Tso Míaƒe Nuxlẽlawo Gbɔ
No me Dɔdzẽ Akpe na mi kakaka ɖe nyati siwo nye “No me Dɔdzẽ—Nyɔnu Ðesiaɖe Vɔ̃nɛ” (Nyɔ! May 8, 1994) siwo mieta la ta. Nye ŋutɔ medo ɖokuinye kpɔ edziedzi eye ɖeko metsɔe be nye lãmekawo koe sẽ. Esi nyemeka ɖe edzi tututu o ta la, nyemewɔ naneke tso eŋu o. Gake esi mexlẽ nyatia vɔ la, meyi kɔdzi eye wogblɔ nam be mexɔ dɔdzẽ. Wowɔ ɖoɖo be woawɔ dɔ nam. Meda akpe na mi tso dzinye me ke.
T. Y., Japan
Tso esime wowɔ dɔ nam la, nyemegate ŋu xlẽ naneke le dɔdzẽ ŋu kpɔ o. Eyata esi magazine la va hã la, nyemetsɔ dzo ɖe eŋu o. Gake zi geɖe la, mexlẽa Nyɔ! ƒe tata ɖesiaɖe wua enu eye meɖoe le zã ma me be maxlẽe vie eye ne edo vɔvɔ̃ nam ko ne matɔ. Gake nyemete ŋu dzudzɔ exexlẽ o. Wotrɔ asi le eŋu ŋutɔ, nufiame le eme ale gbegbe, eye woɖe ɖetsɔleme fia ŋutɔ.
G. K., United States
Nyatia kpe ɖe ŋunye mese alesi Yehowa sea nu gɔme na mí ne dɔ vɔ̃ aɖe na vɔvɔ̃ ɖo mí. Mebunɛ ɣesiaɣi be ne amewo se le wo ɖokui me alea la, ke efia be wogbɔdzɔ eye xɔse mele wo si o. Ekpe ɖe ŋunye vevie mekpɔ nublanuikpɔkpɔ deto si le Yehowa si.
K. G., United States
Ne magazine aɖe ƒo nu na ame aɖe kpɔ la, ke nyati ma ƒo nu na nye hã godoo. Mía kple srɔ̃nye míenɔ aba dzi eye míelɔ dɔdzẽ si woko nam ŋu febugbalẽviwo ƒo xlã mía ɖokui keŋ. Míenɔ gaxɔgbalẽviwo kpem ɖo ɖekaɖeka esi lɛtamãla tsɔ Nyɔ! sia vɛ na mí. Ðetsɔleme si tɔgbe menɔ menye kpɔ o ye metsɔ xlẽ nyati siae gbemagbe ke. Mele nyɔnu siwo katã nyati siawo ade dzi ƒo na la teƒe le akpe dam na mi.
E. J., United States
Dugãwo Mexɔ ƒe 16 eye nyati siwo ku ɖe dugãwo ŋu xexlẽ vivi nunye ŋutɔ. Wobia tso mía si le anyigbaŋutinunyasɔsrɔ̃ me be mía ŋutɔwo míatia nyati aɖe ava ƒo nu kpui aɖe tso eŋu. Metu tɔnye ɖe nyati si nye “Dugã si me Amewo Sɔ Gbɔ Ðo” dzi. (Eŋlisigbe me Nyɔ! January 22, 1994) Esi mexlẽ nye nuƒoa le sukuxɔa me vɔ la, amesiame si akpe. Akpe na mí le esi miekpe ɖe ŋunye megase anyigbaŋutinunya gɔme ɖe edzi ta.
T. R., Germany
Miegblɔ le nyati si nye “Mina Míatso Du na Mía Ðokui” me be: “Le ƒe 1900 me la, London koe nye dugã si me nɔlawo de miliɔn ɖeka le xexeame katã.” (Eŋlisigbe me Nyɔ!, January 8, 1994) Gake miegagblɔ le tata si kplɔe ɖo me be: “Le ƒe 1800 ƒeawo titina la, [Edo, si woyɔna fifia be Tokyo] me nɔlawo wu miliɔn ɖeka sã.” Kae míatsɔ?
S. T., Japan
Ewɔ abe vodadae nya si míegblɔ le London ŋu la nye ene. Ƒe 1985 “Illustrated Atlas of the World” (Rand McNally and Company) ƒe tata dzie míetui ɖo. Gake ewɔ abe “The World Almanac and Book of Facts 1993” tɔe nye nyateƒea ene esi wògblɔ be dugã geɖe me nɔlawo wu miliɔn ɖeka le ƒe 1900 me. Míeɖe kuku ɖe tɔtɔ sia ta.—Etalawo.
Ga Didi Vivivo Esi menye ɖevi si xlẽa Nyɔ! la, nyati siwo nye “Ga Didi Vivivo—Afikae Wòawu Enu Ðo?” wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. (Eŋlisigbe me Nyɔ! March 22, 1994) Mekpɔe be taɖodzinu ɖeka koe le nye zɔhɛwo si: woakpɔ ga. Gake bubu le Yehowa ƒe nufiafiawo dzi wɔwɔ me wu nusiwo gblẽna la subɔsubɔ.
K. R., France
Kamedefefewo Akpe na mi ɖe nyati si nye “Ðe Mawu Dea Akpa aɖe Dzi le Kamedefefewo mea?” (Nyɔ! April 8, 1994) la ta. Mewɔ vodada be medo gbe ɖa be maɖu dzi le duɖimekeke aɖe me; medo gbe ɖa hã be maɖu amesiwo le ɖi kem kplim dzi. Menya azɔ be Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu medo ƒome kple kamedefefewo o. Metsɔ nye agbe le adzɔgbe ɖem na Yehowa eye nye dzi dze eme wu esi menyae be ele nye gbedodoɖawo sem.
J. T., United States