INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g95 1/8 axa 27-29
  • Katolikoha la le Afrika

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Katolikoha la le Afrika
  • Nyɔ!—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gbevovodolawo Dome Ʋa Wɔwɔ
  • Wogblɔ be Eƒe Anyinɔnɔ Ðo Afɔku Me
  • Ha la Kple “Xɔxɔdeme”
  • Nukae Wòle Be Nàwɔ?
  • Sɔlemeha La—Tɔtrɔwo Kple Tɔtɔ
    Nyɔ!—1993
  • Mawusubɔsubɔ De Akpa aɖe Dzi
    Nyɔ!—1994
Nyɔ!—1995
g95 1/8 axa 27-29

Katolikoha la le Afrika

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE ITALIA GBƆ

KATOLIKOHA la ƒe hameviwo de miliɔn geɖe le Afrika, eye kuxi siwo le eŋu le afima la lolo. Le ƒe sia ƒe gɔmedzedze teti la, sɔlemehakplɔla siwo sɔ gbɔ wu 300 kpe ta ɖe Vatican le Roma be yewoadzro kuxi siawo dometɔ aɖewo me le dzinu ɖeka ƒe sɔlemeɖaŋudetakpekpe aɖe me.

L’Osservatore Romano ka nya ta be le wɔnaawo nuʋuɣi la, papa gblɔ be: “Egbee nye zi gbãtɔ si míele Afrika Sɔlemeha la ƒe Aɖaŋudetakpekpe si me anyigba ma dzi tɔwo katã te ŋu va la wɔm. . . . Afrika katã le Petro Kɔkɔe ƒe Gbedoxɔgã la me egbea. Roma Bisiɔp la tsɔ lɔlɔ̃ deto le gbe dom na Afrika.”

Gbevovodolawo Dome Ʋa Wɔwɔ

Abe alesi ame geɖe nyae ene la, Afrika-dukɔ siwo nye Burundi kple Rwanda siwo me tɔwo ƒe akpa gãtɔ nye Katolikotɔwo koŋ mee Katolikoha la ƒe kuxiawo nu sẽ le wu. Le ƒe si va yi ƒe adame la, gbevovodolawo dome ʋa si dzɔ le teƒe mawo va zu dukɔwo dome nyadzɔdzɔ siwo wogblɔ esime ame akpe alafa geɖe wu woawo ŋutɔ wo nɔviwo. Eteƒekpɔla aɖe gblɔ be: “Míekpɔ nyɔnu siwo kpa vi ɖe me nɔ ame wumee. Míekpɔ ɖeviwo wonɔ ɖeviwo wum.”

National Catholic Reporter gblɔ alesi wònye taɖui na Katolikoha la ƒe amegãwoe. Egblɔ be papa “se ‘veve ŋutɔ’ ɖe aʋaŋutinya yeye siwo gale ɖiɖim le Afrika-dukɔ sue [si nye Burundi], si ƒe dukɔmeviwo ƒe akpa gãtɔ nye Katolikotɔwo me la ta.”

Amewo tsɔtsrɔ̃ siwo yi edzi le Rwanda la kura gagblẽ nu le Katolikoha ƒe amegãwo ŋu wu. Nyadzɔdzɔgbalẽ ma ke ƒe tanya aɖe ɖe gbeƒã be: “Papa Bu Fɔ Gbe Aɖewo Gblɔlawo Tsɔtsrɔ̃ Ða Kura le Dukɔ si Me Tɔ 70% Nye Katolikotɔwo Me.” Nyatia gblɔ be: “Papa be, aʋa si wɔm wole le Afrika-dukɔ ma me la nye ‘gbe aɖe gblɔlawo tsɔtsrɔ̃ ɖa kura ŋutɔŋutɔ vavã, eye wòwɔ nublanui be Katolikotɔwo gɔ̃ hã ƒe asi le eme.’”

Esi wònye wonɔ ŋutasẽnuawo wɔm le Rwanda le ɣeyiɣi si me tututu wonɔ Katolikotɔwo ƒe aɖaŋudetakpekpe ma si xɔ ŋkɔ le ŋutinya me wɔm le Roma ta la, eme kɔ kɔte be bisiɔpwo ƒe susu nɔ nusi nɔ dzɔdzɔm le Rwanda ŋu. National Catholic Reporter gblɔ be: “Rwanda-ʋa la klo nu le nu ɖefuname aɖe dzi: Kristotɔwo ƒe xɔse la meƒo ke ɖe to de eme le Afrika be wòaɖu ame detɔwo dzidede dzi o.”

Esi National Catholic Reporter la nɔ nu ƒom tso bisiɔp siwo va kpe ta ƒe dzitsitsi ŋu la, egblɔ yi edzi be: “Albert Kanene Obiefuna, si nye Awka, Nigeria, ƒe bisiɔp ƒo nu tso nya sia [ame detɔwo dzidede] ŋu le eƒe nuƒo si wòƒo na aɖaŋudetakpekpea me.” Obiefuna ɖe nu me le eƒe nuƒoa me be: “Afrikatɔwo nɔa woƒe ƒomegbenɔnɔ, kpakple Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ ɖe alesi wo detɔwo ƒe agbenɔnɔ le nu.”

Ðikekemanɔmee, esi Rwanda nɔ susu me na Obiefuna la, eyi nya si gblɔm wònɔ na aɖaŋudetakpekpea dzi be: “Nukpɔsusu sia xɔ aƒe ɖi ale gbegbe be Afrikatɔwo gblɔna be ne eɖo gidi me la, menye alesi Kristotɔwo bua Ha la be enye ƒome lae wotsɔ wɔa dɔe o ke boŋ lododo si nye ‘ʋu to wu tsi’ boŋ ye wotsɔ wɔa dɔe. Eye ne woyɔ tsi le afisia la, àse egɔme zi ɖeka be Mawutsidetatsi si me woto va dzɔ ɖe Ha la ƒe ƒomea me hã le eme. Ʋukadodo le vevie wu na Afrikatɔ siwo va zu Kristotɔwo gɔ̃ hã.”

Eyata bisiɔp la lɔ̃ ɖe edzi be Katolikoha mete ŋu ɖo Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ si me xɔsetɔwo alɔ̃ wo haviwo le nyateƒe me abe alesi Yesu Kristo fia be ele be woalɔ̃ wo nɔewoe le Afrika o. (Yohanes 13:35) Ke boŋ “ʋukadodo le vevie wu” na Afrika Katolikotɔwo. Nusi wòhe vɛ enye be fuléle gbebubudolawo va le vevie na wo wu nusianu. Abe alesi papa la lɔ̃ ɖe edzii ene la, ele be ŋutasesẽnu siwo dzi míaɖo ŋkui le nyitsɔ laa ƒe ƒewo me la ƒe agba ƒe akpa aɖe nanɔ Afrika Katolikotɔwo dzi.

Wogblɔ be Eƒe Anyinɔnɔ Ðo Afɔku Me

Afrika-bisiɔp siwo nɔ aɖaŋudetakpekpea me la vɔ̃ be ne womekpɔ nyuie o la, Katoliko-ha la gbɔna gbagbã ge le Afrika. Bonifatius Haushiku si nye Namibia bisiɔp aɖe gblɔ be: “Ne míedi be Ha la naganɔ mía dedukɔ me la, ke ele be míabu mía dekɔnuwo xɔxɔdeme ƒe nya la ŋu vevie.”

Italia Katoliko nyadzɔdzɔdɔwɔha si nye Adista gblɔ nya si wɔ ɖeka kple esia be: “Nuƒoƒo tso Nyanyui la ƒe ‘xɔxɔdeme’ le Afrika ŋu la nye nuƒoƒo tso nusi tututu adzɔ ɖe Katolikoha la dzi le anyigbagã ma dzi, be aganɔ anyi loo alo agbã, la ŋu.”

Nuka tututu yɔm bisiɔpwo le be “xɔxɔdeme”?

Ha la Kple “Xɔxɔdeme”

John M. Waliggo ɖe nu me be “tɔtrɔ ɖe nɔnɔmewo ŋu ye nye nya si míezã ɣeyiɣi didi aɖe tsɔ fia nu ɖeka ma ke.” Ne míagblɔe egɔme naganya se wu la, dekɔnuwo “xɔxɔdeme” fia be woaxɔ dukɔ siwo gbɔ woyi la ƒe mawusubɔsubɔdzixɔsewo kple kɔnuwo ade Katolikoha la ƒe kɔnuwo kple tadedeagu me, eye woatsɔ ŋkɔ yeye kple gɔmesese yeye na blema kɔnuwo, nuwo, wɔna, kple teƒewo.

Dekɔnuwo xɔxɔdeme na wobua Afrika Katolikotɔwo hamevi nyuiwoe gake wogaléa wo tɔgbuiwo ƒe subɔsubɔwo ƒe nuwɔnawo, kɔnuwo, kple dzixɔsewo me ɖe asi ko. Ðe wòle be woaƒo nu tsi tre ɖe eŋua? Le kpɔɖeŋu me, Italia nyadzɔdzɔgbalẽ La Repubblica bia be: “Ðe menye nyateƒe be Solis Invicti [Ɣe si Dzi Womeɖuna O ƒe Dzigbezã] si dze December 25 lia dzie wotu Kristmas ɖo le Europa oa?”

Le nyateƒe me la, Josef Cardinal Tomko, papatenɔla si kpɔa Mawunyagbɔgblɔname ƒe ha dzi, gblɔ be: “Mawunyadɔgbedeha nɔ dekɔnuwo xɔxɔdeme la ŋudɔ wɔm xoxoxo hafi wova dze nya sia zazã gɔme nɛ.” La Repubblica gblɔ be eƒe kpɔɖeŋu nyuia aɖee nye Krist­mas ɖuɖu. Trɔ̃subɔlawo ƒe azãe wònye tsã. New Catholic Encyclopedia lɔ̃ ɖe edzi be: “Ɣletiŋkeke si nye December 25 lia la mesɔ ɖe Kristo ƒe dzigbe dzi o ke boŋ azã si nye Natalis Solis Invicti si Romatɔwo ɖuna na ɣe le vuvɔŋɔli dzie wòsɔ ɖo.”

Sɔlemekɔnu gbogbo siwo wotu ɖe trɔ̃subɔsubɔ dzi dometɔ ɖeka koe Kristmas nye. Nenema ke nye dzixɔse siwo nye Mawuɖekaetɔ̃, luʋɔ makumaku, kple funyafunya mavɔ wɔwɔ amegbetɔwo ƒe luʋɔ ne woku. John Henry Cardinal Newman si nɔ anyi le ƒe alafa 19 lia me ŋlɔ be: “Sɔlemeha la ƒe amegã siwo nɔ anyi le blema lɔ̃ be ne ahiã la, yewoaxɔ dukɔwo ƒe kɔnuwo kple wɔna siwo nɔ ­anyi ɣemaɣi, alo yewoasrɔ̃ wo, alo yewoada asi ɖe wo dzi.” Eyɔ sɔlemehawo ƒe nuwɔna kple ŋkekenyui gbogbo aɖe eye wògblɔ be wo “katã dzɔ tso trɔ̃subɔsubɔ me, eye woto alesi woxɔ wo de Sɔlemeha la me dzi kɔ wo ŋui.”

Zi geɖe ne Katolikotɔwo yi nuto aɖewo siwo me Kristotɔwo mele o me abe Afrika ƒe akpa aɖewo ene la, wokpɔnɛ be subɔsubɔ nuwɔna kple dzixɔse siwo ɖi sɔlemeha la tɔ le ameawo si xoxo. Nusitae nye be le ƒe alafa siwo va yi me la, sɔlemeha la xɔ dukɔ siwo menye Kristotɔwo o ƒe nuwɔna kple nufiafiawo tsɔ de Katolikoha la me. Cardinal Newman be “woto alesi woxɔ” nuwɔna siawo “de Sɔlemeha la me dzi kɔ wo ŋui.”

Eyata esi Papa John Paul II ɖi tsa de dukɔ siwo menye Kristotɔwo o me le Afrika ƒe si va yi me la, wogblɔ nya si wobe eyae gblɔe ɖe L’Osservatore Romano me be: “Mekpɔ vudusubɔlawo le Cotonou [Benin, Afrika], eye edze le woƒe nuƒoƒo me be le mɔ aɖe nu la, wonya kɔnuwo, dzesiwo, kple nɔnɔme siwo Ha la di be yeafia wo la xoxo. Nusi wole lalam koe nye ɣeyiɣi si me ame aɖe ava akpe ɖe wo ŋu be woatrɔ dzime ne woade Mawutsi ta na wo eye woanɔ agbe si wole nɔnɔm xoxo le mɔ aɖe nu do ŋgɔ na Mawutsidedeta.”

Nukae Wòle Be Nàwɔ?

Alesi sɔlemeha la mete ŋu fia Kristotɔnyenye vavãtɔ tsimatɔe Afrikatɔwo o la tse ku gbegblẽ geɖewo. Ame detɔwo dzidede yi edzi, abe alesi dumevinyenye yi edzi le teƒe bubuwoe ene, esi na Katolikotɔwo wu wo nɔewo. Bubumademade Kristo ŋu ka gbegbee nye si! Biblia gblɔ be ame nɔewo wuwu manɔsenu sia ɖee fia be wonye ‘Abosam viwo,’ eye Yesu gblɔ na amesiawo be: “Mi nu madzɔmadzɔ wɔlawo; mite ɖa le gbɔnye.”​—⁠Yohanes I, 3:​10-12; Mateo 7:⁠23.

Nukae wòle be Katolikotɔ siwo si dzi anukwaretɔ le la nawɔ? Biblia xlɔ̃ nu Kristotɔwo be woakpɔ nyuie be woagalɔ̃ ɖe nuwɔna alo dzixɔse ɖesiaɖe si ana woƒe subɔsubɔ madza le Mawu ŋkume o dzi la ŋu. Biblia gblɔ be: “Migazu amesiwo atsɔ kɔkuti tutɔ na dzimaxɔsetɔwo ti o!” Ne èdi be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋu la, ke ehiã be ‘nàɖe ɖokuiwò ɖa, eye màgaka asi nusiwo nye nu makɔmakɔwo le Mawu ŋkume dometɔ aɖeke ŋu o.’​—⁠Korintotɔwo II, 6:​14-17.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 29]

Papa gblɔ be ‘aʋa si wɔm wole le Rwanda la nye gbe aɖe gblɔlawo tsɔtsrɔ̃ ɖa kura ŋutɔŋutɔ vavã, eye Katolikotɔwo gɔ̃ hã ƒe asi le eme’

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 27]

Fotoa: Jerden Bouman/Sipa Press

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe