Lã Siwo Ðo Afɔku Me—Alesi Kuxia Keke Tae
XE SI woyɔna le Eŋlisigbe me be dodo tsrɔ̃ keŋkeŋ. Xe siawo siwo mete ŋu dzona o la ƒe mamlɛa ku le ƒe 1680 me lɔƒo le Mauritius-ƒukpo dzi. Ƒukpowo dzie lã ƒomevi siwo ɖo afɔku me fifia dometɔ geɖe hã le. Le ƒe 400 siwo va yi me la, xe hamehame 94 siwo wogblɔ be wotsrɔ̃ la dometɔ 85 nɔ ƒukpowo dzi.
Lã siwo le anyigbagãwo dzi hã le tsɔtsrɔ̃m. Bu kpɔ̃ siwo nɔ Russia katã tsã ŋu kpɔ. Eƒomevi aɖe si woyɔna be Amur koe le Siberia fifia, eye 180 vaseɖe 200 pɛ koe susɔ. Wogblɔ be kpɔ̃ 30 vaseɖe 80 pɛ koe susɔ ɖe China ƒe anyiehe. London ƒe The Times ka nya ta be lã siawo atsrɔ̃ “le ƒe ewo me” le Indochina. Nenema ke eŋutinunyalawo bu akɔnta be lã wɔadã siawo ate ŋu atsrɔ̃ le ƒe ewo me le India, afisi kpɔ̃ siwo katã le xexeame mamã ɖe etɔ̃ ƒe akpa si ade eve le.
Gbenyiwo kple abeiwo hã le vɔvɔm. Le China la, panda gã ewo koe nɔa hame tsana. The Times gblɔ be esusɔ vie ko pine marten natsrɔ̃ keŋkeŋ le Wales, eye adɔ dzẽ la hã, “ɖewohĩ atsrɔ̃ keŋ le England kple Wales nyigba dzi le ƒe ewo heyi ƒe 20 siwo gbɔna me.” Le Atlantik ƒe go kemɛ le United States la, agutɔwoe le afɔku me wu le godzilã dziviwo dome.
Nenema ke xexeame ƒe ƒumelãwo hã ɖo afɔku mee. The Atlas of Endangered Species gblɔ le ƒumeklowo ŋu be “ɖewohĩ woawoe ɖo afɔku me wu” le ƒumelãwo dome. Edze abe lã siwo nɔa tɔ me kple godzi siaa tɔ ka ɖe eme wu ene; gake New Scientist magazine gblɔ be, lã siawo dometɔ 89 hã “ɖo tsɔtsrɔ̃ me” tso ƒe 25 siwo va yi me. Xe hamehame siwo le xexeame dometɔ siwo ade 11 le alafa me hã le tsɔtsrɔ̃m.a
Ke nuwɔwɔ siwo le sue wu, abe kpakpaluʋuiwo ene ya ɖe? Nu ma kee le dzɔdzɔm ɖe woawo hã dzi. Kpakpaluʋui hamehame 400 siwo le Europa mamã ɖe ene me ƒe akpa ɖeka kple vɔ ɖo afɔku me—19 ya tsrɔ̃ keŋkeŋ vɔ. Kpakpaluʋui gã si le Britania hã tsrɔ̃ le ƒe 1993 me abe dodo ene.
Ezu Taɖui
Lã hamehame nenie tsrɔ̃na ƒe sia ƒe? Eŋutinunyala si nèbia kple ŋuɖoɖo si wòana wò. Togbɔ be dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe gbe mesɔ o hã la, wo katã wokpɔe be lã ƒomevi geɖe le tsɔtsrɔ̃m. Nu gbagbewo kple wo nɔƒewo ŋuti nusrɔ̃la Stuart Pimm gblɔ be: “Nyahehe le alesi [lãwo] le tsɔtsrɔ̃m kabakabae ŋu nye míaƒe etsɔme nyaʋiʋli vevi aɖe.” Egagblɔ be: “Le ƒe alafa siwo va yi me la, míetsrɔ̃ lãwo kabakaba sã wu alesi wòle be wòanɔ le dzɔdzɔme nu. Esia ana míaƒe etsɔme manyo kura o.”
Míaƒe Anyigba la le abe aƒe ene. Amesiwo tsɔ ɖe le eme na lã siwo ɖo afɔku me la srɔ̃a nu le nu gbagbewo kple wo nɔƒewo ŋuti, enye nya si woɖe tso Helagbe me nya oiʹkos, “aƒe,” me le ƒe alafa 19 lia ƒe nuwuwu. Nusɔsrɔ̃ dodzidzɔname sia ku ɖe ƒomedodo si le nu gbagbewo kple wo nɔƒewo dome ŋu. Le ƒe alafa 19 lia me la, ame geɖe wu va tsɔ ɖe le nutakpɔkpɔ me, ɖewohĩ lãwo ƒe tsɔtsrɔ̃ ŋuti nyatakakawoe na. Esia na woɖo dukɔ ƒe modzakaɖebɔwo kple nutakpɔƒewo ɖe United States wozu sitsoƒe na lãwo. Wobu akɔnta be gbemelãwo takpɔƒe 8,000 ye woɖo le xexeame katã fifia. Hekpe ɖe teƒe 40,000 bubu, afisiwo wokpɔa lãwo ta le ŋu la, esusɔ vie ko wo nɔƒe siawo nade xexeame katã ƒe anyigba ƒe akpa 10 le alafa me.
Ame geɖe siwo tsi dzi la trɔ ɖe yeaɖi yamenutome takpɔkpɔ ƒe ɖoɖowo ŋu fifia, to habɔbɔ siwo doa boblo lãwo ƒe tsɔtsrɔ̃ dzi loo alo esiwo fia nu amewo le alesi nu gbagbewo ƒe agbe nɔ te ɖe nu bubuwo dzii ŋu. Eye tso Anyigba Ŋuti Takpekpe si wowɔ le Rio le ƒe 1992 dzi la, yamenutomekuxiwo koŋue va zu taɖui na dziɖuɖuwo.
Lãwo ɖo afɔku me le xexeame katã, eye ele ta kekem ɖe edzi. Aleke wɔ? Ðe agbagba siwo dzem wole be woakpɔ lãwo ta ne woagatsrɔ̃ o ƒe ɖe kpɔ dzidzedze fifia? Ke etsɔme ya ɖe? Aleke wòka wòe? Nyati siwo gbɔna ɖo nya mawo ŋu.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Woɖɔ lã ƒomevi siwo tsrɔ̃ be wonye esiwo womegakpɔ le wo nɔƒewo kpɔ o wòde ƒe 50, ke esiwo ɖo afɔku me nye esiwo ate ŋu atsrɔ̃ ne womewɔ naneke le nɔnɔme si me wole fifia ŋu o.