INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g94 4/8 axa 28-29
  • Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu
  • Nyɔ!—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Swedentɔ Ʋee Aɖewo Koe Dea Sɔleme
  • Xexemeʋa II ƒe Ŋkuɖodzinu Siwo Wua Ame
  • Ga Meli Woatsɔ Aɖe Amewo ƒe Agbe O
  • Misa-wein Zazã le Mɔ Bubuwo Nu
  • Kolera Bubu Gato
  • Afɔkuwo Dzɔna Dzoɖagbewo
  • Yɔmekpe le Dzidzim Ðe Edzi
  • Asia-nyɔnuwo Nɔa Agbe Didi Wu
  • Ŋutasesẽ le Ame Tsitsiwo Ŋu
  • AIDS le Japan
  • Ðe Ʋukuku Te Ðeɖi Wo Ŋua?
  • Nukae Gblẽ Le Tsatsadada Ŋu?
    Nyɔ!—2002
  • Ŋkuléle Ðe Xexeame ŋu
    Nyɔ!—1995
  • Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu
    Nyɔ!—2000
  • Ŋkuléle Ðe Xexeame ŋu
    Nyɔ!—1995
Nyɔ!—1994
g94 4/8 axa 28-29

Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu

Swedentɔ Ʋee Aɖewo Koe Dea Sɔleme

Numekuku aɖe si Sweden ƒe Amehawo ƒe Nukpɔsusu Ŋutinumekuha wɔ na Sweden Sɔlemeha la fia be le amesiwo wu 1,000 siwo wobia gbee be woxɔ Mawu dzi se hã me la, wo dometɔ 47 le alafa me ɖo eŋu be ẽ. Gake esia medze le woƒe sɔleme­dede me o. Le amesiwo wobia nyae dome la, ame 9 le alafa me koe yia Sɔlemea edziedzi. Anders Swärd si nye zimenɔla ƒe kpeɖeŋutɔ na Swe­den Sɔlemeha la ƒe Dɔwɔƒegã la gblɔ be: “Amewo medoa vivi ɖe Sɔlemea dede ŋu o negbe ne ewɔ na wo be afimae yewoakpɔ nusi dim yewole la le hafi.”

Xexemeʋa II ƒe Ŋkuɖodzinu Siwo Wua Ame

Ƒe 50 kloe nye esia le Xexemeʋa II ƒe nuwuwu vɔ megbe la, aʋa ma ƒe ŋkuɖodzinu siwo ate ŋu awu ame gale Germania-du si nye Hamburg la me kokoko. Nya­dzɔdzɔgbalẽ si nye Süddeutsche Zeitung ka nya ta be le ɣleti 12 siwo wu enu le July 1993 me la, Aʋawɔnuwo Dome Gbegblẽ ƒe Ha si le dua me ƒe ame 23 la ɖe bɔmb 500, nugo 2,440 siwo me ɖu kple tukpe nɔ, bɔmb sue siwo wote ŋu dana kple asi 97, tu siwo wotsɔ gbãa aʋawɔʋuwoe 24, bɔmb siwo woɖina ɖe tome tsɔ gbãa aʋawɔʋuwoe 4, kple tu bubu siwo dana le wo ɖokui si siwo ƒe kpe­kpeme nye kilogram 149 le anyigba kple tsi me le Hamburg. Wosusui be bɔmb siwo ade 2,000 gale tome le dua me. Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ be: “Ɣeyiɣi si woatsɔ ake ɖe wo ŋu eye woagblẽ wo dome la ƒe didime ade dzidzime eve ƒe agbenɔƒe nu.”

Ga Meli Woatsɔ Aɖe Amewo ƒe Agbe O

Franseawo ƒe Nyadzɔdzɔdɔwɔƒe ka nya ta be togbɔ be axamedɔ kple mitsinyenye nye dɔ siwo wote ŋu dana hã la, wogawua ɖevi siwo ade miliɔn 7.5 ƒe sia ƒe kokoko. Le xe­xeame katã la, axamedɔ dzea ɖevi siwo mexɔ ƒe atɔ̃ haɖe o dometɔ siwo ade miliɔn 40 dzi eye esiwo mitsinyenye ɖea fu na sɔ gbɔ wu biliɔn ɖeka. Gake Ðɔkta Ralph Henderson si wɔa dɔ le Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ ƒe dɔwɔƒe lɔ̃ ɖe edzi be dɔ siawo dada “le bɔbɔe eye womexɔa ga fũ aɖeke o.” Nublanuitɔe la, ele be woate fli ɖe ɖoɖo siwo Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔa wɔ be woatsɔ atsi dɔ siawo nui la me alo woahe wo wɔwɔ ɖe megbe, si womeɖo ɣeyiɣi aɖeke na wo wɔwɔ haɖe o le ganya­wo ƒe sesẽ ta. Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔa gblɔ be ne ɖe ga li la, woate ŋu axe mɔ ɖe ɖevi siwo kuna le mitsinyenye ta ƒe afã kple esiwo kuna le axamedɔ ta ƒe akpa etɔ̃lia ƒe ku nu hafi.

Misa-wein Zazã le Mɔ Bubuwo Nu

Numekuku siwo wowɔ nyitsɔ laa fia be togbɔ be wein lita 10,000,000 sɔŋ ye wodzrana le Italy ɖe Misa wɔwɔ ŋu hã la, lita 1,000,000 koe wozãna le “nuɖuɖu kɔkɔe” wɔwɔ me. Ke susɔea ɖe? Ame aɖe si nya nu tso nya la ŋu gblɔ be “nenye misa subɔviwo kple gbedoxɔmedɔwɔlawo ƒe enono le adzame dzaa ko tae la, anye ne agbɔsɔsɔme ma ƒe teƒe eve koe wòaƒle.” Corriere della Sera gblɔ be: “Nyateƒeae nye be, agbɔsɔsɔme ma si sɔ gbɔ wu teƒe ewo ye bi­siɔpwo, nunɔlagãwo kple nunɔlawo nona le nuɖukplɔ̃ dzi.”

Kolera Bubu Gato

Lãmesẽdzikpɔlawo ka nya ta be kolera ƒomevi bubu si kaka kaba­kaba ɖe India kple Bangladesh eye wòtso afima ɖo Thailand la ate ŋu azu xexeame katã ƒe dɔvɔ̃ enyilia si to tso ƒe 1817 me. Woxlɔ̃ nu Asia, Afrika, kple Latin Amerika dukɔwo le eŋu. Ne kolera ƒomevi siwo to tsã lé ame kpɔ hã la, mana woavo keŋkeŋ tso yeye sia si me o. Gawu la, womate ŋu atsɔ dɔléledokpɔmɔnu siwo bɔ wu fifia akpɔe adze sii o, eye abɔtasisi siwo li fifia mete ŋu wɔa naneke le eŋu o. Woka nya ta le The Lancet me be Ðɔkta David L. Swerdlow kple Allen A. Ries siwo le Dɔlélenutsitsidɔwɔƒewo ŋlɔe be: “Esi míenya afisi dɔlékui sia akaka aɖo alo alesi eƒe kaka atsɔe o ta la, ele be dukɔwo nadzra ɖo ɖi ɣesiaɣi, woanɔ ŋudzɔ ɖe eŋu, eye woakpɔ egbɔ be tsinono dzadzɛ kple nugbegblẽwo dzadzraɖo ƒe mɔnu nyuiwo li.” Xexeame katã ƒe dɔvɔ̃ si to le Asia gbã le ƒe 1960 me la ƒe nugbegblẽ nu gale sesẽm ɖe edzi kokoko eye amesiwo dzi wòdzena sɔ gbɔ wu miliɔn etɔ̃ siwo dome ame akpe geɖe kuna le.

Afɔkuwo Dzɔna Dzoɖagbewo

Numekuku si wowɔ le Flinders Yunivɛsiti le Australia ɖee fia be ewɔ abe Dzoɖagbe ye nye kwasiɖaa ƒe ŋkeke si dzi ŋutsuwo lɔ̃a wo ɖokui wuwu wu ene. The Sydney Morning Herald ka nya ta be ame 19,425 ye wu wo ɖokui le ƒe 1981 kple 1990 dome. Nyɔnu siwo wua wo ɖokui ƒe agbɔsɔsɔme metrɔna le kwasiɖaŋkekewo dzi o, gake le ŋu­tsuwo gome la, edzina ɖe edzi ŋutɔ le Dzoɖagbewo. Ne kwasiɖaŋkekewo le yiyim la, edzi nɔa ɖeɖem kpɔtɔ. Wogblɔ be nusiwo gbɔ wòtso be wòdzɔna alea dometɔ ɖekae nye tɔtrɔ ava dɔme. Le Dzoɖagbe siwo dze azãɖugbewo dzi la, amesiwo wua wo ɖokui ƒe xexlẽme dzi ɖena kpɔtɔna, gake ne ŋu ke Braɖa la, egadzina ɖe edzi. Numekuku bubuwo gblɔ be ŋdɔ me, esime dzitsi­tsi kple dɔléle siwo vɔvɔ̃ hena vɛ ƒe akpa gãtɔ dzena ame dzie amesiwo wua wo ɖokui la ƒe akpa gãtɔ wua wo ɖokui. Dzoɖagbee nye ŋkeke si dzidɔ dzea ame dzi wu hã. Numekuku aɖe fia be le dzidɔ 6,000 siwo dze ame dzi kpata dome la, Dzoɖagbee wo dometɔ 18 le alafa me dze amewo dzi, gake wo dometɔ 12 le alafa me koe dze amewo dzi le Kwasiɖagbewo. Dzoɖagbe kee amewo mevaa dɔme o wu.

Yɔmekpe le Dzidzim Ðe Edzi

Swedentɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Dagens Nyheter gblɔ be yɔme­kpee nye dɔléle si wua ame wu le xexeame katã fifia. Le ƒe 1992 me la, amesiwo wòwu sɔ gbɔ wu 3,000,000 sɔŋ​—⁠esɔ gbɔ wu amesiwo AIDS, kolera, kple asrãdɔ wu sasasã. Xe­xeame Lãmesẽ Habɔbɔ wɔ takpekpe aɖe le London be woatsɔ akpɔ alesi woatsi yɔmekpe ƒe kaka nui. Wogblɔ le eme be dɔ sia nye xexeame katã ƒe dɔvɔ̃ dziŋɔ aɖe si le nu gblẽm ve­vie le dukɔ madeŋgɔwo me koŋ wu. Gake ele dzidzim ɖe edzi kabakaba le dukɔ deŋgɔwo hã me le mɔzɔzɔ kple amewo ƒe ʋuʋu ƒe dzidziɖedzi ta. Le yɔmekpe si ƒomevi bɔ wu gome la, le eléla 100 me la, woate ŋu ada dɔa na wo dometɔ 95, gake le yeye siwo to fifia eye wo nu sẽ wu gome la, amesiwo woate ŋu adae na mede 40 le alafa me o.

Asia-nyɔnuwo Nɔa Agbe Didi Wu

Magazine si nye China Today ka nya ta be le ƒe 20 siwo va yi me la, Hong Kong nyɔnuwo ƒe agbenɔƒe dzi ɖe edzi nyuie. Le ƒe 1971 me la, wobui be Hong Kong nyɔnuwo ƒe agbenɔƒe ade ƒe 75.3. Edzi ɖe edzi ɖo ƒe 78.5 le ƒe 1981 me. Eye le ƒe 1991 me la, eɖo ƒe 80.6 si yi ŋgɔ wu woƒe agbenɔƒe ƒe mamã dedie siwo va yi. Wogblɔ be alesi wotrɔ asi le woƒe nuɖuɖu ŋu wònyo wu kple atikewɔwɔ na wo si nyo wu gbɔe agbenɔnɔ didi sia tso. Ewɔ abe Asia-nyɔnuwo ƒe agbenɔƒe didina wu dukɔ bubu me nyɔnuwo tɔ le mamã dedie nu. Nyɔnu siwo le Taiwan ate ŋu akpɔ mɔ be yewoaxɔ ƒe 77. Le Singapore la, nyɔnuwo ƒe agbenɔƒe ade ƒe 76 eye enye ƒe 71 le China. China Today gblɔ be “Japan-nyɔnuwo ƒe agbenɔƒee gadidi wu kokoko eye woxɔa ƒe 83.”

Ŋutasesẽ le Ame Tsitsiwo Ŋu

Canada ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ The Vancouver Sun gblɔ nyitsɔ laa be “ele be woaɖoe koŋ awɔ sukunufia­fia siwo ŋu wotrɔ asi le be woafia asixɔxɔ si le ame tsitsiwo ŋu la ɖeviwo kple ƒewuiviwo.” Nukatae? Elabena Sun gblɔ be, wobu akɔnta be le Canada la, “wosẽa ŋuta le amesiwo ƒe xexlẽme sɔ gbɔ wu 315,000 siwo xɔ wu ƒe 65 la ŋu ƒe sia ƒe.” Egblɔ kpee be “amesiwo nya nu tso nya la ŋu susui be kuxia lolo wu esia elabena ƒomewo ɣlaa ŋlɔmiwɔwɔ la.” Ame tsitsiwo me­lɔ̃na be yewoakɔ nu le edzi be wole yewo ƒom, alo wole nuƒo dom na yewo, wogblẽ yewo ɖi, eye wole yewoƒe kesinɔnuwo me gblẽm o. Vɔvɔ̃ ɖoa ame tsitsiwo eye wome­nyaa alesi woawɔ o ne wo vi tsitsi siwo wona ŋusẽe be woawɔ nu ɖe yewo nu zã woƒe ga kple kesinɔnuwo nyamanyama.

AIDS le Japan

Le Japantɔ siwo nye miliɔn 124 dome la, xexlẽme si dziɖuɖua na la fia be amesiwo ŋu wokpɔ be AIDS-dɔlékuia le la mede 3,000 o. Magazine si nye The Economist gblɔ be: “Gake ne woyi kɔdzidɔwɔlawo ŋutɔ gbɔ la, wo dometɔ geɖe, siwo dometɔ aɖewo le dɔ wɔm na dzi­ɖuɖua ƒe lãmesẽdɔwɔƒe la, xɔe se be amesiwo ŋu wòle le Japan la sɔ gbɔ wu xe­xlẽme si dzi dziɖuɖua lɔ̃ ɖo.” Ame aɖe si nya nu tso nya la ŋu nyuie gblɔ be ne mede ɖeke o hã la, woƒe xexlẽme de esi dziɖuɖua yɔ la ƒe teƒe ewo ya teti. Magazine sia gblɔ be “wobui be HIV-dɔlékui la le Japantɔ siwo ƒe ʋu mete ŋu blana kabakaba o dometɔ siwo wu afã ŋu eye wogblɔ be esi wona ʋu gbegblẽ si me ʋumenu si nye Factor 8 le wo tae.” Ame geɖe melɔ̃a nuƒoƒo tso nusi ŋutsu kple ŋutsu ƒe dɔdɔ wɔna le AIDS ƒe kaka me ŋu o. Gake Yuichi Shiokawa si nye Japan ƒe AIDS Dɔléle Nutsi­kɔmiti ƒe amegã gblɔ be “ŋutsu kple ŋutsu ƒe dɔdɔ bɔ, vevietɔ le nunɔlawo kple asrafowo dome.”

Ðe Ʋukuku Te Ðeɖi Wo Ŋua?

Johannesburg, Dziehe Afrika, ƒe The Star gblɔ be ʋukulawo ƒe ɖeɖiteameŋu gbɔe ʋuwo ƒe gododo le dukɔ ma me ƒe akpa etɔ̃lia tso. Esia ate ŋu agblẽ nu ade alesi aha sesẽ nono tsɔtsɔ ku ʋui alo ʋukuku sesĩe gblẽa nui nu. Dzesi siwo dzena le ʋukula siwo ŋu ɖeɖi te ŋu ƒe ɖewoe nye be ŋku vea wo alo woƒe ŋku dzi nɔa dɔ̃, woƒe susu nɔa nu bubu ŋu, eye wokua ʋu tsoa fli si wotsɔ de dzesi afisi afɔzɔlawo ato la me. Nusi nye afɔku le ʋukuku ne ɖeɖi te ame ŋu sia ŋue nye be ʋukulawo manya kaba o vaseɖe esime wòtsi megbe akpa. Haƒoƒo, kɔfi nono, alo ya fafɛ ƒe ƒoƒo ɖe ame mete ŋu wɔa naneke ŋutɔŋutɔ le ɖeɖiteameŋua ŋu o. Le nyateƒe me la, agbagba si ʋukula adze be yeaɖu ɖeɖiteameŋu dzi la mana wòanɔ ŋudzɔ o. Ʋukuku Dedie Habɔbɔ ƒe nyanuɖela aɖe ɖo aɖaŋu be: “Nu ɖeka koe li nàwɔ ne èkpɔ be ɖeɖi te ye ŋu le ʋukuku me​—⁠eyae nye be nàtɔ zi ɖeka àgbɔ ɖe eme. Ku ʋua dzo le mɔa dzi kura yi teƒe aɖe si wode dzesii be woate ŋu atɔ ɖo eye ne èɖi ɖe eme wòsu wò nyuie ko hafi nàgayi ʋua kuku dzi.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe