INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • nwt Romatɔwo 1:1-16:27
  • Romatɔwo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Romatɔwo
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
Romatɔwo

NA ROMATƆWO

1 Paulo, Kristo Yesu ƒe kluvi si woyɔ be wòanye apostolo, ame si woɖe ɖe vovo hena Mawu ƒe nya nyui la gbɔgblɔ, ye le agbalẽ sia ŋlɔm na mi.+ 2 Nya nyui sia ŋugbee Mawu do xoxoxo to eƒe nyagblɔɖilawo dzi le Ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo me. 3 Nya nyui la ku ɖe Via, ame si nye David ƒe dzidzimevi+ le ŋutilã nu la, ŋu. 4 Woɖee fia be enye Mawu ƒe Vi+ to gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋusẽ dzi esi wofɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome.+ Vi siae nye Yesu Kristo mía Aƒetɔ la. 5 Ame sia dzie Mawu to ve mía nu eye apostolonyenye la su mía si,+ ale be to ŋkɔ sia dzi la, dukɔwo katã naxɔ edzi ase+ ahaɖo toe; 6 dukɔ siwo dome woyɔ miawo hã tsoe be miava nye Yesu Kristo tɔ. 7 Mele esia ŋlɔm na mi, Mawu ƒe lɔlɔ̃tɔ siwo katã le Roma, ame siwo woyɔ be woava zu ame kɔkɔewo:

Medi Mawu mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve kple ŋutifafa na mi.

8 Gbã la, mele akpe dam na nye Mawu to Yesu Kristo dzi le mi katã mia ta, elabena woƒoa nu tso miaƒe xɔse ŋu le xexe blibo la me. 9 Elabena Mawu, ame si mesubɔna kple nye dzi* blibo le Via ŋuti nya nyui la gbɔgblɔ me lae nye ɖasefo nam be, meyɔa mia ŋkɔ madzudzɔmadzudzɔe le nye gbedodoɖawo me+ 10 henɔa kuku ɖem be ne enye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, wòadze edzi mlɔeba be mava mia gbɔ. 11 Elabena ele dzroyem vevie be makpɔ mi ɖa, be mana gbɔgbɔmenunana aɖe mi, ne ŋusẽ naɖo mia ŋu; 12 alo be míade dzi ƒo na mía nɔewo boŋ;+ ame sia ame ƒe xɔse nado ŋusẽ nɔvia tɔ, mia tɔ kple tɔnye siaa.

13 Ke nɔviwo, medi be mianyae be, meɖoe zi geɖe be mava mia gbɔ, ne makpɔ kutsetse aɖe le miawo hã mia dome, abe ale si mekpɔe le dukɔ bubuawo me ene hafi, gake woxe mɔ nam va se ɖe fifia. 14 Helatɔwo kple dukɔ bubu me tɔwo* siaa, nunyalawo kple ame manyanuwo siaa ƒe fenyilae menye; 15 eya ta medi vevie be magblɔ nya nyui la na mi ame siwo le Roma hã.+ 16 Elabena nya nyui la mekpea ŋu nam o;+ le nyateƒe me la, enye Mawu ƒe ŋusẽ si wòtsɔna xɔa ame siwo katã si xɔse le la ɖe agbe,+ Yudatɔwo gbã,+ kple Helatɔwo hã.+ 17 Elabena ame siwo si xɔse le kpɔnɛ be woɖea Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye fiana to nya nyuia dzi,+ eye esia gadoa ŋusẽ woƒe xɔse ɖe edzi, abe ale si woŋlɔe ɖi ene be: “Ke ame dzɔdzɔe la ƒe xɔsee ana wòanɔ agbe.”+

18 Elabena wole Mawu ƒe dziku+ ɖem ɖe go tso dziƒo ɖe ame mavɔ̃mawu kple ame madzɔmadzɔ siwo le nyateƒe la tem ɖe to+ le mɔ madzɔmadzɔ nu la katã ŋu, 19 elabena nu si woate ŋu anya tso Mawu ŋu la dze na wo kɔtɛ hafi, le esi Mawu ɖee fia wo ta.+ 20 Elabena eƒe nɔnɔme makpɔmakpɔawo dzena gaglãa wokpɔna tso xexea wɔwɔ dzi, elabe wodze ƒãa le nu siwo wòwɔ la me,+ ɛ̃, eƒe ŋusẽ mavɔmavɔ+ kple Mawunyenye+ la dzena, ale be womate ŋu ado taflatsɛ o. 21 Elabena togbɔ be wonya Mawu hã la, wometsɔa ŋutikɔkɔe si Mawu dze na la nanɛ o, eye womedaa akpe nɛ hã o, ke boŋ wobua nu dzodzrowo ŋu, eye woƒe dzi si gbe nugɔmesese la do viviti.+ 22 Togbɔ be wogblɔna be yewonye nunyalawo hã la, wozu bometsilawo, 23 eye wotsɔ Mawu magblemagblẽ la ƒe ŋutikɔkɔe na amegbetɔ si gblẽna, xewo, lã fɔenewo kple lã siwo tana la, ƒe nɔnɔmewɔwɔewo.+

24 Eya ta le woƒe dzi ƒe dzodzrowo nu la, Mawu ɖe asi le wo ŋu na makɔmakɔnyenye, ne woado vlo woawo ŋutɔwo ƒe ŋutilãwo. 25 Woɖɔli Mawu ƒe nyateƒe la kple aʋatso, eye wode ta agu na nuwɔwɔ hesubɔe ɖe Wɔla la teƒe, eya ame si wòle be woakafu ɖaa tegbee. Amen. 26 Esia tae Mawu ɖe asi le wo ŋu na gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro siwo nye ŋukpenanuwo,+ elabena woƒe nyɔnuwo trɔ woƒe dzɔdzɔmekɔnu la ɖe esi mele dzɔdzɔme nu o;+ 27 nenema kee ŋutsuwo hã gblẽ dzɔdzɔmekɔnu si le ŋutsu kple nyɔnu dome ɖi, eye ŋutsu ƒe lãme le fiefiem vevie ɖe ŋutsu ŋu le woƒe dzodzro sesẽwo me,+ eye wole ŋukpenanuwo wɔm hele woƒe vodada ŋuti fetu blibo la xɔm le wo ɖokuiwo me.+

28 Ale si ko wogbe Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ ta la,* Mawu hã ɖe asi le wo ŋu na tamesusu totrowo, be woawɔ nu siwo mesɔ o.+ 29 Eye woyɔ fũu kple nu madzɔmadzɔ wɔwɔ,+ vɔɖivɔ̃ɖi, ŋukeklẽ,*+ nu gbegblẽ wɔwɔ; ŋuʋaʋã,+ amewuwu,+ dzrewɔwɔ, amebeble+ kple susu vɔ̃wo ŋu bubu;+ eye wonye amegɔmeɖulawo,* 30 ameŋugblẽlawo,+ ame siwo léa fu Mawu, ame mabuamewo, dadalawo, adegbeƒolawo, tame vɔ̃ ɖolawo,* ame siwo meɖoa to wo dzilawo o,+ 31 ame masenugɔmewo,+ ɖoɖodzidalawo, ame siwo me amelɔlɔ̃ mele o, kple ame makpɔnublanuiwo. 32 Togbɔ be ame siawo nya Mawu ƒe ɖoɖo dzɔdzɔe la nyuie, be ame siwo wɔa nu siawo la dze na ku hã la,+ menye ɖeko woyia edzi wɔa wo o, ke wodaa asi ɖe edzi na ame siwo wɔa wo la hã.

2 Eya ta Oo, ame, ame ka kee nèɖanye o,+ ne èdrɔ̃a ʋɔnu amewo la, ekema taflatsɛdodo aɖeke mele asiwò o; elabena ne èdrɔ̃ ʋɔnu ame aɖe la, èbua fɔ ɖokuiwò, elabena wò, ame si drɔ̃a ʋɔnu la, wò ŋutɔ hã èwɔa nu mawo ke.+ 2 Ke míenyae be ame siwo wɔa nu siawo la, Mawu drɔ̃a ʋɔnu wo ɖe eteƒe le nyateƒe la nu.

3 Oo ame, ke esi nèdrɔ̃a ʋɔnu ame siwo wɔa nu siawo, evɔ wò ŋutɔ hã nèwɔa wo la, ɖe nèsusu be yeate ŋu asi le Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nua? 4 Alo esi mènya be ɖe Mawu le didim be yeakplɔ wò ayi dzimetɔtrɔ+ gbɔ le eƒe dɔmenyonyo la ta o tae nèdoa vlo eƒe dɔmenyonyo+ kple dzidodo+ kpakple dzigbɔgbɔ blewu+ laa? 5 Ke esi nèsẽ dzi me hegbe dzimetɔtrɔ ta la, èle dziku dzram ɖo ɖi na ɖokuiwò le Mawu ƒe dɔmedzoedogbe si dzi wòadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe le.+ 6 Aɖo eteƒe na ame sia ame ɖe eƒe dɔwɔwɔwo nu:+ 7 ana agbe mavɔ ame siwo le ŋutikɔkɔe kple bubu kpakple magblemagblẽ+ dim to dzidodo le dɔ nyui wɔwɔ me dzi; 8 gake ame siwo lɔ̃a dzrewɔwɔ, eye womeɖoa to nyateƒe la o, ke boŋ wonɔa nu madzɔmadzɔ wɔwɔ yome la, dziku kple dɔmedzoe ava wo dzi.+ 9 Xaxa kple vevesese ava ame sia ame* si wɔa nu vɔ̃ɖi la dzi, ava Yudatɔ dzi gbã, kple Helatɔ hã dzi; 10 ke ŋutikɔkɔe, bubu kple ŋutifafa anye ame sia ame si wɔa nu nyui la tɔ, Yudatɔ gbã,+ kple Helatɔ hã.+ 11 Elabena Mawu mekpɔa ame ŋkume o.+

12 Elabena ame siwo katã wɔ nu vɔ̃ se manɔ wo sii la, woaku se manɔ wo sii;+ ke ame siwo katã wɔ nu vɔ̃ esi wole se te la, se lae woatsɔ adrɔ̃ ʋɔnu wo.+ 13 Elabena menye ame siwo kea to sea se lae nye ame dzɔdzɔewo le Mawu ŋkume o, ke boŋ ame siwo wɔa se dzi lae woabu ame dzɔdzɔewoe.+ 14 Elabena ne dukɔ siwo si se mele o+ la me tɔwo wɔa nu le dzɔdzɔme nu wòsɔna ɖe se nu, togbɔ be se mele wo si o hã la, wozu se na wo ɖokuiwo. 15 Ame siawo tututue ɖee fia be woŋlɔ se la ƒe mɔfiamewo ɖe yewoƒe dziwo me, esi woƒe dzitsinya hã ɖia ɖase, eye woawo ŋutɔwo ƒe tamesusuwo bua fɔ wo alo tsoa afia na wo be wo tɔ dzɔ. 16 Esia adzɔ le ŋkeke si dzi Mawu adrɔ̃ ʋɔnu amegbetɔwo ƒe nuwɔna siwo le ɣaɣla to Kristo Yesu dzi+ le nya nyui si mele gbeƒã ɖemee la nu.

17 Eya ta ne ŋkɔ le ŋuwò be nènye Yudatɔ,+ eye nèɖoa ŋu ɖe se ŋu hedana be Mawu tɔ yenye, 18 nènya eƒe lɔlɔ̃nu, eye nèlɔ̃ ɖe nu siwo nyo wu sãsãsã la dzi le esi wofia Se la wò ta,+ 19 nèka ɖe edzi be yenye ŋkuagbãtɔwo ƒe mɔfiala, kekeli na ame siwo le viviti me, 20 ame si ɖɔa ame masenugɔmewo ɖo, ame si fiaa nu ɖevi suewo, ame si si sidzedze kple nyateƒe la ƒe nɔnɔme si le Sea me la le— 21 ekema wò, ame si le nu fiam ame bubu la, ɖe mèfiaa nu ɖokuiwò oa?+ Wò, ame si le gbeƒã ɖem be, “Mègafi fi o” la, wòe fia fia?+ 22 Wò, ame si le gbɔgblɔm be, “Mègawɔ ahasi o” la,+ wòe wɔa ahasia? Wò, ame si nyɔa ŋu trɔ̃wo la, wòe daa adzo trɔ̃xɔwoa? 23 Wò, ame si ƒoa adegbe le se ŋu la, ɖe nèdoa vlo Mawu to Se la dzi dada mea? 24 Elabena “wole busunya gblɔm ɖe Mawu ƒe ŋkɔ la ŋu le dukɔwo dome le mia ta”; abe ale si woŋlɔe ɖi ene.+

25 Le nyateƒe me la, ne èwɔa se+ dzi ko hafi viɖe le wò aʋatsotso ŋu;+ ke ne ènye sedzidala la, ekema wò aʋatsotso la zu aʋamatsomatso. 26 Eya ta ne aʋamatsomatsotɔ+ léa Se la ƒe nudidi dzɔdzɔeawo me ɖe asi la, ɖe womabu eƒe aʋamatsomatso la aʋatsotsoe oa?+ 27 Eye ne ame si nye aʋamatsomatsotɔ le ŋutilã nu wɔa Se la dzi la, ekema adrɔ̃ ʋɔnu wò, ame si wotso aʋa na eye woŋlɔ sea na wò evɔ nènye sedzidala. 28 Elabena menye ame si nye Yudatɔ le gota lae nye Yudatɔ o,+ eye menye nu si le gota le ŋutilã ŋu lae nye aʋatsotso o.+ 29 Ke boŋ ame si nye Yudatɔ le ememe lae nye Yudatɔ akuakua,+ eye eƒe aʋatsotso la nye dzimeʋatsotso+ le gbɔgbɔ me, ke menye to se si woŋlɔ ɖi me o.+ Menye amewo gbɔe ame sia ƒe kafukafu tsona o, ke boŋ Mawu gbɔe.+

3 Ekema viɖe kae le Yudatɔnyenye ŋu, alo viɖe kae le aʋatsotso ŋu? 2 Wosɔ gbɔ le mɔ sia mɔ nu. Gbã la, woawoe wotsɔ Mawu ƒe nya kɔkɔeawo de asi na.+ 3 Ekema nya lae nye ka? Ne xɔse mele wo dometɔ aɖewo si o la, ɖe woƒe dzimaxɔse la ana Mawu hã nagbe nuteƒewɔwɔa? 4 Gbeɖe! Ke boŋ Mawu nanye nyateƒetɔ,+ ne ame sia ame nye aʋatsokala+ gɔ̃ hã, abe ale si woŋlɔe ɖi ene be: “Ne tɔwò nadzɔ, eye nàɖu dzi ne wodrɔ̃ ʋɔnu wò.”+ 5 Ke ne míaƒe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ na Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye dze ƒãa ɖe, ekema nya kae míagblɔ? Ne Mawu ɖe eƒe dziku ɖe go la, ɖe wòfia be etɔ medzɔ oa? (Mele nu ƒom abe amegbetɔ ene.) 6 Gbeɖe! Ne menye nenema o ɖe, aleke Mawu awɔ adrɔ̃ ʋɔnu xexea?+

7 Ke ne nye aʋatsokaka wɔe be Mawu ƒe nyateƒe la dze ƒãa hena eƒe ŋutikɔkɔe la, ekema nu ka tae wogale ʋɔnu drɔ̃mem abe nu vɔ̃ wɔla ene ɖo? 8 Eye nu ka tae míagblɔ boŋ be, “Mina míawɔ nu vɔ̃ɖiwo, ne nu nyuiwo nado tso eme,” abe ale si ame aɖewo daa alakpa ɖe mía si be míawoe gblɔa nya ma ene o? Ʋɔnu si woadrɔ̃ ame siawo la le eteƒe.+

9 Ekema nu kae? Ðe míaƒe nɔnɔmea nyo wua? Kpao! Elabena míegblɔe xoxo be Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa le nu vɔ̃ te;+ 10 abe ale si woŋlɔe ɖi ene be: “Ame dzɔdzɔe aɖeke meli o, ɖeka hɔ̃ hã meli o;+ 11 ame aɖeke meli si sea nu gɔme nyuie o; ame aɖeke meli si dia Mawu o. 12 Amegbetɔwo katã tra mɔ, wo katã wozu ame maɖinuwo; ame aɖeke meli si nyoa dɔme o, ɖeka pɛ hã meli o.”+ 13 “Woƒe vehlo le abe yɔdo si le nuvo ene; wotsɔ woƒe aɖewo blea ame.”+ “Dzakpata ƒe aɖi le woƒe nu me.”+ 14 “Eye ɖiŋudodo kple nya veamewo yɔ woƒe nu me fũu.”+ 15 “Woƒe afɔwo tsɔna ɖe ʋukɔkɔɖi ŋu.”+ 16 “Gbegblẽ kple xaxa le woƒe mɔwo dzi, 17 eye womenya ŋutifafamɔ la o.”+ 18 “Mawuvɔvɔ̃ aɖeke mele mo na wo o.”+

19 Ke míenyae be nu siwo katã Se la gblɔ la, ame siwo le Se la tee wògblɔ wo na, ale be ɖoɖoe nazi le ame sia ame nu, eye xexe blibo la katã nadze na Mawu ƒe tohehe.+ 20 Eya ta womabu ame* aɖeke be ele dzɔdzɔe le eŋkume to se ƒe dɔwɔwɔwo me o,+ elabena se dzie wotona nyaa nu si tututu nu vɔ̃ nye.+

21 Ke azɔ menye to se dzie tenɔnɔ dzɔdzɔe sua ame si le Mawu ŋkume o,+ abe ale si Se la kple Nyagblɔɖilawo ɖi ɖase le eŋu ene,+ 22 ɛ̃, wokpɔa tenɔnɔ dzɔdzɔe le Mawu ŋkume to Yesu Kristo dzi xɔxɔ se me, eye esia li na ame siwo katã si xɔse le la. Elabena medea vovototo aɖeke ame me o.+ 23 Elabena wo katã wɔ nu vɔ̃, eye wometea ŋu ɖoa Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la gbɔ o,+ 24 eye nunana faa+ wònye be woto tafe si Kristo Yesu+ xe la dzi na ablɔɖe wo, eye wobu wo be wole dzɔdzɔe le eƒe amenuveve+ me. 25 Mawu tsɔe na be wòanye avulévɔsa*+ to eƒe ʋu la dzi xɔxɔ se me.+ Ewɔ esia be wòatsɔ aɖe eya ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye afia, elabena Mawu nɔ dzi gbɔm ɖi eye wòtsɔ nu vɔ̃ siwo wowɔ va yi la nɔ kekem. 26 Ewɔ esia be wòatsɔ aɖe eya ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye+ afia le ɣeyiɣi sia me, ale be wòanye dzɔdzɔetɔ, ne ebu ame si xɔ Yesu dzi se la ame dzɔdzɔe.+

27 Ekema susu ka tae míaƒo adegbe ɖo? Susu aɖeke meli o. Se kae mena mɔ mí be míaƒo adegbe o? Dɔwɔwɔwo tɔa?+ Kpao, ke xɔse ƒe se la boŋ ye. 28 Elabena míelɔ̃ ɖe edzi be wobua ame be ele dzɔdzɔe to xɔse me, menye to se ƒe dɔwɔwɔwo me o.+ 29 Alo Yudatɔwo ɖeɖe ko ƒe Mawue wònyea?+ Ðe menye dukɔwo me tɔwo hã ƒe Mawu oa?+ Ɛ̃, dukɔwo me tɔwo hã tɔe wònye.+ 30 Esi wònye be Mawu ɖeka koe li ta la,+ abu aʋatsotsotɔwo be wole dzɔdzɔe+ le woƒe xɔse ta, eye wòabu aʋamatsomatsotɔwo hã be wole dzɔdzɔe+ le woƒe xɔse ta. 31 Ekema ɖe míetsɔa míaƒe xɔse ɖea se ɖa? Gbeɖe! Ðe míelé se ɖe te sesĩe boŋ.+

4 Esi wòle alea ɖe, ekema viɖe kae míagblɔ be Abraham, ame si nye mía tɔgbui le ŋutilã nu la, kpɔ? 2 Le kpɔɖeŋu me, ne ɖe wobu Abraham be ele dzɔdzɔe le dɔwɔwɔwo ta la, anye ne susu aɖe anɔ anyi si ta wòaƒo adegbe ɖo hafi; gake menye le Mawu gbɔ o. 3 Elabena nya kae ŋɔŋlɔ la gblɔ? “Abraham xɔ Yehowa* dzi se, eye wobui dzɔdzɔenyenye nɛ.”+ 4 Ke ne ame aɖe le dɔ wɔm la, womebua eƒe fetu be enye amenuvevenu o, ke boŋ be enye fe si wonyi le eŋu. 5 Gake ame si menɔa te ɖe dɔwɔwɔwo dzi o, ke boŋ wòxɔa Ame si bua ame mavɔ̃mawu ame dzɔdzɔe dzi sena la, wobua eƒe xɔse la dzɔdzɔenyenye nɛ.+ 6 Abe ale si David hã ƒo nu le dzidzɔ si ame kpɔna ne Mawu bu dzɔdzɔenyenye nɛ, menye to dɔwɔwɔwo me o, la ŋuti ene be: 7 “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo ƒe dzidadawo wotsɔ ke, ame siwo ƒe nu vɔ̃wo dzi wotsyɔ nui;* 8 dzidzɔtɔe nye ame si ƒe nu vɔ̃ Yehowa* mabu nɛ kura o.”+

9 Ekema aʋatsotsotɔwo ɖeɖe koe kpɔa dzidzɔ sia loo alo aʋamatsomatsotɔwo hã kpɔnɛa?+ Elabena míele gbɔgblɔm be: “Wobu Abraham ƒe xɔse dzɔdzɔenyenye nɛ.”+ 10 Ekema nɔnɔme kawo mee wobui dzɔdzɔenyenye nɛ le? Esime wotso aʋa nɛ loo, alo esime wometso aʋa nɛ o? Menye esime wotso aʋa nɛ o, ke boŋ esime wometso aʋa nɛ o. 11 Eye wòxɔ dzesi,+ si nye aʋatsotso, abe dzɔdzɔenyenye ƒe nutrenu* ene le xɔse si nɔ esi hafi wòva tso aʋa la ta, ale be wòanye ame siwo katã si xɔse le togbɔ be wonye aʋamatsomatsotɔwo hã la fofo,+ be woabui dzɔdzɔenyenye na wo; 12 eye be wòanye vi siwo katã wotso aʋa na la fofo, menye na ame siwo de aʋatsotso dzi la ɖeɖe ko o, ke na ame siwo hã zɔna le ɖoɖo nu le xɔse ƒe mɔ ma, si nɔ mía fofo Abraham+ si esi wometso aʋa nɛ o la, ke nu.

13 Elabena menye to se mee Abraham alo eƒe dzidzimevi la xɔ ŋugbedodo le be wòanye xexe aɖe ƒe domenyila o,+ ke boŋ dzɔdzɔenyenye si to xɔse me la mee.+ 14 Elabena ne ame siwo lé se me ɖe asi lae nye domenyilawo la, ekema viɖe aɖeke megale xɔse ŋu o, eye woɖe ŋugbedodo la ɖa. 15 Le nyateƒe me la, Se la hea dziku vanɛ,+ gake afi si se mele o la, sedzidada hã menɔa anyi o.+

16 Le esia ta ŋugbedodo la nɔ te ɖe xɔse dzi, be wòanye amenuveve,+ ale be kakaɖedzi nanɔ ŋugbedodo la ŋu na eƒe dzidzimeviwo katã,+ menye na ame siwo lé Se la me ɖe asi ɖeɖe ko o, ke na ame siwo lé Abraham, ame si nye mí katã mía fofo, ƒe xɔse me ɖe asi la hã.+ 17 (Abe ale si woŋlɔe ɖi ene be: “Metia wò be nànye dukɔ geɖewo fofo.”)+ Mawu, Ame si dzi wòxɔ se la ŋkumee woɖo kpe esia dzi le, ame si gbɔa agbe ame kukuwo, eye wòyɔa nu siwo meli o la abe ɖe woli ene.* 18 Togbɔ be naneke menɔ anyi si ta mɔkpɔkpɔ nanɔ Abraham si ɖo o hã la, le mɔkpɔkpɔ ta la, exɔe se be yeazu dukɔ geɖewo fofo le nya si wogblɔ ɖi la nu be: “Aleae wò dzidzimeviwo anɔ.”+ 19 Eye togbɔ be megbɔdzɔ le xɔse me o hã la, ebu eya ŋutɔ ƒe ŋutilã ya abe ɖe wòku xoxo ɣemaɣi ene (elabena exɔ abe ƒe alafa ɖeka ene),+ eye wòbu Sara ƒe vidzidɔ hã be eku.+ 20 Ke le Mawu ƒe ŋugbedodo ta la, meke ɖi abe xɔsemanɔsitɔ ene o; ke boŋ esẽ ŋu le xɔse me, eye wòtsɔ ŋutikɔkɔe na Mawu 21 eye wòka ɖe edzi bliboe be nu si ŋugbe Mawu do la, ate ŋu awɔe hã.+ 22 Esia tae “wobui dzɔdzɔenyenye nɛ” ɖo.+

23 Gake nya si woŋlɔ ɖi be ‘wobui nɛ’ la, menye eya ɖeɖe ko tae woŋlɔe ɖi ɖo o,+ 24 ke mí ame siwo woava bui na la hã tae, elabena míexɔ Ame si fɔ Yesu, mía Aƒetɔ la, tso ame kukuwo dome la dzi se.+ 25 Wotsɔe na ɖe míaƒe vodadawo ta,+ eye wofɔe ɖe tsitre be woabu mí ame dzɔdzɔewoe.+

5 Esi wobu mí ame dzɔdzɔewoe azɔ to xɔse me ta la,+ mina míanɔ ŋutifafa me* kple Mawu to mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzi.+ 2 To eya dzi la, mɔ ʋu na mí be amenuveve sia su mía si fifia to xɔse me;+ eye mina míatso aseye* le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ƒe mɔkpɔkpɔ la ta. 3 Menye ema ɖeɖe ko o, ke mina míatso aseye* le xaxawo me hã,+ elabena míenyae be xaxa hea dzidodo vanɛ;+ 4 dzidodo hã hea ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ame ŋu vanɛ;+ ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ame ŋu hã hea mɔkpɔkpɔ vanɛ,+ 5 eye mɔkpɔkpɔ menana ame ɖua ŋukpe o;+ elabena wokɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la ɖe míaƒe dziwo me to gbɔgbɔ kɔkɔe si wona mí la dzi.+

6 Le nyateƒe me la, esime míeganye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo la,+ Kristo ku ɖe ame mavɔ̃mawuwo ta le ɣeyiɣi ɖoɖi la dzi. 7 Elabena bebli hafi ame aɖe aku ɖe ame dzɔdzɔe ta; ame nyui ya la ɖewohĩ ame aɖe ado dzi aku ɖe eta. 8 Ke Mawu ɖe eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃ na mí fia le esia me be, esime míeganye nu vɔ̃ wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta.+ 9 Eya ta esi wonɔ te ɖe eƒe ʋu dzi bu mí ame dzɔdzɔewoe azɔ ta la,+ woaɖe mí tso dziku la me geɖe wu to edzi.+ 10 Elabena ne woto Via ƒe ku dzi dzra mía kple Mawu dome ɖo esime míenye eƒe futɔwo la,+ ekema woaɖe mí geɖe wu to eƒe agbe la me esi wova dzra mía kplii dome ɖo azɔ. 11 Eye menye ema ɖeɖe ko o, ke míele aseye tsom hã le Mawu me to mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzi, ame si dzi woto dzra mía dome ɖo azɔ.+

12 Esia tae ale si ko to ame ɖeka dzi nu vɔ̃ va xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va,+ ale ku la kaka ɖe amewo katã dome, esi wo katã wɔ nu vɔ̃ ŋuti+ . . . 13 Elabena hafi Se la nava la, nu vɔ̃ nɔ xexea me, gake wometsoa ame aɖeke nu be ewɔ nu vɔ̃ ne se meli o.+ 14 Ke ku ɖu fia tso Adam dzi va ɖo Mose dzi, ɖe ame siwo mewɔ nu vɔ̃ si sɔ kple Adam ƒe dzidada o la gɔ̃ hã dzi, eya, ame si ɖi ame si ava va la.+

15 Gake nunana la mele abe vodada la ene o. Elabena ne ame ɖeka ƒe vodadae na ame geɖewo ku la, ekema ɖe Mawu ƒe amenuveve kple eƒe nunana faa la kpakple amenuveve si to ame ɖeka+ si nye Yesu Kristo dzi la, masɔ gbɔ fũu na ame geɖewo wu oa!+ 16 Eye nu si nunana faa la hena vanɛ la mele abe nu si ame ɖeka ma ƒe nu vɔ̃ he vɛ la ene o.+ Elabena vodada ɖeka ye na wodrɔ̃ ʋɔnu hebu fɔ amewo katã,+ ke nunana si wona ɖe vodada geɖewo ta lae nye be wobu ame geɖewo ame dzɔdzɔewoe.+ 17 Elabena ne ame ɖeka ƒe vodada wɔe be ku ɖu fia to ame ɖeka ma dzi la,+ ekema ɖe ame siwo xɔ amenuveve la kple dzɔdzɔenyenye+ ƒe nunana faa le agbɔsɔsɔ me la maɖu fia+ geɖe wu le agbe me to ame ɖeka, si nye Yesu Kristo dzi oa!+

18 Ale si vodada ɖeka na wobu fɔ amewo katã la,+ nenema kee nu dzɔdzɔe wɔwɔ ɖeka na wobu amewo katã+ be wole dzɔdzɔe hena agbe.+ 19 Elabena ale si ko ame ɖeka ƒe tomaɖomaɖo na ame geɖewo zu nu vɔ̃ wɔlawoe la,+ nenema kee to ame ɖeka ƒe toɖoɖo me hã woana ame geɖewo nazu ame dzɔdzɔewo.+ 20 Azɔ Se la va do, ale be vodada nasɔ gbɔ ɖe edzi.+ Ke afi si nu vɔ̃ sɔ gbɔ le la, amenuveve ya sɔa gbɔ geɖe wu. 21 Kple susu ka? Ale be ale si ko nu vɔ̃ kple ku ɖu fiae la,+ amenuveve hã naɖu fia nenema ke to dzɔdzɔenyenye me hena agbe mavɔ to mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzi.+

6 Ekema nya kae míagblɔ? Ðe míakpɔtɔ anɔ nu vɔ̃ wɔm, be amenuveve la nasɔ gbɔ ɖe edzia? 2 Gbeɖe! Esi wònye míeku le nu vɔ̃ gome ɖe,+ aleke wɔ míagakpɔtɔ anɔ agbe le eme?+ 3 Alo ɖe mienyae be mí ame siwo katã wonyrɔ ɖe Kristo Yesu me la,+ wonyrɔ mí ɖe eƒe ku me oa?+ 4 Eya ŋuti esi wonyrɔ mí ɖe eƒe ku me ta la,+ woɖi mí kpakplii, ale be ale si ko wofɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome to Fofo la ƒe ŋutikɔkɔe me la, míawo hã míazɔ nenema ke ɖe agbenɔnɔmɔ yeye nu.+ 5 Ne míewɔ ɖeka kplii le ku si tɔgbi wòku me la,+ ekema míawɔ ɖeka kplii godoo le tsitretsitsi si tɔgbi wòkpɔ la hã me.+ 6 Elabena míenyae be wohe míaƒe amenyenye xoxo la ɖe ati ŋuti kplii,+ ale be ŋusẽ aɖeke naganɔ míaƒe nu vɔ̃ ŋutilã la ŋu o,+ be míagayi edzi anye kluviwo na nu vɔ̃ o.+ 7 Elabena ame si ku la, wotso afia nɛ ɖee tso eƒe nu vɔ̃ me.*

8 Azɔ hã ne míeku kple Kristo la, míexɔe se be míanɔ agbe hã kpakplii. 9 Elabena míenyae be esi wofɔ Kristo tso ame kukuwo dome azɔ la,+ magaku akpɔ o;+ ku magaɖu aƒetɔ ɖe edzi azɔ o. 10 Elabena ku si wòku la, eku na nu vɔ̃ ɖeɖe ɖa zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu,+ ke agbe si wòle la, ele agbe na Mawu. 11 Nenema kee miawo hã, mibu mia ɖokuiwo be yewoku na nu vɔ̃, ke azɔ yewole agbe na Mawu to Kristo Yesu dzi.+

12 Eya ta migana nu vɔ̃ nanɔ fia ɖum ɖe mia dzi le miaƒe ŋutilã siwo le kuku ge la me,+ ale be miawɔ woƒe didiwo dzi o. 13 Eye migatsɔ miaƒe ŋutilãwo* nɔ nu vɔ̃ nam abe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ƒe aʋawɔnuwo ene hã o, ke boŋ mitsɔ mia ɖokuiwo na Mawu abe ame siwo wogbɔ agbe tso ame kukuwo dome ene, eye mitsɔ miaƒe ŋutilãwo* hã na Mawu abe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ƒe aʋawɔnuwo ene.+ 14 Mele be nu vɔ̃ naɖu aƒetɔ ɖe mia dzi o, elabena miele se te o,+ ke amenuveve tee miele.+

15 Ekema nya kae míagblɔ? Esi míele se te o, ke boŋ amenuveve tee míele tae míanɔ nu vɔ̃ wɔma?+ Gbeɖe! 16 Ðe mienyae be ne mietsɔa mia ɖokuiwo wɔa kluvii na ame aɖe be yewoaɖo toe la, ekema miezu ame si mieɖoa toe la ƒe kluviwo,+ eɖanye nu vɔ̃+ ƒe kluviwo hena ku,+ alo toɖoɖo ƒe kluviwo hena dzɔdzɔenyenye oa? 17 Ke woada akpe na Mawu be mienye nu vɔ̃ ƒe kluviwo tsã, ke mieva zu ame siwo ɖoa to nufiafia si tɔgbi wotsɔ de asi na mi la tso dzi me. 18 Ɛ̃, esi wona ablɔɖe mi tso nu vɔ̃ me ta la,+ mieva zu dzɔdzɔenyenye ƒe kluviwo.+ 19 Mele nu ƒom abe amegbetɔ ene le miaƒe ŋutilã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ ta; elabena ale si ko mietsɔ miaƒe ŋutinuwo wɔ kluviwoe na makɔmakɔnyenye kple sedzimawɔmawɔ si na mienye sedzimawɔlawo tsã la, nenema ke mitsɔ miaƒe ŋutinuwo wɔ kluviwoe na dzɔdzɔenyenye azɔ be mianye ame kɔkɔewo.+ 20 Elabena esi mienye nu vɔ̃ ƒe kluviwo tsã la, dzɔdzɔenyenye ƒe nya aɖeke metsɔ mia gbɔ o.

21 Ekema kutsetse kae do tso eme na mi ɣemaɣi? Nu siwo va le ŋu kpem na mi azɔ lae. Elabena nu mawo ƒe nuwuwue nye ku.+ 22 Ke azɔ esi wona ablɔɖe mi tso nu vɔ̃ me, eye mieva zu Mawu ƒe kluviwo ta la, kutsetse si kpɔm miele lae nye kɔkɔenyenye,+ eye le nuwuwu la, miakpɔ agbe mavɔ.+ 23 Elabena nu vɔ̃ ƒe fetue nye ku,*+ ke Mawu ƒe nunanae nye agbe mavɔ+ to Kristo Yesu mía Aƒetɔ la dzi.+

7 Nɔviwo, alo ɖe mienyae be Se la ɖua aƒetɔ ɖe ame dzi zi ale si wòle agbe oa? (elabena mi ame siwo nya se lae mele nu ƒom na.) 2 Le kpɔɖeŋu me, se bla nyɔnu srɔ̃tɔ ɖe srɔ̃a ŋu ŋkeke ale si ŋutsua le agbe; ke ne ŋutsua ku la, ekema wotu nyɔnua tso srɔ̃a ƒe se la me.+ 3 Eya ta ne srɔ̃a le agbe hafi wòva zu ŋutsu bubu tɔ la, woayɔe be ahasiwɔla.+ Ke ne srɔ̃a ku la, ekema evo tso eƒe se la me, ale be ne eva zu ŋutsu bubu tɔ la, meganye ahasiwɔla o.+

4 Eya ta nɔvinyewo, wona miawo hã miezu ame kukuwo le Se la gome to Kristo la ƒe ŋutilã me, ale be miazu ame bubu,+ si nye ame si wofɔ tso ame kukuwo dome la tɔ,+ ale be míatse ku na Mawu.+ 5 Elabena esi míenɔ agbe nɔm le ŋutilã nu la, nu vɔ̃ ƒe dzodzro sesẽ siwo Se la nyɔna ɖe míaƒe ŋutilãwo* me la nɔ dɔ dzi, ale be míatse ku na ku.+ 6 Ke azɔ wotu mí tso Se la me,+ elabena míeku na nu si de ga mí la, be míazu kluviwo le gɔmesese yeye nu to gbɔgbɔ la me,+ eye menye le gɔmesese xoxo la nu to se si woŋlɔ ɖi la me o.+

7 Ekema nya kae míagblɔ? Ðe Se la nye nu vɔ̃a? Gbeɖe! Le nyateƒe me la, ne menye Se lae o la,+ anye ne nyemenya nu si nu vɔ̃ nye o. Le kpɔɖeŋu me, nyemanya nu si ŋubiabiã nye o, ne menye ɖe Se la gblɔ be: “Mègabiã ŋu o.”+ 8 Ke esi nu vɔ̃ la kpɔ mɔnu to sedede la me ta la, ena ŋubiabiã ɖe sia ɖe ƒomevi va nyɔ ɖe menye, elabena ne se meli o la, ekema nu vɔ̃ hã ku.+ 9 Nyateƒee, tsã la, menɔ agbe esi se menɔ anyi o. Ke esi sedede la va ɖo la, nu vɔ̃ gagbɔ agbe, ke nye ya meku.+ 10 Eye se si wode be wòakplɔ ame ayi agbe me la,+ nye ya mekpɔe be ekplɔa ame yia ku me. 11 Elabena esi nu vɔ̃ la kpɔ mɔnu to sedede la me ta la, eble nunye heto edzi wum. 12 Evɔ Se la le kɔkɔe, eye sededeawo hã le kɔkɔe, le dzɔdzɔe eye wònyo hafi.+

13 Ekema ɖe nu nyui la zu ku nama? Gbeɖe! Gake nu vɔ̃ ye zui, ne wòadze ƒãa be nu vɔ̃ ye wɔ nu nyui ŋu dɔ tsɔ he ku vɛ nam,+ ale be nu vɔ̃ la nagadze gaglãa wu to sedede la me.+ 14 Elabena míenyae be gbɔgbɔmenue Se la nye; ke ŋutilãmeme si wodzra na nu vɔ̃e nye ya menye.+ 15 Elabena nye ŋutɔ nyemesea nye nuwɔna gɔme o. Elabena nu si medina la, menye eyae mewɔna o, ke nu si melé fui la boŋue mewɔna. 16 Ke ne nu si nyemedina o lae mewɔna la, ekema melɔ̃ ɖe edzi be Se la nyo. 17 Ke meganye nyee le ewɔm o, ke boŋ nu vɔ̃ si le menye lae.+ 18 Elabena menyae be le menye, si nye le nye ŋutilã me la, nu nyui aɖeke meli o; elabena nu nyui wɔwɔ ƒe didia le menye, ke ŋutetea ya meli o.+ 19 Elabena nu nyui si medina la, nyemewɔnɛ o, ke nu vɔ̃ɖi si nyemedina o la, eya boŋ mewɔna. 20 Ke ne nu si nyemedina o lae mewɔna la, ekema meganye nyee le ewɔm o, ke boŋ nu vɔ̃ si le menye lae.

21 Ke nye la, mekpɔ se sia le gonyeme be: Ne medi be mawɔ nu si sɔ la, nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe didi nɔa menye.+ 22 Mekpɔa dzidzɔ le Mawu ƒe se la ŋu ŋutɔ le ame si menye le ememe la gome,+ 23 ke mekpɔ se bubu aɖe le menye, si le aʋa wɔm kple se si le nye susu me,+ eye wòléam aboyoe yina na nu vɔ̃ ƒe se si le nye ŋutilã* me.+ 24 Oo, nye nu wɔ nublanui lo! Ame kae aɖem tso kuŋutilã sia si me? 25 Meda akpe na Mawu to Yesu Kristo, mía Aƒetɔ la dzi! Eya ta le nye susu me la, menye kluvi na Mawu ƒe se la, ke le nye ŋutilã me la, menye kluvi na nu vɔ̃ ƒe se la.+

8 Eya ta fɔbubu aɖeke meli na ame siwo wɔ ɖeka kple Kristo Yesu o. 2 Elabena gbɔgbɔ ma, si naa agbe ame si wɔ ɖeka kple Kristo Yesu la, ƒe se la na ablɔɖe wò+ tso nu vɔ̃ kple ku ƒe se la me. 3 Nu si Se la mete ŋu wɔ o+ le esi ŋutilã la na wògbɔdzɔ+ ta la, Mawu wɔe esi wòdɔ eya ŋutɔ Via+ ɖo ɖa le nu vɔ̃ ŋutilã ƒe nɔnɔme me,+ be wòaɖe nu vɔ̃ ɖa, eye Mawu to esia me bu fɔ nu vɔ̃ le ŋutilã me, 4 ale be Se la ƒe nudidi dzɔdzɔe la nava eme le mí ame siwo+ le zɔzɔm le gbɔgbɔ la nu ke menye le ŋutilã nu o la gome.+ 5 Elabena ame siwo nɔa agbe ɖe ŋutilã nu la tsɔa woƒe susuwo ɖoa ŋutilã la ƒe nuwo ŋu,+ ke ame siwo nɔa agbe ɖe gbɔgbɔ la nu la tsɔa woƒe susuwo ɖoa gbɔgbɔ la ƒe nuwo ŋu.+ 6 Susu ɖoɖo ŋutilã la ŋu hea ku vanɛ,+ ke susu ɖoɖo gbɔgbɔ la ŋu hea agbe kple ŋutifafa vanɛ;+ 7 elabena susu ɖoɖo ŋutilã la ŋu fia Mawu ƒe futɔnyenye,+ elabena mebɔbɔ ɖe Mawu ƒe se la te o, eye le nyateƒe me la, mate ŋui hã o. 8 Eya ta ame siwo nɔa agbe ɖe ŋutilã nu la mate ŋu adze Mawu ŋu o.

9 Ke miawo la, ne Mawu ƒe gbɔgbɔ la le mia me ŋutɔŋutɔ la, ekema menye ŋutilã la nue miele agbe ɖo o, ke ɖe gbɔgbɔ la nu+ boŋ. Ne Kristo ƒe gbɔgbɔ la mele ame aɖe me o la, ame ma menye etɔ o. 10 Ke ne Kristo le ɖekawɔwɔ me kpli mi la,+ ekema ŋutilã la ku le nu vɔ̃ ta, ke gbɔgbɔ la nye agbe le dzɔdzɔenyenye ta. 11 Ne ame si fɔ Yesu tso ame kukuwo dome la ƒe gbɔgbɔ le mia me la, ekema ame si fɔ Kristo Yesu tso ame kukuwo dome+ la, ana miaƒe ŋutilã si kuna la hã nagbɔ agbe+ to eƒe gbɔgbɔ si le mia me la dzi.

12 Eya ta nɔviwo, menye ŋutilã la ŋue míenyi fe le be míanɔ agbe ɖe ŋutilã nu o;+ 13 elabena ne mienɔa agbe ɖe ŋutilã nu la, ekema miaku godoo; ke ne miewua ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo+ to gbɔgbɔ la ƒe kpekpeɖeŋu me la, mianɔ agbe.+ 14 Elabena ame siwo katã Mawu ƒe gbɔgbɔ fiaa mɔe lae nye Mawu ƒe viwo.+ 15 Elabena menye kluvinyenye ƒe gbɔgbɔ si ana miaganɔ vɔvɔ̃m ake lae miexɔ o, ke boŋ vinyenye ƒe gbɔgbɔ ye miexɔ, eye gbɔgbɔ sia ʋãa mí míedoa ɣli be: “Abba,* Fofo!”+ 16 Gbɔgbɔ la ŋutɔ ɖia ɖase kpena ɖe míaƒe gbɔgbɔ+ ŋu be Mawu ƒe viwo míenye.+ 17 Ke ne viwoe míenye la, ekema domenyilawo hãe míenye—Mawu ƒe domenyilawo,+ kple Kristo ƒe hadomenyilawo—ne míekpe fu kplii ko,+ ale be woakɔ mía ŋu hã kpakplii.+

18 Eya ta mekpɔe be ɣeyiɣi sia me fukpekpewo meɖi naneke kura ne wotsɔe sɔ kple ŋutikɔkɔe si woava ɖe afia le mía gome la o.+ 19 Elabena nuwɔwɔ la le mɔ kpɔm vevie na Mawu ƒe viwo ƒe ɖeɖefia la.+ 20 Elabena wobɔbɔ nuwɔwɔ la ɖe toflokonyenye te,+ menye le eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu me o, ke boŋ to ame si bɔbɔe ɖe anyi la dzi, hena mɔkpɔkpɔ 21 be woaɖe+ nuwɔwɔ la ŋutɔ hã tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me, eye wòakpɔ Mawu ƒe viwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la. 22 Elabena míenyae be nuwɔwɔ blibo la katã le ŋeŋem, eye wòle veve sem va se ɖe fifi. 23 Menye ema ɖeɖe koe o, ke boŋ míawo ŋutɔwo hãe, mí ame siwo si kutsetse gbãtɔ si nye gbɔgbɔ la le, ɛ̃, míawo hã míele ŋeŋem le mía ɖokui me,+ esime míele lalam vevie be woaxɔ mí abe viwo ene,+ be woaɖe mí tso míaƒe ŋutilã me to tafe la dzi. 24 Elabena mɔkpɔkpɔ siae na woɖe mí; ke ne wokpɔ nu si wole mɔ kpɔm na xoxo la, womegayɔnɛ be mɔkpɔkpɔ o, elabena nu si kpɔm wole la, ɖe wogakpɔa mɔ nɛa? 25 Ke ne míele mɔ kpɔm+ na nu si míekpɔna o la,+ míetsɔa dzidodo nɔa elalam vevie.+

26 Nenema kee gbɔgbɔ la hã kpena ɖe mía ŋu le míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ me;+ elabena míenya nu si wòle be míado gbe ɖa abia abe ale si wòdze be míawɔe ene o, gake gbɔgbɔ la ŋutɔ xɔa míaƒe ŋeŋe siwo míeɖe gblɔ o la ɖe akɔ. 27 Ke ame si dzroa dziwo me kpɔ+ la sea gbɔgbɔ la gɔme, elabena exɔa ame kɔkɔewo ƒe nya ɖe akɔ ale si dzea Mawu ŋu.

28 Míenyae be Mawu naa eƒe nuwɔnawo katã zɔna aduadu ɖe ɖoɖo nu hena ame siwo lɔ̃a Mawu la ƒe nyonyo, ame siwo nye ame yɔyɔwo le eƒe tameɖoɖo la nu;+ 29 elabena ame siwo ŋu wòtrɔ ɖo gbã la, eɖoe ɖi hã do ŋgɔ be woanɔ ye Vi la ƒe nɔnɔme me,+ be wòanye ŋgɔgbevi+ le nɔvi geɖewo dome.+ 30 Azɔ hã, ame siwo wòɖo ɖi do ŋgɔ la,+ woawoe wòyɔ;+ eye ame siwo wòyɔ la, woawo kee wòbu ame dzɔdzɔewoe.+ Mlɔeba la, ame siwo wòbu ame dzɔdzɔewoe la, woawo hã ŋutie wòkɔ.+

31 Ekema nya kae míagblɔ le esiawo ŋu? Ne Mawu le mía dzi la, ame kae atsi tsitre ɖe mía ŋu?+ 32 Esi meve nu le eya ŋutɔ Via gɔ̃ hã ŋu o, ke boŋ wòtsɔe na ɖe mí katã ta la,+ nu ka tae eya kple Vi sia womalɔ̃ faa atsɔ nu bubuawo katã hã akpe ɖe eŋuti na mí o? 33 Ame kae atso Mawu ƒe ame tiatiawo nu?+ Mawue nye Ame si bua wo ame dzɔdzɔewoe.+ 34 Ame kae abu fɔ wo? Kristo Yesue nye ame si ku, ɛ̃, nu si gawue nye be, wofɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, ame si le Mawu ƒe ɖusime,+ ame si hã xɔa míaƒe nya ɖe akɔ.+

35 Ame kae ama mí ɖa tso Kristo la ƒe lɔlɔ̃ gbɔ?+ Fukpekpe loo alo xaxa alo yometiti alo dɔwuame alo amamanɔnɔ alo afɔku alo yia?+ 36 Abe ale si woŋlɔe ɖi ene be: “Tawòe wole mía wuwu dzi ŋkeke bliboa katã; wobu mí abe alẽ siwo woyina wuwu ge ene.”+ 37 Gake le nu siawo katã me la, míeɖua dzi bliboe+ to ame si lɔ̃ mí la dzi. 38 Elabena meka ɖe edzi bliboe be, eɖanye ku o, eɖanye agbe o, eɖanye mawudɔlawo o, eɖanye dziɖuɖuwo o, eɖanye nu siwo li fifia o, eɖanye nu siwo le vava ge o, eɖanye ŋusẽwo o,+ 39 eɖanye kɔkɔƒe o, eɖanye gogloƒe alo nuwɔwɔ bubu aɖe o, mate ŋu ama mí ɖa tso Mawu ƒe lɔlɔ̃ si le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ, me la gbɔ o.

9 Nyateƒe tom mele, elabena menye Kristo tɔ; nyemele aʋatso kam o, elabena nye dzitsinya wɔ ɖeka kple gbɔgbɔ kɔkɔe la le ɖase ɖim nam, 2 be mele nu xam vevie hele veve sem ɖaasi le nye dzi me. 3 Elabena ɖe madi be woaɖe nye ŋutɔ ɖa le Kristo la ŋu abe fiƒodeme ene le nɔvinyewo, ame siwo nye ƒonyemeawo le ŋutilã nu, ta hafi, 4 wo, ame siwo nye Israel-viwo. Woawoe woxɔ be woanye viwo+ eye woakpɔ ŋutikɔkɔe, eye woawoe wotsɔ nubablawo,+ Se+ la, subɔsubɔdɔ kɔkɔe+ la kple ŋugbedodoawo+ na. 5 Wonye tɔgbuiawo ƒe dzidzimeviwo,+ eye woawo mee Kristo la dzɔ tso le ŋutilã nu.+ Woakafu Mawu, ame si ƒo nuwo katã ta la, yi mavɔmavɔ me. Amen.

6 Gake menye ɖe Mawu ƒe nya la do kpo nu hafi o. Elabena menye ame siwo katã dzɔ tso Israel me lae nye “Israel” viwo ŋutɔŋutɔ o.+ 7 Eye menye esi wonye Abraham ƒe dzidzimeviwo tae wo katã wonye viwo o,+ hafi boŋ: “Ame si woayɔ be ‘wò dzidzimevi’ la adzɔ tso Isak me.”+ 8 Efia be, ŋutilãmeviwo menye Mawu ƒe viwo ŋutɔŋutɔ o,+ ke boŋ ŋugbedodo la ƒe viwoe nye dzidzimeviawo.+ 9 Elabena ŋugbedodonya la yi ale: “Magava le ƒe si gbɔna ƒe ɣealewoɣi, eye viŋutsuvi anɔ Sara si.”+ 10 Ke menye ema koe o, ke esime Rebeka fɔ venɔviwo ƒe fu na mía tɔgbui Isak hã;+ 11 elabena esi womekpɔ dzi wo o, eye womewɔ nyui alo vɔ̃ aɖeke haɖe o la, be Mawu ƒe tameɖoɖo le tiatiawɔwɔ ŋu nakpɔtɔ anɔ te ɖe Eya ame si yɔa ame la dzi, ke menye ɖe dɔwɔwɔwo dzi o ta la, 12 wogblɔ nɛ be: “Tsitsitɔ anye kluvi na ɖevitɔ.”+ 13 Abe ale si woŋlɔe ɖi ene be: “Melɔ̃ Yakob, ke melé fu Esau ya.”+

14 Ekema nya kae míagblɔ? Ðe Mawu wɔa nu madzɔmadzɔa? Gbeɖe!+ 15 Elabena egblɔ na Mose be: “Makpɔ nublanui na ame si medi be makpɔ nublanui na, eye mave ame si nu medi be mave la nu.”+ 16 Eya ta metso ame si le didim alo ame si le ʋiʋlim* la ƒe lɔlɔ̃nu me o, ke boŋ etso Mawu, ame si kpɔa nublanui la, ƒe lɔlɔ̃nu me.+ 17 Elabena Ŋɔŋlɔ la gblɔ na Farao be: “Susu sia tae meɖe mɔ nèkpɔtɔ li ɖo: be maɖe nye ŋusẽ afia le ŋuwò, ale be woaɖe gbeƒã nye ŋkɔ le anyigba blibo la dzi.”+ 18 Eya ta ekpɔa nublanui na ame si wòdi be yeakpɔe na, ke ame si ŋu wòdi be yeaɖe asi le wòasẽ dzi me la, eɖea asi le eŋu.+

19 Eya ta àbiam be: “Ekema nu ka tae wògabua fɔ ame ɖo? Elabena ame kae tsi tsitre ɖe eƒe lɔlɔ̃nu ŋu kpɔ?” 20 Oo ame, ame kae nènye be nàhe nya kple Mawu?+ Ðe nu si womè la agblɔ na ame si mèe la be: “Nu ka tae nèwɔm alea?”+ 21 Nu ka? Ðe ŋusẽ mele zemela si ɖe tsu+ dzi be wòatsɔ anyi si wònya la ƒe ɖe amè ze si ŋu bubu le, eye wòagatsɔ eƒe ɖe amè ze si ŋu bubu mele o la oa? 22 Ekema ne Mawu di be yeaɖe yeƒe dɔmedzoe afia, eye yeana woanya yeƒe ŋusẽ, evɔ wògbɔ dzi ɖi heɖe mɔ ɖe dziku ƒe ze siwo wodzra ɖo ɖi na tsɔtsrɔ̃ la ŋu ɖe? 23 Eye ne ewɔ esia be yeana woanya ŋutikɔkɔe ƒe agbɔsɔsɔ si le ye si ɖe nublanuikpɔkpɔ ƒe ze+ siwo wòdzra ɖo ɖi do ŋgɔ hena ŋutikɔkɔe la ŋu, 24 siwo nye míawo, ame siwo wòyɔ, menye tso Yudatɔwo ɖeɖe ko dome o, ke boŋ tso dukɔwo hã dome la,+ ekema nya kae míagblɔ le eya ŋu? 25 Ele abe ale si wògblɔe le Hosea ƒe agbalẽ me hã ene be: “Ame siwo menye nye dukɔ o la,+ mayɔ wo be ‘nye dukɔ,’ kple nyɔnu si nyemelɔ̃ tsã o la be ‘lɔlɔ̃tɔ’;+ 26 eye afi si wogblɔ na wo le be, ‘Menye nye dukɔe mienye o’ la, afi mae woayɔ wo le be ‘Mawu gbagbe la ƒe viwo.’”+

27 Azɔ hã, Yesaya do ɣli gblɔ le Israel ŋu be: “Togbɔ be Israel-viwo ƒe xexlẽme anɔ abe ƒutake ene hã la, ame ʋɛ siwo susɔ koe woaɖe.+ 28 Elabena Yehowa* abia akɔnta le anyigba dzi, awɔe ade goe, eye awɔe kaba.”+ 29 Eye abe ale si Yesaya gblɔe ɖi ene la: “Ne ɖe aʋakɔwo ƒe Yehowa* mekpɔtɔ dzidzime aɖeke ɖi na mí o la, anye ne míezu abe Sodom ene, anye ne míeɖi Gomora.”+

30 Ekema nya kae míagblɔ? Eyae nye be, togbɔ be dukɔwo me tɔwo menɔ dzɔdzɔenyenye yome o hã la, woƒe asi su dzɔdzɔenyenye dzi,+ si nye dzɔdzɔenyenye si tso xɔse me;+ 31 gake togbɔ be Israel nɔ dzɔdzɔenyenye ƒe se yome hã la, eƒe asi mesu se ma dzi o. 32 Nu ka tae? Elabena meti eyome le xɔse me o, ke boŋ abe ɖe wònɔ te ɖe dɔwɔwɔwo dzi ene. Wokli “nukikli ƒe kpe” la;+ 33 abe ale si woŋlɔe ɖi ene be: “Kpɔ ɖa! Mele nukikli ƒe kpe+ kple nuɖiaɖia ƒe agakpe ɖom anyi le Zion, ke ame si ziɔ eƒe xɔse ɖe eŋu maɖu ŋukpe o.”+

10 Nɔviwo, nye dzimedidi kple nye kukuɖeɖe na Mawu ɖe wo tae nye be woakpɔ ɖeɖe.+ 2 Elabena mele ɖase ɖim le wo ŋu be, dzo le wo me ɖe Mawu ŋu,+ ke menye le sidzedze vavãtɔ nu o. 3 Elabena esi womenya Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye o,+ ke boŋ wole didim be yewoaɖo yewo ŋutɔ tɔ anyi ta la,+ womebɔbɔ wo ɖokuiwo ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye la te o.+ 4 Elabena Kristoe nye Se la ƒe nuwuwu,+ ale be ame sia ame si xɔna sena la ƒe asi nasu dzɔdzɔenyenye dzi.+

5 Elabena Mose ŋlɔe ɖi le dzɔdzɔenyenye si tso Se la me ŋu be: “Ame si wɔa nu siawo la, anɔ agbe to wo me.”+ 6 Ke dzɔdzɔenyenye si tso xɔse me la gblɔ be: “Mègagblɔ le wò dzi me be,+ ‘Ame kae alia ayi dziƒo?’+ be wòana Kristo naɖi ava, 7 alo, ‘Ame kae aɖi ayi aʋli me?’+ be wòakplɔ Kristo tso ame kukuwo dome avɛ hã o.” 8 Ke nya kae wògblɔ? “Nya la tsɔ ɖe gbɔwò, ele wò ŋutɔ wò nu me kple wò ŋutɔ wò dzi me”;+ eyae nye xɔse ƒe “nya,” si míele gbeƒã ɖemee la. 9 Elabena ne ètsɔ wò nu ɖea gbeƒã le dutoƒo be Yesu nye Aƒetɔ,+ eye nèxɔna sena le wò dzi me be Mawu fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, ekema àkpɔ ɖeɖe. 10 Elabena wotsɔa dzi xɔna sena hena dzɔdzɔenyenye, ke wotsɔa nu ʋua eme le dutoƒo+ hena ɖeɖekpɔkpɔ.

11 Ŋɔŋlɔ la gblɔ be: “Ame sia ame si ziɔ eƒe xɔse ɖe eŋu la maɖu ŋukpe o.”+ 12 Elabena vovototo aɖeke mele Yudatɔ kple Helatɔ dome o.+ Aƒetɔ ɖekae le wo katã nu, eye wònaa nu geɖe ame siwo katã yɔnɛ la. 13 Elabena “ame sia ame si yɔa Yehowa* ƒe ŋkɔ la, woaɖee.”+ 14 Ke aleke woawɔ ayɔ ame si dzi womexɔ se o la? Eye aleke woawɔ axɔ ame si ŋu nya womese kpɔ o la dzi ase? Eye aleke woawɔ asee, ne ame aɖeke meɖea gbeƒã o? 15 Eye aleke woawɔ aɖe gbeƒã, ne womedɔ wo ɖa hafi o? + Abe ale si woŋlɔe ɖi ene be: “Ame siwo ɖea gbeƒã nu nyuiwo ŋuti nya nyui la ƒe afɔwo nya kpɔ loo!”+

16 Gake menye wo katãe ɖo to nya nyui la o. Elabena Yesaya gblɔ be: “Yehowa,* ame kae xɔ nya si wose tso mía gbɔ la dzi se?”+ 17 Eya ta nu si wose la mee xɔse tsona.+ Eye wosenɛ ne wogblɔ Kristo ŋu nya na wo. 18 Ke mele biabiam be, Menye ɖe womesee o ɖe? Nya lae nye be, “woƒe gbe ɖi hoo le anyigba blibo la dzi, eye nya si wogblɔ la de xexea ƒe afi sia afi.”+ 19 Ke megale biabiam be, Menye ɖe Israel menyae o ɖe?+ Gbã la, Mose gblɔ be: “Mato dukɔ maɖinu dzi ana miaʋã ŋu; mato dukɔ tsibome dzi ana miado dziku vevie.”+ 20 Ke dzi ɖo Yesaya ƒo ŋutɔ wògblɔ be: “Ame siwo medim o lae kpɔm;+ mena ame siwo mebia tanye se o la va nyam.”+ 21 Ke egblɔ le Israel ya ŋu be: “Meke nye abɔwo me ɖo ɖe dukɔ si meɖoa to o, eye wonye dzimesesẽtɔwo la, ŋkeke bliboa katã.”+

11 Azɔ mele biabiam be, Ðe Mawu gbe eƒe dukɔ la?+ Gbeɖe! Elabena Israel-vie nye hã menye, Abraham ƒe dzidzimevi, tso Benyamin-toa me. 2 Mawu megbe eƒe dukɔ si ŋu wòtrɔ susu ɖo gbã la o.+ Ðe mienya nu si ŋɔŋlɔ la gblɔ le Eliya ŋu, ale si wòtso Israel nu na Mawu oa? 3 “Yehowa,* wowu wò nyagblɔɖilawo, wogbã wò vɔsamlekpuiwo gudugudu, nye ɖeka koe susɔ, eye fifia wole didim be yewoaɖe nye agbe* ɖa.”+ 4 Ke nya kae Mawu gblɔ nɛ? “Mesusɔ ame akpe adre ɖi na ɖokuinye, ame siwo medze klo na Baal o.”+ 5 Eya ta nenema kee le fifi ɣeyiɣia me hã la, ame susɔe+ aɖewo li siwo wotia to amenuveve me. 6 Ke ne amenuveve tae la,+ ekema meganye to dɔwɔwɔwo dzie o;+ ne menye nenema o la, ke amenuveve la meganye amenuveve o.

7 Ekema nu kae? Nu si tututu dim Israel le vevie la, eƒe asi mesu edzi o, ke ame siwo wotia ya ƒe asi su edzi.+ Wo dometɔ susɔeawo na woƒe nugɔmesese yi to,+ 8 abe ale si woŋlɔe ɖi ene be: “Mawu trɔ alɔ̃ tsu dɔdɔ ƒe gbɔgbɔ kɔ ɖe wo dzi,+ ena ŋku si mekpɔa nu o kple to si mesea nu o la wo va se ɖe egbe sia.”+ 9 David hã gblɔ be: “Na woƒe kplɔ̃ nazu ɖɔ, mɔ̃, nukikli kple tohehe na wo. 10 Na woƒe ŋkuwo dzi natsyɔ ne woagakpɔ nu o, eye na woƒe dzimegbe naxa gobaa ɣeawokatãɣi.”+

11 Eya ta mele biabiam be, Ðe wokli nu hedze anyi keŋkeŋua? Gbeɖe! Ke boŋ woƒe afɔ baɖa ɖeɖe la zu ɖeɖekpɔkpɔ na dukɔwo me tɔwo, ale be wòana woaʋã ŋu.+ 12 Ke ne woƒe afɔ baɖa ɖeɖe la he yayra vɛ na xexea, eye ne wo dzi si ɖe kpɔtɔ la he yayra vɛ na dukɔwo me tɔwo ɖe,+ ekema ɖe woƒe xexlẽme blibo la mahee vɛ geɖe wu oa?

13 Azɔ mele nu ƒom na mi ame siwo nye dukɔwo me tɔwo. Esi menye apostolo na dukɔwo ta la,+ medoa nye subɔsubɔdɔ la ɖe dzi,+ 14 ne mato mɔ aɖe dzi ana nye ŋutɔ nye amewo* naʋã ŋu, ale be maɖe wo dometɔ aɖewo. 15 Elabena ne wo gbegbe+ la na wodzra xexea kple Mawu dome ɖo la, ekema nu kae wo xɔxɔ la anye, ne menye wo ɖeɖe tso ku me ava agbe me o? 16 Eye ne amɔwɔ ƒe akpa si nye kutsetse gbãtɔ la le kɔkɔe la, ekema amɔwɔ la katã hã le kɔkɔe; eye ne ke la le kɔkɔe la, ekema alɔawo hã le kɔkɔe.

17 Ke ne wolã alɔawo dometɔ aɖewo ɖa, eye wotsɔ wò, si nye gbemiti do ɖe susɔeawo dzi, eye nèzu gomekpɔla le amiti la ƒe ke si me nunyiame le me la, 18 ekema mèganɔ ɖokuiwò dom ɖe dzi ɖe alɔawo ŋu o. Ke ne èle ɖokuiwò dom ɖe dzi ɖe wo ŋu la,+ ɖo ŋku edzi be menye wòe lé ke la ɖe te o, ke boŋ ke lae lé wò ɖe te. 19 Azɔ àgblɔ be: “Wolã alɔwo ɖa, ale be woatsɔm ado ɖe wo teƒe.”+ 20 Enyo! Woƒe dzimaxɔse tae wolã wo ɖa ɖo,+ ke wò ya wò xɔsee na nèle tsitre.+ Mèganɔ ɖokuiwò dom ɖe dzi o, ke nɔ vɔvɔ̃m boŋ. 21 Elabena ne Mawu mekpɔ nublanui na alɔ siwo nye atia ŋutɔ ƒe dzɔdzɔmetɔwo o la, ekema makpɔ nublanui na wò hã o. 22 Eya ta kpɔ Mawu ƒe dɔmenyonyo+ kple ale si eƒe asi sẽna ɖe ame dzii ɖa. Eƒe asi sẽna ɖe ame siwo dze anyi la dzi,+ ke ne èkpɔtɔ le Mawu ƒe dɔmenyonyo la me la, anyo dɔme na wò ya; ne menye nenema o la, woalã wò hã ɖa. 23 Eye woawo gɔ̃ hã, ne womeyi edzi tsi woƒe dzimaxɔse la me o la, ekema woatsɔ wo ado ɖe edzi;+ elabena Mawu agate ŋu ado wo ɖe edzi ake. 24 Elabena ne wolã wò tso amiti si nye gbemetɔ tso dzɔdzɔme la ŋu, eye wotsɔ wò do ɖe amiti si nye abɔmetɔ dzi, si mele dzɔdzɔme nu o la, ekema ɖe womatsɔ esiawo, siwo nye dzɔdzɔmetɔ la, ado ɖe woawo ŋutɔwo ƒe amiti la dzi geɖe wu oa?

25 Nɔviwo, nyemedi be nya ɣaɣla kɔkɔe+ sia nanɔ manyamanya na mi o, ne miagabu mia ɖokuiwo nunyalawoe o: Israel ƒe nugɔmesese yi to va se ɖe esime dukɔwo me tɔwo ƒe xexlẽme blibo la de, 26 eye aleae woana ɖeɖe Israel+ blibo la. Abe ale si woŋlɔe ɖi ene be: “Ðela la atso Zion,+ eye wòaɖe mawumavɔmavɔ̃ ɖa tso Yakob gbɔ. 27 Eye esiae nye nubabla si anɔ nye kpli wo dome,+ ne meɖe woƒe nu vɔ̃wo ɖa.”+ 28 Nyateƒee, le nya nyui la gome la, wonye futɔwo le miaƒe viɖe ta; ke le Mawu ƒe tiatia la gome la, wonye lɔlɔ̃tɔwo le wo tɔgbuiwo ta.+ 29 Mawu ƒe nunanawo kple yɔyɔ la mavee o. 30 Elabena ale si ko mieɖo to Mawu tsã o,+ ke wokpɔ nublanui+ na mi azɔ le woƒe tomaɖomaɖo ta la,+ 31 nenema kee ame siawo hã meɖo to fifia o, eye nublanuikpɔkpɔ do tso eme na miawo, ale be woakpɔ nublanui na woawo hã azɔ. 32 Elabena Mawu tu nu ɖe wo katã nu ɖe tomaɖomaɖo me,+ ale be wòakpɔ nublanui na wo katã.+

33 Oo, Mawu ƒe kesinɔnuwo kple nunya kpakple sidzedze me goglo loo! Aleke eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo me dzodzro tsitotsito meli o, eye eƒe mɔwo mele nyanya me o ale! 34 Elabena “ame kae va nya Yehowa* ƒe tamesusu, alo ame kae zu eƒe aɖaŋuɖola?”+ 35 Alo, “ame kae na nui gbã, ne wòaɖo eteƒe nɛ?”+ 36 Elabena nuwo katã tso egbɔ, eyae tsɔ wo na, eye wonye etɔ. Etɔ nanye ŋutikɔkɔe yi mavɔmavɔ me. Amen.

12 Eya ta nɔviwo, mele kuku ɖem na mi vevie to Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ me be miatsɔ miaƒe ŋutilãwo+ ana wòanye vɔsa gbagbe, si le kɔkɔe,+ si dzea Mawu ŋu, wòanye subɔsubɔdɔ kɔkɔe si me miazã miaƒe tamebubuŋutete le.+ 2 Eye midzudzɔ agbenɔnɔ ɖe nuɖoanyi* sia ƒe nɔnɔme nu, ke boŋ mitrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu wɔwɔ yeyee+ me, ne miawo ŋutɔwo+ miate ŋu akpɔ kakaɖedzi le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nyui dzeameŋu si le blibo la ŋu.

3 Elabena to amenuveve si wonam me la, mele egblɔm na mia dometɔ ɖe sia ɖe be wòagabu eɖokui ŋu wu ale si dze o,+ ke boŋ be wòabu ale si wòanɔ ŋute le susu me ŋu, ame sia ame le xɔse ƒe dzidze si Mawu nɛ la nu.+ 4 Elabena ale si ko ŋutinu geɖewo le ŋutilã ɖeka ŋu na mí,+ gake ŋutinuawo katã mewɔa dɔ ɖeka ƒomevi o la, 5 nenema kee míawo hã, togbɔ be míesɔ gbɔ hã la, ŋutilã ɖekae míenye le Kristo me, gake ŋutinuwoe mía dometɔ ɖe sia ɖe nye na nɔvia.+ 6 Eya ta esi wònye nunana vovovowoe le mía si le amenuveve si wona mí nu ta la,+ ne nyagbɔgblɔɖie la, mina míagblɔ nya ɖi le xɔse ale si nu wona mí la nu; 7 alo ne subɔsubɔdɔe la, mina míanɔ subɔsubɔdɔ sia dzi; alo ame si fiaa nu la, nenɔ eƒe nufiafia la dzi;+ 8 alo ame si dea dzi ƒo la, nenɔ eƒe dzidede ƒo na ame la dzi;+ ame si naa nu* la, nenɔ nu nam kple dzi faa;+ ame si le amewo nu* la, nedo vevie nu le ewɔwɔ me;+ ame si kpɔa nublanui la, nenɔ edzi kple dzidzɔ.+

9 Migana alakpanuwɔwɔ aɖeke nanɔ miaƒe lɔlɔ̃ la me o.+ Minyɔ ŋu nu vɔ̃ɖi;+ milé ɖe nu si nyo la ŋu. 10 Miaƒe nɔvilɔlɔ̃ nade to abe dadavilɔlɔ̃ ene. Mitre mia nɔewo bubu.+ 11 Mitsɔ dzo ɖe dɔ ŋu, migawɔ kuvia o.+ Mixɔ dzo le gbɔgbɔ la me.+ Misubɔ Yehowa* abe kluviwo ene.+ 12 Dzi nedzɔ mi le mɔkpɔkpɔ me. Mido dzi le xaxa me.+ Minɔ gbedodoɖa dzi ɖaa.+ 13 Mina nu ame kɔkɔewo le woƒe hiahiãwo nu.+ Minɔ amedzrowɔwɔ dzi.+ 14 Minɔ ame siwo tia mia yome la yram;+ miyra ame, migaƒo fi de ame o.+ 15 Mikpɔ dzidzɔ kple ame siwo le dzidzɔ kpɔm; mifa avi kple ame siwo le avi fam. 16 Miwɔ nu ɖe amewo ŋu abe ale si miewɔnɛ ɖe mia ɖokuiwo ŋu ene; miganɔ nu gãwo ŋu bum o,* ke minɔ nu siwo bɔbɔ ɖe anyi la yome boŋ.+ Migabu mia ɖokuiwo nunyalawoe o.+

17 Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o.+ Miwɔ nu siwo nyo le amewo katã ƒe nukpɔkpɔ nu. 18 Ne anya wɔ, eye wòanye nu si atso mia gbɔ la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me.+ 19 Lɔlɔ̃tɔwo, migabia hlɔ̃ na mia ɖokuiwo o, ke miɖe mɔ na dziku* la boŋ;+ elabena woŋlɔ ɖi be: “‘Tɔnyee nye hlɔ̃biabia’; nye la, maɖo eteƒe, Yehowa* ye gblɔe.”+ 20 Ke boŋ “ne dɔ le wò futɔ wum la, na nui wòaɖu; ne tsikɔ le ewum la, na tsii wòano; elabena ne èwɔ esia la, àƒo dzoka xɔxɔwo nu ƒu ɖe eƒe ta dzi.”*+ 21 Mègaɖe mɔ nu vɔ̃ɖi naɖu dziwò o, ke boŋ yi edzi nàtsɔ nu nyui anɔ nu vɔ̃ɖi dzi ɖum.+

13 Ame sia ame* nebɔbɔ eɖokui ɖe ŋusẽtɔwo te,+ elabena ŋusẽ aɖeke meli o, negbe esi tso Mawu gbɔ la ko;+ ŋusẽtɔ siwo li la, Mawue ɖe mɔ wole woƒe nɔƒe siwo seɖoƒe li na la.+ 2 Eya ta ame si tsia tsitre ɖe ŋusẽtɔ ŋu la, etsia tsitre ɖe Mawu ƒe ɖoɖo ŋu; ame siwo tsia tsitre ɖe eŋu la, woahe ʋɔnudɔdrɔ̃ ava wo ɖokuiwo dzi. 3 Elabena ŋɔdzi le dziɖulawo ŋu, menye na nu nyui wɔlawo o, ke na nu gbegblẽ wɔlawo boŋ.+ Eya ta ɖe mèdi be yeavɔ̃ ŋusẽtɔ oa? Ekema nɔ nu nyui wɔm,+ eye àkpɔ kafukafu tso egbɔ; 4 elabena Mawu ƒe dɔla wònye na wò le wò nyonyo ta. Ke ne èle nu gbegblẽ wɔm la, ekema vɔvɔ̃ neɖo wò, elabena menye dzodzroe wòlé yi la ɖe asi o. Mawu ƒe dɔla si hea to na nu gbegblẽ wɔla le dɔmedzoe me lae wònye.

5 Eya ta ehiã vevie be miabɔbɔ mia ɖokui ɖe wo te, menye le dɔmedzoedodo ma ɖeɖe ko ta o, ke le miaƒe dzitsinya hã ta.+ 6 Esia tae miexea adzɔ hã ɖo; elabena Mawu ƒe dutoƒo subɔlawo wonye, eye wosubɔna ɣesiaɣi le tameɖoɖo sia tututu ta. 7 Mitsɔ nu si ame sia ame dze na la nɛ: ame si dze na adzɔ la, mixe adzɔ nɛ;+ ame si dze na nudzɔdzɔ la, midzɔ nu nɛ; ame si dze na vɔvɔ̃ la, mivɔ̃e;+ ame si dze na bubu la, mibui.+

8 Miganyi naneke ƒe fe le ame aɖeke ŋu o, negbe mia nɔewo lɔlɔ̃ ƒe fe ko;+ elabena ame si lɔ̃a ehavi la, ewu se la nu.+ 9 Elabena se la me nya siwo nye, “Mègawɔ ahasi o,+ Mègawu ame o,+ Mègafi fi o,+ Mègabiã ŋu o,”+ kpakple se bubu ɖe sia ɖe si li la, woƒo wo katã nu ƒu ɖe nya sia me be: “Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.”+ 10 Lɔlɔ̃ la mewɔa vɔ̃ ɖe ehavi ŋu o;+ eya ta lɔlɔ̃e nye sedziwɔwɔ.+

11 Miwɔ esia hã, elabena mienya ɣeyiɣi si me míele la be, gaƒoƒo la de xoxo be mianyɔ tso alɔ̃ me,+ elabena míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ gogo fifia wu ale si wònɔ esime míezu xɔsetɔwo la. 12 Zã do eteƒe didi; ŋu ƒe keke gogo. Eya ta mina míaɖe viviti me dɔwɔwɔwo ɖa,+ eye mina míado kekeli ƒe aʋawɔnuwo.+ 13 Mina míazɔ nyuie+ abe ale si dze le ŋkeke me ene; menye le kplɔ̃ɖoɖo* siwo gbɔ eme kple ahamumuwo me o, menye le gbɔdɔdɔ manɔsenuwo kple ŋukpenanuwɔwɔ dzimesesẽtɔe* me o,+ menye le dzrewɔwɔ kple ŋuʋaʋã me o.+ 14 Ke boŋ mido Aƒetɔ Yesu Kristo,+ eye miganɔ ɖoɖo wɔm ɖe kɔɖiɖi na ŋutilã ƒe nudzodzrowo ŋu o.+

14 Mixɔ ame si ƒe xɔse mesẽ ŋu o la,+ ke migadrɔ̃ ʋɔnu ame si ƒe susu to vovo la o.* 2 Xɔse le ame aɖe si be wòaɖu nu sia nu, ke amagbewo koe ame si ƒe xɔse mesẽ ŋu o ya ɖuna. 3 Ame si ɖua nu sia nu faa la megado vlo ame si meɖua nu sia nu o la o, eye ame si meɖua nu sia nu o hã megadrɔ̃ ʋɔnu ame si ɖua nu sia nu o,+ elabena Mawu xɔ ame ma. 4 Ame kae nènye adrɔ̃ ʋɔnu ame bubu ƒe subɔvi?+ Eya ŋutɔ ƒe aƒetɔe anya ne ele tsitre alo edze anyi.+ Ɛ̃, anɔ tsitre, elabena Yehowa* ate ŋu alée ɖe te.

5 Ame aɖe bua ŋkeke aɖe be ele vevie wu bubu;+ ame bubu bua ŋkekewo katã sɔsɔe;+ ame sia ame neka ɖe nu si ta wòbui nenema ɖo la dzi. 6 Ame si dea asixɔxɔ ŋkeke aɖe ŋu la, edea asixɔxɔ eŋu na Yehowa.* Eye ame si ɖua nane la, eɖunɛ na Yehowa, elabena edaa akpe na Mawu;+ eye ame si meɖua nane o la, meɖunɛ o le Yehowa ta, gake edaa akpe na Mawu.+ 7 Le nyateƒe me la, mía dometɔ aɖeke mele agbe na eɖokui ɖeɖe ko o,+ eye ame aɖeke mekuna na eɖokui ɖeɖe ko o. 8 Elabena ne míele agbe la, míele agbe na Yehowa,*+ eye ne míeku la, míeku na Yehowa.* Eya ta míele agbe alo míeku o, Yehowa* tɔe míenye.+ 9 Elabena esia tae Kristo ku, eye wògagbɔ agbe ɖo, ne wòanye Aƒetɔ ɖe kukuawo kple agbagbeawo siaa dzi.+

10 Ke nu ka tae nèdrɔ̃a ʋɔnu nɔviwò?+ Alo nu ka tae wò hã nèdoa vlo nɔviwò? Mí katã míava tsi tsitre ɖe Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ.+ 11 Elabena woŋlɔ ɖi be: “Yehowa* be, ‘Zi ale si mele agbe la,+ ame sia ame adze klo nam, eye aɖe sia aɖe aʋu eme be nyee nye Mawu.’”+ 12 Eya ta mía dometɔ ɖe sia ɖe abu akɔnta le eɖokui ŋu na Mawu.+

13 Eya ta migana míanɔ ʋɔnu drɔ̃m mía nɔewo azɔ o,+ ke boŋ miɖoe kplikpaa be miagawɔ naneke si anye nuɖiaɖia alo nukikli na nɔvi aɖeke o.+ 14 Menyae, eye meka ɖe edzi le Aƒetɔ Yesu me be, naneke menye nu makɔmakɔ le eɖokui si o;+ negbe ne ame aɖe bu nane be enye nu makɔmakɔ hafi wònyea nu makɔmakɔ nɛ. 15 Elabena ne nuɖuɖu anye nuɖiaɖia na nɔviwò la, ekema mègale zɔzɔm le lɔlɔ̃ me o ɖe.+ Mègana wò nuɖuɖu nagblẽ nu le ame ma si ta Kristo ku ɖo la ŋu o.+ 16 Eya ta migana woaƒo nu gbegblẽ le nu nyui si miewɔna la ŋu o. 17 Elabena Mawu Fiaɖuƒe la menye nuɖuɖu kple nunono o,+ ke dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa kpakple dzidzɔ le gbɔgbɔ kɔkɔe me boŋ ye. 18 Elabena ame si wɔa eɖokui Kristo ƒe kluvi le nu siawo me la, eƒe nu nyoa Mawu ŋu, eye amewo hã kpɔa ŋudzedze ɖe eŋu.

19 Eya ta mina míati nu siwo hea ŋutifafa vanɛ+ kple nu siwo tua ame ɖo la yome.+ 20 Midzudzɔ Mawu ƒe dɔ la dome gbegblẽ le nuɖuɖu ta.+ Nyateƒee, nuwo katã le kɔkɔe, gake ne nane ɖuɖu aɖia ame nu la, egblẽa nu.+ 21 Enyo be nàgaɖu lã, ano wain, alo awɔ nane si aɖia nɔviwò nu o.+ 22 Xɔse si le asiwò la, nenɔ asiwò na wò ŋutɔ le Mawu ŋkume. Dzidzɔtɔe nye ame si mebua fɔ eɖokui le nu si wòtia be yeawɔ me o. 23 Ke ne ɖikeke le eme la, ekema wobu fɔe xoxo ne eɖui, elabena meɖui le xɔse me o. Le nyateƒe me la, nu sia nu si womewɔ le xɔse me o la, enye nu vɔ̃.

15 Ke ele be mí ame siwo ŋu ŋusẽ le la míatsɔ ame siwo ŋu ŋusẽ mele o+ la ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo, eye míaganɔ mía ɖokui ŋu dzem o.+ 2 Mina mía dometɔ ɖe sia ɖe nadze ehavi ŋu hena eƒe nyonyo, be wòatui ɖo.+ 3 Elabena Kristo la gɔ̃ hã medze eɖokui ŋu o,+ ke boŋ abe ale si woŋlɔ ɖi ene la: “Ame siwo le vlo dom wò la ƒe vlodoamewo va dzinye.”+ 4 Elabena nu siwo katã woŋlɔ ɖi tsã la, woŋlɔ wo ɖi be woatsɔ afia nu mí,+ ale be to míaƒe dzidodo+ kple akɔfafa si míekpɔ tso Ŋɔŋlɔawo me dzi la, mɔkpɔkpɔ nasu mía si.+ 5 Ke Mawu si naa dzidodo kple akɔfafa la nena tamesusu ƒe nɔnɔme si tututu nɔ Kristo Yesu si la nanɔ miawo hã mia si le mia nɔewo dome, 6 be miatsɔ tame ɖeka+ kple nusɔsɔe akafu mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Mawu, si nye Fofoa.

7 Eya ŋuti mixɔ mia nɔewo,+ abe ale si ko Kristo la hã xɔ mii ene,+ hena Mawu ƒe kafukafu. 8 Elabena mele egblɔm be, Kristo va zu subɔla na aʋatsotsotɔwo+ le esi Mawu nye nyateƒetɔ ta, be wòaɖo kpe ŋugbe siwo wòdo na wo tɔgbuiwo la dzi,+ 9 eye be dukɔwo nakafu Mawu le eƒe nublanuikpɔkpɔ la ta.+ Abe ale si woŋlɔe ɖi ene be: “Esia tae makafu wò le dutoƒo le dukɔwo dome, eye madzi kafukafuha na wò ŋkɔ la.”+ 10 Eye wògagblɔ be: “Mi dukɔwo, mikpɔ dzidzɔ kple eƒe dukɔ la.”+ 11 Egagblɔ hã be: “Mi dukɔwo katã, mikafu Yehowa,* eye amewo katã nekafui.”+ 12 Eye Yesaya gagblɔ be: “Isai ƒe ke anɔ anyi,+ ame si aɖu dukɔwo dzi la ado;+ eya ŋue dukɔwo aziɔ woƒe mɔkpɔkpɔ ɖo.”+ 13 Mawu si naa mɔkpɔkpɔ la natsɔ dzidzɔ kple ŋutifafa katã ayɔ mi fũu le esi miexɔ edzi se ta, ale be mɔkpɔkpɔ nasɔ gbɔ ɖe edzi na mi le gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋusẽ me.+

14 Ke nɔvinyewo, nye ŋutɔ hã meka ɖe mia dzi be nyuiwɔwɔ yɔ miawo hã mia me fũu, sidzedze geɖe yɔ mi fũu, eye be miate ŋu axlɔ̃ nu* mia nɔewo hã. 15 Gake metsɔ dzideƒo geɖe wu le nu ŋlɔm na mi le nya aɖewo ŋu tẽe, ale be magaɖo ŋku wo dzi na mi ake, le amenuveve si mexɔ tso Mawu gbɔ la ta, 16 be manye Kristo Yesu ƒe dutoƒo subɔla na dukɔwo.+ Mele Mawu ƒe nya nyui la ƒe dɔ kɔkɔe la wɔm,+ ale be dukɔ siawo nanye nunana si adze eŋu, esi ŋu wokɔ to gbɔgbɔ kɔkɔe dzi.

17 Eya ta le nu siwo ku ɖe Mawu ŋu me la, mate ŋu atso aseye le Kristo Yesu me faa. 18 Elabena nye ŋutɔ nyemasusu nane ko agblɔ o, negbe nu si Kristo wɔ to dzinye ale be dukɔwo naɖo to la ko, eye ewɔ esia to nye nyagbɔgblɔ kple dɔwɔwɔ me, 19 le dzesiwo, nukunuwo,+ kple Mawu ƒe gbɔgbɔ ƒe ŋusẽ me, ale be tso Yerusalem kple eƒe nutoa me godoo va se ɖe keke Iliriko ke la, meɖe gbeƒã Kristo ŋu nya nyui la tsitotsito.+ 20 Ɛ̃, aleae meɖoe be nyemagblɔ nya nyui la le afi si woyɔ Kristo ŋkɔ le xoxo o, ale be maganɔ etum ɖe ame bubu ƒe gɔmeɖoanyi dzi o; 21 ke boŋ abe ale si woŋlɔe ɖi ene la: “Ame siwo womegblɔ eŋu nya na o la akpɔe, eye ame siwo mesee o la ase egɔme.”+

22 Esia tae meɖoe zi geɖe be mava mia gbɔ, ke medze edzi o. 23 Ke azɔ la, teƒe aɖeke megale nuto siawo me si nyemekpɔ ɖo o, eye ƒe geɖee* nye esia wòle dzroyem vevie be mava mia gbɔ. 24 Eya ta ne medze mɔ yina Spania la, mele mɔ kpɔm be mava kpɔ mi ɖa, eye ne menɔ mia gbɔ sẽe nye dzi dze eme la, miaɖom ɖa ne mayi. 25 Ke fifia mele mɔ dze ge ayi Yerusalem be masubɔ ame kɔkɔeawo.+ 26 Elabena edze ame siwo le Makedonia kple Akaya ŋu be, yewoadzɔ nu aɖo ɖe ame kɔkɔe siwo le Yerusalem la dometɔ siwo da ahe.+ 27 Nyateƒee, edzɔ dzi na wo be yewoawɔe alea, le esi wobui abe ɖe yewonyi esia wɔwɔ ƒe fe le wo ŋu ene ta; elabena ne dukɔwo kpɔ gome le woƒe gbɔgbɔmenuwo me la, ekema edze be woawo hã woatsɔ woƒe ŋutilãmenuwo asubɔ ame siawo.+ 28 Eya ta ne mekpɔ nu sia gbɔ, eye metsɔ nudzɔdzɔ* sia yi na wo dedie vɔ ko la, mava to mia gbɔ ayi Spania. 29 Eye menyae hã be ne megbɔna mia gbɔ la, mava kple Kristo ƒe yayra gbago la.

30 Azɔ mele kuku ɖem na mi, nɔviwo, to mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzi, kple lɔlɔ̃ si gbɔgbɔ la na mí me, be miawɔ ɖeka kplim ado gbe ɖa vevie na Mawu ɖe tanye,+ 31 be woaɖem+ tso dzimaxɔsetɔ siwo le Yudea la si me, eye subɔsubɔdɔ si wɔ ge meyina le Yerusalem la nadze ame kɔkɔeawo ŋu;+ 32 ale be ne Mawu lɔ̃ la, mava mia gbɔ kple dzidzɔ ne nye kple miawo siaa ƒe dzi nadze eme. 33 Mawu si naa ŋutifafa la nanɔ anyi kpli mi katã.+ Amen.

16 Mele mía nɔvinyɔnu Foibe, si le subɔsubɔm le Kenkrea hamea me la, kafum na mi,+ 2 be miaxɔe le Aƒetɔ la me abe ale si dze ame kɔkɔewo ene, eye miana kpekpeɖeŋu ɖe sia ɖe si wòhiã lae,+ elabena eya ŋutɔ hã ʋli ame geɖewo ta, eʋli nye ŋutɔ hã tanye.

3 Mido gbe na Priskila* kple Akwila,+ nye hadɔwɔlawo le Kristo Yesu me nam, 4 ame siawo tsɔ woawo ŋutɔwo ƒe agbe* de afɔku me* ɖe tanye,*+ eye menye nye ɖeɖe koe le akpe dam na wo o, ke hame siwo katã le dukɔwo me la hãe. 5 Mido gbe na hame si le woƒe aƒe me la nam.+ Mido gbe na nye lɔlɔ̃tɔ Epeneto, si nye Kristo ƒe kutsetse gbãtɔawo dometɔ ɖeka le Asia la nam. 6 Mido gbe na Maria, si dze agbagba geɖe le mia ta la nam. 7 Mido gbe na Andronika kple Yunia, siwo nye ƒonyemetɔwo+ kple hati gamenɔlawo la nam, wonye ame siwo apostoloawo nya nyuie, eye wozu Kristotɔwo do ŋgɔ nam.

8 Mido gbe na Ampliato, nye lɔlɔ̃tɔ le Aƒetɔ la me nam. 9 Mido gbe na Urbano, míaƒe hadɔwɔla le Kristo me, kple nye lɔlɔ̃tɔ Stakis nam. 10 Mido gbe na Apeles, ame si ŋu wokpɔ ŋudzedze ɖo le Kristo me la nam. Mido gbe na Aristobulo ƒe aƒemetɔwo nam. 11 Mido gbe na nye ƒometɔ Herodion nam. Mido gbe na Narkiso ƒe aƒemetɔ siwo le Aƒetɔ la me la nam. 12 Mido gbe na Trifena kple Trifosa, nyɔnu siwo dzea agbagba geɖe le Aƒetɔ la me la nam. Mido gbe na míaƒe lɔlɔ̃tɔ Persis nam, elabena edze agbagba geɖe le Aƒetɔ la me. 13 Mido gbe na Rufo, ame tiatia le Aƒetɔ la me, kple dadaa, si nye nye hã danye la nam. 14 Mido gbe na Asinkrito, Flegon, Hermes, Patroba, Herma kple nɔvi siwo le wo gbɔ la nam. 15 Mido gbe na Filologo kple Yulia, Nerea kple nɔvianyɔnu, kple Olimpa kpakple ame kɔkɔe siwo katã le wo gbɔ la nam. 16 Mitsɔ nugbugbɔ kɔkɔe do gbe na mia nɔewo. Kristo la ƒe hameawo katã do gbe na mi.

17 Azɔ nɔviwo, mele nu xlɔ̃m mi be, miaƒe ŋku nanɔ ame siwo hea mamawo kple nuɖiaɖiawo vanɛ le nu siwo wofia mi ŋu la ŋuti, eye miƒo asa na wo.+ 18 Elabena ame siawo tɔgbi la, menye mía Aƒetɔ Kristo ƒe kluviwo wonye o, ke wonye kluviwo na woawo ŋutɔwo ƒe dzodzrowo* boŋ, eye wotsɔa aɖe ŋanɛ kple kesekukuɖɔɖɔname blea ame siwo mele vɔ̃ aɖeke susum o la ƒe dzi. 19 Amewo katã nya nu tso miaƒe toɖoɖo ŋu, eya ta dzi le dzɔyem le mia ta. Ke medi be miadze nunya le nu nyui wɔwɔ me, gake le nu vɔ̃ɖi wɔwɔ gome la, mianye ame maɖifɔwo.+ 20 Ke Mawu si naa ŋutifafa la agbã Satana+ ɖe miaƒe afɔwo te gudugudu kpuie. Mía Aƒetɔ Yesu ƒe amenuveve nanɔ kpli mi.

21 Nye hadɔwɔla Timoteo do gbe na mi, Lukio, Yason kple Sosipatro, siwo nye ƒonyemetɔwo, hã do gbe na mi.+

22 Nye, Tertio, ame si ŋlɔ agbalẽ sia la, medo gbe na mi le Aƒetɔ la me.

23 Gayo,+ ame si gbɔ medze, ame si ƒe aƒe me hame blibo la kpena le la, do gbe na mi. Dua ƒe gadzikpɔla Erasto do gbe na mi, eye nɔvia Kuarto hã do gbe na mi. 24 * ——

25 Ke Mawu ate ŋu ana miali ke sesĩe le nya nyui si ƒe gbeƒã ɖem mele le Yesu Kristo ŋu la nu. Nya nyui sia ku ɖe nya ɣaɣla kɔkɔe+ si woɣla tso ɣeyiɣi mavɔmavɔwo me ke, si woɖe fia azɔ la ŋu. 26 Woɖe nya ɣaɣla sia fia azɔ, eye woto Nyagblɔɖigbalẽwo dzi na wòdze ƒãa le dukɔwo katã me, le ɖekawɔwɔ me kple Mawu mavɔmavɔtɔ la ƒe sedede la, ale be amewo naxɔe ase ahaɖo toe. 27 Mawu, si nye nunyala ɖeka hɔ̃ la,+ tɔ nanye kafukafu to Yesu Kristo dzi yi mavɔmavɔ me. Amen.

Alo, “gbɔgbɔ.”

Alo, “ame siwo menye Helatɔwo o.” Egɔmeɖeɖe tẽe, “barbaratɔwo.”

Alo, “Esi wosusui be mehiã be yewoalé sidzedze Mawu me ɖe asi o ta la.”

Alo, “ŋubiabiã.”

Alo, “ameŋunyagblɔlawo.”

Alo, “ame siwo toa nu vɔ̃ɖiwo vanɛ.”

Alo, “luʋɔ sia luʋɔ.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “ŋutilã.”

Alo, “fexexe ɖe ta; amewo dome dzadzraɖo.”

Kpɔ Megbenyawo A5.

Alo, “wotsɔ ke.”

Kpɔ Megbenyawo A5.

Alo, “kpeɖodzi.”

Agate ŋu afia, “wòyɔa nu siwo meli tsã o la wova nɔa anyi.”

Agate ŋu afia, “míele ŋutifafa me.”

Agate ŋu afia, “eye míetsoa aseye.”

Agate ŋu afia, “ke míetsoa aseye.”

Alo, “wotsɔ eƒe nu vɔ̃ kee.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “ŋutinuwo.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “ŋutinuwo.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “fetu si nu vɔ̃ xenae nye ku.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “ŋutinuwo.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “ŋutinuwo.”

Hebrigbe alo Aramgbe me nya si gɔmee nye “Oo Fofo!”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “alo ame si le du sim.”

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Alo, “luʋɔ.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “ŋutilã.”

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Alo, “ame si kpea asi ɖe ame ŋu.”

Alo, “ame si xɔa ŋgɔ.”

Kpɔ Megbenyawo A5.

Alo, “miaƒe susu meganɔ nu kɔkɔwo ŋu o.”

Efia, Mawu ƒe dziku.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Efia, ana amea natrɔ.

Alo, “Luʋɔ sia luʋɔ.”

Alo, “aglotutu.”

Helagbe, aselgia. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.

Agate ŋu afia, “ke wò susu meganɔ wɔwɔm eveve o.”

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Kpɔ Megbenyawo A5.

Alo, “afia nu.”

Agate ŋu afia, “ƒe aɖewoe.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “kutsetse.”

Wogayɔnɛ be Priska.

Alo, “luʋɔ.”

Egɔmeɖeɖe tẽe, “wotsɔ woƒe kɔwo ɖo anyi.”

Alo, “ɖe nye luʋɔ ta.”

Alo, “ƒodowo.”

Kpɔ Megbenyawo A3.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe