘esusɔ vie ko, miagakpɔm o, gake madidi o miagakpɔm’ la dzakam mielea? 20 Vavã, vavã mele egblɔm na mi be, miafa avi, eye miafa konyi, ke xexea ya akpɔ dzidzɔ; miaxa nu, gake miaƒe nuxaxa la atrɔ azu dzidzɔ.+ 21 Ne nyɔnu le ku lém la, esea veve vevie, elabena eƒe gaƒoƒo la ɖo; gake ne edzi via vɔ ko la, megaɖoa ŋku eƒe vevesese la dzi o, elabena ekpɔa dzidzɔ be yedzi ame ɖe xexea me. 22 Eya ta miawo hã miele nu xam fifia; gake magakpɔ mi, eye miaƒe dzi akpɔ dzidzɔ,+ eye ame aɖeke maxɔ miaƒe dzidzɔ la le mia si o. 23 Miele nya aɖeke kura bia gem le ŋkeke ma dzi o. Vavã, vavã mele egblɔm na mi be, ne miebia nane Fofo la la,+ ana mi le nye ŋkɔ me.+ 24 Va se ɖe fifia la, miebia nu ɖeka teti hã le nye ŋkɔ me kpɔ o. Mibia, eye miaxɔe, ale be miaƒe dzidzɔ nagba go.
25 “Megblɔ nya siawo na mi le lododowo me. Gaƒoƒo la gbɔna, esime nyemagaƒo nu na mi le lododowo me o, ke boŋ maƒo nu tso Fofo la ŋu na mi tẽe. 26 Le ŋkeke ma me la, miabia nu Fofo la le nye ŋkɔ me; ke hã menye ɖe mele gbɔgblɔm be mabia nu Fofo la ɖe mia nu o. 27 Elabena Fofo la ŋutɔ melɔ̃a nu le mia gbɔ o, le esi mielɔ̃a nu le gbɔnye o,+ eye miexɔe se be meva abe Mawu teƒenɔla ene ta.+ 28 Meva xexea me abe Fofo la teƒenɔla ene. Azɔ mele dzodzom le xexea me, eye meyina Fofo la gbɔ.”+
29 Eƒe nusrɔ̃lawo gblɔ be: “Ehɛ̃! Azɔ ko nèle nu ƒom na mí tẽe, eye mègale lo dom na mí o. 30 Míenyae azɔ be ènya nuwo katã, eye mehiã be ame aɖeke nabia nya wò o. Esia me míexɔe se le be Mawu gbɔe nètso va.” 31 Yesu ɖo eŋu na wo be: “Miexɔe se azɔa? 32 Kpɔ ɖa! Gaƒoƒo la gbɔna, eye wòde azɔ, esime miaka ahlẽ, eye mia dometɔ ɖe sia ɖe ayi eƒe me, eye miagblẽ nye ɖeka ɖi.+ Gake menye nye ɖekae li o, elabena Fofo la li kplim.+ 33 Megblɔ nya siawo na mi, be miato dzinye akpɔ ŋutifafa.+ Le xexea me la, miele xaxawo me tom, gake milé dzi ɖe ƒo! Nye la meɖu xexea dzi.”+
17 Esi Yesu gblɔ nya siawo vɔ la, ewu mo dzi kpɔ dziƒo gblɔ be: “Fofo, gaƒoƒo la de. Do viwò la ɖe dzi, ne viwò la hã nado wò ɖe dzi,+ 2 abe ale si ko nèna ŋusẽe ɖe ŋutilãwo* katã dzi ene+ ale be wòana agbe mavɔ+ ame siwo katã nètsɔ nɛ.+ 3 Esiae nye agbe mavɔ+ la bena woanya wò, Mawu vavã ɖeka la,+ kple Yesu Kristo si nèdɔ ɖa la.*+ 4 Medo wò ɖe dzi le anyigba dzi,+ esi mewu dɔ si nètsɔ nam be mawɔ la nu.+ 5 Eya ta Fofo, tsɔ ŋutikɔkɔe si nɔ asinye le gbɔwò hafi xexea va dzɔ la dom ɖe dzi le ɖokuiwò gbɔ.+
6 “Meɖe wò ŋkɔ la fia ame siwo nèɖe tso xexea me nam.+ Tɔwòe wonye, eye nètsɔ wo nam, eye wolé wò nya la me ɖe asi. 7 Wova nyae azɔ be nu siwo katã nètsɔ nam la tso gbɔwò; 8 elabena megblɔ nya siwo nède asi nam la na wo, +eye woxɔ wo, eye wova nyae vavã be tewòƒenɔlae+ menye va, eye woxɔe se be wòe dɔm ɖa.+ 9 Mele kuku ɖem ɖe wo ta, menye ɖe xexea ta o, ke boŋ ɖe ame siwo nètsɔ nam la ta, elabena tɔwòe wonye; 10 eye nu siwo katã nye tɔnye la, tɔwòe, eye tɔwòwo hã tɔnyee,+ eye wodom ɖe dzi le wo dome.
11 “Azɔ mele dzodzom le xexea me, eye megbɔna gbɔwò, gake woawo ya wole xexea me.+ Fofo kɔkɔe, kpɔ wo ta+ le wò ŋutɔ wò ŋkɔ si nènam la ta, ne woawɔ ɖeka abe ale si míawo hã míele ɖeka ene.+ 12 Esi mele wo gbɔ la, medzɔ wo ŋu+ le wò ŋutɔ wò ŋkɔ si nètsɔ nam la ta; mekpɔ wo ta, eye wo dometɔ aɖeke metsrɔ̃ o,+ negbe tsɔtsrɔ̃vi la ko,+ ale be ŋɔŋlɔ la nava eme.+ 13 Ke azɔ megbɔna gbɔwò, eye mele nya siawo gblɔm le xexea me, ale be nye dzidzɔ la nayɔ wo fũu.+ 14 Metsɔ wò nya la na wo, ke xexea lé fu wo, elabena womenye xexea ƒe akpa aɖeke o,+ abe ale si ko nyemenye xexea ƒe akpa aɖeke o ene.
15 “Nyemele biabiam be nàɖe wo ɖa le xexea me o, ke boŋ be nàkpɔ wo ta le vɔ̃ɖitɔ la ta.+ 16 Womenye xexea ƒe akpa aɖeke o,+ abe ale si ko nyemenye xexea ƒe akpa aɖeke o ene.+ 17 Kɔ wo ŋu* to nyateƒe+ la me; wò nya la nye nyateƒe.+ 18 Abe ale si ko nèdɔm ɖe xexea me ene la, nye hã medɔ wo ɖe xexea me.+ 19 Eye mewɔ ɖokuinye kɔkɔe le wo ta, ne woawo hã woanɔ kɔkɔe to nyateƒe la me.
20 “Nyemele esia biam na ame siawo ɖeɖe ko o, ke boŋ mele ebiam na ame siwo ava xɔ dzinye ase to woƒe nya me la hã, 21 ne wo katã woawɔ ɖeka,+ abe ale si wò, Fofo la, nèwɔ ɖeka kplim, eye nye hã mewɔ ɖeka kpli wò la ene,+ ale be woawo hã woawɔ ɖeka le mía me, ne xexea nanyae be wòe dɔm ɖa. 22 Metsɔ ŋutikɔkɔe si nètsɔ nam la na wo, ne woazu ɖeka, abe ale si míele ɖeka ene.+ 23 Mewɔ ɖeka kpli wo, eye nèwɔ ɖeka kplim, ale be woawɔ ɖeka bliboe, ne xexea nadze sii be wòe dɔm ɖa, eye be èlɔ̃ wo abe ale si nèlɔ̃m ene. 24 Fofo, medi be ame siwo nètsɔ nam la nanɔ gbɔnye le afi si mele la,+ bena woakpɔ nye ŋutikɔkɔe si nètsɔ nam, elabena èlɔ̃m do ŋgɔ na xexea ƒe gɔmeɖoanyiɣi.*+ 25 Fofo dzɔdzɔe, nyateƒee, xexea medze si wò o,+ ke nye ya medze si wò,+ eye ame siawo va nyae be wòe dɔm ɖa. 26 Mena wonya wò ŋkɔ la, eye magana woanyae,+ ale be lɔlɔ̃ si nètsɔ lɔ̃m la nanɔ wo me, eye mawɔ ɖeka kpli wo.”+
18 Esi Yesu gblɔ nya siawo vɔ la, eya kple eƒe nusrɔ̃lawo yi ɖato Kidron Bali*+ la me yi abɔ aɖe si le afi ma la me.+ 2 Yuda, ame si dee asi la, hã nya teƒea, elabena Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va ƒoa ƒu ɖe afi ma zi geɖe. 3 Eya ta Yuda kplɔ asrafoha la, nunɔlawo ƒe tatɔwo kple Farisitɔwo ƒe dɔlawo kpe ɖe eɖokui ŋu, eye wolé akakatiwo kple akaɖiwo kpakple lãnuwo ɖe asi va afi ma.+ 4 Ke esi Yesu nya nu siwo katã gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe edzi ta la, ezɔ va ŋgɔ hebia wo be: “Ame ka dim miele?” 5 Woɖo eŋu nɛ be: “Yesu, Nazaretetɔ lae.”+ Egblɔ na wo be: “Nyee nye esi.” Yuda, ame si dee asi la, hã le tsitre ɖe wo gbɔ.+
6 Ke esi Yesu gblɔ na wo be, “Nyee nye esi” la, wote yi megbe hedze anyi.+ 7 Eya ta egabia wo be: “Ame ka dim miele?” Wogblɔ be: “Yesu, Nazaretetɔ lae.” 8 Yesu ɖo eŋu be: “Megblɔ na mi xoxo be nyee. Eya ta ne nye dim miele la, ekema mina ame siawo ya nadzo.” 9 Ale be nya si wògblɔ la nava eme be, “Nyemebú ame siwo nètsɔ nam la dometɔ ɖeka pɛ hã o.”+
10 Kasia Simon Petro ɖe yi da nunɔlagã ƒe kluvi hekpa eƒe ɖusimeto ɖa.+ Kluvi la ŋkɔe nye Malko. 11 Ke Yesu gblɔ na Petro be: “Gbugbɔ yi la de aku me.+ Ðe mele be mano kplu si Fofo la tsɔ nam la oa?”+
12 Eye asrafoha la kple aʋafiagã la kpakple Yudatɔwo ƒe dɔlawo lé Yesu heblae. 13 Wokplɔe yi Ana gbɔ gbã, elabena enye Kayafa,+ si nye nunɔlagã le ƒe ma me la, to.+ 14 Le nyateƒe me la, Kayafa ye nye ame si ɖo aɖaŋu na Yudatɔwo be enyo wu sãsãsã be ame ɖeka naku ɖe dukɔ la ta.+
15 Ke Simon Petro kple nusrɔ̃la bubu aɖe dze Yesu yome.+ Nunɔlagã la dze si nusrɔ̃la ma, eya ta nusrɔ̃la ma kplɔ Yesu ɖo ge ɖe nunɔlagã la ƒe me, 16 ke Petro ya le tsitre ɖe xexe le ʋɔtrua nu.* Le esia ta nusrɔ̃la ma, si nunɔlagã la dze si la, do go, eye wòƒo nu kple agbonudzɔla la, eye wòkplɔ Petro ge ɖe eme. 17 Eye dɔlanyɔnu, si nye agbonudzɔla la, bia Petro be: “Wò hã, menye ŋutsu sia ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖekae nènye oa?” Eɖo eŋu be: “Ao.”+ 18 Kluviwo kple dzɔlawo le tsitre ɖe afi ma le akadzo, si wodo la ƒum, elabena vuvɔ nɔ wɔwɔm. Petro hã le tsitre ɖe wo gbɔ le dzoa ƒum.
19 Nunɔlawo ƒe tatɔ la bia gbe Yesu tso eƒe nusrɔ̃lawo kple eƒe nufiafia ŋu. 20 Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Meƒoa nu na xexea le dutoƒo. Mefiaa nu ɣesiaɣi le ƒuƒoƒewo kple gbedoxɔa me,+ afi si Yudatɔwo katã va ƒoa ƒu ɖo, eye nyemegblɔa nya aɖeke le bebeme o. 21 Nu ka tae nèle nya biamem? Bia ame siwo se nya siwo megblɔ na wo la. Kpɔ ɖa! Wonya nya siwo megblɔ.” 22 Esi Yesu gblɔ nya siawo la, dɔlawo dometɔ ɖeka si le tsitre ɖe afi ma la ƒo tome nɛ+ gblɔ be: “Aleae nàɖo nya ŋu na nunɔlawo ƒe tatɔa?” 23 Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Ne nya si megblɔ mesɔ o la, ekema gblɔ nu si gblẽ le eŋu; ke ne esɔ ɖe, nu ka tae nèƒom?” 24 Enɔ babla eye Ana ɖoe ɖe nunɔlagã Kayafa.+
25 Ke Simon Petro le tsitrenu ɖe afi ma le dzo ƒum. Eye wobiae be: “Menye eƒe nusrɔ̃lawo dome ɖekae nènye oa?” Esẽ nu gblɔ be: “Ao.”+ 26 Nunɔlagã la ƒe kluviwo dometɔ ɖeka, si nye ŋutsu si ƒe to Petro kpa la ƒe ƒometɔ,+ biae be: “Menye wòe mekpɔ le abɔa me kplii oa?” 27 Gake Petro gasẽ nu, eye enumake koklo ku atɔ.+
28 Azɔ le ŋdi kanya la, wokplɔ Yesu tso Kayafa gbɔ yi nutodziɖula la ƒe me.+ Ke woawo ŋutɔwo mege ɖe nutodziɖula la ƒe aƒea me o, be woagagblẽ kɔ ɖo na wo ɖokui o,+ ale be woate ŋu aɖu Ŋutitoto la. 29 Eya ta Pilato do go va wo gbɔ hebia wo be: “Nya kae mietsɔ ɖe ame sia ŋu?” 30 Woɖo eŋu nɛ be: “Ne menye nu gbegblẽ wɔlae ame sia nye o la, anye ne míedee asi na wò o.” 31 Eya ta Pilato gblɔ na wo be: “Miawo ŋutɔwo mikplɔe yii, ne miadrɔ̃ ʋɔnui le miaƒe se la nu.”+ Yudatɔwo gblɔ nɛ be: “Se meɖe mɔ na mí be míawu ame o.”+ 32 Esia dzɔ, ne Yesu ƒe nya si wògblɔ le ku si ƒomevi ku ge wòala ŋu la nava eme.+
33 Eya ta Pilato gage ɖe aƒea me ake, eye wòyɔ Yesu hebiae be: “Wòe nye Yudatɔwo ƒe Fia la?”+ 34 Yesu ɖo eŋu be: “Wò ŋutɔ ɖokuiwò sie nèle nya sia biam le loo alo ame bubuwoe gblɔ ŋutinye nya na wòa?” 35 Pilato ɖo eŋu be: “Yudatɔe menyea? Wò ŋutɔ wò dukɔ kple nunɔlawo ƒe tatɔwoe tsɔ wò de asi nam. Nu kae nèwɔ?” 36 Yesu ɖo eŋu be:+ “Nye Fiaɖuƒe menye xexe sia ƒe akpa aɖeke o.+ Ne ɖe nye Fiaɖuƒe nye xexe sia ƒe akpa aɖe la, anye ne nye dɔlawo wɔ avu be woagatsɔm ade asi na Yudatɔwo o.+ Ke abe ale si wòle ene la, nye Fiaɖuƒe metso afi sia o.” 37 Eya ta Pilato biae be: “Ekema, fiae nènyea?” Yesu ɖo eŋu be: “Eya tututue nye ema nègblɔ be fiae menye.+ Elabena esia tae wodzim ɖo, eye esia tae meva xexea me ɖo, be maɖi ɖase na nyateƒe+ la. Ame sia ame si le nyateƒea ƒe akpa dzi la ɖoa to nye gbe.” 38 Pilato biae be: “Nu kae nye nyateƒe?”
Esi wògblɔ esia la, egado go yi Yudatɔwo gbɔ, eye wògblɔ na wo be: “Nyemekpɔ vodada aɖeke le eŋu o.+ 39 Azɔ hã le miaƒe kɔa nu la, ele be maɖe asi le ame ɖeka ŋu na mi le Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɣi.+ Eya ta miedi be maɖe asi le Yudatɔwo ƒe fia la ŋu na mia?” 40 Eye wogado ɣli be: “Menye ame sia o, ke boŋ Baraba!” Ke Baraba la, adzodalae wònye.+
19 Eya ta Pilato na woƒo Yesu kple atam.+ 2 Asrafoawo tsɔ ŋù lɔ̃ fiakuku ɖɔ nɛ, eye wodo awudziwui hɛ̃ aɖe nɛ;+ 3 eye wotena ɖe eŋu gblɔna be: “Míedo gbe na wò, Yudatɔwo ƒe Fia!” Woƒoa tome hã nɛ.+ 4 Pilato gado go va gblɔ na wo be: “Mikpɔ ɖa! Mekplɔe do goe vɛ na mi, be miadze sii be nyemekpɔ vodada aɖeke le eŋu o.”+ 5 Ale Yesu do va, ŋùfiakuku la le ta nɛ eye awudziwui dzĩ la le eŋu. Pilato gblɔ na wo be: “Mikpɔ ɖa! Ŋutsu lae nye esi!” 6 Ke esi nunɔlawo ƒe tatɔwo kple dɔlawo kpɔe la, wodo ɣli be: “Hee ɖe ati ŋu! Hee ɖe ati ŋu!”+ Pilato gblɔ na wo be: “Miawo ŋutɔ mikplɔe yi, ne miahee ɖe ati ŋu, elabena nyemekpɔ vodada aɖeke le eŋu o.”+ 7 Yudatɔwo ɖo eŋu nɛ be: “Se le mía si, eye le se sia nu la, edze be wòaku,+ elabena ewɔ eɖokui Mawu ƒe vii.”+
8 Esi Pilato se woƒe nyaawo la, vɔvɔ̃ gaɖoe ɖe edzi, 9 egage ɖe aƒea me, eye wòbia Yesu be: “Afi kae nètso?” Ke Yesu meɖo nya aɖeke ŋu nɛ o.+ 10 Eya ta Pilato gblɔ nɛ be: “Mèle nyaa ŋu ɖo ge nam oa? Mènya be ŋusẽ le asinye be maɖe asi le ŋuwò, eye ŋusẽ le asinye be mahe wò ɖe ati ŋu oa?” 11 Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Ŋusẽ aɖeke kura manɔ asiwò ɖe dzinye o, negbe ɖe wona wò tso dziƒo. Esia tae ame si tsɔm de asi na wò la ƒe nu vɔ̃ lolo wu.”
12 Esia na Pilato va nɔ mɔ si dzi wòato aɖe asi le eŋu la dim, ke Yudatɔwo do ɣli be: “Ne èɖe asi le ame sia ŋu la, ekema mènye Kaisaro xɔlɔ̃ o. Ame sia ame si wɔa eɖokui fiae la ƒoa nu tsia tsitre ɖe Kaisaro+ ŋu.” 13 Esi Pilato se nya siawo la, ekplɔ Yesu do goe, eye wòbɔbɔ nɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui la dzi, le teƒe si woyɔna be Kpenyigba la. Woyɔa teƒe sia le Hebrigbe me be Gabata. 14 Ke gbe ma gbee nye Dzadzraɖoŋkeke+ na Ŋutitoto la; anye gaƒoƒo adelia* me lɔƒo. Eye wògblɔ na Yudatɔwo be: “Mikpɔ ɖa! Miaƒe fia lae nye esi!” 15 Ke wodo ɣli be: “Bu mo nɛ! Bu mo nɛ! Hee ɖe ati ŋu!” Pilato bia wo be: “Mahe miaƒe fia la ɖe ati ŋua?” Nunɔlawo ƒe tatɔwo ɖo eŋu be: “Fia aɖeke mele mía si o, negbe Kaisaro ko.” 16 Ale wòɖe asi le eŋu na wo be woahee ɖe ati ŋu.+
Eye wokplɔ Yesu dzoe. 17 Eya ŋutɔ tsɔ fuwɔameti* la zɔ yi teƒe si woyɔna be Ametakoliƒe.+ Woyɔa teƒe sia le Hebrigbe me be Golgata.+ 18 Wohee ɖe ati ŋu le afi ma,+ eye wohe ame eve bubu ɖe ati ŋu kpe ɖe eŋu, le eƒe axa eveawo dzi, eye Yesu le wo titina.+ 19 Azɔ hã Pilato ŋlɔ dzesideŋkɔ aɖe tsɔ ɖo fuwɔameti* la ŋu. Nu si wòŋlɔ lae nye: “Yesu, Nazaretetɔ, Yudatɔwo ƒe Fia la.”+ 20 Yudatɔ geɖewo xlẽ dzesideŋkɔ sia, elabena afi si wohe Yesu ɖe ati ŋu le la gogo dua, eye woŋlɔe ɖe Hebrigbe, Latingbe kple Helagbe me. 21 Ke Yudatɔwo ƒe nunɔlawo ƒe tatɔwo gblɔ na Pilato be: “Mègaŋlɔ be, ‘Yudatɔwo ƒe Fia’ o, ke boŋ be egblɔ be, ‘Nyee nye Yudatɔwo ƒe Fia.’” 22 Pilato ɖo eŋu be: “Nu si meŋlɔ la, meŋlɔe xoxo.”
23 Ke esi asrafowo he Yesu ɖe ati ŋu la, wotsɔ eƒe awudziwuiwo, eye woma wo ɖe akpa ene me, be asrafo ɖeka naxɔ ɖeka, eye wotsɔ awutewui la hã. Ke wometɔ awutewuia ya o, ɖe wolɔ̃e bliboe tso dzi va anyi. 24 Eya ta wogblɔ na wo nɔewo be: “Migana míadzee o, ke boŋ mina míadzidze nu ɖe edzi ne míakpɔ ame si tɔ wòanye.”+ Esia dzɔ, ne ŋɔŋlɔ la nava eme be: “Woma nye awuwo ɖe wo nɔewo dome, eye wodzidze nu ɖe nye awu dzi.”+ Eye nu siawo tututue asrafoawo wɔ.
25 Ke Yesu dada+ kple dadaa nɔvinyɔnu kpakple Klopa srɔ̃ Maria, kple Maria Magdalatɔ le tsitre ɖe Yesu ƒe fuwɔameti* la gbɔ.+ 26 Esi Yesu kpɔ dadaa kple nusrɔ̃la si wòlɔ̃na+ vevie wole tsitre ɖe afi ma la, egblɔ na dadaa be: “Nyɔnu, kpɔ ɖa! Viwòe nye esi!” 27 Egblɔ na nusrɔ̃la la be: “Kpɔ ɖa! Dawòe nye esi!” Eye tso ɣemaɣi dzi la, nusrɔ̃la la kplɔe yi eya ŋutɔ ƒe me.
28 Le nu siawo megbe, esi Yesu nya be wowu nuwo katã nu vɔ azɔ, eye be ŋɔŋlɔ la nava eme la, egblɔ be: “Tsikɔ le wuyem.”+ 29 Ze aɖe le afi ma, si wain tsitsi yɔ fũu. Eya ta wotsɔ ƒumekutsa de wain tsitsia me, tsɔe ɖo isop ti* nu, eye wotsɔe ɖo nu nɛ.+ 30 Ke esi Yesu ɖɔ wain tsitsia kpɔ la, egblɔ be: “Wowu enu!”+ eye esi wòbɔbɔ ta la, eƒe gbɔgbɔ nu tso.*+
31 Azɔ esi wònye Dzadzraɖoŋkekee,+ eye womedi be woƒe kukuawo natsi fuwɔametia+ ŋu le Sabat dzi o ta la (elabena Sabat gãe sabat ŋkeke ma nye),+ Yudatɔwo bia Pilato be wòana woaŋe woƒe afɔwo, eye woaɖe woƒe kukuawo adzoe. 32 Eya ta asrafoawo va, eye woŋe ame eve siwo wohe ɖe ati ŋu kpe ɖe eŋu la ƒe afɔwo. 33 Ke esi wova Yesu gbɔ la wokpɔ be eku xoxo, eya ta womeŋe eƒe afɔwo o. 34 Gake asrafoawo dometɔ ɖeka tɔ akplɔ eƒe axadame,+ enumake ʋu kple tsi do go. 35 Eye ame si kpɔ nu siawo teƒe lae ɖi ɖase le wo ŋu, eye eƒe ɖaseɖiɖi la nye nyateƒe, eye ame ma nya be nya si yegblɔna la nye nyateƒe, ne miawo hã miaxɔe ase.+ 36 Le nyateƒe me la, nu siawo dzɔ, ne ŋɔŋlɔ la nava eme be: “Womaŋe eƒe ƒu ɖeka pɛ hã o.”+ 37 Eye ŋɔŋlɔ bubu hã gblɔ be: “Woafɔ ŋku ɖe ame si woƒo nu ɖo la dzi.”+
38 Ke le nu siawo megbe la, Yosef si tso Arimatia, ame si nye Yesu ƒe nusrɔ̃la le adzame le vɔvɔ̃ na Yudatɔwo ta la,+ bia Pilato be yeaxɔ Yesu ƒe kukua, eye Pilato ɖe mɔ nɛ. Ale wòva tsɔ eƒe kukua yii.+ 39 Nikodemo,+ ame si va egbɔ va yi le zã me hã va, eye wòtsɔ mire kple aloe si wotsaka, si ade pounde alafa ɖeka kloe* la vɛ.+ 40 Eya ta wotsɔ Yesu ƒe kukua, eye wosi atike ʋeʋĩwo nɛ heblae ɖe aklala me,+ abe ale si ko Yudatɔwo dzraa ame kuku ɖo hafi ɖina ene. 41 Ke abɔ aɖe hã nɔ teƒe si wohee ɖe ati ŋu le, eye yɔdo* yeye aɖe,+ si me wometsɔ ame aɖeke mlɔ kpɔ o la, le abɔ la me. 42 Esi wònye Yudatɔwo ƒe Dzadzraɖoŋkekee,+ eye yɔdoa hã gbɔ medidi o ta la, wotsɔ Yesu mlɔ eme.
20 Le kwasiɖaa ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, Maria Magdalatɔ yi yɔdoa* to le ŋdi kanya,+ esi xexea me mekpɔ kɔ haɖe o, eye wòkpɔ be womli kpe la ɖa xoxo le yɔdoa* nu.+ 2 Eya ta eƒu du va Simon Petro kple nusrɔ̃la kemɛ, si gbɔ Yesu melɔ̃a nu le o+ la gbɔ, eye wògblɔ na wo be: “Wokɔ Aƒetɔ la dzoe le yɔdoa me,+ eye míenya afi si wodae ɖo o.”
3 Eya ta Petro kple nusrɔ̃la kemɛa dze mɔ ɖo ta yɔdoa gbɔ. 4 Wo ame evea de afɔ du me, ke nusrɔ̃la kemɛa ƒe afɔ tsɔ wu Petro tɔ, eye wòtre yɔdoa gbɔ ɖoɖo. 5 Esi wòdo kɔ ɖa la, ekpɔ be aklalaawo le eme,+ gake mege ɖe eme o. 6 Simon Petro hã le eyome va ɖo, eye wòge ɖe yɔdoa me. Eye wòkpɔ aklalaawo le eme. 7 Avɔ si wotsɔ bla ta nɛ hã le eme, gake mele aklalaawo gbɔ o, ke boŋ woƒoe da ɖe afi bubu. 8 Eya ta nusrɔ̃la si tre yɔdoa gbɔ ɖoɖo la hã ge ɖe eme azɔ, eye wòkpɔe, eye wòxɔe se. 9 Elabena womekpɔ se ŋɔŋlɔ la gɔme haɖe be ele be wòafɔ tso ku me o.+ 10 Ale nusrɔ̃laawo gbugbɔ yi woƒe aƒewo me.
11 Ke Maria ya kpɔtɔ le tsitre ɖe yɔdoa to le avi fam. Esi wòle avia fam la, edo kɔ ɖa be yeakpɔ yɔdoa me, 12 eye wòkpɔ mawudɔla eve+ le awu ɣiwo me, ɖeka le afi si Yesu mlɔ la ƒe tade, eye evelia le eƒe afɔde. 13 Eye wobiae be: “Nyɔnu, nu ka tae nèle avi fam?” Eɖo eŋu na wo be: “Wokɔ nye Aƒetɔ la dzoe, gake nyemenya afi si wotsɔe yi ɖada ɖo o.” 14 Esi wògblɔ nya siawo vɔ la, etrɔ, eye wòkpɔ Yesu wòtɔ ɖe afi ma, ke mekpɔe dze sii be Yesue o.+ 15 Yesu biae be: “Nyɔnu, nu ka tae nèle avi fam? Ame ka dim nèle?” Esi wòsusu be abɔdzikpɔlae ta la, egblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, ne wòe kɔe dzoe la, ekema gblɔ afi si nètsɔe da ɖo la nam, ne mayi aɖakɔe.” 16 Yesu yɔe be: “Maria!” Etrɔ eye wòyɔe le Hebrigbe me be: “Raboni!” (si gɔmee nye “Nufiala!”) 17 Yesu gblɔ nɛ be: “Dzudzɔ kuku ɖe ŋunye, elabena nyemekpɔ yi Fofo la gbɔ haɖe o. Ke yi nɔvinyewo gbɔ,+ eye nàgblɔ na wo be, ‘Meyina Fofonye+ kple mia Fofo, nye Mawu+ kple mia Mawu la gbɔ.’” 18 Maria Magdalatɔ la va gblɔ na nusrɔ̃lawo be: “Mekpɔ Aƒetɔ la!” Eye wògblɔ nya siwo wògblɔ nɛ la na wo.+
19 Le ŋkeke ma, si nye kwasiɖaa ƒe ŋkeke gbãtɔ, ƒe fiẽ me, esi nusrɔ̃lawo le vɔvɔ̃m na Yudatɔwo ta la, wotu ʋɔtruawo le afi si wole, gake Yesu va tsi tsitre ɖe wo dome, eye wògblɔ na wo be: “Ŋutifafa na mi.”+ 20 Esi wògblɔ esia vɔ la, etsɔ eƒe asiwo kple axadame fia wo.+ Ale nusrɔ̃lawo kpɔ dzidzɔ le esi wokpɔ Aƒetɔ la ta.+ 21 Yesu gagblɔ na wo be: “Ŋutifafa na mi.+ Abe ale si ko Fofo la dɔm ene la,+ nye hã mele mia dɔm.”+ 22 Esi wògblɔ esia la, egbɔ ɖe wo dzi, eye wògblɔ na wo be: “Mixɔ gbɔgbɔ kɔkɔe.+ 23 Ne mietsɔ amewo ƒe nu vɔ̃wo ke wo la, ekema wotsɔ wo ke wo; gake ame siwo ƒe nu vɔ̃wo mietsɔ ke o la, wometsɔ wo ke wo o.”
24 Ke Toma,+ si nye Ame Wuieveawo dometɔ ɖeka, ame si woyɔna be Venɔvi la, menɔ wo dome esime Yesu va o. 25 Eya ta nusrɔ̃la bubuawo gblɔ nɛ be: “Míekpɔ Aƒetɔ la!” Ke egblɔ na wo be: “Ne nyemekpɔ gatagbadzɛbiawo teƒe le eƒe asiwo me, eye metsɔ nye asibidɛ ƒo ɖe gatagbadzɛbiawo teƒe, eye metsɔ nye asi ƒo ɖe eƒe axadame o la,+ nyemaxɔe ase akpɔ o.”
26 Ke le ŋkeke enyi megbe la, eƒe nusrɔ̃lawo gale xɔ me, eye Toma hã le wo dome. Togbɔ be ʋɔtruawo le tutu hã la, Yesu va tsi tsitre ɖe wo dome hegblɔ be: “Ŋutifafa na mi.”+ 27 Eye wògblɔ na Toma be: “Ƒo wò asibidɛ ɖe afii, eye nàkpɔ nye asiwo, tsɔ wò asi ƒo ɖe nye axadame, dzudzɔ ɖikeke ne nàxɔ se.” 28 Toma ɖo eŋu nɛ be: “Nye Aƒetɔ kple nye Mawu!” 29 Yesu gblɔ nɛ be: “Esi nèkpɔm tae nèxɔe sea? Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo mekpɔa nu hafi xɔna sena o.”
30 Le nyateƒe me la, Yesu wɔ dzesi bubu geɖewo le eƒe nusrɔ̃lawo ŋkume, siwo womeŋlɔ ɖe agbalẽ xatsaxatsa sia me o.+ 31 Ke woŋlɔ esiawo ɖi, ne miaxɔe ase be Yesue nye Kristo la, Mawu ƒe Vi la, eye esi miexɔe se ta la, miakpɔ agbe to eƒe ŋkɔ la dzi.+
21 Le nu sia megbe la, Yesu gaɖe eɖokui fia nusrɔ̃lawo le Tiberia-ƒua nu. Ale si wòɖe eɖokui fia woe nye esi: 2 Simon Petro, Toma (si woyɔna be Venɔvi),+ Nataniel,+ si tso Kana le Galilea, Zebedeo viwo,+ hekpe ɖe eƒe nusrɔ̃la eve bubu ŋu, nɔ afi ɖeka. 3 Simon Petro gblɔ na wo be: “Meyina tɔƒo.” Wogblɔ nɛ be: “Míayi kpli wò.” Ale woyi ɖage ɖe tɔdziʋua me, ke womeɖe lã aɖeke le zã ma me o.+
4 Ke le fɔŋli la, Yesu va tɔ ɖe ƒua nu, gake nusrɔ̃lawo mekpɔe dze sii be Yesue o.+ 5 Eye Yesu gblɔ na wo be: “Vinyewo, nane* le mia si miaɖua?” Woɖo eŋu be: “Ao!” 6 Egblɔ na wo be: “Mida ɖɔ la ɖe ʋua ƒe ɖusime, eye miakpɔ lã aɖe.” Eya ta woda ɖɔa, ke wode ehe ge do kpoe le lã gbogbo si woɖe ta.+ 7 Eye nusrɔ̃la si Yesu lɔ̃na+ vevie la gblɔ na Petro be: “Aƒetɔ lae!” Esi Simon Petro se be Aƒetɔ lae la, etsɔ eƒe awudziwui do,* elabena ele amama,* eye wòdzo dze ƒua me doo. 8 Gake nusrɔ̃la bubuawo ya le tɔdziʋu sue la me gbɔna hele ɖɔ si me lãawo yɔ fũu la hem, wo kple gota dome medidi o, anɔ abe meta blaasieke* ko ene.
9 Esi wova ɖi go la, wokpɔ akadzo aɖe le afi ma, lãwo le edzi eye abolo hã le afi ma. 10 Yesu gblɔ na wo be: “Mitsɔ lã siwo mieɖe fifi laa la ƒe ɖe vɛ.” 11 Eya ta Simon Petro yi ɖage ɖe ʋua me, eye wòhe ɖɔ si yɔ fũu kple lã gã alafa ɖeka blaatɔ̃ vɔ etɔ̃ la va gota. Togbɔ be lãawo sɔ gbɔ hã la, ɖɔa medze o. 12 Yesu gblɔ na wo be: “Miva ɖu ŋdinu.” Dzi menɔ nusrɔ̃lawo dometɔ aɖeke ƒo ne wòabiae be: “Ame kae nènye?” hã o, elabena wonya be Aƒetɔ lae. 13 Yesu yi ɖatsɔ abolo la na wo, nenema kee wòtsɔ tɔmelã la hã na wo. 14 Esiae nye zi etɔ̃lia+ si Yesu ɖe eɖokui fia nusrɔ̃laawo le eƒe fɔfɔ tso ku me megbe.
15 Esi woɖu ŋdinu vɔ la, Yesu bia Simon Petro be: “Simon, Yohanes vi, èlɔ̃am wu esiawoa?” Eɖo eŋu nɛ be: “Ɛ̃, Aƒetɔ, ènya be nyemelɔ̃a nu le gbɔwò o.” Egblɔ nɛ be: “Nyi nye alẽviawo.”+ 16 Egabiae zi evelia be: “Simon, Yohanes vi, èlɔ̃ma?” Eɖo eŋu nɛ be: “Ɛ̃, Aƒetɔ, ènya be nyemelɔ̃a nu le gbɔwò o.” Egblɔ nɛ be: “Kplɔ nye alẽ sueawo.”+ 17 Egabiae zi etɔ̃lia be: “Simon, Yohanes vi, mèlɔ̃a nu le gbɔnye oa?” Ete ɖe Petro dzi be ebia ye zi etɔ̃lia be: “Mèlɔ̃a nu le gbɔnye oa?” Eya ta eɖo eŋu nɛ be: “Aƒetɔ, ènya nuwo katã, ènyae be nyemelɔ̃a nu le gbɔwò o.” Yesu gblɔ nɛ be: “Nyi nye alẽ sueawo.+ 18 Vavã, vavã mele egblɔm na wò be, esime mèkpɔ tsi alea o la, wò ŋutɔ èdoa awu heyia afi si nèdi. Ke ne èku amegã la, àkɔ wò abɔwo dzi, eye ame bubu ado awu na wò, eye wòakplɔ wò ayi afi si mèdi o.” 19 Egblɔ esia tsɔ fia ku si ƒomevi ku ge Petro gbɔna atsɔ ado Mawu ɖe dzii. Eya ta esi wògblɔ nya sia la, egblɔ nɛ be: “Nɔ yonyeme ɖaa.”+
20 Esi Petro trɔ la, ekpɔ nusrɔ̃la si Yesu lɔ̃na+ vevie la wòdze wo yome; ame siae ziɔ ɖe eƒe akɔta le fiẽnuɖuɣia, eye wòbiae be: “Aƒetɔ, ame kae ade wò asi mahã?” 21 Eya ta esi Petro kpɔe la, ebia Yesu be: “Aƒetɔ, ke ame sia ya ɖe?” 22 Yesu gblɔ nɛ be: “Ne nye lɔlɔ̃nue wònye be wòanɔ anyi va se ɖe esime mava ɖe, afi kae wòka na wò? Wò ya yi edzi nànɔ yonyeme.” 23 Ale nya sia kaka ɖe nɔviawo dome be nusrɔ̃la ma maku o. Gake Yesu megblɔ nɛ be maku o, ke boŋ egblɔ be: “Ne nye lɔlɔ̃nue wònye be wòanɔ anyi va se ɖe esime mava ɖe, afi kae wòka na wò?”
24 Nusrɔ̃la+ siae le ɖase ɖim le nu siawo ŋu, eyae ŋlɔ nu siawo, eye míenya be ɖase si wòɖina la nye nyateƒe.
25 Le nyateƒe me la, nu bubu geɖewo gali, siwo Yesu wɔ, eye ne ɖe woŋlɔ wo ɖi tsitotsito la, mesusu be xexe bliboa gɔ̃ hã mate ŋu akpɔ teƒe na agbalẽ siwo woaŋlɔ la o.+
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ŋutilã.”
Alo, “mawu tenuvi.”
Alo, “si le Fofoa ƒe akɔnu.” Nya sia fia ɖoƒe tɔxɛ aɖe.
Kpɔ Megbenyawo A5.
Efia, ɣetrɔ ga 4 lɔƒo.
Esia fia be ame nava zu Yesu ƒe nusrɔ̃la.
Esia nye adagana si fia be womelɔ̃ ɖe nya aɖe dzi o. Nya “nyɔnu” si wozã mefia bubumademade ame ŋu o.
Ðewohĩ kpezɔ siawo dometɔ ɖe sia ɖe xɔa tsi galɔn 12 va ɖo 17 (lita 44 va ɖo 66). Kpɔ Megbenyawo B14.
Alo, “dzesi.”
Agate ŋu afia, “ne womedzi ame tso dziƒo.”
Alo, “etsɔ eƒe nutrenu ɖo kpe edzi.”
Alo, “medzidzea gbɔgbɔ la hafi nana o.”
Efia, ŋdɔ ga 12 lɔƒo.
Alo, “le hayahayam.”
Efia, ŋdɔ ga 1 lɔƒo.
Alo, “dzesi.”
Alo, “sitilélawo.”
Kpɔ Megbenyawo A3.
Alo, “agbe ƒe nunana.”
Efia, ŋɔŋlɔawo.
Kpɔ Mt 4:18 ƒe etenuŋɔŋlɔ.
Kpɔ Megbenyawo B14.
Anɔ abe kilometa atɔ̃ alo ade ene. Egɔmeɖeɖe tẽe, “anɔ abe stadio 25 alo 30 ene.” Kpɔ Megbenyawo B14.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “agbe aɖeke mele mia me o.”
Agate ŋu afia, “ƒuƒoƒewo.”
Alo, “abosam.”
Efia, rabiwo ƒe sukuwo.
Kpukpui 53 va se ɖe ta 8 kpukpui 11 medze le blema asinuŋɔŋlɔgbalẽ siwo ŋu kakaɖedzi le la dometɔ geɖe me o.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ŋutilã nu.”
“Ne miehe Amegbetɔvi la ɖe ati ŋu” gɔme ɖeɖe tẽe nye “ne miekɔ Amegbetɔvi la ɖe dzi.”
Helagbe, pornia. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Alo, “tso gɔmedzedzea me ke.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “nàna míaƒe luʋɔwo nalala.”
Alo, “míewɔ ɖeka.”
Alo, “Miele abe mawuwo ene.”
Alo, “ŋkuɖodziyɔdoa.”
Anɔ abe kilometa etɔ̃ ene. Egɔmeɖeɖe tẽe, “anɔ abe stadio 15 ene.” Kpɔ Megbenyawo B14.
Alo, “ŋkuɖodziyɔdoa.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “le gbɔgbɔ la me.”
Alo, “ŋkuɖodziyɔdo.”
Efia, gbedoxɔa.
Efia, Romatɔwo ƒe pounde ɖeka, si anye gram 327, alo lita afã kloe. Kpɔ Megbenyawo B14.
Kpɔ Megbenyawo B14.
Kpɔ Megbenyawo A5.
Alo, “ŋkuɖodziyɔdoa.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “dzesi.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “nye luʋɔ tsi dzi.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ne wokɔm ɖe dzi tso anyigba.”
Kpɔ Megbenyawo A5.
Kpɔ Megbenyawo A5.
Alo, “tso ɖe ŋunye.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “viã ɖe ekɔme.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “akɔfala.”
Alo, “luʋɔ.”
“Eya” si wozã le kpukpui 13 kple 14 siaa me fia “kpeɖeŋutɔ la” si ŋu woƒo nu tsoe le kpukpui 7 me. Yesu zã “kpeɖeŋutɔ la” wònye nuƒoƒo tso gbɔgbɔ kɔkɔea, si nye ŋusẽ si womekpɔna o, ŋu abe ame ene.
Alo, “amegbetɔwo; amewo.”
Alo, “woanɔ wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo si nèdɔ ɖa la ŋuti sidzedze xɔm.”
Alo, “Ðe wo ɖe vovo; Wɔ wo kɔkɔe.”
Efia, esime Adam kple Xawa te vidzidzi.
Alo, “Kidron-tɔʋu si me tsi sina to le vuvɔŋɔli.”
Alo, “mɔa nu.”
Efia, ŋdɔ ga 12 lɔƒo.
Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Alo, “eku.”
Efia, Romatɔwo ƒe pounde 100, si ade kilogram 32.7. Kpɔ Megbenyawo B14.
Alo, “ŋkuɖodziyɔdo.”
Alo, “ŋkuɖodziyɔdoa.”
Alo, “ŋkuɖodziyɔdoa.”
Alo, “lã aɖe.”
Alo, “sa ɖe ali.”
Alo, “elabena awutewui ko me wòle.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Anɔ abe abɔklugui 200 ene.” Kpɔ Megbenyawo B14.