Wokpɔ Xevi Aɖe Si Ƒomevi “Megali O”
Nuka ƒe lolomee le abe koklo ene, si ƒe dɔ biã abe ako tɔ ene eye eƒe fuwo ƒe amadede nye dzĩ tsaka kple blɔtɔ, si medzona o, eye wobui be etɔgbe megali o tso ƒe 1900 vaseɖe ƒe 1948 me lɔƒo? Nu bubu si agakpe ɖe ŋuwòe nye be: New Zealand ko wokpɔnɛ le eye Maori-ŋkɔ aɖe le esi. Eyae nye takahe, alo Notornis mantelli hochstetteri.
Xevi siawo siwo kpɔkpɔ sesẽ la nɔa Murchison kple Kepler to siwo le Fiordland-togbaka siwo le New Zealand ƒe South Island dzieheɣetoɖoƒe gome la dzi le ƒea ƒe akpa gãtɔ me. Gake wosika wo dometɔ ʋee aɖewo ɖi, abe esia si ƒe foto woɖe le Te Anau dua ƒe abɔ sue aɖe me la ene. The Illustrated Encyclopedia of Birds gblɔ be xe lolo sia (si ƒe didime de sentimeta 63 kloe) la “ƒe agbɔsɔsɔ dzi ɖe kpɔtɔ vevie le hoʋiʋli kple lã siwo wokplɔ tso teƒe bubuwo vɛ siwo léa wo la me.” Togbɔ be xevi siwo wosika ɖi la ƒoa vi eye wokpɔa wo ta tso lã lénuwo si me hã la, woganye xevi siwo le afɔku me.
Agbalẽ ma ke gblɔ be “eɖua nuku miemiewo kple gbe fẽwo gɔme.” Gake ele be wòaʋli ho “kple klatsa [siwo] wokplɔ tso teƒe bubu vɛ” ɖe eƒe nuɖuɖu ta, “eye nu glonɛ le hoʋiʋli sia me ɣesiaɣi.” Míele mɔ kpɔm be xevi tɔxɛ sia magabu le nuwɔwɔ siwo mebɔ o si le New Zealand la dome o.