Wotɔ Dzo Tadeaguƒe Aɖe
LE KWASIÐAGBE ŋdɔ si nye October 4, 1992 dzi la, ŋutsu aɖe si do dziku vɔ̃ɖivɔ̃ɖi la ge ɖe Fiaɖuƒe Akpata sue aɖe si le dziƒoxɔ tuɖedzi evelia dzi si me tadeagula siwo wu ame 90 kpe ta ɖo la me le Wŏnju, Korea. Edo ɣli enuenu be: “Mikplɔ srɔ̃nye do goe vɛ nam!” Esi srɔ̃a se eŋkɔ ko la, ewɔ kabakaba do go to ʋɔtru si le xɔa megbe la nu.
Ŋutsua kɔ mɔ̃memi gago blibo ɖeka ɖe afɔɖodzinu si le ʋɔtru gãtɔa nu la dzi. Eye togbɔ be amesiwo nɔ eteƒe ɖe kuku nɛ hã la, etɔ dzo afɔɖodzinua. Mɔ̃memia lé dzo vla kple adzudzɔ kɔtɔɔ yi dzisasrãa ŋu ɖo ta nuƒolanɔƒea, eye wòxɔ xɔa me katã. Adzudzɔa bla ame akpa gãtɔ le aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo ko me. Dzobiabia kple adzudzɔa nɔ dodom to fesrewo katã nu.
Ame geɖewo si to ʋɔtru si le xɔa megbe nu alo to fesreawo nu ge ɖe xɔa ƒe xaxɛƒe aɖe. Emegbe wolia xɔ si le exa la tame ɖiɖi ɖe anyigba. Ðeko ame aɖewo ti kpo tso tuɖedzi evelia dzi ge dze anyigba. Esi ŋutsu si tɔ dzo xɔa do go vɔ la, etu afɔkpo amesiwo ti kpo va dze anyigba vlodoametɔe.
Dzikpɔla zimenɔla si nɔ dutoƒonuƒo tɔxɛa ƒom la do ɣli be: “Miwɔ kaba miaɖe ɖeviawo.” Amesiwo tsi agbe la bui be ne ɖe womedze agbagba be yewoaɖe ame bubuwo do goe o la, anye ne woa kple srɔ̃a woatsi agbe. Wonɔ ame 15 siwo ku la dome; le ye katã me la ame 26 bubuwo xɔ abi. Ŋutsu bubu aɖe si ku emegbe le kɔdzi la hã de eɖokui afɔku me nɔ ame tsitsiwo ɖem do goe.
Amesiwo nɔ ŋgɔgbezikpuiwo dzie ku. Adzudzɔ si bla dzikpɔla mɔzɔla kple srɔ̃a kɔtɔɔ na gbɔgbɔtsixe tsi wo ƒo woku. Ƒome etɔ̃ mee amesiwo ku la tso; wo dometɔ etɔ̃ nye ɖevi siwo xɔ ƒe 3, 4 kple 14. Ewɔ nuku ŋutɔ be amesiwo ku alo xɔ abi la mesɔ gbɔ o elabana xɔawo kaka keŋkeŋ eye dzobibia xe ʋɔtru gã si nu wodona to la nu.
Dzotsiʋu 7 kple dzotsila 30 va do ɖe afima enumake gake alesi dzoa ƒe bibi nu sẽe la wu ame aɖewo gɔ̃ hã xoxo. Wotsi dzoa le gaƒoƒo ɖeka megbe. Gake esesẽ ŋutɔ hafi wote ŋu kpɔ ame kukuawo dze sii le gaƒoƒo eve kple edzi vɔ megbe le dzoa ƒe sesẽ ta.
Wŏnju ƒe kpovitɔwo lé ŋutsu si tɔ dzo xɔa emegbe hebu fɔe be ewu ame hetɔ dzo amewo ƒe nuwo. Ete kpɔ be yeawu ye ɖokui esi wònɔ ga me gake medze edzi nɛ o.
Edo Dzi le Ŋutasesẽ Me
Amesi tɔ dzo xɔa doa ŋɔdzi na srɔ̃a ƒe agbe ɣesiaɣi le esi nyɔnua tsɔ ɖe le Biblia ƒe nufiafiawo me ta. Esi September mã eme anye kwasiɖa eve do ŋgɔ hafi dzikpɔla mɔzɔlaa nava srã Yehowa Ðasefowo ƒe hame si le Wŏnju kpɔ la, ŋutsua ƒo srɔ̃a vevie wòyi ɖi me. Eye esi nyɔnua nyɔ vɔ megbe la, ŋutsua kɔ aŋɔ ɖe eŋu hetɔ dzoe. Gake esi dzoa de asi bibi me eye wòkpɔ be yewɔ nu gbegblẽ la, etsii enumake.
Ŋutsua gblɔ na srɔ̃a le kwasiɖagbe si nua dzɔ be wòagayi Fiaɖuƒe Akpata me o. Togbɔ be ŋutsua do dziku heliheli hã la, nyɔnua melɔ̃ be wòatsɔ vɔvɔ̃doname axe mɔ na ye o. Ebui be ele be yeaɖo to Mawu le subɔsubɔ ƒe nya sia me wu ame bubu ɖesiaɖe kple ye srɔ̃ hã. (Dɔwɔwɔwo 5:29; Hebritɔwo 10:24, 25) Eyata eyi kpekpea.
Le dzotɔtɔ Fiaɖuƒe Akpata vɔ megbe la, ŋutsua ƒe senyala te kpɔ be yeaƒoe ɖe nyɔnua nu be wòade asi agbalẽ aɖe te atsɔ agblɔ be le esi yegbe toɖoɖo ye srɔ̃ ƒe sedede be yemagade ha kple subɔsubɔha hezazɛ̃nya o eye be yemenye srɔ̃nyɔnu nyui o tae wòwɔ nu gbegblẽ vɔ̃ɖi sia ɖo. Gake egbe mede asi agbalẽa te o. Melɔ̃ be yeagbe nu le nyateƒea gbɔ atsɔ agblɔ be esi yele Biblia srɔ̃m tae ŋɔdzinu sia dzɔ ɖo o.
Nyɔnua tso nya me be yeaxɔ nyɔnyrɔ̃ atsɔ ɖo kpe yeƒe adzɔgbeɖeɖe be yeasubɔ Yehowa Mawu, xexeame katã ƒe Dziɖula Gãtɔ la dzi le takpekpe aɖe si Yehowa Ðasefowo wɔ le kwasiɖanuwuwu le nudzɔdzɔa megbe la me.—Psalmo 83:19.
Kpekpeɖeŋu Tso Teƒe Geɖewo
Esi nudzɔdzɔa ŋu nya ɖo Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Ansung si didi tso Wŏnju gbɔ kilometa 100 la, wona kpekpeɖeŋu amesiwo xɔ abi kple woƒe ƒomeawo kpakple amesiwo ku ƒe ƒometɔwo siaa. Menye gakpekpeɖeŋu koe wona o, ke wodɔ Kristotɔ hamemegã siwo tso alɔdzedɔwɔƒea hã ɖa be woakpɔe ɖa be kpekpeɖeŋu bubu kae gahiã hã.
Wowɔ ɖoɖo be hamea naʋu ayi Fiaɖuƒe Akpata bubu si le Wŏnju me, eye wona kpekpeɖeŋu bubu amesiwo ɖo xaxaa me la. Eteƒe medidi hafi hati Kristotɔ siwo le Korea-dukɔa me de asi kpekpe ɖe wo ŋu me o. Le nyateƒe me la, ame geɖewo tso dugã bubuwo me va na kpekpeɖeŋu esi afɔkua dzɔ vɔ megbe teti ko. Nudzɔdzɔ si ƒe home ade dɔlar 1,200 tso hame si me ame 75 le la me eye hame bubu si me tɔwo ade ame 87 hã dzɔ ga si ƒe home de dɔlar 2,200 la ɖe dzesi le nudzɔdzɔawo dome.
Kristotɔ hamemegã siwo le hame si me nua dzɔ le me la na kpekpeɖeŋu si woate ŋui la ame bubuwo, ke hã wonɔ amesiwo ƒe ƒometɔwo ku la dome. Hamemegãwo ƒe dzikpɔla zimenɔla ƒe vi eve ku, eye Kristotɔ hamemegã bubu hã ƒe vi ŋutsuvi ku eye hamemegã ɖeka hã ƒe mo xɔ abi vevie. Togbɔ be Kristotɔ siawo kple hamea me tɔwo ƒe ƒometɔwo ku hã la, wolé dzi ɖe ƒo helé xɔse la me ɖe asi sesĩe.
Le afɔkua ƒe dzɔdzɔ ƒe ŋkeke ʋee aɖewo megbe la, alɔdzedɔwɔƒea ƒe amedɔdɔ kpɔ egbɔ be woɖi wo zi ɖeka. Ðasefo siwo le dukɔ bliboa katã me dometɔ geɖe va heto esia me ɖe woƒe lɔlɔ̃ kple ɖetsɔleme si le wo si na wo nɔviwo fia. Alɔdzedɔwɔƒe siwo le dukɔ bubuwo me le xexeame ƒe akpa bubuwo hã ŋlɔ agbalẽ tsɔ ɖe woƒe veveseɖeamenu fia.
Dua me Adzamekpovitɔwo ƒe tatɔ hã de kua teƒe eye Ðasefoawo ƒe nɔnɔme wɔ dɔ ɖe edzi ŋutɔ. Ekpɔ alesi wofa tue kple alesi wonyo dɔme na amesiwo ƒe amewo tsi dzoa me la. Habɔbɔwo kple Dɔwɔƒewo ƒe Takpeha ƒe amegã hã va kua teƒe. Esi wogblɔ lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔ siwo woxɔ tso dukɔa katã me nɛ la, egblɔ be womate ŋu awɔ esia ne xɔse mele wo si o. Wŏnju-dumegã ƒe kpeɖeŋutɔ hã ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ vavãtɔ fia. Egblɔ be Ðasefoawo ƒe tufafa, wo nɔewo lɔlɔ̃ kple ɖoɖowɔwɔ ɖe nuwo ŋu wɔ dɔ ɖe ye ŋutɔ hã dzi ŋutɔ.
Nublanuinya sia ganye ɖaseɖiɖi bubu si ɖee fia be míele ‘ŋkeke mamle siwo me nɔnɔ sesẽ la me.’ (Timoteo II, 3: 1) Ele be míakpɔ mɔ be ŋɔdzinu sia tɔgbe adzɔ. Gake dzi meɖe le Yehowa Ðasefo siwo le Wŏnju la ƒo o. Woɖoe kplikpaa be yewoayi edzi asubɔ Mawu vavã ɖeka Yehowa, eye yewoayi edzi awɔ eƒe lɔlɔ̃nu.—Nyatakaka la tso Awake! ƒe nuŋlɔla si le Korea-dukɔa me gbɔ.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]
Le ɖusime: Fiaɖuƒe Akpata, kple le (ete) nuƒolanɔƒe si bi dzo afisi ame geɖe ku le
Ete: Ðasefo aɖe le akɔ fam na Suh, Sun-ok, amesi ƒe vi eve ku le dzobibia me, kple Shim, Hyo-shin, Kristotɔ hamemegã si ƒe vi eve xɔ abi.