INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 9/1 axa 4-7
  • Teƒeɖoɖo Siwo Le Bubudede Dzila Tsitsiwo Ŋu Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Teƒeɖoɖo Siwo Le Bubudede Dzila Tsitsiwo Ŋu Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ŋutilãmekpekpeɖeŋu Nana
  • Seselelãme ƒe Kpekpeɖeŋu Nana
  • Gbɔgbɔmenu Nana
  • Agbenyuinɔnɔ Hea Amewo Vaa Mawu Gbɔe
  • Bubudede Mía Dzila Tsitsiwo Ŋu
    Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
  • Nukata Wòle Be Manya Tɔgbuinye Kple Mamanye Nyuie?
    Nyɔ!—2001
  • Aleke Mawɔ Mia Kple Tɔgbuinye Kple Mamanye Dome Nanɔ Kplikplikpli?
    Nyɔ!—2001
  • Aleke Mawɔ Asitɔtrɔ Esi Tɔgbuinye Kple Mamanye Va le Mía Gbɔ Fifia?
    Nyɔ!—1992
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 9/1 axa 4-7

Teƒeɖoɖo Siwo Le Bubudede Dzila Tsitsiwo Ŋu Me

ESI Mawu subɔla vavãwo lɔ̃a wo dzila tsitsiwo ta la, wosia wo ɖa hedea bubu wo ŋu. Woƒe subɔsubɔ ƒe akpa aɖee wònye. Biblia gblɔ be: “[Ðeviwo alo tɔgbuiyɔviwo kple mamayɔviwo] nasrɔ̃ alesi woasro Mawu ɖa le woa ŋutɔwo ƒe aƒe me gbã, eye woaɖo eteƒe na wo dzilawo kple tɔgbuiwo kpakple mamawo elabena esia nyo le Mawu ŋku me.” (Timoteo I, 5:4, NW) Eɖanye sɔhɛwo alo ame tsitsiwoe míenye o, esɔ be ‘míaɖo eteƒe’ na mía dzilawo kple tɔgbuiwo kpakple mamawo. Ne míewɔe alea la, ke míele ŋudzedzekpɔkpɔ ɖem fia ɖe woƒe lɔlɔ̃, dɔsesẽwɔwɔ, kple alesi wokpɔ mía dzii le ƒe geɖe siwo va yi me la ŋu. Ẽ, woawoe na míele agbe!

De dzesii be, be woaɖo eteƒe na dzilawo kple tɔgbuiwo kpakple mamawo la “nyo le Mawu ŋku me.” Edo ƒome kple míaƒe ‘mawusosroɖa.’ Eyata ne míewɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi la, míenya be míele nusi dze Mawu ŋu wɔm eye eyae nye teƒeɖoɖo na mí. Ana míakpɔ dzidzɔ.

Dzidzɔ le nunana amewo me, vevietɔ ne míena nu amesiwo ʋu asi me eye wona nu mí va yi. (Dɔwɔwɔwo 20:35) Eyata teƒeɖoɖo ka gbegbee nye si míaxɔ ne míewɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖose sia dzi be, ‘Na fofowò kple dawò nakpɔ dzidzɔ, eye na dawò natso aseye’!—Lododowo 23:25.

Aleke míaɖo eteƒe na mía dzilawo kple mía tɔgbuiwo kpakple mamawoe? Le mɔ etɔ̃ nu: le ŋutilã me gome, seselelãme gome, kple le gbɔgbɔ me gome. Teƒeɖoɖo le ɖesiaɖe me.

Ŋutilãmekpekpeɖeŋu Nana

Mawu subɔlawo nya be ele vevie be yewoana ŋutilãmekpekpeɖeŋu ƒometɔ kplikplikpliwo. Apostolo Paulo ɖo aɖaŋu be: “Ne ame aɖe melé be na ye ŋutɔ tɔwo o, eye vevietɔ na ye ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo o la, egbe xɔse la, eye wòvɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.”—Timoteo I, 5:8.

Tunji kple Joy wole Ɣetoɖoƒe Afrika. Togbɔ be ganyawo sesẽ na wo hã la, wona Joy ƒe dzila siwo tsi la va nɔ wo gbɔ. Lãme gblẽ na fofoa eye eva ku mlɔeba. Tunji gblɔ be: “Esime Papa ku la, Dada kpla asi kɔ na srɔ̃nye eye wògblɔ nɛ be: ‘Miewɔ nusianu si amegbetɔ ate ŋu awɔ. Migabu fɔ mia ɖokui kura le Papa ƒe ku ta o.’ Togbɔ be míesusua Papa hã la, míenya be míeƒle atike nyuitɔwo kekeake nɛ eye míedze agbagba ɣesiaɣi be míana wòase le eɖokui me be ame vevi yenye na mí eye míehiã ye; míewɔ mía tɔ sinua be míatsɔ dɔ si Mawu de mía si. Ema ɖeɖe kura naa dzidzeme mí.”

Gake menye amesiamee ate ŋu ana ŋutilãmekpekpeɖeŋu ame bubuwo o. Ŋutsu aɖe si le Nigeria gblɔ be: “Ne ame aɖe mete ŋu le eɖokui dzi kpɔm o ɖe, aleke wòawɔ akpɔ ame bubu dzi?” Nɔnɔmea ate ŋu agavlo ɖe edzi kura wu le dukɔ geɖe me le ƒe siwo gbɔna me. Le nusi Dukɔ Ƒoƒuawo kpɔ do ŋgɔ hegblɔ nu la, madidi o amesiwo le Afrika Sahara Dzogbe ƒe anyiehe ƒe afã aɖi hiã kolikoli.

Ne hiãtɔ kolikolie nènye la, ɖewohĩ ahosi dahe aɖe ƒe ŋutinya si nye nyateƒe la afa akɔ na wò. Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, ekpɔ ahosi aɖe wòdzɔ ga sue aɖe de gbedoxɔ me nudzɔɖaka me. ‘Gaku sue eve siwo mede naneke o’ koe wòdzɔ. Gake esi Yesu nya nɔnɔme si me nyɔnua nɔ ta la, egblɔ be: “Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe bena: Ahosi dahe sia tsɔ geɖe de eme wu wo katã; elabena nenem me siawo katã ƒe nunana la nye woƒe nukpɔkpɔ vivivo la ƒe ɖe; ke eya la, tso eƒe ahedada la me wòtsɔ nusiwo katã le si la, heda ɖe eme.”—Luka 21:1-4.

Nenema ke ne míewɔ mía tɔ sinua eye míena ŋutilãmekpekpeɖeŋu mía dzilawo alo mía tɔgbuiwo kple mamawo la, ne ele sue hã la, Yehowa kpɔnɛ eye edzea eŋu. Mekpɔa mɔ be míawɔ nusi wu míaƒe ŋutete o. Ðewohĩ mía dzilawo alo mía tɔgbuiwo kple mamawo akpɔe nenema ke.

Seselelãme ƒe Kpekpeɖeŋu Nana

Mía dzilawo kple mía tɔgbuiwo kpakple mamawo dzi kpɔkpɔ bia nu geɖe wu woƒe ŋutilãmenuhiahiãwo ko gbɔkpɔkpɔ. Mí katã míehiã seselelãme ƒe kpekpeɖeŋu. Amesiame, amesiwo tsi hã, di be woalɔ̃ yewo, yewoanya be yewole vevie, eye be wohiã na yewo, kple be yewoanye amesiwo ŋu wodea asixɔxɔe le ƒomea me.

Mary si le Kenya kpɔ lɔ̃xoa si ku nyagã dzi ƒe etɔ̃ sɔŋ. Mary gblɔ be: “Le eƒe ŋutilãmenuwo gbɔkpɔkpɔ megbe la, míeɖoa dze hã kplii ɣesiaɣi. Dada mete ŋu wɔa aƒemedɔwo boo o, gake míeɖoa dze eye míezu xɔlɔ̃ veviwo. Ɣeaɖewoɣi míeɖoa dze tso Mawu ŋu, eye ɣebubuɣiwo tso amesiwo dome míenɔ tsã la ŋu. Togbɔ be etsi xɔ ƒe 90 hã la, egate ŋu ɖoa ŋku nu dzi nyuie. Eɖoa ŋku esime wònye nyɔnuvi sue do ŋgɔ na ƒe 1914 me dzi eye eƒoa nu tso ɣemaɣi ƒe agbenɔnɔ ŋu na mí.”

Mary yi edzi gblɔ be: “Menye nya vie wònye be woakpɔ ame tsitsi dzi o, gake míekpɔ teƒeɖoɖo xɔasi geɖe tso eƒe mía gbɔ nɔnɔ me. Ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ le ƒomea me. Alesi menaa nui la ƒã nunana ƒe gbɔgbɔ ɖe ƒomea me tɔ bubuwo me. Srɔ̃nye gadea bubu ŋunye ɖe edzi. Eye ne Dada se be ame aɖe le gbe dam ɖe gbɔnye la, eɖea nunye enumake. Ame aɖeke mekpɔ mɔ ado nu ɖe gbɔnye ne eli o!”

Gbɔgbɔmenu Nana

Abe alesi nunala kpɔa teƒeɖoɖo geɖe tsoa ŋutilãmenuwo nana kple seselelãme ƒe kpekpeɖeŋunana me ene la, nenema ke wòle le gbɔgbɔmenyawo hã gome. Apostolo Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Kristo-hame si nɔ Roma be: “Ele dzroyem vevie bena, makpɔ mi ɖa, bene matsɔ gbɔgbɔ me nunana aɖe ana mi, ne wòado ŋusẽ mi; eya nye bene, woafa akɔ nam le mia dome le xɔse, si nye mía kple mia tɔ siaa la me.”—Romatɔwo 1:11, 12.

Nenema ke ne wonaa gbɔgbɔmenu Mawu subɔla siwo tsi la, enyea dzidede ƒo na ame nɔewo zi geɖe. Osondu si le Nigeria gblɔ be: “Nusi dzɔa dzi nam le tɔgbuinye kple mamanye ŋu wue nye alesi wonana menyaa blemanyawoe. Tɔgbuinye ɖoa nukomo eye wògblɔa anyigbamamã si me wòwɔ dɔ le esime wònye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla le ƒe 1950 kple 1960 ƒeawo me ŋu nyawo nam. Etsɔa ɖoɖo si nu nuwo le fifia sɔna kple alesi nuwo nɔ esime wòva zu Ðasefo. Nuteƒekpɔkpɔ siawo kpena ɖe ŋunye le nye mɔɖeɖedɔa me.”

Kristo-hamea me tɔ bubuwo hã ate ŋu akpe asi ɖe eŋu woana nu ame tsitsiwo. Tunji si ŋu míeƒo nu tsoe va yi gblɔ nusi dzɔ le woƒe hamea me be: “Nɔviŋutsu sɔhɛ mɔɖela aɖe si wona dutoƒonuƒoe be wòaƒo la tsɔ nuƒogbalẽa va Papa gbɔ be yewoato eme ɖekae. Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ dzikpɔla va gblɔ na Papa be: ‘Èkpɔ nuteƒe geɖe. Ðɔɖɔɖo kawoe àte ŋu agblɔ nam mawɔ be wòaganyo wu?’ Papa ɖo aɖaŋu nyui aɖe na hamemegã la. Zi geɖe la, nɔviŋutsuawo yɔa Papa ƒe ŋkɔ le hamea ƒe gbedodoɖawo me. Nusiawo katã nana wòkpɔnɛ be ye hã yele vevie.”

Agbenyuinɔnɔ Hea Amewo Vaa Mawu Gbɔe

Ɣeaɖewoɣi ne míede bubu mía dzilawo kple tɔgbuiwo kpakple mamawo ŋu la, míehea amewo vaa Mawu gbɔ. Apostolo Petro ŋlɔ bena: “Miaƒe anyinɔnɔ le trɔ̃subɔlawo dome nanɔ nyuie, bene nusita wogblɔ nya ɖe mia ŋuti ɖo abe vɔ̃wɔlawo ene la, le miaƒe dɔ nyui wɔwɔ, siwo wodze si azɔ ŋuti la, woakafu Mawu.”—Petro I, 2:12.

Andrew si nye Kristotɔ hamemegã le Ɣetoɖoƒe Afrika la zɔa mɔ kilometa 95 zi eve le kwasiɖa me ɖakpɔa fofoa si menye xɔsetɔ o si dze dɔ la gbɔ. Egblɔ be: “Esime meva zu Yehowa Ðasefo la, fofonye tsi tre ɖe ŋunye vevie. Gake esi wòkpɔ alesi menɔ be lém nɛ esi wòdze dɔ la, eƒonɛ ɖe tsɛnyewo kple ƒenyewo nu be, ‘Ele be miaɖo mia foa ƒe ha me!’ Ema ʋã wo, eye fifia la, fofonye ƒe vi asiekeawo katã zu Yehowa Ðasefowo.”

Bubudede mía dzila tsitsiwo ŋu kple beléle na wo ate ŋu anye nu sesẽ vevietɔ ne ganyawo le sesẽm. Gake esi Kristotɔwo le agbagba dzem le nusia wɔwɔ me la, wole teƒeɖoɖo geɖe kpɔm. Gawu la, wokpɔa dzidzɔ si tsoa nunana me, eye woƒe dzi dzea eme esi wonyae be yewoƒe nu dzea Yehowa Mawu, amesi ŋutɔ hã nye ‘amewo katã Fofo’ la ŋu.—Efesotɔwo 4:6.

[Aɖaka si le axa 6]

Mawu ƒe Aɖaŋuɖoɖo na Amesiwo Dzi Wokpɔna Kple Amedzikpɔlawo

Nye Dzideƒonamela: “Mía dome amesiame nadze ehavi ŋu hena eƒe nyonyo, bene [wòatui ɖo].”—Romatɔwo 15:2.

Nye Ame Like: “Migana ɖeɖi nate mía ŋu le nu nyui wɔwɔ me o; elabena ne míegbɔdzɔ le nu nyui wɔwɔ me o la, míaŋe nu le ye ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi.”—Galatiatɔwo 6:9.

Nye Ðokuibɔbɔla: “Migawɔ naneke le dzrewɔwɔ alo bubu dzodzro ta o, ke boŋ mia dome amesiame natsɔ ɖokuibɔbɔ abu nɔvia gã wu ye ŋutɔ ɖokui.”—Filipitɔwo 2:3.

Nye Nunyuiwɔla: “Ame aɖeke nagadi ye ŋutɔ tɔ o, ke nusi nye ame bubu tɔ la boŋ.”—Korintotɔwo I, 10:24.

Nye Nugɔmesela: “Amewo katã nanya miaƒe tufafa.” —Filipitɔwo 4:5.

Se Veve Ðe Ame Nu: “Mikɔ dɔme ɖe mia nɔewo ŋu, eye miaƒe dɔme natrɔ ɖe mia nɔewo ŋu, eye mitsɔ ke mia nɔewo.” —Efesotɔwo 4:32.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Hamemegã siwo metsi boo o ate ŋu akpɔ viɖe tso esiwo tsi wu ƒe nuteƒekpɔkpɔ me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe