Addie Meke Ðe Ŋuɖoɖoa Ŋu Kaba O Gake Metsi Megbe Akpa O
Ameyibɔnyɔnu aɖe ƒe hadomedzɔdzɔenyenye didi ƒe 87 sɔŋ ŋutinyae nye sia. Enɔ atikpo dzi nɔ lã ɖem le tɔ aɖe to. Eƒe ŋutigbalẽ zrɔ̃, eƒe susu me kɔ, eye bubu le eŋu. Ŋusẽ le eŋu, ekpɔ nuteƒe, enya nu, gake gɔmesese, nukokoenuwɔwɔ, kple ɖokuibɔbɔ si alé dzi na wò dze le eŋu. Ŋutinyagblɔla bibi aɖee wònye. Nusi dome wònyi tso Afrika la dze ƒã, eye nusiwo dzi wòɖo ŋkui le United States ƒe Dziehenutome hã kpe ɖe eŋu. Ðo to nàse eƒe agbemenyawo ɖa.
“WODZI mamanye ɖe kluviwo ƒe meli aɖe si tso Afrika yina Georgia la me. Enye ame beli ale gbegbe be ame aɖeke mebu agbe ɖe eŋu o. Eyata esi wodzra dadaa la, wotsɔ ɖevi lédɔa kpe ɖe dadaa ŋu ɖo ɖa. Anye ƒe 1844 mee nusia dzɔ. Wona ŋkɔ ɖevia be Rachel.
“Dewitt Clinton nɔ agble aɖe dzi kpɔm na tɔgãa. Rachel fɔ fofonye Isaiah Clinton ƒe fu na Dewitt eye wòdzii le June 1866 me. Wotsɔ ŋkɔ nɛ be Ike. Esi wònye ɖevi la, enɔa sɔ ɖeka dzi kple Dewitt zi geɖe eye wofiae nusianui le agble dzi kpɔkpɔ ŋu. Dewitt gblɔ na Ike le ƒe ʋee aɖewo megbe be: ‘Ɣeyiɣia de be nàwɔ dɔ le ɖokuiwò si.’ Emegbe eɖe gabutu le alidzi tsɔ na Ike.
“Esia megbe fofonye va wɔ dɔ na Aƒetɔ Skinner, eva zu Skinner ƒe agble dzi kpɔla eye wòɖe Ellen Howard. Wodzim le June 28, 1892 dzi le Burke Nutome le Waynesboro, Georgia, gbɔ. Agbenɔnɔ vivia nunye ŋutɔ. Gododo le aƒeme metsɔna nam o. Danye xea mɔ nam vaseɖe esime wòsa nye awu ƒe ka ɖe megbe, eye mesenɛ wògblɔna gbesiagbe be: ‘Misa eƒe awumegbeka nɛ ne wòayi.’ Medea gakpo si le anyigbadzobonua dzi la dzi be mate ɖe fofonye ŋu.
“Gbeɖeka le dzomeŋɔli ƒe ahom aɖe me la, dzi ɖe gbe ɖe Aƒetɔ Skinner kple eƒe sɔ dzi le agble me. Wo ku. Aƒenɔ Skinner nye yevunyɔnu tso Anyiehe eye Burke Nutoa me tɔwo katã lé fui le nusi Aʋafia Sherman wɔ esi wotɔ dzo Atlanta ta. Esia ta wolé fu Aƒenɔ Skinner wu ameyibɔwo gɔ̃ hã! Aƒenɔ Skinner hã wɔe ɖe nu na wo. Le dziku ta esi srɔ̃a ku la, edzra agblea na fofonye si nye ameyibɔ. Bui kpɔ ko be hafi ƒe alafa sia nadze egɔme la, agble nanɔ ameyibɔ si le Georgia!”
Aƒetɔ Neely Kple Fiase La
“Ne nane hiã Papa la, eyia Aƒetɔ Neely si tɔe fiasea nye la gbɔ. Nusianu nɔ wo si. Ne èle ɖɔkta dim la, yi fiasea me. Ne èhiã na amekukuɖaka la, yi fiasea me. Màxe fe ɖe naneke ta o; ɖeko woabu fea na wò vaseɖe esime ɖetifuɖeɣi naɖo hafi. Neely va kpɔe be ga nɔ Papa si le gadzraɖoƒe eyata etsɔa nusianu vɛ na mí, adzɔnu siwo míehiã na o—tsifafɛgo, awutɔmɔ̃, tuwo, gasɔwo, kple tedzi eve. Papa gblɔna be ‘Míehiã nɛ o!’ Neely ɖoa eŋu be: ‘Nunanae. Fea ko mabu na wò.’
“Gbeɖeka Neely tsɔ ʋu yibɔ aɖe si woyɔna be Studebaker va míaƒe agble dzi. Papa gblɔ be: ‘Mehiã mí o, Aƒetɔ Neely! Ame aɖeke menya ekuku o, míate ŋu alé be nɛ hã o eye mí katã míele vɔvɔ̃m nɛ!’ Neely ŋe aɖaba ƒu nya ma dzi. ‘Xɔe ko, Ike. Mabu fea na wò eye mana nye dɔwɔvi ɖeka nava fia ekuku wò dɔwɔviwo.’ Meɖe vi aɖeke na mí o. Meɖe kuku na Papa be wòana mía kple dɔwɔvi ɖeka míava dze petrol gbeɖeka. Papa gblɔ be: ‘Mègakui o he; menya wò!’ Ðeko míebu ɖe eme ko ye megblɔ be: ‘Na makui kpɔ. Papa nya be makui godoo.’ Kasia ʋua de asi du me sesĩe, menɔ kuɖɔa trom ɖe miame kple ɖusime nɔ gbewo kple atiwo dome tom. Mekui va de tɔsisi aɖe me.
“Mebiãa Papa be nukata megbea nuawo xɔxɔ o hã, eye wòɖoa eŋu be: ‘Anye vodada gã aɖe, dzu wòanye nam. Hekpe ɖe eŋu la, adzameha si woyɔna be KKK [Ku Klux Klan] mewɔa funyafunya Aƒetɔ Neely ƒe ameyibɔ xɔlɔ̃ aɖeke o.’ Esia tae míeƒlea nusiawo siwo mehiã mí o la katã ɖo. Eye mebu nya si Papa nɔ gbɔgblɔm ɣesiaɣi la ŋuti be: ‘Mègaƒle nusi mehiã wò o la o, ne menye nenema o la, eteƒe madidi o àva hiã nusi màte ŋu aƒle o.’ Nyemelɔ̃ Aƒetɔ Neely ƒe nya kura o!
“Esi amesiame nɔ ƒe alafa yeyea ɖum le January 1, 1900 dzi la, danye ku esime wònɔ vi enelia dzim. Ƒe enyi ko mexɔ ɣemaɣi, gake megblɔ na Papa le yɔdoa to be malé be na ɖevia.
“Danye dada kpɔ mí ɖeviawo dzi. Eŋkɔe nye Mary. Mawusubɔsubɔ vivia enu ŋutɔ, eƒe susu léa nu ale gbegbe, gake mete ŋu xlẽa nu alo ŋlɔa nu o. Menɔa dzodoƒe nɔ nyawo biamee. ‘Nukatae yevuwo medina be yewoade ha kple ameyibɔwo o evɔ wogblɔna be amewo katã sɔ le Mawu gbɔ? Ne míeyi dziƒo la, ɖe yevuwo katã hã ava afima? Ðe Aƒetɔ Neely hã anɔ afima?’ Mary ɖoa eŋu be: ‘Nyemenya ya o. Mí katã míase vivi.’ Nyemeka ɖe edzi tututu ya o.
“‘Mama, nukae míava wɔ le dziƒo?’ ‘Oo, míava zɔ mɔ siwo wotsɔ sika doe la dzi! Míato aʋalã anɔ dzodzom tso ati me yi ati me!’ Mebu ɖe tame be: ‘Ne medo go va le fefem la, enyo wu.’ Nyemedi be mayi dziƒo gbeɖe o, evɔ nyemedi be mayi hell hã o. ‘Mama, nuka míava ɖu le dziƒo?’ Eɖo eŋu be: ‘Oo, míano nyinotsi kple anyitsi!’ Medo ɣli be: ‘Gake nyinotsi medzɔa dzi nam o, anyitsi hã medzɔa dzi nam o ɖe! Mama, dɔ awum maku ɖe! Dɔ ava wum le dziƒo maku ɖe!’”
Medze Suku Gɔme
“Papa di be made suku. Eɖom ɖe Tuskegee Nusrɔ̃ƒe le Alabama le ƒe 1909 me. Booker T. Washington ye nye sukua ƒe tatɔ kple mɔfiala vevitɔ. Sukuviawo yɔnɛ be Papa. Ezɔa mɔ ŋutɔ va nɔ ga dim na sukua eye yevuwo gbɔe wòkpɔa ga gbogbotɔ tsonɛ. Egblɔ nya sia na mí esime wònɔ sukua: ‘Mide suku. Midi dɔ miawɔ, eye midzra ga ɖo. Emegbe miaƒle anyigba. Eye megadzɔ gbeɖe be mava srã mi kpɔ eye miagblẽ gbea ɖi woato, miasi aŋɔ na aƒea o, alo fesreawo nakaka eye woatsɔ ɖovuwo ate ɖe eme be vuvɔ nagawɔ le xɔa me o. Mida ɖe mia ɖokui dzi. Mikpe ɖe mia nɔviwo ŋu. Mikpe ɖe wo ŋu woayi ŋgɔ. Miate ŋu aɖo kpɔɖeŋu na wo.’
“Ehiã be woakpe ɖe wo ŋu ‘woayi ŋgɔ’ nyateƒe. Wonye ame nyuiwo—nɔnɔme nyui geɖe le wo si. Nu geɖe dzɔ va yi siwo dzi wòle be yevuwo naɖo ŋkui ne wole Ameyibɔwo ŋu bum. Womena mɔnukpɔkpɔ Ameyibɔwo be woade suku o. Enye dada le kluvisitsasewo dzi be woafia nu Ameyibɔ. Míawo koe nye amesiwo dzi wozi hekplɔ va dukɔ sia me. Ame bubuwo ya woa ŋutɔwoe di be yewoava afisia. Míawo míedii hafi o. Wode ga mí hekplɔ va afisia. Míewɔ dɔ na wo ƒe 300 sɔŋ fetu maxɔmaxɔe. Míewɔ dɔ na yevuwo ƒe 300 sɔŋ, eye womena nudodowo mí wòdena o. Wona míewɔa dɔ tso ŋdi vaseɖe fiẽ, woƒoa mí ne woƒe susu trɔ vie ko. Eye esi wona ablɔɖe mí hã la, womeɖe mɔ na mí be míasrɔ̃ nu gbeɖegbeɖe o. Wodi be míawɔ dɔ le agble dzi eye mía viwo hã nawɔe eye woayi suku ɣleti etɔ̃ le ƒe ɖeka me.
“Eye ènya suku si tɔgbe wònyea? Sɔlemexɔ sue aɖe koe elabena suku menɔ anyi na Ameyibɔwo o. Ʋuƒozikpuiwo. June, July, kple August, ɣleti siwo me yame xɔa dzo le wu le ƒea me. Nuxenuwo menɔ fesreawo ŋu o. Ðeviwo nɔa anyigba. Nufiala ɖeka fiaa nu sukuvi alafa ɖeka kple etɔ̃, eye nudzodzoeviwo gena ɖe xɔa me ŋutɔ. Nuka kura nàte ŋu afia ɖevi le ɣleti etɔ̃ me? Esi mexɔ mɔkeke tso Tuskegee le dzomeŋɔli aɖe la, mefia nu sukuvi 108 siwo xɔ ƒe vovovowo.
“Mewu suku nu le ƒe 1913 me va zu dɔnɔdzikpɔla. Meɖe Samuel Montgomery le ƒe 1914 me. Emegbe eyi Xexemeʋa I wɔ ge eye nye tenuvi la ƒe fu nɔ ƒonye ɣemaɣi. Samuel ku esime wòtrɔ gbɔ megbe kpuie. Mekɔ vinyeŋutsuvi la heɖo keteke yi nɔvinyenyɔnu srã ge kpɔ le Illinois kple susu be makpɔ dɔnɔdzikpɔdɔ le afima awɔ. Wofia mɔ Ameyibɔwo katã yi ʋu si nɔ keteke si zãa aka la godo tututu. Xexeame xɔ dzo, woʋu fesreawo, eye dzɔble kple dzokawo kɔ ɖe mía dzi. Míaƒe nuɖuɖu vɔ le ŋkeke eveagbe eye nyinotsi aɖeke menɔ anyi mana ɖevia hã o. Medze agbagba be mage ɖe nuɖuƒe si le ketekea me gake dɔwɔla aɖe si nye ameyibɔvi la ɖo asi dzinye. ‘Màte ŋu age ɖe afisia o.’ ‘Woalɔ̃ adzra nyinotsi aɖe nam mana vinyea?’ Eɖo eŋu be ao. Neely ye wɔ numadzɔmadzɔ gbãtɔ si ku dzi nam vevie. Eveliae nye sia.
“Meɖe John Few si nye keteke me dɔwɔla aɖe le ƒe 1925 me. Enɔ St. Paul, Minnesota, eyata meʋu yi afima. Meva ke ɖe nu etɔ̃lia si ku dzi nam vevie le madzɔmadzɔnyenye ŋu le afisia. Menɔ anyiehe ʋĩ le St. Paul gake vovototodeameme nu sẽ le afisia gɔ̃ hã wu Dziehekpa dzi. Wogbem xɔxɔ dɔnɔdzikpɔlae ɖe dziɖuɖua ƒe kɔdzi. Wogblɔ be yewomese ameyibɔ nye dɔnɔdzikpɔla kpɔ o. Wohe mí le Tuskegee nyuie eye dɔnɔwoe nɔa vevie na mí wu, gake le St. Paulo la, ŋutigbalẽ wokpɔna hafi xɔa ame. Eyata medzra aƒe sue si nɔ asinye le Waynesboro eye metsɔ ga la de anyigba kple aƒe aɖe te. Meɖo ʋudzraɖoƒe aɖe, mexɔ ʋudzraɖola eve eye eteƒe medidi o dɔa nɔ edzi yim nyuie.”
Meke Ðe Dukɔa me Ameyibɔwo ƒe Ŋgɔyiha Ŋu
“Ƒe 1925 me lɔƒoe meke ɖe Dukɔa me Ameyibɔwo ƒe Ŋgɔyiha ŋu eye meƒo ɖokuinye ɖe eme vevie. Ðe Booker T. Washington megblɔ be: ‘Mikpe ɖe mia nɔviwo ŋu. Mikpe ɖe wo ŋu woayi ŋgɔ’ oa? Nu gbãtɔ si mewɔe nye be metsɔ ameyibɔ akɔdala gbogbo aɖewo siwo si aƒe le eye woxea adzɔ la ƒe ŋkɔ yi na nutoa me dziɖuɖumegã. Eɖo to eye wòdi dɔ na ameyibɔ dɔnɔdzikpɔla aɖe le dziɖuɖua ƒe kɔdzi ma si gbem xɔxɔ la me. Gake yevu dɔnɔdzikpɔlawo sẽ ŋuta le eŋu vevie—wokɔa aɖuɖɔ ɖe eƒe awuwo dzi gɔ̃ hã—si wɔe be wòdzo yi California va zu ɖɔkta.
“Nye ʋudzraɖoƒedɔa nɔ edzi yim nyuie vaseɖe esime dɔa gblẽ gbeɖeka le ƒe 1929 me. Ðeko metsɔ dɔlar 2,000 yi gadzraɖoƒee nye ma eye esi metrɔ gbɔna la, amewo nɔ ɣli dom be gadzraɖoƒewo ɖu agba. Ame eve ƒe fe si woxe nam koe susɔ. Nye dɔa gblẽ keŋkeŋ. Memã ga si mete ŋu xɔ la kple nye ʋudzraɖolawo.
“Ga menɔ ame aɖeke si o. Mexɔ dɔlar 300 ɖe nye agbe ƒe nugblẽfexeɖoɖo ta. Meƒle aƒea dɔlar 300. Medzraa seƒoƒowo, koklo, kple koklozi; menaa dzeƒe amedzrowo, eye megatsɔa ga la ƒlea anyigbae, ɖeka xɔ dɔlar 10. Dɔ mewum kpɔ o eye nyemexɔ kpekpeɖeŋununana hã kpɔ o. Míeɖu koklozi. Míeɖu koklolã. Míetua woƒe ƒuwo tsɔ nyia nye hawoe.
“Emegbe meva dze xɔ̃ Eleanor Roosevelt kple Hubert Humphrey vevie. Aƒetɔ Humphrey kpe ɖe ŋunye meƒle aƒe gã aɖe le dua ƒe anyigbe si nye yevuwo nɔƒe le St. Paul. Aƒea dzrala nɔ vɔvɔ̃m ɖe eƒe agbe nu, eyata ena medo ŋugbe be nyemade aƒea me o ɣleti 12 sɔŋ.”
Afisi Nye Agbenɔnɔ Trɔ Le
“Nu madzɔkpɔ aɖe dzɔ le ƒe 1958 me si nyemaŋlɔ be kpɔ o. Yevu eve kple ameyibɔ ɖeka va dzeƒe di ge le gbɔnye be yewoatsi adɔ zã ɖeka. Metsɔe be fluyem wonɔ be woadem nya me, eyata mebia gbe wo gaƒoƒo geɖe. Wogblɔ be Yehowa Ðasefowoe yewonye le mɔ zɔm tso didiƒe aɖe yina takpekpe le New York. Wofia nusi Biblia gblɔ le tame si Mawu ɖo be yeawɔ anyigba la paradisoe, afisi vovototodeameme manɔ o ŋu lam. Enye amegbetɔ ƒe nɔvisiléle. Mebu ɖe tame be, ‘Ðe wòanye be nusi dim mele ƒe geɖe nye sia lae le wo sia?’ Edze abe ɖe woƒe nuwɔna sɔ kple amesiwo ƒomevi wobe yewonye ene—wonye nɔviwo. Womedi be yewoatsi teƒe vovovowo adɔ le zã ma me o.
“Ke le ƒe aɖewo megbe la, mesrã nye xɔhayala aɖe si menya be eɖo kudo nu la kpɔ. Eŋkɔe nye Minnie. Esi mebiae be nukae mawɔ nɛ hã la, egblɔ be: ‘Meɖe kuku xlẽ agbalẽ sue blɔtɔ ma si le afima la ƒe akpa aɖe nam.’ Nyateƒe, Si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me, si Yehowa Ðasefowo mã ye. Eyata ɣesiaɣi si mesrãe kpɔ la, mexlẽa agbalẽ sue blɔtɔ la zi geɖe. Minnie ku gbeɖeka eye esi meyi eƒeme la, yevunyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Daisy Gerken nɔ afima. Eƒe ŋku tsi keŋkeŋ kloe. Egblɔ nam be yesrɔ̃a nu kple Minnie le agbalẽ sue blɔtɔ la me tsã. Daisy biam nenye be nane le aƒea me madi be matsɔ. Megblɔ be: ‘Eƒe Biblia kple agbalẽ sue blɔtɔ la ko dim mele.’
“Menya be ne medze agbalẽ blɔtɔ la me nyawo yome la, ele be madzudzɔ dɔ siwo katã wɔm menɔ na tɔnyetɔwo la keŋkeŋ. Nyemate ŋu aƒo nu tso nu gbogbo siwo wɔm menɔ siwo mebu be wonyo la ŋu ɖekaɖeka o. Meɖo habɔbɔ na keteke me dɔwɔlawo. Meɖu dzi le ʋɔnunyawo me si na ablɔɖe su wo si. Meƒo amewo nu ƒu ɖe gbɔlɔlɔ ŋu, ɣeaɖewoɣi míelɔa gbɔ le teƒe geɖe le dua me le ɣeyiɣi ma ke me. Ele be makpɔ egbɔ be tɔnyetɔwo meda le sea dzi o eye ne woda le edzi la, meɖea wo le ga me. Menɔ habɔbɔ siwo wu ewo me, gake esiwo kpɔa dukɔmeviwo ƒe nyawo gbɔ dzaa me ko menɔ.
“Eyata mesusui be mele be matsɔ agbenɔnɔ le teƒe bubu aɖeke ŋu nya aɖe fu na ɖokuinye o. Tɔnyetɔwo le fu kpem fifia! Dɔwɔla geɖe nɔ asinye le Dukɔa me Ameyibɔwo ƒe Ŋgɔyiha me, yevu si nye agbalẽŋlɔla hã nɔ eme. Menye Dukɔa me Ameyibɔwo ƒe Ŋgɔyiha la ƒe zimenɔla ƒe kpeɖeŋutɔ le St. Paul tso ƒe 1937 vaseɖe 1959 me, eye menye eƒe zimenɔla tso ƒe 1959 vaseɖe 1962 me. Meƒo du ene nu ƒu ɖe takpeha ɖeka me eye menɔ afima be makpɔ egbɔ Dukɔa me Ameyibɔwo ƒe Ŋgɔyiha nawɔ eƒe dukɔa me takpekpe gbãtɔ le St. Paul. Míeto nɔnɔme sesẽ geɖe me, ɖesiaɖe nye nya blibo le eɖokui si. Hafi madzudzɔ dɔ le ƒe 1962 me esime mexɔ ƒe 70 la, meyi ɖasrã Dukplɔla John F. Kennedy kpɔ. Nublanuitɔe la, meƒo ɖokuinye ɖe dzɔdzɔenyenye didi alesi medii ɣemaɣi me ale gbegbe be nyemete ŋu di mɔnukpɔkpɔ srɔ̃ nu le Mawu ƒe mɔwo ŋuti o.”
Meke Ðe Mɔ Ðeka si Ahe Dzɔdzɔenyenye Vɛ la Ŋu Mlɔeba
“Mía kple Daisy Gerken míeƒoa ka na mía nɔewo ɣesiaɣi eye eva srãam kpɔ ƒe sia ƒe. Esi meʋu yi Tucson, Arizona, megbe kpuie la, Gbetakpɔxɔ nudɔdɔ si wowɔ nam femaxee la vɔ. Klodɔ na metsi teƒe ɖeka, eyata nye ta nyo ŋutɔ be menɔ aƒeme esi Adele Semonian si nye Yehowa Ðasefo la va gbɔnye. Míedze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme. Mlɔeba nyateƒea va dze nam ƒã. Mekpɔe be nyemate ŋu akpɔ nye amewo ƒe kuxiwo katã gbɔ ‘ana woayi ŋgɔ’ o. Kuxia kpe wu Aƒetɔ Neely. Ekpe wu Dziehetɔwo. Ekpe wu United States. Le nyateƒe me la, ekpe wu xexe sia.
“Xexeame katã ƒe kuxie. Ameka sie gome le be wòaɖu xexeame dzi? Amegbetɔwo yea? Mawu ƒe futɔ Satana yea? Alo Wɔla la ƒe gome yea? Ẽ, Eƒe gomee! Ne wokpɔ nya sia gbɔ ko la, hadomemadzɔmadzɔnyenye si ŋu mewɔ aʋa tsi tre ɖo le nye agbe me katã la nu ayi. Eye eɖanye nuka kee mewɔ na ameyibɔwo alo yevuwo o, míegatsina hekuna godoo. Mawu awɔ anyigba paradisoe eye hadomedzɔdzɔenyenye asu amesiame si. Agbenɔnɔ tegbee alé be na numiemiewo kple lãwo ahalɔ̃ hanyeviwo abe ɖokuinye ene—si ana Mawu ƒe gɔmedzetameɖoɖo na ŋutsu kple nyɔnu le anyigba dzi afisia nava eme la na megli kple dzidzɔ. (Psalmo 37:9-11, 29; Yesaya 45:18) Edzɔ dzi nam hã ŋutɔ esi mesrɔ̃e be nyemayi dziƒo ava no nyinotsi kple anyitsi alo dɔ na wum maku o!
“Nanewo veam ŋutɔ, vevietɔ be metsɔ nye agbe ƒe akpa gãtɔ nɔ hadomedzɔdzɔenyenye dim le mɔ gbegblẽ nu. Ðe metsɔ nye ɖetugbimeŋusẽ na Mawu la, anye ne enyo nam wu. Ẽ, mebui be menɔ ewɔm esi menɔ kpekpem ɖe ame bubuwo ŋu. Megale kpekpem ɖe amewo ŋu, gake fifitɔe nye be mahe amewo ƒe susu ayi Mawu ƒe Fiaɖuƒe si le Kristo Yesu, ŋkɔ ɖeka hɔ̃ si wotsɔ na le dziƒoa te si dzi míakpɔ ɖeɖe toe si me la ƒe mɔkpɔkpɔa dzii. (Mateo 12:21; 24:14; Nyaɖeɖefia 21:3-5) Ne fofonye miã asi tsɔ fiam la, egblɔna be: ‘Ne èmiã asi sesĩe la, ekema naneke mage ɖe eme alo ado o.’ Medi be maʋu nye asi me akpe ɖe ame bubuwo ŋu.
“Mexɔ nyɔnyrɔ̃ zu Yehowa Ðasefo esime mexɔ ƒe 87. Nyemate ŋu awɔ alɔgblɔlɔ fifia o elabena ɣeyiɣi si susɔ nam le kpuie. Mele dɔ dzi gake menye abe tsã ene o. Ðewohĩ hame ƒe kpekpe eve koe to ŋunye le ƒe eve siwo va yi me. Ele be masrɔ̃ nusianu si mate ŋui ale be mate ŋu afia nu nye ƒomea alesi mate ŋui ne wofɔ wo ɖe tsitre. Adele kpena ɖe ŋunye medea gbeadzi gaƒoƒo 20 alo 30 ɣleti sia ɣleti.
“Azɔ nye agbenɔnɔ ƒe nya vevi aɖewo ta koe meka na mi. Nyemate ŋu agblɔe na mí keŋkeŋ o, anye ne ɖeko míanɔ atikpo sia dzi anɔ nu ƒom kwasiɖa geɖe.”
Ɣemaɣi me tɔmefã aɖe ɖiɖi va atikpoa dzi eye Addie do ɣli be: “Afikae da sia tso?” Etsɔ eƒe ƒu kple lã si wòtɔ ɖe ka nu la eye wòdzo enumake. Gbebiamea wu enu.—Abe alesi Addie Clinton Few gblɔe na “Nyɔ!” ƒe nyatakakadɔwɔla aɖe ene. Addie ku le gbebiame sia megbe kpuie esime wòxɔ ƒe 97.