INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g94 9/8 axa 3-4
  • Wogatrɔ Yi Suku—Nukatae?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wogatrɔ Yi Suku—Nukatae?
  • Nyɔ!—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nukatae Wòle Fu Ðem?
  • Suku Bubu Dede Kpee Hiã Alo Mehiã O?
    Nyɔ!—1994
  • Dzilawo—Etsɔme Ka Dim Miele Na Mia Viwo?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Ðe Biblia Mede Agbalẽsɔsrɔ̃ ƒe Dzi Ƒo Oa?
    Nyɔ!—1998
  • Sukudede Dada Ðe Afisi Sɔ Nɛ
    Nyɔ!—1994
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1994
g94 9/8 axa 3-4

Wogatrɔ Yi Suku—Nukatae?

ROBERT ƒe dɔdidi va zu dziɖeleameƒonya aɖe si xɔ ƒe etɔ̃ sɔŋ. Mlɔeba esi wòxɔ ƒe 21 la, woxɔe be wòanye aɖaŋuɖola na ɖeviwo le dzomeŋɔli me mɔkekeɖuƒe aɖe. Togbɔ be Robert ƒe dzi ka dze eme vie fifia hã la, eƒe dɔdidi tiame la te ɖeɖi eŋu. Egblɔ be: “Mía dzilawo mete ŋu sea nusi tututu tae la me o. Fifia dɔkpɔkpɔ megale bɔbɔe kura o.”

Abe Robert ene la, sɔhɛ sukunuwula gbogbo aɖewo ɖoa dɔwɔwɔ me ƒe sia ƒe. Mɔkpɔkpɔ nɔa wo si. Ðoɖo nɔa wo si ɖe etsɔ me ŋu. Gake wo dometɔ geɖe siwo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi la va le ekpɔm be yewomate ŋu akpɔ dɔ si ƒomevi yewonɔ mɔ kpɔm na la o.

Eyata wo dometɔ geɖe gale suku bubuwo dem kpee.a Fortune magazine gblɔ be: “Ne ƒe 1970 ƒeawo de nukpɔsusu masɔmasɔwo amewo me le sukudede ƒe viɖewo ŋu la, ƒe 1980 ƒeawo ya le nya bubu kura gblɔm na amewo, be: Mixɔ ɖaseɖigbalẽ ne menye nenema o fu ko miava kpe.”

Nukatae Wòle Fu Ðem?

Nukatae sukudede yi ŋgɔgbee hiãna zi geɖe ɖo? Gbã la, dɔ siwo li egbea dometɔ geɖe bia dɔnyanya deŋgɔ. United States ƒe Dɔwɔhawo teƒenɔla aɖe gblɔ be: “Gaxlẽmɔ̃ va le dɔ si amesi xɔa ga le gadzraɖoƒe alo tsɔa ga na gaxɔlawo wɔna la wɔm. Fifia ele be [gaxlẽla la] nagblɔ gadzadzraɖoŋutiɖoɖo ƒomevi etɔ̃ siwo li nam, eye wòaɖe nu me nam le esi asɔ nam la tiatia ŋuti.” William D. Ford si nye Aɖaŋuɖokɔmiti si kpɔa Sukudede kple Dɔwɔnyawo gbɔ ƒe zimenɔla gblɔ be: “Dɔ bɔbɔewo vɔ.”

Evelia, ewɔ na ame aɖewo be sukuwo mele nu fiam sukuviwo tututu o. Wogblɔna be ɣeyiɣi si wozãna ɖe nya siawo abe atike vɔ̃ɖiwo zazã, AIDS, kple ɖoɖowɔwɔ ɖe vidzidzi ŋu ene va sɔ gbɔ wu esi wozãna ɖe nuxexlẽ, nuŋɔŋlɔ, kple akɔntabubu fiafia ŋu. Ðk. Robert Appleton si fia nu ƒe 27 sɔŋ la xa nu be ewɔ abe ɖeko sukuwo va zu abe “hadomekpekpeɖeŋunana ƒe ɖoɖo” aɖe si dzi dɔ “siwo womebu tsã be wonye sukuwo ƒe dɔ o” do agba na ene.

Esi suku aɖewo mete ŋu na hehe siwo akpe ɖe sukuviwo ŋu be woakpɔ dɔ o ta la, suku kɔkɔ nuwula geɖe mete ŋu wɔa dɔ tsɔ kpɔa wo ɖokui dzii o. Joseph W. Schroeder si nye Florida Dɔdilawo Xɔxɔ ƒe Dɔwɔƒe aɖe ƒe amegã gblɔ be: “Womefia dɔwɔwɔ wo o. Le dɔtɔwo kple sɔhɛwo dome dɔwɔnyawo gome la, nusi dɔtɔwo nɔa gbɔgblɔm nam ɣesiaɣie nye be womenya nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ tututu o. Womete ŋu kpea dɔbiagbalẽviwo ɖo o.”

Nu etɔ̃lia si tae suku bubu dede kpee ahiãe nye be le dukɔ geɖe me la, kɔledzinuwula siwo le dɔ dim la sɔ gbɔ wu taɖa. The New York Times gblɔ be: “Kɔledzinuwula siwo le dɔ dim la sɔ gbɔ wu dɔ siwo li.” Nyatakaka la yi edzi be: “Dɔtɔwo medina be yewoaxɔ suku kɔkɔ nuwula siwo menya dɔ nyuie o.”

Ame geɖe gale tɔtrɔm le suku yim bene yewoabi ɖe dɔ si yewoawɔ axɔ fetu si asu be yewoatsɔ akpɔ yewo ɖokui dzii me. Le United States la, ame 59 le alafa me gayia suku dzi le suku kɔkɔ nuwuwu vɔ megbe. Esia nye dzidziɖedzi gã aɖe ɖe ame 50 le alafa me si wònye ƒe geɖee nye sia la dzi.

Wode dzesii be nusiawo tɔgbe ke le dzɔdzɔm le dukɔ bubuwo hã me. Le kpɔɖeŋu me, tso ƒe 1960 ƒeawo me le Britania la, sukuvi siwo dea suku yia ŋgɔ wu sukudede si se bia la dzi ɖe edzi ŋutɔ. Le ƒe aɖe si va yi nyitsɔ laa me la, suku kɔkɔ nuwula 85 le alafa me di mɔ le yunivɛsiti kple kɔledzi vovovowo le Australia. Le Japan la, sukuvi siwo ade 95 le alafa me wɔa dodokpɔ be yewoagayi ƒe etɔ̃ ƒe suku siwo me woadzra wo ɖo na dɔ aɖe wɔwɔ alo na kɔledzi yiyi akpee.

Gake menye ɣesiaɣie sukudede yi ŋgɔ naa wokena ɖe nusi dim wole ŋu o. Viɖe kawoe le eme eye nukawoe gblẽ le eŋu?

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Sukudede ƒe ɖoƒewo to vovo le dukɔ vovovo me. Le nyati siawo me la, nya “suku kɔkɔ” fia afisi se bia be woade suku ase ɖo. “Kɔledzi,” “yunivɛsiti,” “aɖaŋudɔsrɔ̃suku,” kple “asinudɔsrɔ̃suku” nye sukudede yi ŋgɔgbee siwo se mebia tso ame si o ke boŋ ne ame ŋutɔ lɔ̃ ye wodena.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe