Ðe Xexeme Sia Akpɔtɔ Anɔ Anyia?
Nyabiabia ʋãme mae nye trakt aɖe si Yehowa Ðasefowo mãna la ƒe tanya. Le ƒe si va yi me la, ame aɖe si le Washington, D.C., xɔ trakt sia eye wògblɔ be enyɔ yeƒe ɖetsɔleme vevie. Eŋlɔe bena:
“Amesiame si le míaƒe dukɔa ƒe fiadua me la kpɔe dze sii kɔte be xexeame ɖo eƒe nuwuwu nyateƒe. Anyiehe Ireland, Yugoslavia si nɔ anyi tsã, Russia ƒe dukɔ siwo nɔ anyi tsã, wo katã woɖo kpe edzi be blukɔ tsyɔ xexea dzi egbea eye fuléle yɔe. Gaxɔ siwo me yɔ gbagba, yɔmekpe kple dɔvɔ̃ bubu siwo gatrɔ gbɔ, esiawo katã ɖo kpe nya si miegblɔ le miaƒe trakt la me dzi.”
Ŋutsua bia be: “Taflatse miɖo nukpɔsusu tɔxɛ si le mia si kple aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee si miewɔna la ŋuti numeɖeɖe bubuwo ɖem.”
Yehowa Ðasefowo fiaa nya si Biblia gblɔ tso ameƒomea ƒe etsɔ me ŋu la amewo. Ne èdi be yeaxɔ trakt sia alo èdi be woawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kpli ye la, ke taflatse ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Watch Tower, Box 760, Accra, Ghana, alo nàzã adrɛs si sɔ le axa 5.