Tso Míaƒe Nuxlẽlawo Gbɔ
Azã Yeye Habɔbɔ Akpe na mi ɖe nyati siwo mieta le Azã Yeye Habɔbɔ ŋu ta. (March 8, 1994, Eŋlisigbe me) Tsã la, medi be mase nu tso nu makpɔdzesi siwo le yame, agbe siwo le yamenuto me, kple gbugbɔgadzi ŋuti. Mesrɔ̃ nu le Yoga kple ŋugblemeyiyi ŋu eye wotsɔ gabaɖadodo wɔ atike nam. Mlɔeba kuxiwo va ɖe fu nam vevie le gbɔgbɔ me, susu me, seselelãme, kple ŋutilã me eye meva ge ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo si me gɔ̃ hã. Drɔ̃eƒedu si dzroam vevie la va bu ɖem wu tsã. Ƒe atɔ̃ kple afã megbe la, meva le Yehowa subɔm fifia eye woɖem tso Azã Yeye Habɔbɔa ƒe viviti me.
E. D., Netherlands
Hafi mazu Kristotɔ la, mebua tame henɔa agbe ɖe Azã Yeye Habɔbɔ me tɔwo tɔ nu. Nɔvinyenyɔnu gblɔ nyitsɔ laa be yedi be yeage ɖe Azã Yeye Habɔbɔ doɖeŋgɔla aɖewo ƒe ha me. Eyata medzro nyati sia me kplii. Kadodo si dze gaglã le Azã Yeye Habɔbɔa kple vivimenuwɔwɔ kpakple gbɔgbɔyɔyɔ dome la na wòɖi vo. Eɖoe kplikpaa azɔ be yeaɖe Azã Yeye Habɔbɔa ƒe tamesusu ɖa keŋkeŋ.
L. S., England
Miaƒe nyatia dze egɔme nyuie. Gake miegblɔ emegbe kpuie be “amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle . . . o” Mlɔeba miegagblɔ be viviti me koe Azã Yeye Habɔbɔ dzixɔsewo akplɔ ame ayii. Ðe miele gbɔgblɔm be míaɖe asi le tamesusu nyuiwo katã ŋu ahanɔ mɔ kpɔm be nusianu anyo ko evɔa? Aleke wɔ mieƒo nya ta be menye amegbetɔ sime wòle be wòadze agbagba awɔ xexe aɖe si nyo wu na eɖokui o?
A. L., United States
Menye “Nyɔ!”—ye gblɔ be “amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle . . . o”—Bibliae gblɔe. (Yeremya 10:23) Eyata agbagba siwo amegbetɔwo dze be yewoahe Azã Yeye Habɔbɔ vɛ la medze edzi o. Ke hã la, Kristotɔ vavãwo meŋe aɖaba ƒu kuxi siwo li egbea dzi o. Yehowa Ðasefowo fia Mawu ƒe Nya ƒe gɔmeɖosewo ame bubuwo tsɔ kpe ɖe ame miliɔn geɖe ŋu be ‘woawɔ nusi anyo na wo’—le ganyawo, ŋutilã me, kple gbɔgbɔ me. (Yesaya 48:17; Mateo 28:19, 20) Le ɣeyiɣi ma ke me míegahea amewo ƒe susu yia mɔkpɔkpɔ vavãtɔ si nye “dziƒo yeye kple anyigba yeye” si gbɔna la dzi—si Mawu ahe vɛ, ke menye amegbetɔ o. (Petro II, 3:13)—Etalawo.
Agbevenɔnɔ Miaƒe nyati siwo ƒo nu tso agbevenɔnɔ ŋu (March 8, 1994, kple April 8, 1994) ʋã mía viŋutsuvi si xɔ ƒe 17 la wòʋu nuvɔ̃ si wòwɔ ƒe ene kple vɔe nye sia la me. Eƒe nuwɔwɔ ɖesiaɖe fia be ele ŋgɔyiyi nyui wɔm le gbɔgbɔ me. Nuvɔ̃a wɔ nuku henyɔ ŋu na mí ŋutɔ, gake miaƒe nyatiawo na míete ŋu wɔ nu le lɔlɔ̃ kple tsɔtsɔke me.
J. P., United States
Medzudzɔ hadede kple Kristo-hamea ewu ƒe ɖeka fifia. Gake nyati mawo de dzi ƒo nam vavã eye lɔlɔ̃ le wo me. Abe alesi miegblɔe ene la, afɔɖeɖe gbãtɔe nye be woate ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me. Esesẽ ya, gake ehe yayra geɖe vɛ nam.
M. G., France
Sɔhɛwo Gbe Ʋudodowo Mexɔ ƒe 12 eye ɖeko mexlẽ nyati siwo gblɔ be “Sɔhɛ Siwo Tsɔa Mawu Ðoa Nɔƒe Gbãtɔ” vɔ enye sia. (June 8, 1994) Dzideƒo si nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔ sɔhɛ siawo ɖe fia la wɔ dɔ ɖe dzinye vevie, wotsɔ kakaɖedzi ma gbegbe ɖe Yehowa kple tsitretsitsia ŋu dze ŋgɔ ku. Woƒe dzideƒo kple Yehowa dzixɔse na mefa dzidzɔvi.
B. C. R., Spain
Míexɔ ŋudzedzekpɔkpɔnya siawo tɔgbe geɖe. Gake ehiã be míaɖɔ nya aɖe ɖo. Míegblɔ be womedo ʋu na Ernestine Gregory o. Eva dzɔ be wozi edzi do ʋu nɛ le ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe gbeɖeɖe aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo megbe. Gake metsi ŋɔdzinu ma me o.—Etalawo.